Dukɔ Bubu me Tɔwo Nukatae Woʋuna Ðo?
“AME aɖeke mate ŋu ase afɔku siwo ƒomevi míedzea ŋgɔe le Dukɔ Madeŋgɔwo me. . . kple fu siwo míekpena le afisia be míate ŋu akpɔ dzidzedze eye míakpɔ míaƒe ƒomewo dzi le mía de la gɔme o.” Nya siawoe Elizabeth, si nye Afrikatɔ si ʋu yi dukɔ bubu me la ŋlɔ na National Geographic magazine me tola. Eƒe nyawo fia susu vevi si tae ame miliɔn geɖe lɔ̃na faa be yewoaʋu le yewo de be yewoadze agbe gɔme yeyee le duta.
Gake nya le ʋuʋula ɖesiaɖe si wòagblɔ tso nusitae wòʋu ɖo la ŋuti. Abe nyɔnu si míeyɔ va yi ene la, anye nɔnɔmewo ƒe sesẽ le ʋuʋulawo dedukɔ me siwo nu wodi be yewoasi le tae woʋu ɖo. William Hance ɖe nu me ɖe eƒe agbalẽ si nye Population, Migration and Urbanization in Africa me be nuwo abe dɔléle, nudzodzoewo ƒe dɔlélewo kaka ɖi, anyigba ƒe numawɔmawɔ, kuɖiɖi, tsiɖɔɖɔ, dɔwuame, aʋawɔwɔ, kple towo ƒe aʋawɔwɔ ene wonye nu vevi siwo ta ame geɖe ʋuna tso Afrika egbea ɖo. Xexeame ƒe akpa bubu siwo nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbe le la hã nye afisiwo ame gbogbowo ʋuna tsona.
Gake hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo de dze si sisi le nɔnɔmewo ƒe sesẽ nu ƒe didi la be enye susu si ta amewo ʋuna yia teƒe bubuwo egbea ƒe akpa aɖe ko.
Nɔnɔme Siwo Ta Woʋuna Kple Nusiwo Dzroa Wo
Dukɔ siwo me agbememɔnukpɔkpɔ nyuiwo le ƒe amedzodzro hã nye nu vevi si ta amewo ʋuna ɖo. Esia kple didi be woasi le nɔnɔme sesẽwo nu nye nusi wode dzesiie be enye nɔnɔme sesẽ kple nudzroame siwo ta amewo ʋuna ɖo. Ðeko wòle abe ɖe nɔnɔme siwo le ameawo gbɔ le wo nyãm eye nudzedziname siwo le dutadukɔ me le wo dzrom alo le wo hem be woaʋu va ene. Bu Nguyen Van Tue, si nye Vietnamtɔ si ʋu yi Japan ƒe nya la ŋu kpɔ. Togbɔ be Nguyen kpe fu geɖe esime wole agbagba dzem be yeakpe akɔ kple dukɔ bubu me tɔ nyenye ƒe gbetɔame hã la, elɔ̃ ɖe edzi be: “Nye dzi dze eme. Nye ƒomea le gbɔnye eye míele agbe hele dukɔ si me ablɔɖe kple ŋutifafa le la me.”
Ganyawo ƒe nyonyo le duta nye susu vevi siwo ta woʋuna ɖo la dometɔ ɖeka. Esi agbalẽŋlɔla John Brown nɔ nu ƒom tso ltaliatɔ siwo le Eŋlisidukɔ aɖe me ŋu le eƒe agbalẽ si nye The Unmelting Pot me ŋu la, egblɔ be: “Woƒe taɖodzinu vevitɔe nye be yewoawɔ dɔ akpɔ ga geɖe.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be wowɔa esia to dɔ wɔwɔ “nyuie kple kutrikuku” me. Ne wobu vovototo gã si le fetu siwo woɖuna le dukɔ vovovowo me ŋu la, mewɔ nuku be amewo ʋuna o. Esi National Geographic nɔ nu ƒom tso Meksikotɔ dɔwɔla siwo le United States ŋu la, eɖee gblɔ be “ga si woxena ɖe dɔ ma ke ta le United States la ƒe akpa atɔ̃ vaseɖe ewolia koe woxena ɖe gaƒoƒo ɖeka ƒe dɔwɔwɔ le [U.S.] ƒe dea ƒe dziehe gome la ta.”
Ƒometɔwo Kple Xɔlɔ̃wo Dzideƒoname
Susu si ko ta ame aɖewo hã ʋunae nye be yewoate ɖe yewoƒe ƒomea kple xɔlɔ̃ siwo hã ʋu do ŋgɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yudatɔ siwo le Soviet Union ʋu yi lsrael le esi wose le wo ɖokui me be Yudatɔwo ɖeɖe dome nɔnɔ nana yewoɖea dzi ɖi ta. Wo dometɔ aɖewo lɔ̃ gɔ̃ hã be yewoaʋu ayi aɖanɔ Yordan-tɔsisi ƒe Ɣetoɖoƒe gome si wole aʋa wɔm le la.
Xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ƒe dzideƒoname kpɔa ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi be woaʋu. Wokafu Australia na ame geɖe siwo di be yewoaʋu la. Fifia dukɔa me tɔwo dometɔ siwo de 22 kloe le alafa ɖesiaɖe me nye amesiwo wodzi ɖe dukɔ bubuwo me.
Esime Barbadostɔ ʋuʋula aɖe tso United States ɖi tsa yi wo de la, egblɔ na exɔlɔ̃ be: “Miebu be yewole nane lãm kpem le afisia,” gake ete tɔ ɖe edzi be ye xɔlɔ̃a le ɣeyiɣi . . . gblẽm” be wòyi edzi le ƒukpo sia dzi. Le ƒe geɖe megbe la, exɔlɔ̃a lɔ̃ ɖe edzi be nya siwo wògblɔ na ye la na ye tsi dzi, eye ʋeʋeʋe la wòna yeʋu.
Gake ewɔ nublanui be zi geɖe la alesi tututu nɔnɔmeawo le ƒe akpa nyuitɔ koe wogblɔna na amesi di be yeaʋu la. Ron, si nye ɖekakpui si ʋu yi Kanada be yeasi le zitɔtɔ siwo le dzidzim ɖe edzi le Dziehe Afrika nu la gblɔ be: “Xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo dea asi nu ga nu gãwo kafukafu me . . . eye woŋea aɖaba ƒua gbegblẽawo ya dzi.”
Eɖanye nukae ʋãa ame be wòaʋu o, zi geɖe la dukɔ bubu me tɔwo kpea fu geɖe. Ne wova se dɔ si woƒe ʋuʋua le wɔwɔm ɖe wo dzi gɔme bliboe la, wo dometɔ geɖe dina vevie be yewoagbugbɔ ava aƒe. Eyata aleke dukɔ bubu me nɔla ate ŋu awɔ atrɔ ɖe nɔnɔme yeye sime wòle la ŋu dzidzedzetɔe esi wòle akɔ kpem kple wo de ƒe amedzodzro, ƒomekadodo siwo me tso, dzimaɖitsitsi le dukɔ yeyea me ƒe nɔnɔmewo ta, gbegbɔgblɔ ƒe vovototowo, kple kuxi mawo tɔgbe geɖe?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Ganyawo ƒe nyonyo le duta nye susu vevi siwo ta woʋuna ɖo la dometɔ ɖeka
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
“Nye dzi dze eme. Nye ƒomea le gbɔnye eye míele agbe hele dukɔ si me ablɔɖe kple ŋutifafa le la me.”—Vietnamtɔ si le Japan
[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]
Ne wobu vovototo gã si le fetu siwo woɖuna le dukɔ vovovowo me ŋu Ia, mewɔ nuku be amewo ʋuna o
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Nusianu wɔa mo yaa na ʋuʋula Ia eye wòsesẽna nɛ