INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 5/8 axa 17-21
  • Nyiɖu Aleke Gbegbee Wòxɔ Asii?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyiɖu Aleke Gbegbee Wòxɔ Asii?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Atiglinyi Fifi Wu Dzodzro
  • Sedede Ðe Enu le Xexeame Katã
  • Afrika ƒe Anyiehe Tiglinyiwo
  • Nyiɖu Siwo Woli Kɔ Ði
  • Dzitsitsia Kpɔtɔ Li
  • Etsɔme Kae Li na Atiglinyiwo?
  • Namib-Iã Siwo Yia Edzi Nɔa Agbe le Dzogbe
    Nyɔ!—1992
  • Wo Takpɔkpɔ Kple Wo Tsɔtsrɔ̃
    Nyɔ!—1996
  • Gbemelãwo Ƒe Gbe—Lãwo ƒe Kadodo Ŋuti Nya Ɣaɣlawo
    Nyɔ!—2002
  • Modzakatsaɖiɖi Le Ghana
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 5/8 axa 17-21

Nyiɖu Aleke Gbegbee Wòxɔ Asii?

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

Le dukɔwo dome takpekpe aɖe si wowɔ le Harare, Zimbabwe, le June 1997 me la, vavala siwo tso dukɔ 138 me la da akɔ be woate fli ɖe se si wode ɖe nyiɖusitsatsa nu le xexeame godoo ƒe adre sɔŋ la ƒe akpa aɖewo me. Esi wohe glãka vevie vɔ megbe hafi wotso nya me nenema hewɔ se aɖewo siwo ɖe mɔ na dukɔ etɔ̃ le Afrika ƒe anyiehe—Botswana, Namibia, kple Zimbabwe—be woadzra nyiɖu na dukɔ ɖeka aɖe, Japan. Amesiwo tso Afrika ƒe anyiehe va la dzi ha kple aseyetsotso ɖe nyametsotsoa ŋu. Vavala bubuwo tsi dzi ɖe nusi ava dzɔ ɖe Afrika ƒe atiglinyiwo dzi ŋu.

ESIME Hannibal kpe ŋgo kple Roma-srafowo le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me la, Afrika ƒe atiglinyi gbogbo aɖewo siwo womlã wozu amegbɔlɛ̃wo la nɔ eyome. Afrika ƒe atiglinyiwo ade miliɔn nanewo ɣemaɣi eye wobɔ tso Cape vaseɖe Cairo.

Gake nɔnɔmewo trɔ. Numedzrola aɖe gblɔ be: “Alesi amegbetɔwo mesɔ gbɔ de atiglinyiwo nu tsã o la le tɔtrɔm kabakaba ale be atiglinyiwo boŋue megasɔ gbɔ de amegbetɔwo nu o.” Esi amewo le agbɔ sɔm ɖe edzi ta la, hoʋiʋli ɖe anyigba ta wɔe be nɔƒe va le vɔvɔm le atiglinyiwo si. Sahara Dzogbea ƒe takeke va anyiehe gome hã nye nu bubu si na atiglinyiwo le vɔvɔm.

Gake nyiɖu si dim wole lae nye susu vevitɔ. Womekpa nya aɖeke ɖe nyiɖu ŋu be wotsɔnɛ wɔa atikee abe alesi wokpae ɖe kpɔ̃ƒu alo gbenyi ƒe dzo ŋu ene o. Ke hã enye atsyɔ̃nu, enya kpɔ, enɔa anyi eteƒe didina, eye enya kpana na nukpalawo. Tso blema ke la, wobua nyiɖu si wokpɔ tso atiglinyi ƒe tsyo me ɖe nu xɔasi nyuiwo dome.

Ƒe alafa ene le Hannibal ƒe ku megbe la, Roma Fiaɖuƒea tsrɔ̃ atiglinyiha gbogbo aɖewo le Afrika ƒe dziehe le nyiɖu didi vivivo ta. Didi ma kpɔtɔ li tso ɣemaɣi ke, vevietɔ le Ɣetoɖoƒedukɔwo me. Didia nu gava sẽ ɖe edzi le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze—menye le aɖaŋunuwo kple subɔsubɔnuwo koŋ wɔwɔ ta abe tsã ene o, ke boŋ saŋkuƒogba (keyboard) wɔwɔ tae. Agbalẽ si nye Battle for the Elephants gblɔ be le ƒe 1910 me ɖeɖe la, wozã nyiɖu tɔn 700 (si ade atiglinyi 13,000 siwo wowu) tsɔ wɔ saŋkuƒogba 350,000 le United States.

Atiglinyi Fifi Wu Dzodzro

Le xexemeʋa gbãtɔ megbe la, womegadia nyiɖu boo o, wova de se yeyewo hena gbemelãwo takpɔkpɔ, ale be atiglinyiwo gava dze agbɔsɔsɔ gɔme ake. Gake wogava dze wo wuwu le agbɔsɔsɔ gã aɖe me ake le ƒe 1970 ƒeawo ƒe gɔmedzedze. Asia-dukɔ siwo nu va nɔ edzi dzem nae nɔ nyiɖu dim azɔ.

Nu evee va zu dzɔgbevɔ̃e na Afrika ƒe atiglinyiwo azɔ. Gbãtɔe nye alesi tu deŋgɔ siwo mekpena o va nɔ bɔbɔmee. Eteƒe medidi o eva nɔ bɔbɔe be woada atiglinyiha gbogbo aɖewo zi ɖeka ke meganye ɖekaɖeka ko o. Evelia, nyiɖukpanu siwo zãa elektrikŋusẽ te ŋu trɔa nyiɖu si womekpa haɖe o enumake wòzua nusi woate ŋu adzra. Tsã la, Japan-nukpala ate ŋu azã ƒe ɖeka ɖe tsyo ɖeka kpakpa ŋu. Gake esi elektrikdɔwɔnuwo va li ta la, dɔwɔƒe si ame enyi wɔa atsyɔ̃ɖonuwo kple hanko (si nye ŋkɔ ƒe stamp si bɔ le Japan) le la ate ŋu akpa atiglinyi ƒe tsyo 300 le kwasiɖa ɖeka me. Esi wonɔ nyiɖu hiãm geɖe ta la, wova xɔ asi. Gake menye lãfiwulawoe xɔa ga la ƒe akpa gãtɔ o ke boŋ amesiwo ƒlenɛ le wo si kple eƒe asitsalawo, amesiwo dometɔ geɖe zu gatɔ gãgãwoe kpɔa ga.

Atiglinyi agbɔsɔsɔme si yia nugbe la ɖi vɔvɔ̃. Anɔ ƒe blaeve pɛ ko me la, Tanzania ƒe atiglinyi 80 le alafa me tsrɔ̃, lãfiwulawo koŋue tsrɔ̃ wo. Kenya ƒe atiglinyi 85 le alafa mee tsrɔ̃. Uganda tɔ 95 le alafa mee tsrɔ̃. Gbã la, atiglinyitsu tsitsiwoe lãfiwulawo wuna, le esi woƒe tsyo lolo wu ta. Gake esi tsitsiawo megava bɔ o ta la, lãfiwulawo dze fẽawo gɔ̃ hã wuwu gɔme ɖe woƒe tsyo sueawo ta. Ðewohĩ atiglinyi miliɔn ɖeka kple edzivɔe wowu ɣemaɣi ɖe woƒe nyiɖu ta, ale be Afrika ƒe atiglinyiwo ƒe agbɔsɔsɔme ɖiɖi va 625,000.

Sedede Ðe Enu le Xexeame Katã

Nublanuitɔe la, wodze agbagba be woaɖe nyiɖusitsatsa dzi akpɔtɔ eye be woatɔ te atiglinyiawo tsɔtsrɔ̃ do kpoe. Mlɔeba le takpekpe aɖe si wowɔ le Switzerland, le October 1989 me la, dukɔ siwo le Numiemie Kple Lã Siwo Ðo Afɔku Me ƒe Asitsatsa le Dukɔwo Dome Habɔbɔa me de se be yewomagatsa nyiɖu ƒe asi ƒomevi aɖeke kple yewo nɔewo o. Ga gbogbo si wodzɔ be woatsɔ akpɔ atiglinyiawo ta le gbemee wɔe be sea wɔ dɔ.

Ame aɖewo gblɔ be sedede ɖe nyiɖu nu ana adzamesitsalawo ƒe nuwo naxɔ asi ale be lãfifiwu adzi ɖe edzi. Gake medzɔ nenema o. Asiawo ɖiɖi, eye asitsatsa si me wokpɔa ga le tsã la me gblẽ. Le kpɔɖeŋu me le India la, nyiɖudzadzra dze anyi alafa memamã 85, eye wòva hiã be dukɔa ƒe nyiɖukpalawo nadi dɔ bubu awɔ. Lãfifiwu dzi ɖe kpɔtɔ kura. Hafi woade sea la, lãfiwulawo wua atiglinyi 2,000 ya teti ƒe sia ƒe le Kenya. Kaka ƒe 1995 naɖo la, eɖiɖi va 35. Azɔ hã Kenya ƒe atiglinyiwo ƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖe edzi tso 19,000 le ƒe 1989 me va ɖo 26,000 egbea.

Le susu siawo ta la, Nutome Ŋuti Numekuƒe si le London kafu se si wode ɖe nyiɖusitsatsa nu be enye “dzidzedze nyui siwo wokpɔ le nuwo takpɔkpɔ me nyitsɔ laa la dometɔ ɖeka.” Gake menye amesiamee wòdzɔ dzi na alea o, vevietɔ le Afrika ƒe anyiehe.

Afrika ƒe Anyiehe Tiglinyiwo

Atiglinyi siwo wu 200,000 ye le anyiehe Afrika dukɔwo me, alo míagblɔ be anye atiglinyi agbɔsɔsɔme si le Afrika katã ƒe akpa etɔ̃lia. Alesi nuwo takpɔkpɔ ƒe seawo wɔ dɔ la nye nusiwo gbɔ wòtso dometɔ ɖeka eye bubue nye be dumesrafo tutsɔla siwo wu atiglinyiwo le Ɣedzeƒe kple Titina Afrika la meɖo dukɔ siawo me o.

Gake ne atiglinyiwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi geɖe ezua dzre ɖe atiglinyiwo kple amesiwo le kɔƒenutowo me la dome. Nya lae nye be, atiglinyi tsitsi ɖua nutsu, ale be ate ŋu aɖu gbe kilogram 300 kple edzivɔ ŋkeke ɖeka. Ne atiglinyi aɖe le wò nutome la, ànya.

Afrika ƒe Dzɔdzɔmenuwo Habɔbɔ si le Zimbabwe gblɔ be: “Afrika ƒe kɔƒenutomenɔla akpa gãtɔ vɔ̃na na atiglinyiwo, wobua susu vɔ̃ ɖe wo ŋu eye woléa fu wo. Le gaƒoƒo ʋee aɖewo ko me la, atiglinyiwo ate ŋu aɖu amewo ƒe agblemenuwo alo azɔ woƒe lãhawo dzi woaku, ale wogblẽa nusi ŋu wonɔa agbe ɖo la dome. Azɔ hã wogbãa aƒewo kple sukuxɔwo, wokakaa lãnyiƒegbadɔwo, wogblẽa atikutsetsetiwo, wogbãa tsixeƒewo hegblẽa anyigba. Nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽwo kaa nya ta le atiglinyiwo ƒe nugbegblẽ ŋu gbesiagbe.”

Anyiehe Afrika dukɔwo ƒoa adegbe be yewote ŋu kpɔ atiglinyihawo ta nyuie. Gake wo ta kpɔkpɔ bia ga geɖe, eyata womese egɔme be ele be woahe to na yewo ɖe kuxi siwo Afrika-dukɔ bubuwo he vɛ ta o. Woƒe susue nye be ne wokpɔ nyiɖusitsatsa dzi nyuie la, ana woakpɔ ga atsɔ akpɔ atiglinyiawo ta eye wòana woakpɔ nane ana kɔƒenutome gbledelawo ɖe woƒe nu siwo dome wogblẽ ta.

Nyiɖu Siwo Woli Kɔ Ði

Nyiɖuwo li kɔ ɖe dukɔ siwo me atiglinyiwo bɔ ɖo me. Wokpɔ ɖewo tso atiglinyi siwo se ɖe mɔ wowu ŋu, ɖewo tso esiwo ku le wo ɖokui si ŋu, eye ɖewo hã nye esiwo woxɔ le amewo si. Nukae wowɔna kple nyiɖu siawo?

Kenya ya tɔa dzo etɔ. Tso July 1989 me la, wotɔ dzo nyiɖu siwo ade dɔlar miliɔn gbogbo aɖewo le Kenya, eye womeɖo naneke ɖe wo tso teƒe aɖeke ɖe eteƒe o. Le ƒe 1992 me la, Zambia hã tɔ dzo nyiɖu siwo wòli kɔ ɖi. Woƒe taɖodzinua dze ƒã: Kenya kple Zambia medi be yewoakpɔ gome le nyiɖusitsatsa la me o.

Dukɔ bubuwo ya dzra wo tɔ ɖo be yewoava dzra le etsɔme. TRAFFIC, si nye habɔbɔ gãtɔ si léa ŋku ɖe gbemelãwo ŋu le xexeame katã bu akɔnta be, nyiɖu agbɔsɔsɔme si woli kɔ ɖi le Afrika-dukɔwo me la ade tɔn 462 ya teti, eye ade dɔlar miliɔn 46 ne wodzrae. Nyiɖu tɔn 120 ye le Botswana, Namibia, kple Zimbabwe, siwo nye dukɔ etɔ̃ siwo woɖe mɔ na be woatsa asi kple Japan la si. Eyata ame geɖe bia be, ‘Nukata woali kɔ nyiɖu ɖe nudzraɖoƒe kaka wo dome nagblẽ le afisi amewo le gafu kpem le? Nukata womadzra wo atsɔ ga la ade atiglinyiwo takpɔkpɔ me o?’

Dzitsitsia Kpɔtɔ Li

Esi Afrika-dukɔ aɖewo le gbɔgblɔm be flitete ɖe nyiɖusitsatsa ŋuti sea ƒe ɖewo me ana woakpɔ atiglinyiwo ta la, bubuwo xɔe se vevie be sedede ɖe asia tsatsa nu kurae nye afɔɖeɖe ɖeka kolia si ana womagadze lãfifiwu vivivo gɔme ake o. Alesi wòle be woalé fɔ ɖe asia tsatsa dzi kpɔkpɔ ŋue le vevie na amewo. Ðe gbagbãƒe aɖe le asia tsatsa ŋu si dzi woato atsɔ nyiɖu si wofi la age ɖe asitsatsa si ŋu se ɖe mɔ ɖo mea? Ke lãfifiwu ɖe etsɔ ta ya ɖe? Ne wogblo sea me vie la, ɖe wòana be woawu atiglinyiawo ale be amesiwo susu be woagagblo sea me ɖe edzi emegbe la nali kɔ nyiɖu ɖia?

Alesi tuwo va bɔ ɖe Afrika wu tsã hã nye nya bubu si ŋu wotsi dzi ɖo. Dukɔmeviʋawo wɔwɔ le afisia wɔe be tu deŋgɔwo va le amewo si, eye ne ganya sesẽ na wo la, woate ŋu azãe atsɔ awɔ gae. Nehemiah Rotich si nye Ɣedzeƒe Afrika ƒe Gbemelãwo Gbɔkpɔha dzikpɔla ŋlɔ be: “Esi wogava le nyiɖu ƒlem [le esi eƒe asitsatsa gadze egɔme ta] la, woava trɔ tu siawo ɖe atiglinyiwo ŋu kokoko—ne èbu eŋu kpɔ la, ele bɔbɔe be woawu atiglinyi le gbedadaƒo wu be woada adzo dugã me gadzraɖoƒe.”

Kuxi bubue nye be menye ɖeko afɔ siwo woɖena be woaxe mɔ ɖe lãfifiwu nu biaa ga ko o ke esesẽ hã. Ebia ga gbogbo bene woadzɔ teƒe gã siwo atiglinyiwo tsana le ŋu. Evɔ ekpɔkpɔ sesẽ le Ɣedzeƒe Afrika.

Etsɔme Kae Li na Atiglinyiwo?

Ekpɔtɔ be míakpɔ nusiwo ado tso eme ne wogblo nyiɖusitsatsa ŋuti sea me abe alesi woɖoe ene. Gake ne nuwo dze edzi hã la, afɔku si me atiglinyiwo ɖo la nu mayi o. Alesi amewo le agbɔ sɔm ɖe edzi eye wohiã anyigba hena agbledede kple nu bubuwo wɔwɔ hã nye afɔku bubu na atiglinyiwo. Le Afrika ƒe anyiehe ɖeɖe la, woƒoa avewo wovɔna le anyigba si ade agbleka 850,000 ƒe sia ƒe—si nye teƒe si ade Israel-nyigba ƒe afã. Esi amegbetɔwo le agbɔ sɔm ɖe edzi ta la, atiglinyiwo ƒe ha sue si le wo dome la dzi aɖe akpɔtɔ godoo.

World Watch magazine gblɔ be: “Amesiame si dzro kuxia me la lɔ̃ ɖe nu ɖeka aɖe dzi be: etsɔme manɔ bɔbɔe na Afrika ƒe atiglinyiwo o. Nɔƒe ƒe nya la [si tso amewo ƒe dzidziɖedzi gbɔ] awɔe kokoko be atiglinyi geɖe naku kukpo to mɔ aɖe nu. Ne adedala siwo woɖe mɔ na mewu wo o alo womewu wo le se nu le woƒe agbɔsɔsɔ ta o—alo lãfiwulawo mewu wo o—la, dɔ awu wo dometɔ geɖe woaku le amewo ƒe dzidziɖedzi ta.”

Womebua atiglinyi Wɔla, Yehowa Mawu, ƒe nukpɔsusu kple tame si wòɖo ɖe wo ŋu ŋuti le vɔvɔ̃ na etsɔme sia me o. Mawu ƒe ɖetsɔleme na nusiwo wòwɔ la dze le Yesu Kristo ƒe nyawo me, esi wògblɔ be: “Alo womedzraa atsutsrɔe atɔ̃ xɔa hotakpo oa? Eye womeŋlɔ wo dometɔ aɖeke be le Mawu ƒe ŋku me o.” (Luka 12:6) Ne Mawu meŋlɔa atsutsrɔe sue ɖeka be o la, ke míeka ɖe edzi be maŋe aɖaba aƒu afɔku si me atiglinyi si lolo wu la ɖo dzi o.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nyiɖu Ŋu Nya

“Ðikeke mele eme o be nyiɖu dze ani. Eklẽna eye wòléa dzi na ame wu nu bubu ɖesiaɖe si wotsɔ wɔa atsyɔ̃ɖonuwo alo wokpana. Gake ewɔna nam ɣesiaɣi be amewo meɖoa ŋui be atiglinyi ƒe tsyo ye nyiɖu nye o. Eƒe Eŋlisigbe me ŋkɔ ivory mehea míaƒe susu yia atiglinyi dzi o. Míebunɛ ɖe kpe xɔasi, binbɔl, keyi, dzonu, kple sika kpakple klosalo gɔ̃ hã dome, gake vovototo gã aɖe le wo dome: Menye lãwo ŋue woɖe nu mawo tsoe o; atiglinyi zãa eƒe tsyo si me woɖea nyiɖu tsoe abe alesi ŋgɔgbeɖu le na amegbetɔ ene. Ne alɔnugɛ alo nukpakpɛ dzeani aɖe si wotsɔ nyiɖu wɔe su ame aɖe si la, abia nuŋububu blibo hafi wòakpɔe be atiglinyi aɖe si nɔ agbe kpɔ eye wòzãa eƒe tsyo tsɔ ɖua nu, kua anyigba, tua dzo nu, eye wòtsɔ fea fe hewɔa avu la ŋue woɖe nyiɖu kakɛ ma le, gakpe ɖe eŋu la, ɖe wowu atiglinyi ma hafi nyiɖu kakɛ ma va ka esi.”—Elephant Memories, (Ŋkuɖoɖo Atiglinyi Dzi), si Cynthia Moss ŋlɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Atiglinyi Ŋu Nya

Ŋusẽ le atiglinyiwo ŋu ale gbegbe, eye ne dzi ku wo la, anyigba ʋuʋuna. Atiglinyi ate ŋu atsɔ eƒe ɖɔ abla wò ada to yame abe kpe ene. Ke hã, atiglinyi ate ŋu atsɔ eƒe ɖɔ alili ŋuwò alo axɔ nuɖuɖu le asiwò me dzaa. Atiglinyiwo nya nu, woƒe nuwɔna gɔme menya sena o, eye wodoa nukokoe na ame. Ƒomekadodo sẽŋu le wo dome eye wokpɔa wo nɔewo gbɔ ne woxɔ abi, wokpɔa wo nɔewo gbɔ ne wodze dɔ, eye evea wo ne wo dometɔ aɖe ku. Togbɔ be woŋea aɖaba ƒua lã bubuwo ƒe ƒuwo dzi hã la, atiglinyiwo kpɔa wo tɔ bubuwo ƒe ƒuwo dzea sii eye wokakaa wo alo ɖia wo ɖe tome tsɔ ɖea woƒe vevesese fianae.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Dukɔ eve tɔ dzo woƒe nyiɖuwo; bubuwo li kɔ wo tɔwo ɖi be woava dzra

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe