Dukɔ Bubu me Tɔwo—Aleke Nàte Ŋu Akpe Ðe Wo Ŋui?
NYADZƆDZƆŊLƆLA Gunter Wallraff bua wɔ eɖokui abe dɔwɔla Turkeytɔ ene eye wòwɔ dɔ le Germaniatɔwo ƒe gakpodɔwɔƒe. Esi wògblɔ nusiwo wòkpɔ wowɔ ɖe dɔwɔla dukɔ bubu me tɔwo ŋu wose Ia, etso dzi ka ƒo na amewo eye wodo dziku. Eŋlɔ nu tso ŋutasẽnu kple amedadaɖeanyi ƒe nazãbubu ƒe nu siwo wowɔ ɖe dɔwɔla siwo nye dukɔ bubu me tɔwo ŋu la ŋuti. Le nudzɔdzɔ aɖe me la, ekpɔe wonɔ dɔwɔla Turkeytɔwo dɔm be woayi aɖawɔ dɔ le afisi afɔku le togbɔ be wonɔ afɔkukpẽ kum eye akaɖi dziwo nɔ sisim miamiamia gake. Esi vɔvɔ̃ ɖo wo dometɔ ɖeka eye wòdi be yeadzo le teƒea la, wodo ŋɔdzi nɛ be yewoaxɔ dɔ le esi ne edzo.
Wallraff ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖe nɔnɔme wɔnublanui si me ʋuʋulawo le la fia kɔtee. Ne dumevi siwo sea veve ɖe ame nu va le kuxi siwo me dukɔ bubu me tɔwo le totom teƒe kpɔm la, wo dometɔ geɖe biaa wo ɖokui be nukae yewoate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ʋuʋula kple eƒe ƒomea ŋui hã.
Mibu Mí abe Alesi Míele Ene
Tsri nazãbubu. Naneke mehea nazãbubu kple ŋutasesẽ dea dumevi kple dukɔ bubu me tɔ dome kaba dea susu vɔ̃ bubu ɖe ame ŋu be nenemae afimatɔwo katã le nu o. Nuŋlɔla Ben Levitas gblɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Tribal Life Today me be: “[Dekɔnu] tɔtɔa alesi wòle be míabu mɔ si nu ame bubuwo wɔa nu ɖo, vevietɔ ne woƒe nuwɔnawo to vovo . . . tso dzidzenu siwo dzi míeda asi ɖo la gbɔ.” Egblɔ be vovototo siawo “nana míeɖea ɖeklemi ame bubuwo ƒe nuwɔwɔ.” Helen, si nye Koreatɔ si ʋu yi Kanada ɖo ŋku gbesigbe woƒe nufiala tsɔ dziku do ɣli ɖe eta le esi mewɔ dɔ si wòbia be yeƒe sukuviawo nawɔ o ta la dzi kɔtee. Helen si nua ku dzi na vevie ɣemaɣi la gblɔ be: “Menya be nyemese nusi wògblɔ la gɔme o.”
Nugɔmemasemasewo kple nusiwo wobuna ɖe dukɔ bubu me tɔwo ŋu la nɔa te ɖe nyakpakpa dzi zi geɖe ke menye ɖe nusi nye nyateƒea ŋutɔŋutɔ dzi o. Agbalẽŋlɔla siwo nye Mildred Sikkema kple Agnes Niyekawa-Howard ƒo nu tso Amerika-nufialagã aɖe si do eƒe sukuvi dukɔ bubu me tɔwo kpɔ esi wògblɔ nukokoenya na wo la ŋu ɖe woƒe agbalẽ si nye Cross-Cultural Learning & Slef-Growth me. Emegbe elalana kpɔa alesi woawɔ nui. Ne womeko nu o la, enana sukuviawo yia sukuxɔ siwo me wosrɔ̃a Eŋlisigbe le la me enumake. Agbalẽŋlɔlaawo gblɔ be: “[Nufialagã la] mekpɔe dze sii be Amerikatɔwo ƒe nukokoedonamenyawo gɔme sese bia be woanya Amerikatɔwo ƒe agbenɔnɔ kple gbegbɔgblɔ nyuie o . . . [ame bubuwo] abu nusi dukɔ bubu aɖe me tɔwo abu fefenyae la be menyo o.” Dukɔa me vidzidziwo ƒe nuwɔna siwo wogblɔ be susu nyuie yewotsɔ le wo wɔmee fia be womenya alesi woawɔ nu ɖe dukɔ bubu me tɔwo ŋui o.
Ne èbua dukɔ bubu me tɔ abe alesi wòle ene nazãmabumabui la, wò nu adzɔ dzi nɛ ɖe eta. Nuwɔna ma sɔ kple gɔmeɖose si fiaa mɔ ame si Yesu gblɔ la be: “Nalɔ̃ . . . hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Luka 10:27) Yasushi Higashisawa, si nye senyala le Tokyo, Japan, amesi tsia dzi ɖe dukɔ bubu me tɔwo ŋu vevie la ɖo aɖaŋu be “hadede kple dukɔ bubu me tɔwo kplikplikpli nye nu nyuitɔ kekeake si woatsɔ aɖe nazãbubu ɖae.” Hadede sia ƒomevi wɔnɛ be wokpe na ɖe amedzrovi la ŋu le mɔ bubuwo hã nu.
Kpekpeɖeŋu Ŋutɔŋutɔ si Woana
Nu geɖe li dukɔ bubu me tɔa dina be yeanya tso yeƒe dukɔ yeyea ŋu—alesi wòawɔ akpɔ xɔ, asrɔ̃ gbe si wogblɔna, akpɔ suku na viawo, awɔ lãmesẽ kple hadomeɖoɖo siwo li ŋudɔ. Ne ègblɔ nusiwo nènya nɛ la, awɔe be makpe fu ahadze agbagba dzodzro o.
Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu akpe ɖe dukɔ bubu me tɔ la ŋu be wòake ɖe dɔwɔƒe alo habɔbɔ siwo akpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ dukɔa ƒe gbegbɔgblɔ kple alesi wonɔa agbeea? Alo ɖewohĩ àte ŋu akplɔ nyɔnu si nye dukɔ bubu me tɔ ayi nuƒleƒee zi eve aɖewo be nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ nuɖuɖu kple aƒemenuzazãwoa? Ke aɖaŋu ɖoɖo na ƒome si nye dukɔ bubu me tɔwo le alesi woawɔ se naɖe mɔ ɖe woƒe dukɔa me nɔnɔ ŋu, woakpɔ dɔ, woakpe adzɔxegbalẽviwo ɖo ŋu, esiwo wɔwɔ sesẽna zi geɖe, kple emawo tɔgbe ya ɖe?—Kpɔ etenuŋɔŋlɔ le aɖaka la me.
Amesi Ŋu Woaziɔ Ðo
Eɖea vi ɣesiaɣi be nàbia ɖokuiwò be: ‘Ne dukɔ bubu mee mele la, aleke madi be woawɔ nu ɖe ŋunyee?’ Yesu gblɔ le Sikasedede xɔŋkɔ la me be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Kpekpeɖeŋu xɔxɔ tso ame xɔlɔ̃ gbɔ le asitɔtrɔ kple tɔtrɔ ɖe dukɔ yeyea me nɔnɔmewo ŋu ƒe nuteƒekpɔkpɔ sesẽa me adzɔ dzi na dukɔ bubu me tɔ geɖe ŋutɔ. Dukɔmevidzidzia ƒe amedzrowɔwɔ ma ɖea vi geɖe na wo ame evea siaa. Biblia me gɔmeɖose bubu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35, New World Translation.
Ne Yehowa Ðasefoe nènye la, nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu ana dukɔ bubu me tɔe nye alesi nàna wòage ɖe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka la me. Le nyateƒe me la àte ŋu adi wo degbe me gbalẽ tuameɖo aɖe nɛ wòaxlẽ.
Nyateƒee, ʋuʋula la koŋ dzie alesi woakpɔ dzidzedze le ʋuʋu yi dukɔ bubu me ƒe agba la le. Gake ne ebu eŋu do ŋgɔe la, àkpɔ be nu geɖe li yeawɔ atsɔ ana wòaɖe dzi ɖi, esi ana eƒe ʋuʋua maɖe dzi le eƒo o, eye wòana dzidzemee.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 20] “Míetsɔnɛ ko be dukɔ bubu me tɔwo kpɔa nu, sea nu le Iãme, hebua tame abe míawo ke ene. . . . Alesi míetsɔnɛ ko be míaƒe nuwɔnawo keke ta wu lae hea nugɔmemasemase geɖe vɛ.”—Cross-Cultural Learning & Self-Growth
[Nya si ɖe dzesi si le axa 21] Esi sukuvi aɖe nɔ Guam-ƒukpoa dzi eteƒe didi la, egblɔ be: ‘Fifia meɖea mɔ ɖe mɔ yeye alo esiwo to vovo siwo nu amewo wɔa nu ɖo la ŋu wu.’—Cross-Cultural Learning & Self-Growth
[Aɖaka si le axa 21]
Àte Ŋu Akpe Ðe Dukɔ Buhu me Tɔ Ŋu be . . .
▶ wòaɖe dzi ɖi ne ènye havi dɔmenyotɔ nɛ
▶ wòakpɔ dziɖuɖumegãwo esi wòle alesi se aɖe mɔ ɖe eƒe anyinɔnɔ ŋu ƒe ɖoɖowo wɔma
▶ wòakpe adzɔxegbalẽviwo ɖob
▶ wòayi aɖakpɔ habɔbɔ siwo fiaa alesi dukɔa nɔa agbee kple eƒe gbegbɔgblɔ
▶ wòakpɔ xɔ
▶ be woawɔ kɔdzi kple dziɖuɖu ƒe kpekpeɖeŋunaɖoɖowo ŋudɔ
▶ wòakpɔ suku na viawo
▶ wòayi aɖaƒle eƒe nuzazãwo ho siwo wodzraa woe
▶ wòakpɔ dɔ
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Se tɔxɛ aɖewo le dukɔ aɖewo abe Germania ene si ku ɖe amesiwo ate ŋu aɖo aɖaŋu le se, ʋuʋu ayi dukɔ bubu me, kple adzɔxexenyawo ŋu la ŋuti. Ele be woalé ŋku ɖe esiawo ŋu hafi ana kpekpeɖeŋu dukɔ bubu me tɔwo le alesi woawɔ se naɖe mɔ ɖe woƒe anyinɔnɔ ŋu la ŋuti.
b Se tɔxɛ aɖewo le dukɔ aɖewo abe Germania ene si ku ɖe amesiwo ate ŋu aɖo aɖaŋu le se, ʋuʋu ayi dukɔ bubu me, kple adzɔxexenyawo ŋu la ŋuti. Ele be woalé ŋku ɖe esiawo ŋu hafi ana kpekpeɖeŋu dukɔ bubu me tɔwo le alesi woawɔ se naɖe mɔ ɖe woƒe anyinɔnɔ ŋu la ŋuti.