INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 1/8 axa 28-29
  • Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔ̃ Siwo Xea Mɔ na AIDS
  • Ame Ŋutɔ ƒe Yameʋuwoa?
  • Asrafowo ƒe Nyɔnuwo Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe
  • Anyigba Nyui La​—⁠Le Gbegblẽm
  • “Míezia Mi Ðeviwo Dzi”
  • Aɖu Siwo Hona la Dede
  • Mɔkeke me Nuteɖeamedzi
  • Ʋunana si me Afɔku Le
  • Atsyɔ̃ɖowuwo Fiafia le Gbedoxɔ Me
  • Egbegbe Adzodada Le Ƒu Dzi
  • Ʋuwo Dzi Dzedze
  • Dzilawo Ƒoƒo
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
    Nyɔ!—1994
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
    Nyɔ!—1994
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1995
  • Nukatae Afrika Le Fu Kpem Alea Gbegbe Ðo?
    Nyɔ!—1992
Nyɔ!—1993
g93 1/8 axa 28-29

Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu

Mɔ̃ Siwo Xea Mɔ na AIDS

Wobia tso Austrialia-dziɖuɖua ƒe AIDS ŋuti numekuha si be wòaɖo nusiwo woatsɔ aɖe dɔlélea ƒe kaka dzi akpɔtɔe ƒe aɖaŋu. Brisbane ƒe The Courier-Mail gblɔ be wokafui vevie be woafia AIDS-nutsimɔnu siwo wɔa dɔ nyuie la sɔhɛwo, elabena abe alesi zimenɔla Ðk. Charles Watson ɖe eme ene la, suku kɔkɔ dela siwo le xɔ mamlea me la dɔa amewo gbɔ ŋutɔ. Nusiwo wokafu dometɔ aɖee nye be woato mɔ̃wo dzi adzra kɔndɔm le suku kɔkɔwo. Ðk. Watson mexɔe se be mɔ̃ siawo siwo wotsɔna dzraa kɔndɔm la ate ŋu ade dzi ƒo na sɔhɛ sukuviwo be woadɔ kple ame esi wometsi haɖe o. Womekpe agbenyuinɔnɔ me ɖokuidziɖuɖu ŋuti aɖaŋuɖoɖowo ya ɖe nyatakaka la ŋu o.

Ame Ŋutɔ ƒe Yameʋuwoa?

Ðe lala le dugã me mɔdodo si dzi ʋuwo sɔ gbɔ ɖo fũ gaƒoƒo geɖe ɖe dzi le ƒowò kpɔa? Èbu alesi gbegbe wòanyoe be nàdzo ayi yame aɖadze ɖe afisi nèyina la ŋu kpɔa? Ke yameʋu si anɔ wò ŋutɔ asiwò ya ɖe? Yameʋu si mekpena kurakura o si nye gbãtɔ si ƒomevi wowɔ ye nye nusi woto vɛ nyitsɔ laa le yamemɔzɔzɔ me, aleae Italia-nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Il Messaggero ka nya tae. Eƒe kpekpeme koe nye kilogram 230 eye eƒe duƒuƒu seƒee nye kilometa 150 le gaƒoƒo ɖeka me. Àzã dɔlar 60,000 hafi aƒlee eye àzã abe dɔlar 1 ene ɖe ekuku kilometa 1.6 ŋu. Togbɔ be ele sue wu “nɔvia lolotɔwo” hã la, ate ŋu adzo ayi yame meta 4,000 eye wòazɔ kilometa 320 hafi ami navɔ le eme.

Asrafowo ƒe Nyɔnuwo Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe

Le Xexemeʋa II me la, Japan-srafowo lé nyɔnuvi kple ɖetugbi akpe geɖe tso Ɣedzeƒe Asia-dukɔwo me bene woasubɔ asrafowo le aʋagbedzi. Wogblẽ nyɔnu siwo wotsɔ nukokoedoname yɔ be “nyɔnu akɔfalawo,” siwo meku le babadɔ me o la ɖi be woaku esi asrafowo si dzo le wo gbɔ. Ƒe blaetɔ̃ megbe la, ŋutsu aɖe va do helɔ̃ ɖe edzi le gaglãgbe be yekpɔ gome le nuwɔna la me heɖe kuku. Mainichi Daily News gblɔ be Seiji Yoshida si xɔ ƒe 78 la “mate ŋu atutu Koreatɔ ɖevi siwo ku ɖe wo dada ŋu goŋgoŋ henɔ avi fam siwo wonɔ afɔkpo damee esi eƒe amewo nɔ wo dada siwo nye ɖetugbiwo tegem ɖe ʋuwo me be woazu gbɔdɔdɔ me kluviwo na Japantɔwo ƒe Fiagã ƒe Aʋakɔ” ɖa le susu me o. Esi wobia Yoshida be aleke wòse le eɖokui me le ɣemaɣi me hã la, nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta be eɖo eŋu be: “Gbeɖeɖewo dzi koe míewɔna ɖo. Míaƒe susu menɔ naneke kura nyãm o. Dɔ ko wònye wɔm míenɔ. Susu bubu dzi wɔwɔ manya wɔ o. Nyemesea naneke le menye o. Nye ŋkue biã, xaxa mee meɖo eye wokpɔ ŋusẽ ɖe dzinye.” Dukɔ geɖewo ƒe asrafomegãwo kpɔ egbɔ be yewona nyɔnuwo yewoƒe asrafowo to wo léle sesẽe me alo to fe xexe na wo abe gbolowo ene me.

Anyigba Nyui La​—⁠Le Gbegblẽm

Le nyatakaka aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Science me la nu la, xexeame ƒe agbledenyigba le kukum, “ele nyinyim kabakaba alo ele ʋuʋudedi zum le ya nu.” Le March me la, Xexeame ƒe Dzɔdzɔmenunanawo ƒe Nusrɔ̃ƒe si le Washington D.C. ta ƒe etɔ̃ numekuku aɖe si anyigbaŋutinunyala alafa geɖewo wɔ tsɔ do alesi anyigba ƒe nɔnɔmewo trɔe le xexeame godoo tso Xexemeʋa II me la me tsonuwo. Nukawoe wokpɔ? Le amegbetɔ ƒe anyigba zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu​—⁠zi geɖe la to avewo ƒoƒo, lãwo ƒe gbeɖuɖu le anyigba dzi fũ akpa, kple agbledenuwɔna siwo gblẽa nu me​—⁠esi na agbledenyigba si wɔa nu tsã si ƒe lolome bliboa ade China kple India ƒe ƒuƒoƒo nu la zu anyigba kuku fifia. Nɔnɔme sia fia be afɔku aɖe dzɔ gbɔna, elabena abe alesi Xexeame ƒe Dzɔdzɔmenunanawo ƒe Nusrɔ̃ƒe ƒe ŋgɔnɔla Gus Speth bu akɔntae ene la, ele be xexeame na dzi eƒe nuɖuɖugbledede ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ be wòate ŋu akpɔ amesiwo le agbɔ sɔm la dzi.

“Míezia Mi Ðeviwo Dzi”

Ŋuta sesẽ le ɖeviwo ŋua? Menye le nya la ƒe gɔmesese nu o. Nya siwo le etame lae David Goerlitz gblɔ, amesi nye fefewɔla si wɔ eɖokui abe toliala ene le Winston ƒe sigaret ŋuti boblododo me si kpea sigaret ɖe nu esi wòku ɖe toa ŋu. The Boston Globe ka nya ta be Goerlitz kple Wayne McLaren (si wɔ wo eɖokui Marlboro-ŋutsue) dona ɖe sukuviwo ƒe ƒuƒoƒowo ŋkume heɖea nu me na wo be woagano sigaret o. Goerltz ɖe eme be: “Míena miexɔe se be ne mi ŋutsuviwo mieno sigaret la, mianye ame sesẽwo. McLaren amesi ƒe aklã ɖeka ŋu dɔdzẽ gblẽ nu le la tsɔ nuxaxa ʋu eme be: “Nye agbe dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ le esi metiae be mano sigaret la ta.”

Aɖu Siwo Hona la Dede

“Woate ŋu agbugbɔ aɖu siwo ho la ade le eƒe hoho ŋkeke geɖe megbe gɔ̃ hã nenye be wodzra wo ɖo nyuie.” Aleae Germania-nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Frankfurter Allgemeine Zeitung ka nya tae. Wowɔ dɔdada si hiã kpata ƒe aɖaka si me woate ŋu ada aɖu si ho la ɖo. Tsi si woɖa, kple nunyiame siwo wotsaka kpakple atike siwo xea mɔ na dɔlékuiwo, esi wodzra ɖo vovoe, la le aɖaka la me. Ne wote asi ɖe nane si le eŋu dzi la, atike eve siwo le eme la tsakana. Mɔ̃ la mexɔ asi o, eye woate ŋu adae ɖe teƒe si mefa o abe ƒe etɔ̃ ene. Dɔyɔɖaka sia ate ŋu aɖe vi ŋutɔ le teƒe siwo aɖu hona le zi geɖe, abe tsiƒuƒewo, lãmesẽfefewɔƒewo, kple sukuwo ene.

Mɔkeke me Nuteɖeamedzi

Amesi dzi nu tena ɖo ƒe nɔnɔme aɖewo tɔtrɔ aɖe vi nɛ wu mɔkekeyiyi. Woyɔ Ðk. Sérgio Tufik, si nye São Paulo, si le Brazil ƒe Atikesrɔ̃suku ƒe nufialagã ƒe nya siwo wògblɔ la ɖe Veja me be: “Ðe wowɔ míaƒe lãmenugbagbeviwo be woawɔ dɔ abe gaƒoɖokui ene. Tɔtrɔ ɖesiaɖe si ava woƒe dɔwɔwɔ me, ne wotsɔ kwasiɖa ɖeka yia mɔkeke si me woɖua agbe le gɔ̃ hã le Caribbean ate ŋu ate ɖeɖi ŋutilã la ŋu.” Dɔ aɖe sesẽ alo mesesẽ o, be woaƒo asa na nuteɖeamedzi si gblẽa nu le ame ŋu la, ekafui be: “Nusi [nète ŋu] wɔna la nedze ŋuwò.” Le esi teƒe be nànɔ agbagba dzem ɣesiaɣi be yeawɔ nu bubu aɖe si me nuteɖeamedzi geɖe anɔ wu dɔ si nèwɔna gbesiagbe la, ɖɔkta la ɖo aɖaŋu be: “Ðewohĩ egbɔkpɔnu lae nye be ‘woanɔ mɔkeke yim’ gbesiagbe. Eyae nye be hekpe ɖe dɔa wɔwɔ ŋu la, kpɔ gome le dɔwɔna vovovo siwo doa dzidzeme ɖe ŋgɔ la me.”

Ʋunana si me Afɔku Le

Fransetɔ akpe ɖeka kple vɔ xɔ AIDS tso ʋudodo me. Nukatae woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi atɔ̃ vaseɖe zi ewo wu Ɣetoɖoƒe Europa-dukɔ akpa gãtɔ tɔ? Le Monde ɖe nu me be gaxɔdzikpɔlawo yi edzi le ʋu ƒe nunana xɔm tso gamemewo gbɔ vaseɖe ƒe 1985 me, esi nye ƒe etɔ̃ le esi dukɔ siwo ƒo xlã wo la dzudzɔ nusia wɔwɔ vɔ megbe. Nyatakaka la yi edzi gblɔ be ʋunana “nye nuwɔna si li tso ɣeaɖeɣi ke esi wobuna vevie be ana gamemewo ƒe nɔnɔmewo nabɔbɔ na wo. Wotoa ʋunana dzi ɖea ame, eye wòganaa mɔnukpɔkpɔ gamemewo hã . . . be woano wein kplu ɖeka, eye le atikemuamenolawo gome la, wòana woase vivi le abi si woado na wo si vivia wo nu la me. Ʋunana hã ate ŋu akpe ɖe gamemewo ŋu be woaɖe ƒe siwo wotsɔ nɔa gaxɔ mee dzi akpɔtɔ na wo.

Atsyɔ̃ɖowuwo Fiafia le Gbedoxɔ Me

Nyɔnu saɖaxɔgaxɔmenɔla adre siwo do awu ʋlaya si tsyɔ ŋkume na wo la ƒe nɔnɔme dze le Gregoritɔwo ƒe hadzidzi, woƒe ɣlidodo sesĩe kple gaƒoƒowo me le nɔnɔme si fia viviti keŋkeŋ aɖe kloe me. Enumake wosi akaɖiawo, eye saɖagaxɔmenɔlaawo ɖe woƒe awuawo ɖi, [eye] wozu amesiwo doa atsyɔ̃ɖowuwo be woadzro ame woaƒle.” Nya siawoe Jornal da Tarde tsɔ ɖɔ atsyɔ̃ɖowuwo fiafia si wowɔ le Pôrto Alegre ƒe Nutogã ƒe Gbedoxɔgã ƒe tomexɔ me, le Brazil. Woyɔ nya tso bisiɔpgã la ƒe nya siwo wògblɔ le kpekpea me la me be: “Tso gbaɖegbe kee mesusui be ele be teƒe sia nanye akpata si me woaɖu azã ahawɔ hadomenuwo le.” Togbɔ be ɖeɖefia la na wokpɔ ga geɖe si woatsɔ akpe ɖe amesiwo atike muame zu nu mãme na ŋui hã la, Novo Hamburgo ƒe bisiɔp melɔ̃ ɖe susu bliboa katã dzi o. Egblɔ be: “Mɔ si dzi woto la menyo o, ne ena wokpɔ nusiwo dim wole gɔ̃ hã.

Egbegbe Adzodada Le Ƒu Dzi

Le vovo na ƒe alafa 17 lia kple 18 lia me ƒudzidzodada la, woawo ya metsyɔa nu mo alo zãa yi o. Egbea la, tɔdziʋu ɖiduwo kple aʋawɔnu sesẽwoe le wo si.” Aleae Brazil-nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Estado de S. Paulo gblɔ. Ƒudzidzodalawo ƒe amedzidzedze siwo woŋlɔ ɖi le Rio de Janeiro le ƒe etɔ̃ siwo va yi me la mele ʋee wu 185 o. Nyitsɔ laa la, ƒudzidzodala ewo siwo si tu si me wodaa tukpe trina ɖe enu nɔ la dze amikɔʋu aɖe dzi, wu ʋua me nɔla eve hewɔ nuvevi ame eve bubuwo hafi fi ga kple agbawo. Nuvlowɔha siawo siwo daa dzo le ʋudzeƒe siwo amewo sɔa gbɔ ɖo fũ, abe Santos kple Rio de Janeiro ene, la sea nu tso tɔdziʋuwo ƒe agbawo kple dedienɔnɔ ƒe ɖoɖowo ŋu le nutoa me gbolowo gbɔ. Abe alesi nyadzɔdzɔgbalẽ la ƒo nya tae ene la, ƒudzidzodada kple nusiwo me wodea agbae fifi ƒe dzidziɖedzi “na Brazil ɖu agba le dutasitsatsa hã me.”

Ʋuwo Dzi Dzedze

Ʋuwo dzi dzedze ate ŋu anye dukɔwo dome kuxi aɖe, gake le Dziehe Afrika la, “ʋuwo dzi dzedze dzi ɖe edzi ɖo teƒe si ɖi vɔvɔ̃.” Aleae Dziehe Afrika ƒe Financial Mail gblɔ. Aleke nàte ŋu aɖe afɔku si li be woadze wò ʋu dzi akpɔtɔe ne afisi kuxi sia le ye nèle? Dze agbagba nànɔ li ɖɔm mɔ si nètona gbesiagbe la. To mɔ vovovowo, alo nàdzo kaba alo atsi megbe. Do ʋɔwo kple fesrewo. Mègatsɔ amesiwo dina be woatsɔ yewo femaxee la o, eye ne anya wɔ la, wò ɖeɖe mègazɔ mɔ o. Hafi nàtɔ ɖe de aɖe nu la, bia ɖokuiwò be dea nye vavãtɔ hã. Lé ŋku ɖe aflagawo kple mɔa to kaɖiwo ŋu, eye nàlé ŋku ɖe mɔa dzi dɔwɔlawo ƒe nudodowo ŋu. Kpovitɔwo ƒe amegã aɖe ɖo aɖaŋu na ʋukula aɖe si ɖo afɔku me la be: “Ðe asi le wò ʋua ŋu na wo ne wò agbe ɖo afɔku me. Nunya aɖeke mele ame kuku xɔŋkɔ nyenye me o.”

Dzilawo Ƒoƒo

Nusi woyɔ be enye “ƒewuiviwo ƒe dziku ƒe ŋɔdzi ɣaɣla” si wohena vaa dzilawo dzi la le dzidzim ɖe edzi le Australia. Kpovitɔwo kple dedienɔnɔdzikpɔhawo ka nya ta be ƒewuivi siwo ƒoa wo dzilawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi kabakaba le dukɔ sia me. Eye togbɔ be vidadawoe woƒona zi geɖe hã la, wodze vifofowo kple tɔgbui kple mamawo hã dzi ŋɔdzitɔe. Sydney ƒe Sunday Tele­graph-nyadzɔdzɔgbalẽ yɔ dedienɔnɔdzikpɔha ƒe amegã ƒe nya siwo wògblɔ la be: “Ewɔa mo yaa na amewo ne wose be ɖevi siwo xɔ ƒe abe 10 ko ene la te ŋu wɔa nu vlo —⁠doa vɔvɔ̃ na wo dada kple wo nɔvi bubuwo.” Dzila siwo wo­ƒona ƒe kaƒoƒo na nuto aɖe me dedienɔnɔdzikpɔha gloe ale gbegbe be wòle ɖoɖo tɔxɛ aɖe wɔm na amesiwo woƒona kple amesiwo ƒoa ame la.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe