Du Madeamedziwo—Ɣeyiɣi Sesẽwo le Dugã Siwo me Amewo Sɔ Gbɔ Ðo Fũ la Me
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Afrika gbɔ
ÐEVI aɖe si le du si me nuwo mede ame dzi le o me la zɔa afɔ ƒuƒlu toa ɣetoɖoƒe Afrika-du aɖe ƒe ablɔ dzi. Elé agba gbadzɛ aɖe si me aŋuti si wu blaeve le la ɖe ta. Etsɔ awu aŋuti ɖiɖi aɖe si ame aɖe do ʋu heɖe ɖi la do. Edze fifia.
Ele nu dzram le ablɔ dzi be yeatsɔ aʋli ho kple ɖevi bubu siwo hã tso ame dahewo ƒe ƒomewo me. Woƒe boblododo ɣesiaɣie nye “Aŋutitɔe nye si la!” Gake ɖevi sia ya mele nya aɖeke gblɔm o; ɖewohĩ dɔ le ewum alo ele dɔ lém, alo ɖeɖi koe te eŋu.
Nyɔnuvi sukuvi siwo do sukuwu nyui si ƒe amadede le blɔ la tso ŋgɔ gbɔna. Ðesiaɖe do afɔwui ɣi kple afɔkpa ɣi. Ðesiaɖe lé akpɛte si me wode agbalẽwoe wòyɔ fũ ɖe asi. Ðeviawo nɔ zɔzɔm dzonɔamemetɔe henɔ dze ɖom kpe dzidzɔ. Womelé ŋku ɖe ɖevia ŋu o, gake eya lé ŋku ɖe wo ŋu. Elé ŋku ɖe wo ŋu nya aɖeke magblɔmagblɔe.
Nyɔnuvi sukuviawo ɖo woƒe aƒe si me dzidzeme kple dedienɔnɔ le la me mlɔeba. Gake ne nyɔnuvia yi aƒeme le fiẽ me ke la, enye teƒe si to vovo sã. Eƒe aƒe enye xɔ xaxa si wotsɔ ati kple ga tui.
Du Madeamedzi La
Mɔdodo si le afisia la nye afɔmɔ si dzi yɔ fũ kple kewɔ si ƒo kɔ sesĩe. Le tsidzaŋɔli la etrɔna zua ba. Edzi xaxa akpa be ʋu mate ŋu ato edzi o. Le mɔa to la, màkpɔ kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe, dzotsidɔwɔƒe, dɔnɔkɔdzi kple ati aɖeke kura hã o. Elektrikŋusẽ alo telefonka aɖeke mele yame o. Pɔmpi siwo me tsi tona alo tsimɔ aɖeke meto tome o.
Amewo mimi ɖe wo nɔewo dzi. Yame yɔ fũ kple hoowɔwɔ. Dzeɖoɖo tsaka kple nukoko, nyahehe, avifafa, kple hadzidzi. Ŋutsu siwo do awu ɣlaya ɣiwo la nɔa amagui legbewo dzi nɔa dze ɖom. Nyɔnuwo nɔa mɔli si le fiefiẽm le ze si le nakedzo dzi me la me blum. Àkpɔ ɖeviwo le afisiafi—woanɔ fefem, anɔ alɔ̃ dɔm, woanɔ dɔ wɔm, woanɔ nu ƒom, eye woanɔ nu dzram. Wo dometɔ akpa gãtɔ abe nyɔnuvi si lé aŋuti ɖe ta ene la made lãwo kpɔƒe, ado gasɔ, alo ade sukuxɔ me kpɔ o.
Amesiwo nɔa nuto si me ame ƒe agbenɔƒe nye ƒe 42 ko la kuna kaba esi wometsi o. Esi ɖevia xɔ ƒe asieke la, eɖu xexeame ƒe kuxi sesẽtɔ siwo nana agbe tsitsi le ƒe ene gbãtɔwo me nye nu sesẽ la dzi xoxo. Le ɣeyiɣi mawo me la, kakaɖedzi le eƒe kuku ŋu zi gbɔ zi 40 vaseɖe 50 tsɔ wu ne wodzii le dukɔ deŋgɔ aɖe me. Etɔ ɖevi geɖe siwo le afisia menɔa agbe xɔa ƒe atɔ̃ o. Ne etsi agbe wòdidi ƒã hã la, kakaɖedzi li be aku le fufɔfɔ me alo to vidzidzi me wu nyɔnu si le Europa alo Anyiehe Amerika—kakaɖedzi le ema ŋu zi gbɔ zi 150 sɔŋ.
Ame alafa geɖe le xɔ gbagbã kple du siwo me nuwo mede ame dzi le o siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi kabakaba abe esia ene la me nɔm. Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ ƒe akɔntabubu nu la, ame biliɔn 1.3 va mimina ɖe wo nɔewo dzi le dukɔ madeŋgɔwo ƒe dugãwo me, eye ame miliɔn 50 va kpea wo ŋu ƒe sia ƒe.
Agbenɔnɔ le Dukɔ Siwo Le Ŋgɔ Yim Me
Ðe tomefafa, pɔmpimetsi, kple nugododeƒe le wò aƒemea? Ðe ame aɖe va lɔa wò gbeɖuɖɔa? Nusiawo mele ame miliɔn alafa geɖe siwo le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me la si o.
Le dugã geɖe me la, amewo sɔa gbɔ ɖe nuto dahewo me ale gbegbe be zi geɖe la ƒome si me ame ewo le la nɔa xɔŋgoe ɖekɛ me. Zi geɖe la, xɔ si ƒe lolome medea meta etɔ̃ kpe ɖo o la mee amewo nɔna. Le ɣedzeƒedu aɖe ƒe akpa aɖewo la, womãa xɔ suewo me vivivi kura gɔ̃ hã be ame geɖe nate ŋu akpɔ mlɔƒe, eye wowɔa abati si nye tuɖedzi siwo ŋu wotsɔ gaɖɔ tɔ kpɔ ɖo hena ame ɖokui ɣaɣla kple takpɔkpɔ tso fiafiawo si me. Le dukɔ bubu me la, nusi woyɔna be “abati xɔdzo” ƒe ɖoɖo si li be amewo ɖɔa li wo nɔewo le abati dzi mɔmlɔ me la kpena ɖe amewo ŋu be woaɣe abati gaƒoƒo aɖe ale be ame eve alo etɔ̃ naɖɔ li wo nɔewo le abati ɖeka dzi mɔmlɔ me ŋkeke ɖeka.
Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ ƒe ƒe sia ƒe nyatakaka si nye ƒe 1991 tɔa nu la, tsi nyui mele ame biliɔn 1.2 si le xexeame katã o. Ele na ame miliɔn geɖe be woadze tsi le edzralawo si alo akui tso tɔsisiwo me alo aku anyigbatsiwo. Afisi pɔmpimetsi le hã la, ɣeaɖewoɣi la, amesiwo wu akpe ɖekae nɔa ʋiʋlim be yewoaku tsi le pɔmpi ɖeka nu.
UNICEF gabu akɔnta be nugodolɔmɔnu nyui aɖeke mele ame biliɔn 1.7 si o. Enye nusi bɔ be du dahe me nɔlawo dometɔ 85 le alafa ɖesiaɖe me mekpɔa nugododeƒe o. Le Afrika kple Asia-du geɖe kpakple du geɖe siwo me nɔlawo wu miliɔn ɖeka me la, tsimɔ si to tome ƒomevi aɖeke kura mele wo si o. Amemĩwo sina yia tɔʋuwo, tɔsisiwo, kpoʋewo, kple tawo me.
Gbeɖuɖɔ hã nye kuxi. Le dukɔ siwo le ŋgɔ yim ƒe dugãwo me la, womelɔa gbeɖuɖɔ 30 vaseɖe 50 le alafa ɖesiaɖe me o. Teƒe dahewo ye wogblẽna ɖi wu. Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be gbeɖuɖɔ si ame dahewo tsɔa ƒua gbe la mate ŋu aɖe vi o alo gbeɖuɖɔlɔlawo mate ŋu alɔe alo amesiwo tsɔa aɖukpo wɔa dɔ bubui la mate ŋu azãe o. Nu eveliae nye be esi wonya ame dahewo nɔƒewo be wometso wo le se nu o ta la, dziɖuɖuwo menaa nuzazã wo o. Kuxi etɔ̃liae nye be le afisi wotso teƒe dahewo ɖo kple alesi amewo sɔ gbɔ ɖe wo nɔewo dzii fũ ta la, teƒe mawo dzadzra ɖo sesẽna eye wònyea ga gbegblẽ.
Nukae dzɔna ɖe gbeɖuɖɔwo dzi? Wotsɔa wo ƒua gbe ɖe ablɔwo dzi, le gbadzaƒewo, kple ɖe tɔsisiwo kple tawo me wovóna le afima.
Dɔléle ƒe Afɔkuwo
Dugã me tɔ siwo nye ame dahewo ƒe kuxiwo to vovo le du ɖesiaɖe me. Gake nu etɔ̃ le nyanya kloe le afisiafi. Gbãtɔe nye be menye ɖeko dzidzeme mele woƒe aƒewo me ko o, ke afɔkuwo hã li. Agbalẽ si nye The Poor Die Young gblɔ be: “Ne mede ɖeke o hã la, ame miliɔn 600 le Dukɔ Madeŋgɔwo ƒe dugãwo me le aƒe kple nuto siwo woate ŋu agblɔ be wonye ŋɔdzi na agbe kple lãmesẽ la me.”
Le mɔ ka nue aƒe nyui manɔamesi ate ŋu ana dɔléle ame le? Tegetege ɖe ame nɔewo dzi le dugãmenuto dahewo me hea dɔlélewo abe yɔmekpe, dzamezã, kple susumetetedɔ ene vɛ. Amewo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe aƒeme fũ hã dzia aƒemefɔkuwo ɖe edzi.
Tsi nyui makpɔmakpɔ dzia tsi me dɔlélewo abe asrã sesẽ, aklãdɔléle, kple mĩŋɔdɔ ene ɖe edzi. Ehea mĩŋɔŋɔ si wua ɖevi ɖeka le sekɔnd 20 ɖesiaɖe me le dukɔ madeŋgɔwo me le mamã dedie nu hã vɛ. Tsi sɔgbɔ si womakpɔ ale kple atsɔ anyã nui o la wɔnɛ be amewo léa ŋkudɔ kple ŋutigbalẽdɔwo bɔbɔe. Eye ne ame dahewo dzea tsi ho gbogbo la, ga si susɔna la medea nuɖuɖu ƒeƒle nu na wo o.
Nuɖuɖu kple tsi si me ɖiƒoƒo le hea mĩŋɔdɔwo kple dɔmekplevi vovovowo ƒe dɔlélewo vɛ. Gbeɖuɖɔ si woli kɔe ɖi la hea afiwo, nudzodzoewo kple gbagbladzawo. Tsi siwo xa ɖi la dzea mũ siwo hea asrãdɔwo vɛ.
Ahedada ƒe Agbi La
Du si me nuwo mede ame dzi le o ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa eveliae nye be esesẽna na eme nɔlawo ŋutɔ be woado le eme. Ame geɖe siwo vaa dugãwo me la nye ʋuʋula siwo ahedada nyã ɖe nu tso kɔƒenutowo me. Esi womate ŋu aɣe aƒe nyui anɔ eme o ta la, wodzea agbe gɔme le xɔ gbagbãwo kple du tsɛwo me eye wotsia afima le woƒe agbemeŋkekewo katã me.
Ame geɖewo nye veviedolawo eye wolɔ̃na faa wɔa dɔ sesẽ, gake dɔ si woakpɔ awɔe koe nye be woawɔ gaƒoƒo geɖe ƒe dɔ eye woxea fetu sue aɖe ko na wo. Dzila siwo dzi nu te ɖo vevie la ɖoa wo viwo ɖa be woaɖawɔ dɔ le esi teƒe be woayi suku eye ɖevi siwo mede suku o alo de sue aɖe ko la ƒe nɔnɔmea mava ka ɖe eme wu wo dzilawo tɔ le etsɔ me o. Togbɔ be ga sue aɖe koe woxena na ɖeviwo hã la, nusi woxena na wo la nye nu vevi aɖe na woƒe ƒomewo. Eyata le ame dahe siwo le dugãwo me ƒe akpa gãtɔ gome la, mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke meli be woƒe agbenɔnɔ ava aka ɖe eme o; woƒe taɖodzinue nye alesi woawɔ atsi agbe gbesiagbe.
Womelɔ̃a Wo O, Womedia Woƒe Nya O
Agbenɔnɔ ƒe akpa etɔ̃liae nye be womenya ɣekaɣie woava nyã wo le wo nɔƒewo o. Le dziɖuɖu geɖe gome la, xɔ gbagbãwo kple atixɔe maɖinuwo nye mɔxenuwo. Le esi teƒe be dziɖuɖuwo nadzra du siwo me nuwo mede ame dzi le o ɖo, esi menya wɔna zi geɖe o la, woɖoa ʋu sesẽ siwo wotsɔna mua xɔwoe ɖa be woagbã xɔwo.
Dziɖuɖuwo abu du siawo gbagbã nu nyuie ahanɔ gbɔgblɔm be ehiã be woana dua me nanya kpɔ, be woanyã nuvlowɔlawo, alo be woagbugbɔ adzra anyigba la ɖo. Susu ka tae woɖawɔnɛ o, ame dahewoe nye amesiwo kpe fu. Zi geɖe la, teƒe aɖeke meli woayi alo woahayi nugblẽga aɖeke gɔ̃ hã xe ge na wo o. Gake ne xɔmuʋuawo va ɖo la, nu bubu aɖeke meli woawɔ tsɔ wu be woado go le xɔwo me o.
Akpa si Wɔm Dziɖuɖuwo Le
Nukatae dziɖuɖuwo metso aƒe nyui siwo me tsi, tsimɔ si to tome, kple gbeɖuɖɔlɔlɔ ƒe ɖoɖo le wòasu amewo katã si o? Agbalẽ si nye Squatter Citizen ɖo eŋu be: “Ga vɔ le Dukɔ Madeŋgɔ geɖe si eye mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke meli be woado woƒe akpa si wɔm wole la ɖe ŋgɔ wòali ke ahakpɔ dzidzedze le xexeame ƒe ganyawo me o ale gbegbe be ele bɔbɔe be woatɔ gbe woƒe ŋgɔyiyi abe dukɔ ene vevie. Asesẽ be ame aɖe nabu fɔ dziɖuɖu aɖe le esi mete ŋu kpɔa eteviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le esi dukɔ bliboa le ga manɔanyi ƒe hiã ɖim ta o ale be ga sɔgbɔ meli woatsɔ akpɔ nuhiahiã veviwo gbɔe o.”
Le dukɔ geɖe me la, ganyawo ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi. Le ƒe si va yi me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽŋlɔlagã si nɔ dɔ dzudzɔm la ka nya ta be: “Dukɔ madeŋgɔwo ƒe akpa gãtɔ ƒe ganyawo nɔ gbegblẽm ɖe edzi hena ɣeyiɣi aɖe. . . . Ame biliɔn 1 kple vɔ le ahedada kolikoli me.”
Ke Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ tso Duta Ya Ðe?
Nukatae dukɔ siwo nu le edzi dem na mawɔ nu geɖe atsɔ akpe ɖe wo ŋui o? Esi xexeame ƒe Gadzraɖoƒe ƒe Ŋgɔyidɔwo ƒe Nyatakaka nɔ dɔ si kpekpeɖeŋu xɔxɔ awɔ ɖe ahedada dzi me dzrom la, elɔ̃ ɖe edzi be: “Dukɔ siwo doa ga siwo dzi woaxe deme ɖo [siwo abu akɔnta le kpekpeɖeŋuwo xɔxɔ tso duta dometɔ 64 le alafa me ŋuti] . . . naa kpekpeɖeŋu le susu geɖe ta—esiwo nye dunyahehe, aʋawɔɖaŋu, asitsatsa, kple veveseɖeamenu. Ahedada dzi ɖeɖe akpɔtɔ nye taɖodzinuawo dometɔ ɖeka ko, eye zi geɖe la menye eyae nye vevitɔ o.”
Le go bubu me la, nenye be ga le dziɖuɖuwo si woatsɔ akpɔ ame dahewo ƒe kuxiwo gbɔe gɔ̃ hã la, womewɔnɛ o. Kuxi si le dukɔ geɖewo mee nye be togbɔ be nutomedziɖuɖuwo kpɔa xɔnyawo kple hadomenuzazãwo ƒe nyawo gbɔ hã la, dziɖuɖumegãwo menaa ŋusẽ alo ga si woatsɔ awɔ dɔ lae o.
Du Siwo Ava Nɔ Anyi le Etsɔ Me
Amesiwo nya nu tso ƒe ʋee siwo va yi me nɔnɔmewo ŋu la nɔa te ɖe wo dzi gblɔna be etsɔ me dziŋɔ aɖe dze ŋgɔ ame dahe siwo le dukɔ madeŋgɔwo ƒe dugãwo me. Wogblɔna be amewo ƒe dzidziɖedzi le dugãwo me ayi edzi, eye dziɖuɖuwo mate ŋu ana dugã me nɔla akpa gãtɔ nakpɔ pɔmpimetsi, tsimɔwo, ʋe siwo me tsi gbegblẽ sina tona, mɔdodowo, lãmesẽɖoɖo kple nusiwo hiã kpata o.
Amewo ayi edzi anɔ aƒewo tsom ɖe afisiwo afɔku le, abe towo ƒe baliwo me, tsiɖɔɖɔteƒewo, alo anyigba si wogblẽ la. Amewo ayi edzi anɔ fu kpem le dɔléle si dona tsoa amewo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe wo nɔewo dzi fũ kple teƒe ƒoɖiwo nɔnɔ me. Woayi edzi atsɔ dziɖuɖu ƒe amenyanyã sesẽtɔe anɔ ŋɔdzi dom na ame dahe siwo le dugãwo me.
Ðe esia fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na du siwo me nu mede ame dzi le o me tɔwo abe ɖevi si lé aŋuti ɖe ta ene si ŋu míeƒo nu le le numedzodzro sia ƒe gɔmedzedze me la oa? Mele nenema kura o!
Tɔtrɔ Gã aɖe Gbɔna
Mawu ƒe Nya si nye Biblia la ɖee fia be tɔtrɔ gã aɖe si ahe nɔnɔme nyuiwo vɛ la gbɔna—eye eteƒe madidi o. Menye amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo ƒe agbagbadzedzewo dzie tɔtrɔ sia ato ava o, ke boŋ to Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si nye dziƒodziɖuɖu si aɖu anyigba katã dzi kpuie la dzi.—Mateo 6:10.
Le esi teƒe be amewo natege ɖe xɔ gbagbãwo kple du siwo me nuwo mesu le o me le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la, ƒome siwo vɔ̃a Mawu la anɔ paradiso me. (Luka 23:43) Le esi teƒe be woanɔa vɔvɔ̃m ɣesiaɣi be woava nyã yewo la, Biblia la gblɔ be “wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti bɔkɔɔ.”—Mixa 4:4.
Le esi teƒe be amewo naku le woƒe ɖevime le teƒe siwo amewo sɔ gbɔ ɖo fũ nɔnɔ me la, “woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse . . . elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene.”—Yesaya 65:21, 22.
Ðewohĩ ŋugbedodo siawo dzi xɔxɔ ase asesẽ na wo, gake àte ŋu aka ɖe edzi be woava eme. Nukatae? Elabena Mawu mekaa aʋatso o, eye “naneke mesẽ na Mawu o.”—Luka 1:37; Mose IV, 23:19.
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la, paradiso ƒe nɔnɔmewo axɔ ɖe ahedada kple du madeamedziwo teƒe