Ðekawɔwɔ si Wɔa Nuku na Xexeame
KƆMIUNIST-DZIÐUÐU ƒe mumu kpata kple ameƒomeviwo dome ʋunyaʋunyawɔwɔ si yi edzi nyitsɔ laa hele ta kekem ɖe edzi la ʋuʋu xexeame. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, habɔbɔ aɖe si me tɔwo ɖe ameƒomeviwo kple dukɔwo dome fuléle ɖa le wo nɔewo dome ƒe ɖekawɔwɔ kple dɔwɔwɔ dzidzɔtɔe le nuku wɔm na ame miliɔn geɖe le Ɣedzeƒe Europa—amesiawoe nye Yehowa Ðasefowo.
Yehowa Ðasefowo le subɔsubɔm ɖekae togbɔ be aʋawɔwɔ le edzi yim le afisiwo wole kura hã. Le ƒe 1991 me, esime ame 14,684 siwo tso dukɔ vovovowo me siwo nye Yehowa Ðasefowo kpe ta le Zagreb, Croatia la, kpovitɔ aɖe gblɔ be: “Anyo be nyadzɔdzɔdɔwɔlawo nakpɔ nusi le edzi yim le fefewɔƒe sia, le afisia tututu, afisi míekpɔ Serbiatɔwo, Croatiatɔwo, Sloveniatɔwo, Montenegrintɔwo, kple ame bubuwo nɔ anyi ɖe wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me le.”
Ƒe ma me kee nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si de takpekpe aɖe si wowɔ le Siberia la kpɔ Russiatɔwo wokpla asi kɔ na nyɔnyrɔ̃xɔla yeye siwo nye Buryattɔwo. Esi wònya be ameha eve mawo menyina o ta la, ebia be: “Aleke miete ŋu wɔ ɖu dukɔwo dome mɔxenu sia dzi?”
Le ƒe si va yi ƒe dzomeŋɔli me la, Yehowa Ðasefo siwo le Ɣedzeƒe Europa kple Asia la wɔ takpekpe 45, eye esi wowɔ le Moscow kple Kiev la nye dukɔwo dome takpekpewo. Ne wotsɔ wo katã ƒo ƒui la, amesiwo wu 368,000 ye de takpekpe 45 siwo wowɔ—amesiwo wu 112,000 ye de le dukɔ si woyɔna tsã be Soviet Union me eye amesiwo anɔ 11,000 ye de le dukɔ si woyɔna tsã be Yugoslavia ƒe dugã ene me.
Ðasefo siwo ade 215 te ŋu de takpekpe si wowɔ le Belgrade, Serbia, le ƒe si va yi ƒe August 19 vaseɖe 22 dzi togbɔ be wonɔ aʋa wɔm le wo gbɔ gake. Ame 3,241 ye de takpekpea. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe de dzesii be: “Ƒuƒoƒo siwo le Sarajevo ƒe nutowo me ŋutɔŋutɔ hã te ŋu de. Woda ʋu eye ame 56 ye va. Amesiawo tso Lukavica, Pale, Ilidža, kple Vogošća. Ame atɔ̃ hã tso Benkovac. Nu ɖedzesi aɖee nye be ame 174 siwo xɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpea me dometɔ 23 tso teƒe siawo siwo ʋunyaʋunya le edzi yim le.”
Le Moscow Kple Kiev
Le July 28, 1993 dzi la, Yehowa Ðasefo siwo le Moscow ƒe foto gã aɖe dze le The New York Times ƒe axa gbãtɔ eye woŋlɔ nya sia kpe ɖe eŋu be: “Mɔɖeɖe ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le Russia ʋu mɔ na dzimetrɔla gbogbo aɖe siwo va zu Yehowa Ðasefowo la be woava xɔ nyɔnyrɔ̃ le Moscow ƒe Locomotive Stadium.”
Times la ka nya ta be: “Habɔbɔa me tɔ siwo ƒe ŋku dzi lólo aɖatsi la kpla asi kɔ na hamevi yeye siwo ƒe awuwo ɖo tsi la. Ame aɖeke mele sigaret nom o, ame aɖeke mele ame dzum o, ame aɖeke memu aha o, wònye nusi to vovo na nusi amewo wɔna ɖaa le Locomotive fefewɔƒea.” Yehowa Ðasefo siwo tso Russia kple dukɔ 30 bubuwo me nɔ fefewɔƒea ŋkeke ene heɖe dzi ɖi, eye ame 23,743 ye nye ame gbogbotɔ si de.
Wowɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe aɖe si lolo wu la le Kiev, si nye Ukraine ƒe dugã me. Amesiwo de ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 64,714 ye kpe ta ɖe Republican Stadium si nye fefewɔƒe siwo lolo wu le Ɣetoɖoƒe Europa la dometɔ ɖeka. Woka nya ta le Evening Kiev ƒe axa gbãtɔ be: “Menye akɔtagbalẽvi blɔtɔ siwo dzi woŋlɔ ‘Mawu ƒe Nufiafia’ ɖo ɖeɖekoe na Yehowa Ðasefowo . . . wɔ ɖeka o ke boŋ xɔse vavãtɔe na wowɔ ɖeka.”
Alesi Wowɔ be Ðekawɔwɔ Le Wo Dome
Ðasefo nyɔnu tsitsi aɖe si nye Ukrainetɔ wɔ alesi wowɔ te ŋu wɔ ɖeka nenema gbegbe la ƒe wɔwɔfia nyui le Kiev-takpekpea me. Edo asi ɖe dziƒo hegblɔ be, “Yehowa.” Emegbe ekeke eƒe abɔ me wɔ abe alesi wokplaa asi kɔ na ame ene, eye wòdo asibide ɖeka ɖe dzi. Nya si wòdi be yeagblɔ la dze ƒã: ‘Mí katã míezu ame ɖeka siwo wɔ ɖeka to Yehowa Mawu ƒe nufiafia me.’
Enyo be míase alesi Encyclopædia Britannica ka nya ta le Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ si woyɔna tsã be Soviet Union me kple nusitae Ðasefowo wɔ ɖeka la ŋu. Eɖe eme be: “Wonya woƒe [Biblia me] nufiafiawo nyuie, wodoa vevie kpena ɖe amewo ŋu be woatrɔ dzime eye wonɔa agbe wòsɔna ɖe woƒe subɔsubɔdzixɔsewo nu.” Eyata aleke gbegbe wòsɔe nye si be wotia tanya “Mawu ƒe Nufiafia” na Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe si wowɔ le afima le ƒe si va yi ƒe dzomeŋɔli me!
Yesu Kristo, amesi xɔ ŋgɔ le Mawu ƒe nufiafia me la ɖe gɔmeɖose vevitɔ si naa amewo wɔa ɖeka la fia esi wòdo gbe ɖa ɖe eyomedzelawo ta be: “Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” Vavãe Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade ƒoa wo nu ƒu ɖekae abe alesi Yesu kura hã bia ene esi wòdo gbe ɖa be: “Bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me.”—Yohanes 17:16-21.
Takpekpevala aɖe si tso Spain la ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖe alesi akpaɖekedzimademade naa Mawu ƒe amewo wɔa ɖeka la fia. Le yameʋu si wòɖo yina takpekpea le Moscow me la, enɔ ŋutsu aɖe si tso Afghanistan gbɔ tututu, amesi gblɔ nɛ be subɔsubɔha ɖeka me tɔwo kura gɔ̃ hã le wo nɔewo wum le dukɔmeviwo ƒe aʋa si le edzi yim le dukɔ ma me la me. Emegbe ebia be: “Dunyahehabɔbɔ ka ƒe akpa dzie miaƒe subɔsubɔha le?” Nɔviŋutsua ɖo eŋu be: “Mede ɖeke dzi o.” Esi Yehowa Ðasefowo medea dunyahehabɔbɔ aɖeke dzi o tae womeƒoa wo ɖokui ɖe dukɔmeviʋa si dea dzre amewo dome la me o.
Takpekpeyila siwo nɔ mɔ zɔm tso Soviet Union ƒe du si nye Kazakhstan me la ŋutɔ kpɔ alesi aʋawɔwɔ nye ŋɔdzinui la teƒe. Woƒe ketekea va ge ɖe aʋalɔgo eve siwo nɔ tu dam wo nɔewo la me. Aleke wohekpɔ dzidzɔe nye si be yewova ɖo Kiev dedie eye yewokpɔ gome le lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si nɔ dukɔmevi vovovo siwo tso dukɔ geɖewo me va fefewɔƒea dome la me!
Germania kple Russiatɔ siwo de takpekpea la koŋ ye kpɔ ŋudzedze ɖe nusi Mawu ƒe nufiafia wɔ na wo la ŋu. Esime wonye ɖekakpuiwo le woƒe dzidzime si va yi me la, wonɔ didim be yewoawu yewo nɔewo le Xexemeʋa II me. Gake le Kiev-takpekpea me la, wova wɔ ɖeka le subɔsubɔ vavãtɔ me abe alesi wòdzee le axa 7 ene.
Ewɔ Nuku na Eteƒekpɔlawo
Ɣeyiɣi aɖee nye si va yi la, mɔnukpɔkpɔ aɖeke mesu Moscowtɔ siwo ade miliɔn asieke la si be woanya nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu o. Enye nyateƒe be wo dometɔ geɖe se nu tso wo yometiti kple alesi wonɔ gamee le Kɔmiunist-dziɖuɖua te la ŋu. Le ƒe si va yi ƒe dzomeŋɔli la, woɖo hame 18 ɖe Moscow kple hame 13 bubu ɖe Kiev be woakpɔ amesiwo le Ðasefowo ƒe kpekpewo vam eye woƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe dzi la ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Gake fifia afimatɔwo kpɔ takpekpevala akpe geɖe siwo de akɔtagbalẽviwo le takpekpeawo me kple woƒe duawo me ƒe afisiafi! Ewɔ nuku na eteƒekpɔla geɖewo.
Moscow ƒe dzotsidɔwɔƒedzikpɔla gblɔ be: “Takpekpe sia do dzidzɔ nam ŋutɔ. Ewɔ nuku be ame geɖe sia siwo tso dukɔ vovovowo me te ŋu le gbe ɖeka dom. Miaƒe ameawo ƒe dzadzɛnyenye kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu wɔ nuku nam. Nyemekpɔ nusia tɔgbe teƒe kpɔ le ƒe 20 siwo katã metsɔ le dɔ wɔm le bɔlƒoƒe sia me o.”
Amesiwo kplɔa ame ɖia tsae le afima la dometɔ ɖeka gblɔ be: “Zi geɖe la ɖekamawɔmawɔ si nɔa amesiwo mekplɔna ɖia tsae dome la dzena enumake ne wodzo le yameʋudzeƒea teti ko. Yehowa Ðasefowo ya mele nenema o.” Tsaɖila aɖe si de Kiev-takpekpea la gblɔ be: “Miewɔ ɖeka vavã. Aleke gbegbee esia to vovoe na nusiwo le edzi yim le fefewɔƒe sia ƒe gliwo godoe nye esi!”
Esi Moscow-takpekpea dze egɔme le Yawoɖa July 22, 1993 dzi la, wokpɔ be dɔwɔla geɖe siwo nɔ dɔ wɔm le xɔtudɔwɔƒe gã aɖe dzudzɔ woƒe dɔa wɔwɔ enumake. Gbe si ame akpe 23,000 kɔ dzi tsɔ dzi hae la nya se na wo ŋutɔ. Nenye be ɖe wonyae be gbegbɔgblɔ vovovo siwo wu ewo mee wole haawo dzim le la, agawɔ nuku nawo wu ema. Ðasefo siwo nye tokunɔ siwo mate ŋu adzi ha o kura gɔ̃ hã “dzi ha” to woƒe asiwo tsɔtsɔ wɔ dzesii dzi.
Teƒe nyui aɖe si woate ŋu akpe ta ɖo le fiẽwo mee nye afisi woyɔna be Red Square le Moscow, si lolo nyuie le Kremlin la ƒe gliwo megbe tututu. Fiẽ si do ŋgɔ na takpekpea la (zã ga ewo ƒo hafi viviti do), Ðasefo siwo tso ameƒomevi kple dukɔ vovovowo me la nɔ afima henɔ wòezɔ dom na wo nɔewo dzidzɔtɔe. Moscow Times ƒe nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe va do go ɖe wo nu eye wòtɔ ɖe wo ŋu henɔ didim vevie be yeanya nusi nɔ edzi yim. Ebia wo be: “Ha ka me tɔwoe mienye?” Esi woyɔe nɛ la, egblɔ be: “Nyemekpɔ ameƒomevi vovovowo tsaka kple wo nɔewo dzidzɔtɔe alea le Red Square kpɔ o. Zi geɖe la, tsitretsitsi alo aglãdzedze ɖe nane ŋu tae ameha sia tɔgbe kpea ta ɖe afisia ɖo.”
Alesi takpekpevala akpe geɖe siwo de akɔtagbalẽviwo tsɔ dzidzɔ nɔ gbe dom na wo nɔewo, henɔ asi kplam kɔ na wo eye wonɔ agbagba dzem be yewoaɖo dze kple wo nɔewo la nya kpɔ na Moscow kple Kiev tɔwo siaa. Asiitsala aɖe si tso Iran ɖi tsa va Kiev la te ɖe Ðasefo aɖe si tso United States ŋu hegblɔ be: “Nu wɔnuku aɖe le mia si. Menɔ ŋku lém ɖe mia ŋu tso nyitsɔ ke. Mele miaƒe agbalẽ siwo le Eŋlisigbegbalẽ aɖewo dim be maxlẽ.” Eɖe eme be ne menye ɖe yeadzo ayi Iran le ŋufɔke o la, ne yeava takpekpea.
Le Moscow kple Kiev duawo katã me—vevietɔ le ablɔwo dzi, gbadzaƒewo, kple le ʋu siwo zɔa tomemɔwo dzi me la—takpekpevalawo yi ameawo gbɔ be woana Biblia ƒe trakt kple agbalẽ gbadzawo wo. Fiẽ sia fiẽ la, àkpɔ Ðasefowo be wotsi tre ɖe Lenin ƒe Yɔdo gbɔ le Red Square woanɔ dze ɖom dziɖeɖitɔe anɔ traktwo mãm. Zi geɖe la, ameawo lɔ̃na xɔa trakt siawo kple alɔgbɔnukoko dzidzɔtɔe. Ne ʋu siwo zɔa tomemɔ dzi mee wona agbalẽawo le la, ameawo dzea woxexlẽ gɔme enumake. Zi geɖe la, akpɔ ame atɔ̃ alo ade le ʋu siwo zɔa tomemɔwo dzi me be wole Biblia ƒe traktwo xlẽm.
Zi geɖe ne amesiwo ɖo ʋu siawo xlẽ gbedasia vɔ la, woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana. Ŋutsu aɖe si anɔ eƒe ƒe blaatɔ̃awo me si mese Eŋlisigbe tututu o la gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ mesu mía si be míasrɔ̃ nusiawo o. Míeda akpe geɖe na mi.” Le teƒe bubu la, nya la nya se na ɖekakpui aɖe kple dadaa ale gbegbe be woawo hã ɖi ɖe afisi takpekpevalaawo ɖi ɖo be woayi dzeɖoɖoa dzi.
Kiev-dua me yɔ fũ kple Ðasefo takpekpevala siwo wu 50,000 tso dukɔ siwo wu 30 me siwo katã wòle be woadi dzeƒe na. Wo dometɔ geɖe dze amedzrodzeƒewo, amewo ƒe aƒewo me, kple sukuwo me, gake wona dzeƒe amesiwo ade 1,800 ɖe tɔdziʋu ade me. Aƒedzikpɔla aɖe si wɔa dɔ le tɔdziʋuawo dometɔ ɖeka me ŋlɔ lɛta aɖe da ɖi na Ðasefoawo. Egblɔ be: “Ðeko wòwɔ nam abe ɣletinyigba bubu dzie mietso ene. Miaƒe nuwɔwɔ nya kpɔ ale gbegbe eye miaƒe nu hã sɔ be mienyea yayra na amewo. Ðewohĩ miawoe nye Mawu ƒe viwo. Mebua nya sia ŋu ɣesiaɣi.”
Aleke wòsɔ nyuie enye si be Yehowa Ðasefowo te ŋu wɔ woƒe takpekpe gãwo eye dumegãwo kple ameawo siaa te ŋu kpɔ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme kple agbenɔnɔ nyui ma si dea bubu Mawu ŋu! Dumegã siwo wɔ dɔ kple Ðasefoawo kafu wo zi geɖe ɖe woƒe zazã, hadomegbenɔnɔ, kple kpekpeɖeŋu nyui si wona fefewɔƒea dzi kpɔlawo kple dua me dɔwɔƒe bubuwo la ta.
Dziɖuɖudɔwɔla aɖe si le Kiev gblɔ be: “Ƒe 13 sɔŋ enye sia si womegadzra fefewɔƒe sia ɖo nyuie alea kpɔ o.” Kpovitɔ aɖe si le afima la gblɔ sesĩe be: “Ameka ƒomeviwoe nye esiawo! Ðeko wòle abe xexe yeye aɖe mee mele ene. Nyemese nusita koŋ wonɔ mia yome tim la gɔme o.”
Nusiwo Ðe Dzesi le Takpekpea Me
Le Ðasefo siwo le Moscow kple Kiev gome la, ɖewohĩ anye amesiwo tso dukɔ geɖe me va hekpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ siwo va takpekpea ŋu lae nye nusi ɖe dzesi wu le takpekpea me. Dzidzɔ si wokpɔ be yewokpe ta kple amesiwo tso dukɔ vovovo geɖewo me hetsɔ ɖekawɔwɔ le subɔsubɔm le ŋutifafa me alea la wu gbɔgblɔ. Esi nuƒola mamletɔ le Moscow kple le Kiev gblɔ be míaƒe akpedada gãtɔ yi na Yehowa Mawu, amesi na be takpekpea dze edzi la, nyaselawo katã tsi tre heƒo asikpe aɖabaƒoƒo geɖe vaseɖe esime nuƒola yi nuƒoa dzi.
Takpekpea me nu ɖedzesi bubuwoe nye nuƒo si Dziɖuha la me tɔwo ƒo le Eŋlisigbe me kple nyatakaka kpui siwo wose tso takpekpevala siwo tso dukɔ vovovowo me la gbɔ. Woɖe Eŋlisigbe me nuƒo siawo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ bubu geɖe me le ɣeyiɣi ɖeka me. Le kpɔɖeŋu me le Kiev la, woɖe wo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 16 sɔŋ me! Eyata ne takpekpevalawo nɔ teƒe si wotia na gbegbɔgblɔ aɖe la, woate ŋu ase nyawo le woawo ŋutɔ degbe me.
Nu bubu si gaɖe dzesi le takpekpea mee nye agbalẽ gbadza si nye Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? si woɖe ɖe go le Russia kple Ukraine gbe me. Nusi ŋu wogakpɔ ŋudzedze ɖo koŋ enye Theocratic Ministry School Guidebook si wotsɔ fiaa nu Yehowa Ðasefowo be wogblɔ Biblia me nyateƒeawo nyuie wu si gɔme woɖe ɖe Russiagbe me. Agbalẽ si hã woɖe ɖe go le Russiagbe mee nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, si nye agbalẽ si me nyawo wogblɔ tẽ eye wòƒo nu tso Biblia-ŋutinya si woŋlɔ koŋ na ɖeviwo ɖe ɣeyiɣi ƒe ɖoɖo si nu nyaawo dzɔ le nu. Wota agbalẽ sia si wu miliɔn 36 ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 80 me xoxo.
Nusrɔ̃la yeye gbogbo si wona nyɔnyrɔ̃e la nye nu vevi aɖe si hã ɖe dzesi le takpekpeawo me. Nyateƒe ɖedzesi aɖee nye be nyɔnyrɔ̃xɔlawo dometɔ geɖe nye sɔhɛwo. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe bia le numedzodzro aɖe me le Kiev be: “Mede dzesii be sɔhɛ gbogbo aɖewo hã va miaƒe takpekpea. Wonyoa dɔme na ame, wonya kpɔ, eye wonɔa agbe nyui. Aleke miehe woe be wole alea? Ðe ɖoɖo tɔxɛ aɖe koŋ le mia si na sɔhɛwoa? Mewɔa dɔ kple sɔhɛwo eye adzɔ dzi nam ŋutɔ be manya.”
Togbɔ be sidzedze dzie wòle be woatu adzɔgbeɖeɖe na Mawu ɖo ke menye ɖe seselelãme dzi o hã la, nyɔnyrɔ̃xɔxɔa ŋutɔŋutɔ nye nu ʋãme aɖe si de dzi gbɔ na ame. Le Moscow la amehawo tsi tre henɔ akpe sim tso esime nyɔnyrɔ̃xɔla 1,489 dze nyɔnyrɔ̃xɔƒe etɔ̃awo yiyi gɔme vaseɖe esime wonyrɔ̃ wo katã vɔ le gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ megbe.
Le Kiev, afisi ame 64,000 de takpekpea le la, wowɔ nyɔnyrɔ̃xɔƒe ade ɖe fefewɔƒea ƒe akpa aɖe. Esi nyɔnyrɔ̃nalawo de ade alo wu nenema le nyɔnyrɔ̃ƒe ɖesiaɖe ta la, wonyrɔ̃a amesiwo ade hame gã ɖeka le aɖabaƒoƒo eve ɖesiaɖe me. Ke hã wozã gaƒoƒo eve kple edzivɔ tsɔ na nyɔnyrɔ̃ae! Le ƒe 1958 “Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu” Dukɔwo Dome Takpekpe si wowɔ le New York me la, ame 7,136 ye xɔ nyɔnyrɔ̃. Gake le Kiev la, Yehowa Ðasefo yeye 7,402 siwo tso Ukraine kple dukɔ si woyɔna tsã be Soviet Union me va xɔ nyɔnyrɔ̃ lae nye Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si ŋu woŋlɔ nu tsoe kpɔ. Amesiawo nye Russiatɔ siwo tso anyigba siwo dzi nyitsɔ laa koe woɖe asi si woɖo Yehowa Ðasefowo dzi ƒe geɖe la ɖeɖe sɔŋ.
Belgrade-takpekpea me nu ɖedzesi aɖee nye takpekpevala siwo tso nuto siwo me aʋawɔwɔ de mamãe eye woɖe to ɖe wo la me. Takpekpedɔwɔla aɖe ka nya ta be: “Takpekpevala siawo da akpe zi geɖe ɖe mɔnukpɔkpɔ si su wo si be wokpe wo va takpekpea la ta. Gake ewɔ na mí be enye dzideƒo ŋutɔŋutɔ na mía dometɔ siwo te ŋu do go wo hekpɔ lɔlɔ̃ kple dzonɔameme si le wo si ɖe Biblia me nyateƒea ŋu.”
Le “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpeawo dometɔ geɖe me la, woxlẽ lɛta ʋãme aɖe si woŋlɔ tso Sarajevo le vuvɔŋɔli si va yi me. Lɛtaŋlɔla la gblɔ be: “Yame ƒe fafa anɔ 5° F [-15° C]. Mía kple srɔ̃nye kple vinyeŋutsu evee le xɔa me eye elektrikŋusẽ mele mía si o, nake si le mía si hã mesɔ gbɔ o . . . Míele tu siwo dana tre ɖe enu kple bɔmbwo ƒe wowo sem. Gake le míaƒe dzi me la, míeɖe dzi ɖi eye dzoxɔxɔ le mía me le nyateƒea kple ƒomedodo nyui si le mía kple Yehowa dome ta. . . . Míeɖe kuku na mi be mianɔ gbedodoɖa na Yehowa dzi ɖe mía ta be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ tsitre sesĩe eye míado dzi le ŋɔdzinu siawo katã me, ali ke le xɔse me. Míawo hã míele gbe dom ɖa ɖe mía ta!”
Dɔ Kae Wòwɔ ɖe Xexeame Dzi?
Ne ètsɔe sɔ kple ɖekamawɔmawɔ si dzena le xexemesubɔsubɔhawo dome la, àkpɔ be Ðasefowo to vovo sã. Gake le nyateƒe me la, dɔ kae wòate ŋu awɔ ɖe xexeame dzi? Nyadzɔdzɔmetola aɖe ŋlɔ nya si gbɔna la ƒe aɖewoe nye si va yi tso Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe ŋu: “Esɔ gbɔ be magblɔ be ne xexeame katã anɔ agbe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe [Biblia me] xɔsemeʋuʋu nu la, woatsi ʋukɔkɔɖeanyi kple fuléle nu, eye lɔlɔ̃ aɖu fia.”
Gake ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ medze Mawu ƒe nufiafia yome o. Wogbe toɖoɖo Mawu ƒe Vi Yesu Kristo kura gɔ̃ hã le ƒe alafa gbãtɔ me. Eyata ɖe wògbɔ eme akpa be míakpɔ mɔ be xexe aɖe si me ɖekawɔwɔ le ava gbaɖegbea? Aleke wòawɔ ava?
[Aɖaka si le axa 12]
ƔEDZEƑE EUROPA KPLE ASIA TAKPEKPEWO
Dukɔ Vavala Gbogbotɔ Nyɔnyrɔ̃-xɔlawo
Albania (takpekpe 1) 598 39
Bulgaria (takpekpe 1) 704 45
Czech-dukɔa (takpekpe 2) 20,025 620
Afisiwo woyɔna tsã be Soviet Union
Estonia (takpekpe 2) 4,732 383
Russia (takpekpe 3) 32,582 2,454
Ukraine (takpekpe 2) 69,333 7,797
Kyrgyzstan (takpekpe 1) 5,678 604
Afisi woyɔna tsã be Yugoslavia
Croatia (takpekpe 1) 5,003 157
Macedonia (takpekpe 1) 642 27
Serbia (takpekpe 1) 3,241 174
Slovenia (takpekpe 1) 1,961 69
Hungary (takpekpe 5) 22,191 798
Poland (takpekpe 13) 152,371 4,352
Romania (takpekpe 9) 36,615 2,375
Slovakia (takpekpe 2) 13,215 473
YE KATÃ: 368,891 20,367
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Amesiwo wu 64,000 sɔŋ kpe ta ɖe Republican Stadium le Kiev
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Biblia me nyateƒea na Xexemeʋa II me futɔ siwo tso Germania kple Ukraine va wɔ ɖeka
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]
Tadeagula 23,000 siwo wɔ ɖeka le Locomotive Stadium, Moscow
Wonyrɔ̃ ame 7,402 le Kiev kple ame 1,489 le Moscow
Takpekpevala siwo tso duta la tsɔ nuɖuɖu tɔn geɖe vɛ na amesiwo hiã tu
Etame kple titina: Gbevovovodola geɖewo kpe ta le ɖekawɔwɔ si me ŋutifafa le me Ete: Woɖi ɖase le Red Square
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Edzɔ dzi na takpekpevalawo esi woxɔ agbalẽ siwo nye “Biblia-Ŋutinya,” “School Guidebook,” kple agbalẽ gbadza yeyea le wo degbe me