Zã Atikewo Nyuie
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ
NYƆNUA gblɔ be ta kple dɔme le ye ɖum. Ðɔkta la bia nya ɖeka eve aɖewoe. Emegbe eŋlɔ asrãdɔ ƒe abi nɛ be wòado ŋkeke etɔ̃, paracetamol (acetaminophen) be taɖuia nafa, atikekui ƒomevi eve be woatsi nusi ate ŋu anye dɔmebi ƒe vevesesea nu, atike aɖewo be woaɖe eƒe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ, eye hekpe ɖe esiawo katã ŋu la, ena ŋutilãtuɖotikee be wòanɔ nonom. Woxɔ asi ŋutɔ, gake nyɔnua meke nu o. Edzo kple dzidzɔ, eye wòka ɖe edzi be atikeawo axɔ ye.
Atikewɔwɔ alea bɔ ɖe Ɣetoɖoƒe Afrika ŋutɔ. Numekuku aɖe si wowɔ le dukɔ gã aɖe me le afima ɖee fia be le mamã dedie nu la, kɔdzidɔwɔla siwo le hahootikewɔƒewo ŋlɔa atike hamehame 3.8 na dɔnɔ ɖeka ɖesiaɖe ɣesiaɣi si wòayi kɔdzi. Le nyateƒe me la, ame geɖe tsɔnɛ be ɖɔkta si ŋlɔa atike geɖe na ame ye nye ɖɔkta nyui.
Ðewohĩ alesi Ɣetoɖoƒe Afrikatɔwo ka ɖe atike dzii la me akɔ na wò ne èbu alesi dɔlényawo nɔ le afima va yi ŋu. Ƒe 40 kple edzivɔ enye sia la, agbalẽŋlɔla John Gunther ŋlɔ nu tso alesi nuwo nɔ va yi ŋu be: “Menye ameyibɔwo koe ku le Kluviƒuta sia o . . . ; yevuwo hã ku, eye afimae nye Afrika ƒe akpa si wonya le xotutu me be ‘Yevuwo ƒe Yɔdo.’ Mue nye Guinea Ƒuta ƒe fia sesẽtɔ kekeake ƒe alafa geɖe. Aŋutiɖiɖi ŋudza, ŋudza si na woɖɔa ʋu, kple asrãe nye aʋawɔnu gblẽnu siwo fia sia zãna. Alesi dɔléle siawo wu amee le Ɣetoɖoƒeƒutae la menye gbaɖegbe ʋĩ ƒe nya o, ɖaseɖiɖiwo li fifi laa. Nya ɖikokoe aɖe si wolɔ̃a gbɔgblɔ la ƒo nu tso dutasitsanyadzikpɔla si woɖo ɖe Nigeria nyitsɔ sia ko eye wòbia nu tso eƒe dzudzɔxɔxɔledɔme ŋu la ŋuti. Eƒe amegã si le Dutadɔwɔƒea ɖo eŋu be, ‘Dzudzɔxɔxɔledɔmea? Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, amesiwo yia Nigeria menɔa agbe wòdidina ne woayi dzudzɔ xɔ ge le dɔ me o.’”
Nuwo trɔ. Egbea atikewo li siwo wɔa avu kple dɔléle siwo mu kakana kple dɔléle bubu geɖe hã. Abɔtasisi ɖeɖe dzaa ɖe amesiwo agbaɣi, kɔkɔdzayi, hehedɔ, kple vemexexedɔ wuna la dzi kpɔtɔ. Abɔtasisi na wotsrɔ̃ sakpate ɖa kura. Ðewohĩ woaɖe ɖeviwo ƒe atatutudɔ hã ɖa kpuie.
Eyata mewɔ nuku o be Afrikatɔ geɖe xɔ atike dzi se vevie egbea. Le nyateƒe me la, menye Ɣedzeƒe Afrikatɔwo koe xɔ atikewo dzi se nenema o. Le United States la, ɖɔktawo ŋlɔa atike siwo wu biliɔn 55 na amewo ƒe sia ƒe. Le France la, amewo ƒlea atikekui go 50 ƒe sia ƒe le mamã dedie nu. Eye le Japan la, ame akpa gãtɔ zãa Amerika dɔlar 400 ɖe atikewo ŋu ƒe sia ƒe.
Eƒe Viɖewo Kple Afɔkuwo
Atike siwo li egbea kpe ɖe amegbetɔƒomea ŋu ŋutɔ. Ne wonoe nyuie la, wonaa lãmesẽ ame, gake ne womenoe nyuie o la, woate ŋu awɔ nuvevi alo awu ame gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, woxɔa amesiwo ade 300,000 ɖe kɔdzi ƒe sia ƒe le esi dɔdatikewo gblẽa nu le wo ŋu ta, eye wo dometɔ 18,000 kuna.
Be nàzã atikewo nyuie la, ele vevie be nànya be afɔku aɖe nɔa eme kokoko. Atike ɖesiaɖe, aspirin gɔ̃ hã, ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie. Ne èno atike vovovowo zi ɖeka la, eƒe nugbegblẽ le ame ŋu sɔa gbɔ wu. Nuɖuɖu kple nunono hã kpɔa ŋusẽ ɖe alesi atike wɔa dɔ le wò lãme dzi eye ate ŋu ana enu nasẽ alo wòaxɔ ŋusẽ le esi.
Afɔku bubuwo li. Ðewohĩ atike aɖe manyo na wò o. Ne mèno atikeawo abe alesi wobe nànoe ene o—agbɔsɔsɔme si sɔ ɖe ɣeyiɣi si woɖo nɛ nu o—la, ɖewohĩ womaxɔ wò o eye woate ŋu awɔ nuvevi wò gɔ̃ hã. Nu ma ke ate ŋu adzɔ ne wò ɖɔkta ŋlɔ atike si mesɔ o alo esi mehiã o na wò. Ne èno atike kuku, esi menyo tututu o, alo gbegblẽtɔ la, awɔ nuvevi wò nenema ke.
Be nàɖe afɔkua dzi kpɔtɔ la, ele be nànya nu le atike ɖesiaɖe si nàno ŋu alesi nàte ŋui. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ ne ènya nu veviwo le eŋu.
Dɔlékuiwutikewo—Woƒe Nyonyo Kple Manyomanyo
Tso esime wowɔ dɔlékuiwutikewo anye ƒe 50 enye sia la, woxɔ ame miliɔn geɖe ɖe agbe. Woɖu dɔléle dziŋɔwo abe anyidɔ, yɔmekpe, axamedɔ, asrãdɔ, kple agbadzà ene dzi. Wowɔa akpa vevi aɖe hã le dɔléle bubuwo dada me.
Ðk. Stuart Levy si nye atikefialagã le Tufts Yunivɛsiti Atikesrɔ̃suku le United States gblɔ be: “[Dɔlékuiwutikewo] na atikewɔnyawo trɔ. Woawoe nye dɔwɔnu ɖeka si na atikewɔnyawo trɔ kura.” Atikenyalagã bubu gblɔ be: “Woawoe nye dzogoedzikpe siwo dzi wotu egbegbe atikewɔwɔ ɖo.”
Gake hafi nàyi wò ɖɔkta gbɔ be wòana atike ye la, bu woƒe akpa manyomanyo hã ŋu. Ne mèzã dɔlékuiwutikewo nyuie o la, ate ŋu agblẽ nu geɖe wu nyui si wòawɔ. Nusitae nye be dɔlékuiwutikewo dzea dɔlékuiwo dzi le ŋutilãa me hetsrɔ̃a wo. Gake menye dɔlékui vɔ̃ɖiawo katãe wowuna ɣesiaɣi o; dɔlékui aɖewo nɔa te ɖe enu. Menye ɖeko dɔlékui siawo siwo atikea mewuna o la tsia agbe ko o, ke wodzina ɖe edzi hedea dɔ lãme na amewo ɖekaɖeka.
Le kpɔɖeŋu me, penicillin daa dɔxɔleameŋuwo vevie tsã. Ke fifia esi dɔlékui geɖe wu megale nu sem o ta la, atikewɔlawo wɔa penicillin vovovo alafa geɖe dzrana.
Nuka nàte ŋu awɔ aƒo asa na kuxiwo? Ne èhiã dɔlékuiwutike ŋutɔŋutɔ la, kpɔ egbɔ be ɖɔkta si dze naŋlɔe na wò eye nàƒlee le atikedzraƒe si le se nu. Mègaƒoe ɖe wò ɖɔkta nu wòaŋlɔ dɔlékuiwutike na wò dzitsitsitɔe o—ɖewohĩ adi be woado wò kpɔ bene yeaŋlɔ dɔ si lém nèle ƒe atike nyuitɔ na wò.
Ele vevie hã be nàno agbɔsɔsɔme nyuitɔ ɖe ɣeyiɣi si sɔ nu. Ele be nàno dɔlékuiwutike si woŋlɔ na wo la katã, ne èhaya hafi wòvɔ gɔ̃ hã.
Ðe Abidodo Nyo Wu Atikekuia?
“Medi be nàdo abi nam!” Nya siae kɔdzidɔwɔla geɖe sena le dukɔ madeŋgɔwo me. Nusita wogblɔa nya sia enye be woxɔe se be wodoa atikea ɖe ʋuka me tẽ eye edaa dɔ nyuie wu atikekuiwo. Le dukɔ aɖewo me la, ebɔ be nàkpɔ ‘abidola’ siwo si ɖaseɖigbalẽ mele o le asiwo me.
Afɔku aɖewo le abidodo me siwo mele atikekuiwo me o. Ne abia mele dzadzɛ o la, dɔnɔa ate ŋu axɔ aklãdɔ, hehedɔ kple AIDS gɔ̃ hã. Abi si ƒo ɖi hã ate ŋu ana teƒea nate eye wòave wò vevie. Afɔkua adzi ɖe edzi ne amesi medze o do abi na wò.
Ne ehiã be nàdo abi la, na amesi dze le atikewɔnyawo me nadoe na wò. Kpɔ egbɔ be wowu dɔlékuiwo le abia katã ŋu be wòanye takpɔkpɔ na wò.
Atike Gbegblẽwo
Atikewɔƒe siwo le xexeame nye asitsadɔ gã aɖe, si Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) gblɔ be ehea ga si ade Amerika dɔlar biliɔn 170 vɛ ƒe sia ƒe. Esi ame mabuameŋuwo di vevie be yewoanɔ te ɖe nɔnɔmea dzi awɔ ga ta la, wowɔ atike gbegblẽwo. Atike gbegblẽwo ɖia nyuitɔwo pɛpɛpɛ—woƒe ŋkɔwo kple goawo hã ɖinɛ—gake womenyo kura o.
Togbɔ be atike gbegblẽwo le afisiafi hã la, dukɔ madeŋgɔwo mee wobɔ ɖo wu, eye wowɔa nuvevi ame ŋutɔ. Le Nigeria la, ɖevi 109 ƒe ayiku dzudzɔ dɔwɔwɔ eye woku esi wono vevesesenutsitike si me tsitike si woyɔna be solvent le vɔ megbe. Atike siwo wobe ayɔ dɔ amesiwo dzo fiã le Mexico, si me atiwɔ, kɔfi, kple ɖi le la, na ƒoƒoe vɔ̃wo ƒo wo. Le Burma la, anye ne asrãdɔ wu kɔƒemetɔ gbogbo aɖewo esi wono atike gbegblẽ si mete ŋu wɔ avu kple asrãdɔlélea o ta. WHO gblɔ be: “Ame dahewoe gale afɔku me wu, amesiwo buna ɣeaɖewoɣi be anyo ŋutɔ be yewoaƒle atike si dze abe nyuitɔ ene si dɔwɔƒe xɔŋkɔ aɖe wɔ la.”
Aleke nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta tso atike gbegblẽwo si me? Kpɔ egbɔ nàƒle atikea le teƒe nyui, abe kɔdzi ƒe atikenaƒe ene. Mègaƒlee le mɔtonudzralawo gbɔ o. Atikewɔla aɖe si le Benin City, Nigeria, xlɔ̃ nu be: “Asitsadɔ koe atikedzadzra nye na mɔtonudzralawo. Ðeko wonɔ atikewo dzram ko abe ke kpetike alo akpɔnɔe wonye ene. Zi geɖe la, atike kukuwo alo atike gbegblẽwoe wodzrana. Womenya naneke le atike si dzram wole ŋu o.”
Ahedada ƒe Kuxi La
Zi geɖe la, alesi wowɔa atike na ame nɔa te ɖe ga home si le esi dzi. Be woaɖe gazazã kple ɣeyiɣi gbegblẽ dzi akpɔtɔ la, dukɔ madeŋgɔwo me tɔwo toa ɖɔkta xa zi geɖe yia atikedzraƒe tẽ ɖaƒlea atike siwo se bia be woaŋlɔ na ame hafi woaƒle la. Esi wozã atikea kpɔ alo xɔlɔ̃wo kafui na wo ta la, wonya atike si woadi ɖe woƒe dɔlélea ŋu. Gake ɖewohĩ nusi wodi la menye nusi wohiã o.
Amewo toa mɔ bubuwo hã dzi be woaɖe gazazã dzi akpɔtɔ. Ðɔkta na wodoe kpɔ eye wòŋlɔ atike aɖe nɛ. Dɔnɔa tsɔ atike si woŋlɔ nɛ la yi atikedzraƒee, gake ekpɔ be exɔ asi akpa. Ale wɔ le esi teƒe be woadi ga akpee la, woƒlea esi mexɔ asi o alo woƒlea atikea ƒe ɖe ko.
Ðe Wòhiã be Nàno Atike Kokokoa?
Ne ehiã kokoko be nàno atike la, bia nànya atike si ƒomevi nom nèle. Megate ɖe dziwò be nàbia nyawo ɖɔkta alo atikedzrala le atike si woŋlɔ na wò ŋu o. Èkpɔ mɔ anya. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖewohĩ wò ŋutilãe akpe fu.
Ne mèno wò atikewo nyuie o la, ɖewohĩ màhaya o. Ehiã be nànya agbɔsɔsɔme si nàno, ɣeyiɣi si me nànoe, kple ɣeyiɣi didi si nànoe. Ele hã be nànya nuɖuɖu, nunono, kple atike bubu siwo nàtsri ne èle atikea nom. Eye ele be nànya nusiwo wòate ŋu agblẽ le ŋuwò kple nusi nàwɔ ne edzɔ nenema.
Nenɔ susu me na wò hã be menye dɔléle ɖesiaɖee atikewo dana o. Ðewohĩ mahiã be nàno atike kura o. World Health magazine, si nye WHO ƒe agbalẽ la gblɔ be: “Ne ehiã na atike ko hafi nànoe. Ðiɖiɖeme, nuɖuɖu nyui kple tsi geɖe nono ɖeɖe na ame hayana zi geɖe.”
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24]
Romatɔ hakpanyaŋlɔla aɖe ŋlɔ anye ƒe 2000 enye sia be: “Dɔléle akpe ɖeka bia dɔdada akpe ɖeka.” Egbe la, anye ne hakpanyaŋlɔla la aŋlɔ be, ‘Dɔléle akpe ɖeka bia atikekui akpe ɖeka’! Le nyateƒe me la, edze abe atikekui li na dɔléle ɖesiaɖe kloe ene, eɖanye dɔléle ŋutɔŋutɔ alo esi wosusu o. Xexeame ƒe Gadzraɖoƒegã gblɔ be le xexeame katã la, atike hamehame si ade 100,000 ye li, siwo wotsɔ nu vovovo 5,000 kple edzivɔ wɔ.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]
Atike Zazã Nyuie
1. Mègano atike kukuwo o.
2. Ƒlee le teƒe nyui si wokafu. Mègaƒlee le mɔtonudzralawo gbɔ o.
3. Kpɔ egbɔ nàse mɔfiameawo gɔme eye nàzɔ ɖe wo dzi.
4. Mègano atike si woŋlɔ na ame bubu o.
5. Mègagblɔ be woado abi na ye kokoko o. Zi geɖe la, atike si nàno hã wɔa dɔ nyuie.
6. Atikeawo nenɔ fafaƒe, afisi ɖeviwo ƒe asi made o.