Namib-Iã Siwo Yia Edzi Nɔa Agbe le Dzogbe
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Dziehe Afrika gbɔ
KAOKO kple Damara nutowo nye nuto gã siwo keke ɖe enu ɖo Afrika ƒe Namib-dzogbe ƒe anyiehe gome. Clive Walker ƒo nu tso wo ŋu ɖe eƒe agbalẽ Twilight of the Giants me be: Xexe ɣaɣla siwo me mɔnukpɔkpɔ su ame ʋee aɖewo ko si woge ɖo vaseɖe nyitsɔ laa hafi.” Afisiae xexeame ƒe atiglinyi siwo nɔa dzogbe ŋutɔŋutɔ la le.
Gake ɖewohĩ atiglinyi gã siawo siwo susɔ ɖe nuto siawo me la mede alafa ɖeka o. Tsi si ƒe todede medea sentimeta 15 o koe dzana ƒe sia ƒe le teƒe siawo, eye ɣeaɖewoɣi la ɖeke kura me dzana o ƒe geɖe. Aleke atiglinyiwo wɔna kpɔa tsi nona hetsia woƒe tsikɔwuame vevie la nu?
Wotrɔna Ðe Dzogbea ƒe Nɔnɔmewo Nu
Woke ɖe atiglinyiwo ŋu zi gbãtɔ le Namib ƒe ɣetoɖoƒe le ƒe 1895 me, eye ɖaseɖiɖi ɖee fia be wonɔ dzogbea ƒe gbogbowo. Le ku si ɖi nyitsɔ laa le tsi madzamadza ta ƒe atɔ̃ me, eye zi alesi woate ŋu aɖo kpe edzi agblɔ la, atiglinyi tsitsi aɖeke meku le kuɖiɖia ta koŋ o, gake zinɔ, kple zi aɖe si to dzo eve kpakple gbetedzi si nɔa towo dzi dometɔ geɖe kple atiglinyivi ʋee aɖewo ya ku. Mitch Reardom ƒo nya ta le eƒe agbalẽ The Besieged Desert me be: “Atiglinyiwo le anyigbadzinuwɔwɔ siwo te nu trɔna ɖe nɔnɔmewo nu nyuie wu la dome.”
Togbɔ be Kaoko-nutome ƒe tɔsisibaliwo me ƒuna zi geɖe hã la, tsi si sina tsoa ɣetoɖoƒegawo me toa tome, eye atiglinyiwo wɔa wo ŋudɔ. Woɖea ʋe siwo me tsi nɔna to tɔʋuwo me ke kuku me. Tsi dzina ɖe ʋe siawo me, eye ne atiglinyiawo kpɔ tsi no wòɖi kɔ na wo vɔ megbe la, lã, xevi, kple nudzodzoe akpe geɖe noa tsi le ʋe mawo ke me hetsia agbe.
Esi wònye atiglinyiwo ɖua gbe gbogbo aɖe, esi ade kilogram 100 kple vɔ gbesiagbe ta la, ame aɖewo asusu be wole nu gblẽm le nutoa me numiemiewo ŋu. Gake de dzesi atiglinyiwo ŋuti nunyala xɔŋkɔ Ðk. Anthony Hall-Martin ƒe nya sia si wògblɔ ɖe agbalẽ si nye Elephants of Africa me: “Atiglinyi siwo le ave damawo me le anyigba xɔdzowo dzi la amu atiwo katã, menye le susu ɖɔʋu aɖeke ta tsɔ wu be yewoaɖu aŋgba ʋee aɖewo ko o, gake atiglinyi bubu siwo le dzogbe ya mebɔna mua atiwo alo ŋea wo o. Ne wowɔe la, eteƒe madidi hafi naneke magasusɔ na wo be woaɖu o. Le ema teƒe la, woɖua ati ƒe aŋgba sue ɖesiaɖe si wofli la eye asesẽ hafi míakpɔ aŋgba ʋee aɖewo siwo dzi wonyã avuzi le hegblẽ la.”
Le nyateƒe me la, atiglinyi siwo nɔa dzogbe nana atiwo tina kaba. Nuɖuɖu siwo ŋu wodoa vivi ɖo dometɔ ɖekae nye xeti, eye le etseɣi la woɖua xetia ƒe tsetse gbogbo aɖewo. Ne womi ku siawo ɖe woƒe dɔgbo me la, ku sesẽawo bɔbɔna, emegbe wonyẽa wo hedzrana wo ɖo ɖe mĩkpo xɔdzo si me nunyiame le la me, eye wole klalo be woamie ne tsi dza mlɔeba. Eyata le atiglinyiawo ta la, xeti bubuwo gatsina ɖe eteƒe ɣesiaɣi kokoko.
Ŋkuɖoɖonudzi Nana Woyia Edzi Nɔa Agbe
Ðewohĩ èsee kpɔ wogblɔ be, “Atiglinyi meŋlɔa nu be o.” Na míakpɔ alesi esia nye nyateƒee le alesi atiglinyi siwo nɔa dzogbe nɔa agbee gome ɖa. Wotu ƒomegbenɔnɔ kple ɖekawɔwɔ ƒe nuwɔna ɖo ɖe wo ɖokui me vevie, eye atiglinyivi nɔa dada gbɔ vaseɖe ƒe ewo, esi nye ɖevimenɔnɔ ƒe ɣeyiɣi didi aɖe ne wotsɔe sɔ kple lã bubuwo tɔ eye woƒe ɖevimenɔnɔ ƒe ɣeyiɣi koe gakplɔ amegbetɔwo tɔ ɖo.
Le ɖevimenɔɣi sia me la, atiglinyivi la zɔna kple atiglinyi siwo xɔ ƒe vovovowo, eye wòsrɔ̃a alesi wòawɔ ayi edzi anɔ agbe le nuto dziŋɔ sia me tso wo gbɔ. Wofiaa afisi wòakpɔ tsi le kple alesi wòawɔ akpɔe, gbe siwo wòaɖu kple ɣeyiɣi si me gbeawo tsina lae. Eye wofiaa alesi wòawɔ asi le amegbetɔwo nu lae. Nufiame kple sidzedze gbogbo siawoe mele be atiglinyivi la naŋlɔ be o ne eva tsi. Reardom ɖe nu me be: “Le kuɖiɣi la, atiglinyi ƒe ŋkuɖoɖonudzi kple nuteƒekpɔkpɔ ye ana wòatsi agbe.”
Alesi atiglinyiwo nɔa agbee la nɔ te ɖe wo dada dzi, eye ɖikeke mele eme o be wo dometɔ vevi si nana atiglinyihawo tsia agbee nye atiglinyinɔ tsitsitɔ. Ekplɔa eƒe ƒomea kple atiglinyi bubuwo wonɔa tsi kple nuɖuɖu didi dzi. Ðewohĩ ne enɔ agbe wòde ƒe 50 la, alesi woayi edzi anɔ agbe ŋuti sidzedze geɖe sua esi. To eƒe kpɔkplɔ kple kpɔɖeŋu me la, efiaa esia atiglinyiviawo. Eyata ne adelawo wu atiglinyinɔ tsitsi sia Ia, ke nuɖuɖudidi ŋuti sidzedzetsoƒe xɔasi aɖe bu ɖe wo.
Garth Owen-Smith si le dɔ wɔm le Namibia ƒe lãwo Dzikpɔdɔwɔƒe gblɔ le Namib ƒe atiglinyi siwo nɔa dzogbe ŋu be: “Ðo ŋku edzi be. . ., menye gbemelã ɖesiaɖe ƒe nya ko gblɔm míele o. Esiawoe nye atiglinyi siwo nɔa dzogbe . . . Womekpɔ etɔgbe . . . aɖeke le xexeame ƒe akpa bubu aɖeke o. . . . Nu dome gbegblẽ, nu gbegblẽ le dzɔdzɔmeŋutinunya kple xexeame ŋu kae wòahanye enye si ne woɖe mɔ wotsrɔ̃ vɔ le anyigba dzi.” Gake atiglinyi sesẽ siawo matsrɔ̃ ɖa bɔbɔe le wo nɔƒe si woa ŋutɔwo tia o. Menye ɖeko wote ŋu trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu nyuie wu ɖeɖeko o ke boŋ wodzrana ɖo le goawo keŋ me be woayi edzi anɔ agbe.
Nu Bubu Siwo Kpena Ðe Wo Ŋu Wonɔa Agbe
Ne ète ɖe atiglinyihawo ŋu—gake le afisi ya le ƒoƒom ɖo tae gome—la àte ŋu akpɔ nu wɔnuku siwo kpena ɖe wo ŋu woyia edzi nɔa agbe dometɔ aɖewo tẽ. Àkpɔ be woƒo ƒu ɖe bali si me do le si me ke memee le la ŋu, wotsɔ woƒe ŋgɔgbefɔwo le anyigba kamee eye wolɔa ke memeea ɖe woƒe ɖɔwo me hegbɔnɛ ɖe wo ɖokui ŋu vaseɖe esime woɖia bibi siwo ŋu fu ɣie. Ðe nèsusu be esi wonye la ƒoɖiwo tae? Kura o. Ke si wɔ ɖe ŋu na wo abe pauɖa nyui wosi ene nana woƒe ŋuti fana eye wònana ŋdɔ kutsu helĩhelĩ meɖua wo tea wo ŋu o.
Ne èzi ɖoɖoe kpoo la, àkpɔe be atiglinyiawo le ɖiɖim ɖe eme le woƒe kea lele megbe. Àkpɔ be wole ɖiɖim ɖe eme negbe woƒe to gã la koe anɔ ʋaʋãm nàse. Lé ŋku ɖe alesi woʋãna ɣesiaɣi ne wole zɔzɔm blewublewu la ŋu. Hekpe ɖe ya fafɛ si xɔxɔ dzɔa dzi na wo ɣesiaɣi ŋuti la, ʋu si sina le woƒe tomeʋuka siwo dzena le gota la me fana miamiamia abe Fahrenheit 11° ene. Emegbe ʋufanu sia kakana ɖe atiglinyi gã la ƒe ŋutilã katã me eye wògava ɖoa eƒe towo me ake. Ðe wodzroa wò hã ɣeaɖewoɣi be ya fafɛgbɔnu nanɔ lãme na yea?
Ðewohĩ afɔ aku wò azɔ le esi nèbɔbɔa wo taa? Kpɔ alesi atiglinyi gã ma si le afima le eƒe afɔwo dzudzɔmee la ɖa. Kpɔ alesi wòŋe eƒe ŋgɔgbekloe wòxa ɖa, eye wòna eƒe afɔ xa ɖe afɔbidefetsuwo dzi. Ele eƒe afɔƒome dzudzɔm. Ɣeaɖewoɣi la, atiglinyiwo tsoa ga woƒe megbefɔwo wònya kpɔna, abe alesi ame aɖe aziɔ ɖe atizɔti ŋui ene.
Woƒe nuwɔwɔ bubu si nya kpɔnae nye esi dze le axa si do ŋgɔ me. Kpɔ kpe nogo si atiglinyia tsɔ eƒe afɔƒome le mimlim ɖa. Wosusui be esia nana afɔƒome si ŋu ɖeɖi te la dzudzɔna, abe alesi tututu afɔhela ahe dɔnɔ ƒe afɔƒome si nuvevi wɔ ene. Ele be nàɖo ŋku edzi be atiglinyiawo anya zɔ kilometa geɖe, eye esiawo dze abe mɔ siwo nu wodzudzɔa woƒe afɔƒome si ŋu ɖeɖi te ɖo ene la dometɔ aɖewo.
Ɣeyiɣi Didi Kae Woanɔ Agbe Ase Ðo?
Togbɔ be atiglinyi gã siwo nɔa dzogbe te ŋu tsia agbe le dzɔdzɔmefɔku siwo le wo nɔƒe me hã la, ɖe woate ŋu atsi agbe le wo wula ɖeka kolia si nye amegbetɔ ƒe fuɖename si mea? Ewɔ abe woate ŋu atsi agbe ene. Fifia nutoa me tɔwo va le dzɔdzɔmenu xɔasi siwo le wo gbɔ la ta kpɔm vevie.
Le magazine si nye African Wildlife ƒe nya nu la, lãwo ta kpɔkpɔ ŋuti nufiafia si gɔme Namibia ƒe Lãwo Dzikpɔdɔwɔƒe dze la “na Damara kple Hereto ƒe ŋusẽtɔwo le asi ɖom adedada le nutoa me dzi.” Lãwo Dzikpɔdɔwɔƒea hã kpɔ kpekpeɖeŋu tso Himba-megã siwo le Kaoko-nutome, amesiwo tia woa ŋutɔwo detɔwo be woakpɔ lãwo ta, la gbɔ.
Nutoa me megãwo ƒe kpekpeɖeŋu nyui sia na nutoa me tɔwo va le dadam be gbemelãwo le yewo si. African Wildlife ka nya ta be: “Zi gbãtɔ le ƒe wuiatɔ̃ siwo va yi me la, atiglinyi kple tɔmenyi siwo le nuto tɔxɛ dodzidzɔname sia me ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi.” Ðeko woakpɔ mɔ be woayi edzi atsɔ ɖe le gbemelãwo ta kpɔkpɔ me.
Eyata ɖikeke mele eme o be atiglinyi siawo siwo tsana le dzogbe si tsi mele o la ayi edzi atsa le wo nɔƒe si woa ŋutɔwo tia si towo le la. Esi lãmenusese kple agbetsitsinu le lã siawo me ta la, wonye Namib ƒe lã siwo yia edzi nɔa agbe le dzogbe ŋutɔŋutɔ.
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Atiglinyi ɖea ʋe siwo me tsi dzina ɖo to tɔʋuwo kuku me
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Atiglinyiwo tsɔa woƒe afɔƒome mlia kpe nogoe ɖewohĩ be woatsɔ adzudzɔ woƒe afɔƒomee
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Courtesy of Clive Kihn