INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 10/8 axa 22-24
  • Nye Didi be Mazu Ɣeɖula Xɔŋkɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nye Didi be Mazu Ɣeɖula Xɔŋkɔ
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mekpɔ “Dzidzedze”
  • Metrɔ Va Mía De
  • Nye Agbe me ŋkeke Vevi Aɖe
  • Mewɔ Tɔtrɔwo
  • Agbenɔnɔ Yeye
  • Ðe Wòsɔ be Kristotɔwo Naɖu Ɣea?
    Nyɔ!—1996
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nu Kae Nye Dzidzedzekpɔkpɔ Vavãtɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Vavã
    Nyɔ!—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 10/8 axa 22-24

Nye Didi be Mazu Ɣeɖula Xɔŋkɔ

ƑE 12 tututue mexɔ esime meɖu ɣe le amewo ŋkume zi gbãtɔ le mía de Roma, Italia. Ƒe 1945 mee le xexemeʋa II megbe teti ko.

Wò ya bu alesi wòanɔ na ɖevi si kpɔ amewuwu dziŋɔ kple eƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi teƒe be wòatsi tre ɖe ɣeɖuƒe be wòawɔ nusi tututu wɔwɔ dzɔa dzi nɛ wu​—ɣeɖuɖu​—la ŋu kpɔ! Edo dzidzɔ geɖe nam!

Menɔ ɣeɖuha me tsã eye meva zu ame ɖekɛ ɣeɖula mlɔeba. Mebi ɖe Afrikatɔwo kple Cubatɔwo, Ɣedzeƒetɔwo kpakple Hawaiitɔwo ƒe ɣeɖuɖuwo me, gake meɖu ɣe vovovo siwo nye rumba, chacha, tango, boogie-woogie hã kpakple ɣe bubu siwo bɔ le ɣemaɣi me la.

Ɣeɖuɖu ʋu dɔwɔɖui yeye dodzidzɔnamewo ƒe mɔnukpɔkpɔwo nam. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1950 ƒe ƒeawo me la, medze le sinima xɔŋkɔ siwo dome War and Peace kple Quo Vadis nɔ la me. Dɔ wɔwɔ kple ame xɔŋkɔwo abe Elizabeth Taylor, May Britt, Eleanora Rossi Drago,Robert Taylor, Valentina Cortese, kple Gabriele Ferzetti ene do dzidzɔ nam ŋutɔ.

Mekpɔ “Dzidzedze”

Le nye didi be makpɔ dzidzedze ta la, mezɔa mɔ tsoa xexeame ƒe akpa ɖeka yia akpa bubu, eye mede Aden, Yemen; Cape Town, Dziehe Afrika; London, England; Bangkok, Thailand; Tehran, lran; kple Austrialia ƒe dugã vovovowo me. Mekpɔ dzidzedze mlɔeba. Esi mexɔ ƒe 19 la, menɔ vivi sem le nusi woyɔna be dɔ dodzidzɔname me.

Hehe teɖeɖiameameŋu si wonam kple asitɔtrɔ le ame ŋu ƒe hehe sesẽ si me meto be manɔ lãmesẽ me eye mayi edzi anye nyɔnu dzetugbee la sesẽ nam ŋutɔ. Gake esi mebu dzidzedze si mekpɔ xoxo kple nye taɖodzinu si wònye be magaxɔ ŋkɔ wu ŋu la, melɔ̃ faa be mato fukpekpe siawo me.

Le amesiwo mezɔ kplii dome la, kesinɔtɔwo kple bubumewo dea ha kple fiafiwo, atikemuamedzralawo, kple nuvlowɔlawo. Agbenyuimanɔmanɔ bɔ ɖe wo dome ŋutɔ, esi ƒe akpa aɖewoe nye atike muame zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, ahamumu, agbegbegblẽnɔnɔ, kple nuvlowɔwɔ. Gake nɔnɔme siawo ƒe ɖeke menye nu gbegblẽ nam le ɣemaɣi me o. Ɣeɖuɖu, ʋu xɔasiwo, kpe xɔasiwo, awu xɔasiwo, kpakple amedzrodzeƒe xɔŋkɔwo yiyi ƒe agbeɖuɖu nye nu vevitɔwo le nye agbe me.

Togbɔ be mekpɔ ga geɖe hã la, nye amegãwo ƒe kotoku me koe eƒe akpa gãtɔ yi. Be mayi edzi anɔ agbe si nɔnɔ mãm la, mekpɔ gadzikpɔdɔ si wowɔna le ŋkeke me. Eye nublanuitɔe la, meva nɔ gɔmeɖose siwo meɖo na na ɖokuinye dzi dam heƒoa ɖokuinye ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me.

Metrɔ Va Mía De

Le nye dɔwɔɖui me dzidzedze geɖe kpɔkpɔ le dukɔ bubuwo me vɔ megbe le ƒe 1965 me la, meɖoe be matrɔ ayi Italia be mava zu ɣeɖula xɔŋkɔ ŋutɔ aɖe le mía ŋɔli. Mebu be nusi teƒe mekpɔ kple ŋkɔ si mexɔ le dukɔ bubuwo me ana mɔnukpɔkpɔ yeyewo nasu asinye le mía de. Le ema teƒe la, nuwo meva yi nenema o eye dzi ɖe le ƒonye vevie. Ðeko wòwɔ abe ɖe dzidzedzekpɔkpɔ ƒe ʋɔtrua tu zi ɖeka ene.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva nɔ ɣe ɖum le zã me modzakaɖeƒewo kple haƒoƒe gbegblẽwo. Mese le ɖokuinye me be metsi akogo, mexaxa ɖe nɔnɔme dzeakaɖa me eye wòzu dzizizi nam be maƒo ɖokuinye ɖe ŋɔdzidoname kple nuvlowɔwɔ ƒomeviwo kata me. Meɖe fu zi eve eye meku kloe. Aleke nye didi bometsitsitɔe be makpɔ dzidzedze hegblẽ nu le ŋunye enye si! Le ɣeyiɣi si me nye agbenɔnɔ gblẽ ɖe edzi kura la, meke ɖe nane si na dzidzedze vavãtɔ va nɔ nye agbe me la ŋu.

Nye Agbe me ŋkeke Vevi Aɖe

Gbemagbe nye dzomeŋɔli ƒe ŋdɔ le ƒe 1980 me, esime meyina afisi woƒua tsi lena le nye aƒe gbɔ le Alessandria-nuto me. Medo go xɔ̃nye aɖe le afima si bia nu wɔmoyaa aɖem. Ebia be: “Àte ŋu akplɔm ayi Biblia nusɔsrɔ̃ si Yehowa Ðasefo aɖe wɔna kplim la wɔƒea?”

Mebiae be: “Yehowaa? Eye amekae nye Yehowa?”

Eɖo eŋu be: “Yehowa ye nye Mawu ŋkɔ.” Míeɖo dze tuameɖo aɖe si na meŋlɔ tsiƒuƒe si meyina la be. Meku xɔ̃nyea yi aƒenɔ si nye Ðasefo la gbɔe, eye mebia be mate ŋu akpɔ gome le Biblia nusɔsrɔ̃a me hã. Mesusu be makpɔ vivimenɔnɔme aɖe, ɖewohĩ nufiala alo ame kɔkɔe aɖe wòanɔ kɔnu wɔnuku dziŋɔ aɖe wɔm le keklẽ gã aɖe me. Ðe ema teƒe la, mekpɔ be aƒe aɖe ƒe mɔnu koe metsi tre ɖo le nyɔnu si le abe nye ko ene la ŋkume, amesi tsɔ amebubu na miege ɖe eme. Míewɔ nusɔsrɔ̃a le agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee ƒe ta etɔ̃lia si ƒe tanyae nye “Amekae Nye Mawu?” la me.

Esɔsrɔ̃ be ŋkɔ le Mawu si, eye be Mawu ƒe ŋkɔe nye “Yehowa” la nye ɖeɖefia tɔxɛ aɖe nam. (Psalmo 83:19) Megblɔ na ɖokuinye be: ‘Ne sɔlemehawo tsɔ Mawu ƒe ŋkɔ ɣla la, amekae nya ne wometsɔ nyateƒe bubuwo hã ɣla o! Mebia Ðasefoa be ho nenie eƒe nusɔsrɔ̃wo xɔna hã eye wòwɔ nuku nam ŋutɔ esi mese be womexɔa ga aɖeke ɖe eta o. Le xexe si me menɔ me la, ame aɖeke mewɔa naneke dzodzroe o. Wode dzi ƒo nam be madze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.

Mewɔ Tɔtrɔwo

Vovo menɔa ŋunye ale o le nye dɔwɔɖui ƒe ɖoɖo ta​—meganɔ ɣe ɖum le dugã vovovowo me. Gake metsi dzi ɖe aƒenɔ sia ƒe gbɔnye vava bene mate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu vavã, Yehowa ŋu la ŋuti vevie. Meva kpɔe dze sii hã be Yesu kple Mawu womenye ame ɖeka ma ke o. Womenye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Megakpɔ alesi wònye vodadae esi mesusu be Mawu ku! Ke boŋ meva nɔ Ame ŋutɔŋutɔ, si nye Mawu si le agbe eye wòle dɔ dzi la nyam nyuie!

Meva ke ɖe nusita manɔ agbe ɖo la ŋu mlɔeba! Aleke gbegbe mehedaa akpe na Yehowa enye si! Meva dze Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo katã yiyi gɔme. Meva nɔ Mawu lɔlɔ̃tɔ kple nublanuikpɔla sia ƒe nɔnɔme wɔnukuwo gɔme sem nyuie wu le afima. Esia nye akɔfafa ŋutɔ aɖem nam ne mebu agbe si ƒomevi menɔ la ŋu. Esi mekpɔ Fiaɖuƒe Akpata me kpekpea valawo ƒe nukomoɖoɖo la, mekpɔe dze sii be meke ɖe xexe dzeani ŋutɔ aɖe ŋu, eye meɖoe kplikpaa be nyemele asi ɖe ge le eŋu o.​—Psalmo 133:⁠1.

Gake meva nɔ si dzemee be ne medi be manɔ xexe ma me la, ahiã be mawɔ tɔtrɔ gãwo le nye agbenɔnɔ me. Esi mede Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã aɖe si me mese woɖe Biblia me gɔmeɖosewo me kɔte le gbɔ la, meɖoe kplikpaa be matrɔ asi le nye agbenɔnɔ ŋu. Medzudzɔ ɣeɖuɖudɔ si nye dzidzɔ gã nam le agbe me vaseɖe ɣemaɣi me la. Medzo le ŋutsu si nye nye ahiãvi ƒe ade enye ma la gbɔ eye metso nye tsã gbenɔnɔ kple ɣeɖuɖudɔ gbegblẽ ƒe kadodo ɖesiaɖe me keŋkeŋ. Mevuvu nye ɣeɖuɖu dzi kpɔlawo kple yeaɖi xɔlɔ̃wo ƒe adrɛs kple ŋkuɖodzinuwo.

Agbenɔnɔ Yeye

Vaseɖe ɣeyiɣi ma me la, dɔwɔɖui kple aƒe meganɔ asinye o, gake meva nɔ esrɔ̃m be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe wu. Esi ganyawo va ɖe fu nam ta la, medzra nye nu veviwo​—ʋu, alẽfuwuwo, dzonu xɔasiwo​—nusiwo mesusu be wonye dzidzedze vavãtɔ le agbe me la. Meva nɔ ŋutilãmedɔ si nye dziƒoxɔwo ƒe atrakpuiwo ŋu tutu kple aƒemedzadzraɖo na ƒomewo wɔm. Meva kpɔe dze sii be Yehowa ƒe yayra dzi koe wonɔa te ɖo bua ame ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le agbe me, ke menye nunɔamesiwo alo nɔƒe ye o.

Le ƒe 1983 ƒe April 23 dzi la, wonyrɔ̃m mezu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka. Fotoɖelawo meƒo xlãm gbemagbe o, ke negbe Yehowa Ðasefo siwo wòdzɔ dzi na be yewoaxɔ Yehowa kafula yeye ava yewo dome koe nɔ anyi. Le ema megbe kpuie la, medzo yi Australia be makpe ɖe nɔvinyeŋutsu ŋu be wòasrɔ̃ nu wɔnuku siwo mesrɔ̃ la. Togbɔ be woa kple viawo mekpɔ dzidzɔ ɖe Biblia me nyateƒea ŋu kplim o hã la, nye Australia nɔnɔ va ɖe vi ŋutɔ.

Eteƒe medidi o meva ge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me abe mɔɖela ene eye meke ɖe Italiatɔ geɖe siwo le Australia siwo tsɔ ɖe le Biblia me la ŋu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva nɔ Biblia nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ wɔm. Emegbe le ƒe 1985 me la, megatrɔ va Italia. Gbã la, afisia nɔnɔ va nɔ sesẽm nam, gake xɔ sue aɖe su asinye fifia eye woxea pension-ga nam, esi wɔe be mete ŋu le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm hedea hamea ƒe kpekpewo katã.

Dzidzedze kpɔkpɔ le ɣeɖuɖu me dzrom wu nusianu ƒe geɖe. Mebu be bubu kple ŋkɔxɔxɔ ye ƒo nusianu ta. Medze agbagba be masrɔ̃ xexeame ƒe ame xɔŋkɔwo. Aleke nusianu heto vovo fifiae nye si! Nyateƒee, ɣeɖuɖu doa dzidzɔ na ame, gake meva kpɔe dze sii be kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woanya Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo ye naa dzidzedze vavãtɔ ame le agbe me, ke menye ŋkɔxɔxɔe o.

Metsɔ kakaɖedzi le ŋugbedodo wɔnuku sia me vava lalam be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, akpɔ eteƒe.”​—Psalmo 37:​34; Petro II, 3:​13.​—Abe alesi Edvige Sordelli gblɔe ene.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

Medze le sinima xɔŋkɔ siwo dome War and Peace kple Quo Vadis nɔ la me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe