INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 13
  • Ɣekaɣie Woŋlɔ Yesu Ŋuti Nyawo Ði?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣekaɣie Woŋlɔ Yesu Ŋuti Nyawo Ði?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Yesu Ŋuti Nyateƒe La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðe Biblia Gblɔ Yesu Ŋuti Nyateƒea Katã Na Mía?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nya Nyui Gbalẽawo Ðe Kakaɖedzi Le Wo Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðe Nu Sia Dzɔ Ŋutɔŋutɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 13
Ame aɖe ƒe asi le nu ŋlɔm ɖe agbalẽ xatsaxatsa me

Ɣekaɣie Woŋlɔ Yesu Ŋuti Nyawo Ði?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Apostolo Yohanes gblɔ tso Yesu ƒe agbemenudzɔdzɔ siwo ŋuti wòŋlɔ nu tsoe la ŋu be: “Ame si kpɔe la ɖi ɖase, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, eye ame ma nya be nyateƒenyawoe yegblɔna, bene miawo hã miaxɔe ase.”—Yohanes 19:35.

Susu siwo tae wòle be míaxɔ Nyanyuigbalẽ siwo Mateo, Marko, Luka kple Yohanes ŋlɔ la me nyawo dzi ase la dometɔ ɖekae nye be esime woŋlɔ ŋutinya mawo la, ame siwo kpɔ nudzɔdzɔawo teƒe la dometɔ geɖe gakpɔtɔ le agbe ɣemaɣi. Le numekugbalẽ aɖewo ƒe nya nu la, woŋlɔ Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa le ƒe 41 me, si nye ƒe enyi le Kristo ƒe ku megbe. Agbalẽnyala geɖe susui be woŋlɔe do megbe na ƒe ma, gake ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be wowu Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo alo Nubabla Xoxoa ŋɔŋlɔ nu le ƒe alafa gbãtɔ me.

Ame siwo kpɔ Yesu esime wònɔ anyigba dzi, eye wokpɔ eƒe ku kple eƒe tsitretsitsi teƒe la, ate ŋu aɖi ɖase tso Nya Nyui Gbalẽawo me nyawo ƒe nyateƒenyenye ŋu. Ne ɖe wònye be ŋutinyawo mede pɛpɛpɛ o la, anye ne woʋu go esia bɔbɔe. Agbalẽnyalagã F. F. Bruce gblɔ be: “Nu siwo na apostoloawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe kpe dometɔ ɖekae nye be woƒo nu tso nu siwo ŋu woƒe nyaselawo ŋutɔ nya nu tso la ŋu; womegblɔna ko be ‘mía ŋutɔwo míekpɔ eteƒe o,’ ke boŋ be ‘abe ale si mia ŋutɔwo hã mienyae ene’ (Dɔwɔwɔwo 2:22).”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe