Ðevimeƒe Gbãtɔwo—Ɣeyiɣi Siwo me Hehe si Nàna Wo le Vevie Wu
WOGBLƆ BE ɖeviwo nye “domenyinu tso Yehowa gbɔ.” Wogblɔ be wole “abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.” (Psalmo 127:3; 128:3) Wode se na dzilawo be ‘woayi edzi anyi wo le Yehowa ƒe hehe kple asitɔtrɔ le tamesusu ŋu me.’—Efesotɔwo 6:4.
Ne àtrɔ asi le amitiawo ŋu be woatse ku nyui la, ekema ɣeyiɣi si nàwɔe nye esime wole ‘abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.’ Alesi wobi atie la, nenemae wòtsinae. Ne àhe viwòwo be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe mɔwo nu la, ɣeyiɣi nyuitɔ si nàwɔe nye tso woƒe vidzĩme. “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” (Lododowo 22:6; Timoteo II, 3:15) Susu léa nu kabakaba le vidzĩme wu alesi wòagava lé nue le tsitsime. Enye ɣeyiɣi nyui aɖe na wò be nàwɔ nusi gbegbe nàte ŋui la na viwòwo.
Masaru Ibuka, si ɖo Sony ƒe Dɔwɔha ŋlɔ agbalẽ si ƒe tanyae nye Kindergarten Is Too Late! Nya siwo gbɔna la dze le eƒe akpa dzi: Viwò ƒe nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete de ŋgɔ ŋutɔ le eƒe agbenɔnɔ ƒe ƒe eve alo etɔ̃ gbãtɔwo me. Eyata mègalala o . . . Abɔdzokpo Tsi Megbe Akpa!”
Glenn Doman, si nye Amegbetɔ ƒe Ŋutete Gbɔ Ðoɖo ƒe Nusrɔ̃hawo ƒe amegã gblɔ le agbalẽ aɖe ƒe ŋgɔdonya me be: “Aƒetɔ Ibuka ƒe agbalẽ nyui wɔnukua megblɔ nya wɔdɔɖeamedzi ƒomevi aɖeke o. Ðeko wògblɔ be ŋutete le ɖevi suewo si be woasrɔ̃ nusianu kloe esime wokpɔtɔ nye ɖevi suewo. Egblɔ be nusi wosrɔ̃na le woƒe ƒe eve, etɔ̃, alo ene xɔxɔ me agbagbadzedze gobii aɖeke manɔmee sɔsrɔ̃ ava sesẽ, alo womate ŋu asrɔ̃e kura emegbe le agbe me o. Egblɔ be nusi dzilawo tsɔa vevesese srɔ̃nɛ la, ɖeviwo ya tsɔa dzidzɔ srɔ̃nɛ. Egblɔ be nusi ame tsitsiwo srɔ̃na blewublewu la, ɖevi suewo ya srɔ̃nɛ kabakaba kloe. Egblɔ be ɣeaɖewoɣi la, ame tsitsiwo melɔ̃na srɔ̃a nu o, gake ɖevi suewo ya atsɔ dzo ɖe esɔsrɔ̃ ŋu vevie wu nu ɖuɖu.”
Susu si ta Ibuka gblɔ be abɔdzokpo tsi megbe akpa ɖoe nye be le ɣeyiɣi ma me la ɖevia ƒe ƒe vevi siwo me wòasrɔ̃ nu le la nu yi. Gake nu bubu hã li. Le ŋkeke siawo me la, agbenyuinɔnɔ ƒe gbegblẽ kaka ɖo abɔdzokpo, eye hafi ɖevia nadze egɔme la, ele be dzilawo naƒã agbenyuinɔnɔ ŋuti se sesẽwo ɖe eme be woakpɔ eta be wòagagblẽ o.
Alesi esia hiãe la dze le ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe ade si dze abɔdzokposuku gɔme medidi o ƒe dzilawo ƒe nyatakaka aɖe me. “Le mía via ƒe abɔdzokposuku gɔme dzedze ƒe kwasiɖa gbãtɔ me la, ŋutsuvi bubu aɖe do gbɔdɔdɔnyawo ɖe egbɔ le aɖabaƒoƒo 15 siwo wònɔ sukubɔsu me la me. Esia yi edzi ŋkeke geɖe. Menye ɖevi ƒe fefe dzro koe wònye alo ɖevi nawɔ nu abe ɖɔktae wònye ene o, ke boŋ enye agbenɔnɔ gbegblẽ si mesɔ kura o si gbɔ eme.
“Mía vi ƒe sukɔxɔ me vi geɖewo kple wo dzilawo yia gbɔdɔdɔ alo nuvlowɔwɔ ƒe sinimawo. Ðewohĩ dzilawo bunɛ be dedienɔnɔ le wo kpɔkplɔ ɖe asi ŋu wu wo gbegblẽ ɖe vidzikpɔla si dzi womeka ɖo o gbɔ. Ðeviawo dometɔ aɖewo kpɔa nuvlowɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe sinimawo le television dzi alo le video siwo le wo dzilawo si le aƒeme la dzi.
“Nu tsodzikaƒoname aɖe si dzɔ le mía ƒeme la na míekpɔ asixɔxɔ si le agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo ƒaƒã ɖe mía viŋutsuvia me le ɖevimeƒe gbãtɔwo me ŋu dze sii. Nyɔnuvi si xɔ ƒe ene la nɔ ame tsitsi aɖewo siwo wokpe vɛ la dome. Woa kple mía viŋutsuvi, si míefia nui nyuie be ame tsitsi siwo ɖe wo nɔewo koe adɔ la nɔ eƒe fefexɔ me. Edi be ye kpakpli yewoadɔ abe srɔ̃tɔwo ene eye wògblɔ be nemlɔ anyi. Esi wòmlɔ anyi naneke manyamanyae la, emlɔ edzi. Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdo ɣli gblɔ be: ‘Srɔ̃tɔwo koe wòle be woawɔ esia!’ Esi wòdo le ete hesi le xɔa me la, nyɔnuvia do ɣli be: ‘Mègagblɔe na ame aɖeke o!’”—Tsɔe sɔ kple Mose I, 39:12.
Nusiwo gbɔna la nye nusiwo le dzɔdzɔm le dugã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo me kple le wo ŋu duwo me la dometɔ aɖewo—esiwo nye nusiwo me wòle be woakpɔ ɖeviwo ta tsoe tso woƒe vidzĩme heyina.
Wotsɔ nya ɖe ŋutsuvi ƒe 7 vi eve ŋu be wodɔ nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe ade gbɔ sesẽe le dziɖuɖua ƒe suku ƒe aɖuɖɔɖɔƒe. Ŋutsuvi etɔ̃ siwo xɔ ƒe ade, adre kple asieke dɔ nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe ade la gbɔ sesẽe. Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe enyi la dɔ ŋutsuvi abɔdzokpovi aɖe gbɔ. Wotsɔ nya ɖe ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 11 ŋu be edɔ nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe eve gbɔ sesẽe. Atikewɔla aɖewo gblɔ be zi geɖe la, nugbegblẽwɔla mawo nye amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe kpɔ le woƒe ɖevime.
Nusi dzɔ ɖe ŋutsuvi aɖe dzi la ɖo kpe esia dzi. Esime wònye vidzĩ la, dadaɖia si xɔ ƒe 20 la gbugbɔa eƒe vidzinu nɛ. Wodɔa egbɔ alea esime wòxɔ ɣleti 18 vaseɖe ɣleti 30. Esi wòxɔ ƒe eve alo etɔ̃ megbe la, eva nɔ gbɔdɔdɔnyawo dom ɖe nyɔnuviwo gbɔ. Esi wòdze suku gɔme la, eyi nusia wɔwɔ dzi eye wonyãe le eƒe gɔmedzesuku ƒe ƒe gbãtɔ me eye woganyãe ake le ƒe evelia me.
Alesi Wo Hehe Kaba Hiãe
Dzilawo ƒe wo viwo mahemahe nyuie le woƒe ɖevimeƒe gbãtɔwo me na wova sẽa to, esi ate ŋu ahe nuvlowɔwɔ siwo sesẽ wu la vɛ: nuwo dome gbegblẽ, adzodada, kple amewuwu. Nudzɔdzɔ siwo gbɔna la nye nu mawo ƒe kpɔɖeŋu ʋee aɖewo ko.
Ŋutsuvi etɔ̃ siwo dometɔ ɖesiaɖe xɔ ƒe ade la dze wo tɔ ŋutsuvi si woa kpli wo fena la ƒe aƒe dzi eye wogblẽ nu le xɔ ɖesiaɖe si le aƒea me la me. Wotsɔ nya ɖe ɖevi nugbegblẽwɔla aɖe si xɔ ƒe asieke la ŋu be ewɔ nusi ŋu se meɖe mɔ ɖo o, egbã amewo ƒe ʋɔ yi ɖafi nu, tsɔ hɛ be yeawu ɖevi aɖe, eye wòtɔ dzo nyɔnuvi aɖe ƒe taɖa. Ŋutsuvi eve siwo xɔ ƒe 11 la tsɔ tukpui si ƒe didime nye milimeta 9 la ƒo ɖe nume na ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 10 hefi eƒe gaƒoɖokui. Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 10 la da tu wu nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 7 le videofefe ŋuti nyaʋiʋli aɖe ta. Ŋutsuvi bubu aɖe si xɔ ƒe 10 la da tu ŋutsuvi aɖe si woa kpli wofena la hetsɔ eƒe kukua ɣla ɖe woƒe aƒea gɔme. Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe atɔ̃ la tu asi vidzĩ si nɔ agbagba ɖom tso tuɖedzi atɔ̃lia ƒe atrakpuiwo dzi wòge heku. Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 13 la kpe ɖe sɔhɛ eve ŋu wofi ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 7 be yewoatsɔ axɔ ga le eƒe ƒomea si, gake hafi woaƒo ka na eƒe ƒomea atsɔ abia tafeae la, woɖi ɖevia agbagbee.
Azɔ nu mamle si ŋu míagabu enye alesi ƒewuiviwo ƒe ha dziŋɔ aɖe kpla tuwo eye wonɔ ablɔwo dzi tsam hetsɔ tu nɔ aʋa wɔmee eye wonɔ tu dam ɖe yame, menye wo nɔewo wum wonɔ o ke boŋ ɖevi kple ame tsitsi maɖifɔ siwo tso eme va yina. Wole ŋɔdzi dom na nuto geɖewo le dugãwo me—le Los Angeles-nuto ɖeɖe dzaa me la, “gbevũha siwo wu 800 siwo le nyanya la me tɔ sɔ gbɔ wu 100,000 sɔŋ ye li.” (Seventeen, August 1991) Wo dometɔ geɖe tso ƒome siwo kaka la me. Wotsɔ gbevũha wɔ woƒe ƒomee. Wodea wo dometɔ geɖe gaxɔ me. Wo dometɔ geɖe kuna. Nya siwo gbɔna la nye esiwo woɖe tso lɛta etɔ̃ siwo woŋlɔ le gaxɔ me la me eye woɖe alesi nɔnɔmeawo le ŋutɔŋutɔ fia.
Gbãtɔ: ‘Wokplɔm va gakpɔ me le esi medi be mada dzo ame aɖe ta. Mí ame ene ye. Enumake kpovitɔwo do ɖe mía dzi. Míaƒe gbevũha me tɔ eve si to mɔ ɖeka, eye mía kple ame bubu hã míesi to mɔ bubu, gake míaƒe duƒuƒua metsɔ kaba de Germania-vũ siwo va lé mí la nu o. Mele mɔ kpɔm be ne wova ɖe asi le ŋunye la, mazu ame vevi aɖe gbaɖegbe. Sukudede kple dɔwɔwɔ nyuie nye nu sesẽ nam ɣesiaɣi. Gake xɔ̃nye, mèkpɔ naneke si sesẽ de gaxɔmenɔnɔ nu teƒe kpɔ o!’
Evelia: ‘Ƒe enyi koe mexɔ esi metso Meksiko va teti. Esi mexɔ ƒe 12 la, meva nɔ gbevũha aɖe me. Esi mexɔ ƒe 15 la, meva ƒo ɖokuinye ɖe eme vevie ŋutɔ. Menɔa ʋu me daa tu amewo le adzɔge. Tu nɔa ŋunye ɣesiaɣi. Esime mexɔ ƒe 16 la, woda tum eye meku kloe. Eye meda akpe na Aƒetɔ la be menɔ diyem haɖe o elabena nyemedzra ɖo be mayi kplii o. Fifi laa la, tubiwo le nye atawo ŋu. Eyata nye aɖaŋuɖoɖoe nye be woaganɔ gbevũha me kura o!!! ne menye nenema o la, wò ɖeɖe ànye bunɔ atsi gaxɔa me abe nye ene!’
Etɔ̃lia: Ame xɔŋkɔe menye nɔ gbevũha me tso esime mexɔ ƒe 11. Wotɔ hɛm zi ene, woda tum zi etɔ̃ eye wodem mɔ̃ heƒom zi geɖe ale gbegbe be nyemate ŋu aɖo ŋku zi alesi wònye la dzi o. Ku koe susɔ nam maku, gake medzra ɖo ɖe ema ŋu gbesiagbe tso esi mexɔ ƒe 13 hexɔ ƒe 16 fifia. Ɣleti enyi enye sia mele gaxɔa me fifia eye maku le ƒe eve megbe, gake woate ŋu aƒo asa na nu bliboa katã ne womele gbevũha me o.’
Wɔ Ɣeyiɣi Nyuitɔ la Ŋudɔ
Gake menye ɖe míetsɔ esiawo katã le fiafiam be ɖeviwo mahemahe le woƒe ƒe gbãtɔwo me ana woava nɔ nu vlo dziŋɔ siawo wɔm kokoko o. Gake esia mawɔmawɔ ate ŋu ana woava nɔ agbe baɖa, esi ate ŋu adzi ɖe edzi azu tosesẽ eye ne womekpɔ egbɔ o la, tosesẽa ate ŋu ahe nuvlowɔwɔ, gaxɔmenɔnɔ, kple ku vɛ.
Nɔnɔme siawo ƒomevi ɖɔɖɔ ɖo le viwòwo me le bɔbɔe do ŋgɔ na woƒe ƒewuiwo xɔxɔ sã wu be nàlala vaseɖe esime woɖo woƒe ƒewuiwo me hafi. Le nyateƒe me la, ele be nàdze egɔme do ŋgɔ na woƒe abɔdzokpo gɔme dzedze, esime wonɔa gbɔwò ɣeyiɣi didi alo nèzãa ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ nɔa wo gbɔe esi wole woƒe ɖevimeƒe gbãtɔwo me hafi ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo tsoa gbɔdome nadi be yeaxɔ woƒe susu. Ne mia kpli wo dome menɔa kplikplikpli tso woƒe vidzĩme o la, ɖewohĩ womana mia kpli wo dome nanɔ kplikplikpli le woƒe ƒewuiwo me o. Àkpɔe be wo hatiwo xɔ ɖe ye teƒe. Eyata aɖaŋu si míaɖo na dzilawoe nye be, Migagblẽ mia viwo ɖi le woƒe ƒe gbãtɔwo me esi hehe si gbegbe miate ŋu ana wo la natse ku nyuiwo be wòanye yayra na mia kpli wo siaa o.—Tsɔe sɔ kple Mateo 7:16-20.