INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 4/8 axa 30
  • Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aha Muame ƒe Amewuwu le Japan
  • Aƒelika Malɔ̃amewo
  • Kpɔ̃wo Le Vɔvɔm
  • Atamanono Kple Ƒu Siwo Ŋe
  • Chagas ƒe Dɔlélea Le Takekem
  • Xevi Siwo Ðo Afɔku Me
  • Nukatae Wòle Be Nàdzudzɔ Atamanono?
    Nyɔ!—2000
  • Ame Miliɔn Geɖe ƒe Agbe Le Dzudzɔ me Tsim
    Nyɔ!—1995
  • Atamawɔhawo Tsi Dzoya Me
    Nyɔ!—1996
  • Dzra Ðo Ðe Kuxiawo Ŋu
    Nyɔ!: Ale Si Nàwɔ Adzudzɔ Atamanono (brg1005)
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 4/8 axa 30

Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu

Aha Muame ƒe Amewuwu le Japan

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Daily Yomiuri ka nya ta be: “Amesiwo aha sina wokuna ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi le Japan ŋutɔ le ŋkeke siawo me.” Nusiwo gbɔ wòtso dometɔ ɖekae nye: alesi agbe gaɖo ikkinomi alo ahanono fũ me—esi fia be woano aha sesẽ madzudzɔmadzudzɔe. Edzɔna zi geɖe le nyaƒoɖeamenu alo le amedzizizi gɔ̃ hã si tsoa nukpɔla siwo doa ŋusẽ ahanola hekafunɛ la gbɔ la ta. Nuwɔna sia bu vie gake egatrɔ gbɔ le ƒe si va yi me. Miyako Omoto si nye nufiala le Toho ƒe Yunivɛsiti ƒe atikesrɔ̃sukua me tsɔ amedzizizi be woano aha sesẽ fũ la sɔ kple alesi woadze agbagba be woawu amee. Egblɔ be: “Afɔku le ikkonomi me elabena ame noa aha sesẽ wua esi eƒe ŋutilã ate ŋu axɔ do ŋgɔ na eƒe ŋutilã ƒe nuxlɔ̃mewo nana.” Tokyo ƒe Dzotsidɔwɔƒe gblɔ be wotsɔ ame 9,122 siwo aha si vevie la yi dɔnɔkɔdziwo le ƒe 1991 me—esi nye dzidziɖedzi 8 le alafa ɖesiaɖe me ɖe ƒe si va yi tɔa dzi. Ame ade ku le wo dome.

Aƒelika Malɔ̃amewo

Amekae màdi kura be wòanye wò aƒelika o? Nya mae Europatɔwo ƒe Nɔnɔmewo Ŋuti Nusrɔ̃ha bia ame 20,000 le dukɔ 14 me be woatsɔ akpɔ vɔvɔ̃ kple nazãbubu si le ame akpa gãtɔ me lae. The European de dzesii be: “Dukɔ si lɔ̃na be amewo nate ɖe ye ŋu lae nye Denmark.” Eye Portugal nye dukɔ si wogblɔ be womelɔ̃ ame ƒe nya le tututu o. Le aƒelika siwo ŋu AIDS dɔlélea le gome la, anyigba siwo dzi Katolikotɔwo sɔ gbɔ ɖo abe Italia, Spania kple Ireland ene, la ɖe fuléle fia wu, eye Belgiumtɔwo ɖe ŋutigbalẽ ƒe vovototodedeameme kple mɔmaɖemaɖe ɖe nu ŋu le mawusubɔsubɔ gome fia. Germaniatɔwo medi dunyahela zazɛ̃nyahelawo be woanye yewoƒe aƒelikawo o. Vovototo vi aɖe koe dze le ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe ame bubuwo malɔ̃malɔ̃ me. Gake edze abe ame bubuwo ƒe nya malɔ̃malɔ̃ le dukɔwo katã me tso nu ɖeka aɖe gbɔ ene—esi nye ƒe si ame xɔ. Ame tsitsiwo wɔa tiatia wu le amesi woadi be wòanye yewoƒe aƒelikawo la gome.

Kpɔ̃wo Le Vɔvɔm

New Scientist magazine ka nya ta be Bengal ƒe kpɔ̃ ʋee siwo le India ƒe dzɔdzɔmeve siwo woɖo ɖi dometɔ ɖeka me la le vɔvɔm. Esi woxlẽ kpɔ̃ siwo le Ranthambhor ƒe ave siwo woɖo ɖi me nyitsɔ laa la, wo ame 15 koe wokpɔ—wodzi ɖe kpɔtɔ tso 44 le ƒe etɔ̃ siwo va yi me ko. Mewɔ nuku o be lãwo wuwu madzemadzee gbɔe kuxia tso. Gake le ŋkeke siawo me la, amesiwo wua lãwo madzemadzee la le nu geɖe dim wu lãgbalẽ si nya kpɔ la dzaa ko. Wotsɔa kpɔ̃ƒuwo wɔa “kpɔ̃ƒuwein” si bɔ ŋutɔ le Asia ƒe dukɔ aɖewo me abe atike si doa ŋusẽ ame ene. Ameawo tsɔa nuɖuɖu si me aɖi le wua kpɔ̃awoe eye ɣeaɖewoɣi la ewua kpɔ̃viwo kple wo dadawo siaa. Ranthambhor ƒe ave si woɖo ɖi nye teƒe si wonyia kpɔ̃wo le tsã—esi nye agbagba si wodze be woakpɔ Bengal ƒe kpɔ̃wo ta be woagatsrɔ̃ o. Le ye katã me la, lã nyui siawo ƒe 6,000 vaseɖe 9,000 koe wobu be esusɔ le xexeame katã.

Atamanono Kple Ƒu Siwo Ŋe

Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Folha de ka nya ta be: “Ŋkekea de esime ƒuŋudɔdalawo gɔ̃ hã ade se na woƒe dɔnɔwo be woadzudzɔ atamanono.” S. Paulo si nye numekuku aɖe siwo wowɔ le ame 29 siwo ƒe ƒu ɖɔ li ŋu la ɖee fia be atike si me “nicotine” si le atamadzudzɔ me naa amesiwo noa atama atraɖii ƒe ʋukawo me sẽna ŋutɔ. Gake, amesiwo menoa atama o kple esiwo noe mede ƒe eve o la ƒe ʋukawo me te ŋu kena hemiãna nyuie wu, esi naa ƒu siwo ŋe la ɖoa eme kaba. Le mamã dedie me la, amesiwo menoa atama o ƒe ŋeŋe ɖoa eme zi 28 le alafa ɖesiaɖe me kabakaba wua amesiwo no atama ɣeyiɣi didi la tɔ. Hekpe ɖe eŋu la, ya si woyɔna be “carbon monoxide” gbɔgbɔ le atamanono me la ɖea ya si woyɔna be “oxygen” dzi kpɔtɔna, esi wɔnɛ be nunyiame meɖoa ƒu si ɖɔ li la gbɔ tututu o.

Chagas ƒe Dɔlélea Le Takekem

Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ka nya ta be dɔlékui si naa changas ƒe dɔléle le ame miliɔn 18 ŋu le Latin-Amerika, si ate ŋu ahe dzidɔ sesẽ kple ku gɔ̃ hã vɛ. Boliviatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El Diario gblɔ be ame miliɔn 90—si nye amewo ƒe xexlẽme ƒe akpa enelia—le Latin-Amerika ƒe dukɔ 17 me la le dɔlélea xɔxɔ ƒe afɔku me. Tredzɔ ƒomevi aɖe si woyɔna le Eŋlisigbe me be kissing bud naa dɔléle la. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Noticias Bolivianas ɖo aɖaŋu be woasi akalo na gliwo katã, woade lãwo kpɔwo me le aƒea godo tsɔ wu be woanɔ aƒeme, eye woadzra aƒeme ɖo nyuie be tredzɔ siwo me dɔlélea le la natsrɔ̃ ɖa. Nyadzɔdzɔgbalẽ ma ke gblɔ le ʋudodo ŋu be amesiwo donɛ dometɔ 47.6 le alafa ɖesiaɖe me le chagas ƒe dɔlélea xɔxɔ ƒe afɔku me. Eƒo nya ta be: “Enyo be woatsri ʋu abe alesi Biblia de see ene.”

Xevi Siwo Ðo Afɔku Me

Germania ƒe Nuwo Ta Kpɔkpɔ ƒe Habɔbɔ gblɔ be xevi hamehame 273 siwo le Germania dometɔ 166 le afɔku me. Wogblɔ be nusi gbɔe wòtsoe nye alesi wova xɔa anyigbawo dzi kple mɔdodowo, mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo ɖoɖo, agble gãwo dede, kple tsaɖiƒewo. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Franfurter Allgemeiner Zeitung gblɔ be togbɔ be wogblɔ be wokpɔ tawo, tsiʋuwo kple tsinyigba siwo le Germania ta hã la, afɔɖeɖe siawo mesɔ gbɔ akpɔ xeviwo ƒe ha abe tsalɛ ƒomevi aɖe si woyɔna be black tern kple aŋɔɣi ƒomevi si woyɔna be little bittern ene kple ƒu me hɔ̃ si ƒe ble le ɣie la ta o. Ne womekpɔ vuvɔŋɔli ƒe sitsoƒe si le xeviwo si abe esiwo le Afrika ene hã ta o la, ekema afisiwo woadzi vi ɖo ta kpɔkpɔ mate ŋu aɖe vi aɖeke o. Eyata agbalẽa gblɔ be: “Le go geɖe me la, nu nyuiwo ado tso nuwo ta kpɔkpɔ me ne dukɔwo wɔ nu aduadu le eŋu hafi.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe