Ŋuta Sesẽ le Ðeviwo Ŋu Nu Tsitsi, Ƒe 1882
“ŊUTA SESẼ LE ÐEVIWO ŊU NU TSITSI ƑE HABƆBƆ, ƑE 1882. Henry Bergh ye ɖo Ŋuta Sesẽ le Ðeviwo Ŋu Nu Tsitsi ƒe Habɔbɔ le ƒe 1875 me le New York. Le Habɔbɔ sia si nye gbãtɔ si woɖo be wòakpɔ ɖevi siwo ŋu wosẽa ŋuta le le dugã la me ƒe ƒe adre megbe la, eva nɔ nutsotso akpe geɖe gbɔ kpɔm ƒe sia ƒe, eɖea ɖeviwo tsoa aƒe siwo medze o la me hetsɔa nya ɖe amesiwo sẽa ŋuta le ɖeviwo ŋu la ŋuti le ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Nutata sia si fia alesi wole ŋuta sẽm le ɖeviwo ŋui la nye alesi setɔwo va do go ɖe nuwɔna la nu pɛpɛpɛ le aƒe aɖe me.”—New York in the Nineteenth Century, si John Grafton ŋlɔ.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]
New York in the Nineteenth Century, si John Grafton ŋlɔ, Dover ƒe Agbalẽwo, Inc.