Aleke Yehowa Ðasefowo Wɔa Nu Ðe Ame Siwo Nɔ Woƒe Haa Me Kpɔ Ŋu?
Míelɔ̃ ame sia ame eye míedzena agbagba be míawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie ade bubu wo ŋu. Ne Yehowa Ðasefo aɖe megatsɔa dzo ɖe subɔsubɔa ŋu o, alo be edzudzɔ kura la, míetena ɖe eŋu ɖoa dze kplii, míekana ɖe edzi nɛ be míelɔ̃e eye míewɔa mía tɔ sinua be míakpe ɖe eŋu ale be eƒe xɔse me nagasẽ.—Luka 15:4-7.
Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖe ŋutɔ ƒe nuwɔna ate ŋu ana woaɖee le haa me. (1 Korintotɔwo 5:13) Gake esi wònye be míelɔ̃ mía nɔewo vevie ta la, míedzena agbagba be míakpe ɖe ame ma ŋu do ŋgɔ ale be mava hiã be woaɖee le hamea me o. Ne eva dzɔ be woɖee hã la, míeléa fui o, míelɔ̃nɛ eye míedea bubu eŋu abe ale si Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔe ene.—Marko 12:31; 1 Petro 2:17.
Nu ka tae wòava hiã be woaɖe ame aɖe le haa me?
Biblia gblɔe eme kɔ be ne Kristotɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya eye wògbe dzimetɔtrɔ la, ele be woaɖee le hamea me. (1 Korintotɔwo 5:11-13) Biblia na míenya nu vɔ̃ siwo nye ŋkubiãnya siwo ta woate ŋu aɖe ame le haa me. Le kpɔɖeŋu me, eyɔ ahasiwɔwɔ, ahamumu, amewuwu, fififi kple ŋutasesẽ le ame ƒe ƒometɔ ŋu.—1 Korintotɔwo 6:9, 10; Galatiatɔwo 5:19-21; 1 Timoteo 1:9, 10.
Gake ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la, womeɖenɛ le haa me enumake o. Gbã la, hamemetsitsiwoa dzena agbagba kpena ɖe eŋu be wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ. (Romatɔwo 2:4) Wowɔa nu ɖe eŋu nyuie eye woɖoa aɖaŋu nɛ tufafatɔe. (Galatiatɔwo 6:1) Ne wowɔ nu ɖe eŋu alea la, ate ŋu aʋãe wòakpɔe be afɔ si yeɖe la mesɔ o eye ele be yeatrɔ dzi me. (2 Timoteo 2:24-26) Gake ne amea metrɔ dzi me o eye wòyi edzi le nu si Biblia gblɔ be menyo o wɔm, togbɔ be hamemetsitsiwo kpe ɖe eŋu geɖe hã la, ke ele be woaɖee le haa me. Hamemetsitsiwo aɖe gbeƒã na hamea kpuie ko be amea meganye Yehowa Ðasefo o.
Hamemetsitsiwo wɔa nu ɖe ame si wɔ nu gbegblẽ la ŋu nyuie eye wodzena agbagba ɖoa aɖaŋu nɛ tufafatɔe
Nu ka tae wònyo be woaɖe ame aɖe si ɖoe koŋ le nu vɔ̃ wɔm la le hamea me? Susu ɖekae nye be enana hamea yia edzi léa Mawu ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la me ɖe asi eye ame si le nu vɔ̃a wɔm ƒe nuwɔna magblẽ nu le hamea me tɔ bubuwo ŋu o. (1 Korintotɔwo 5:6; 15:33; 1 Petro 1:16) Azɔ hã, ate ŋu aʋã nu vɔ̃ wɔlaa be wòadzudzɔ nu gbegblẽa eye wòatrɔ dzi me.—Hebritɔwo 12:11.
Aleke Yehowa Ðasefowo wɔa nu ɖe ame siwo woɖe le hamea me ŋu?
Biblia gblɔ be Kristotɔwo ‘nadzudzɔ hadede’ kple ame si woɖe le haa me eye ‘woagaɖu nu gɔ̃ hã kplii o.’ (1 Korintotɔwo 5:11) Eya ta mímedea ha kple ame si woɖe le hamea me o. Gake mefia be míegadea nu eme nɛ kura o. Míedea bubu eŋu. Ate ŋu ade míaƒe subɔsubɔwɔnawo eye Yehowa Ðasefo siwo hã va wɔna mawo teƒe la ate ŋu ado gbe nɛ.b Ame si woɖe le haa me la ate ŋu abia be hamemetsitsiwo nakpe ɖe ye ŋu yeagava zu Yehowa Ðasefo ake.
Ame siwo woɖe le haa me la ate ŋu ade míaƒe hame ƒe kpekpewo faa
Ke ne woɖe ame aɖe le hamea me gake srɔ̃a kple viawo kpɔtɔ nye Yehowa Ðasefowo ya ɖe? Woganye ƒometɔwo kokoko togbɔ be amea megasubɔa Yehowa kpli wo o hã. Esi wole aƒe ɖeka me ta la, ele be eya, srɔ̃a kple ɖeviawo nayi edzi awɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ me.
Ame si woɖe le hamea me la ate ŋu abia be hamemetsitsiwo nava nɔ ye srãm kpɔ eye le sasrãkpɔ mawo me la, hamemetsitsiawo azã Biblia atsɔ aɖo aɖaŋu nɛ lɔlɔtɔ̃e eye woade dzi ƒo nɛ be wòatrɔ ava Mawu gbɔ. (Zakariya 1:3) Ne edzudzɔ nu gbegblẽa wɔwɔ eye eƒe agbenɔnɔ ɖee fia be edi ŋutɔŋutɔ be yeawɔ Biblia ƒe sewo dzi la, ke woagate ŋu axɔe ɖe haa me. Hamea ‘atsɔe akee faa, eye woafa akɔ nɛ,’ abe ale si Kristotɔ siwo nɔ Korinto la wɔe na nu vɔ̃ wɔla aɖe si trɔ dzi me ene.—2 Korintotɔwo 2:6-8.
Aleke ame siwo woɖe le haa me kpɔ la se le wo ɖokui me?
Woɖe Yehowa Ðasefo aɖewo le haa me gake emegbe wowɔ tɔtrɔwo eye wotiae be yewoagatrɔ agbɔ; kpɔ nya si wo dometɔ aɖewo gblɔ ɖa.
“Esi metiae be matrɔ gbɔ va hamea me la, mesusu be hamemetsitsiawo adi be yewoanya nu siwo katã mewɔ esi medzo le hamea me ƒe gbogbo mawo. Gake womewɔe nenema o, ɖeko wogblɔ nam be, ‘Míedi be nàtsɔ susu ɖo nu siwo nàwɔ tso fifia dzi ko ŋu.’ Esia wɔe be nye dzi dze eme ŋutɔ.”—Maria, Amerika.
“Hamea me tɔwo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be metrɔ gbɔ. Esia na mekpɔe be mele vevie na wo. Nɔvinye Kristotɔ siawo na mese le ɖokuinye me be Yehowa tsɔe kem eye yewo hã yewotsɔe kem. Esia kpe ɖe ŋunye be medzudzɔ fɔbubu ɖokuinye ɖe nu siwo mewɔ va yi la ta. Hamemetsitsiawo hã megblẽm ɖi o, wonɔ kpekpem ɖe ŋunye be nye kple Yehowa dome naganyo. Wofa akɔ nam eye woka ɖe edzi nam be Yehowa kpɔtɔ lɔ̃m eye mele vevie nɛ.”—Malcom, Sierra Leone.
“Edzɔ dzi nam be Yehowa lɔ̃ eƒe amewo ale gbegbe be medi be nuwɔna aɖeke naƒo ɖi wo o. Togbɔ be adze na ame siwo menye Ðasefo o be enye tamesesẽ be woaɖe ame le haa me hã la, le nyateƒe me la, ehiã be woawɔe eye enye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le. Meda akpe ŋutɔ be mía Fofo si le dziƒo la nye Mawu si lɔ̃ ame eye wòtsɔna kena.”—Sandi, Amerika.
a Hamemetsitsiwo nye Kristotɔ ŋutsu wɔnuteƒe siwo si nuteƒekpɔkpɔwo su. Wozãa Biblia tsɔ fiaa nu Yehowa ƒe amewo eye wokpena ɖe wo ŋu dea dzi ƒo na wo. Womexea fe na wo ɖe dɔ siawo ta o.—1 Petro 5:1-3.
b Ete ŋu dzɔna be ame aɖe si dzo le haa me la nava nɔ nu siwo agblẽ haa ŋu la wɔm alo anɔ agbagba dzem be yeaɖe dzi le hamea me tɔ bubuwo ƒo alo ana woawo hã nawɔ nu gbegblẽ. Ne edzɔ alea la, míewɔa se si Biblia de be ‘míagado gbe’ na ame sia tɔgbi o la dzi.—2 Yohanes 9-11.