Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukae Gblẽ le Nye Haƒoƒo Ŋu?
“Fofonye gblɔna be, ‘Tsi nu ma si le toli ɖem! Ele tome vem nam!’”—Ŋutsuvi ƒewuivi aɖe.
“Rap music” alo Hadzidzi si ƒe nyagbewo ɖeɖeko wogblɔna dometɔ aɖewo nyɔa ŋu ŋutɔŋutɔ.”—Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe.
“MEGBLẼ boo o. Nukatae dzinyelawo tsɔ nye haƒoƒo le nya wɔmee?” Aleae Jodie he nya gblɔ. Lisette si xɔ ƒe 13 hã sena le eɖokui me nenema ke. Ete tɔ ɖe edzi be: “Hadzidzi koe wònye ɖe.”
Ðe wò hã nèhea nya kple dziwòlawo ɣesiaɣi le haƒoƒo ŋua? Ne nenemae la, ekema woanɔ nya hem ɖe ŋuwò, anɔ ŋɔdzi dom na wò, eye woanɔ se gbogbo dem na wò ɣesiaɣi si nèʋu wò haƒomɔ̃ be yease ha si vevia nuwò la. (“Fofonye gblɔna be, ‘Tsi nu ma si le toli ɖem! Ele tome vem nam’” Aleae ŋutsuvi aɖe si nye ƒewuivi gblɔ.) Ne nyahehea te ɖeɖi ŋuwò la, awɔ na wò be ye dzilawo tsɔ nyamaɖinyɛ le nya wɔmee.” Nyɔnuvi aɖe si nye ƒewuivi la gblɔ be: “Ke esime woawo ya wonye sɔhɛwo ya ɖe? Ðe wo dzilawo hã mebui be woƒe haƒoƒoa nye nu gbegblẽ oa?”
Eƒe nya nye nusi dze be míabu tame le eŋu. Le ŋutinya katã me la, ame tsitsiwo kple ɖeviwo ʋli nya le nusi nyo woa ŋutɔwo ŋu la ŋuti. Eyata nukatae wòle be nàdzudzɔ toɖoɖo wò haƒoƒo le esi medzɔa dzi na dziwòlawo o ta? Nuka koŋ ye gblẽ le wò haƒoƒo ŋu?
Haƒoƒo—Akpa si Wòwɔna le Agbe Me
Ame aɖeke mele gbɔgblɔm be haƒoƒo nye nu gbegblẽ o. Biblia la ŋutɔ ƒe akpa aɖewo—vevietɔ psalmowo—gbã la nye hagbe siwo woŋlɔ ɖi. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, hadzidzi xɔ akpa vevi aɖe le Mawu ƒe tadedeagu me. (Psalmo 149:3; 150:4) Wogadzia ha tsɔ ɖea dzidzɔ, aseyetsotso, kple nuxaxa fiana. (Mose I, 31:27; Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:34; Samuel I, 18:6, 7; Mateo 9:23, 24) Le Yesu Kristo ŋɔli la, wobɔna dzia ha le hadomekpekpewo me; enaa dzidzɔkpɔkpɔ geɖe nɔa wɔna siawo me.—Luka 15:25.
Haƒoƒo gaxɔ akpa vevi aɖe egbea—vevietɔ le sɔhɛwo dome. The Journal of the American Medical Association gblɔ be: “Tso ƒe 12 vaseɖe 18 la, ƒewuivi tsɔa gaƒoƒo 10,500 sea haƒoƒo si ɖina sesĩe si woyɔna be “rock music” esusɔ vie wòade gaƒoƒo agbɔsɔsɔme siwo wòzã le sukuxɔ me tso abɔdzokpo vaseɖe suku kɔkɔ nuwuwu la nu kloe!.”
Numekuku siwo wowɔ ɖee fia be sɔhɛ siwo le United States ƒe akpa gãtɔ lɔ̃a “rock” alo “pop” haƒoƒo koŋ sese. (Be hawo ƒe ŋkɔwo yɔyɔ nanɔ bɔbɔe la, míazã nya siwo nye “rock” kple “pop” atsɔ afia haƒoƒo ƒomevi siwo katã kloe bɔ ɖe sɔhɛwo dome—tso haƒoƒo si nyɔa ame ƒe seselelãme kple esi nana woɖea dziku fiana dzi vaseɖe esi ƒe nyagbewo ɖeɖeko wogblɔna si woyɔna be “rap” kpakple “heavy metal” la dzi.) The World Book Encyclopedia gblɔ be rock-haƒoƒo la meganye Amerika-sɔhɛwo ɖeɖeko tɔ o. Eva zu xexeame katã ƒe ha.”
Rock-Haƒoƒo ƒe Amedzodzro
Nukatae haƒoƒo si ɖina sesĩe si woyɔna be “rock” la bɔ alea gbegbe ɖo? Agbalẽ si nye Youth Trends gblɔ be “rock” va zu abe “gbe aɖe si sɔhɛwo katã dona ene.” Eyata ewɔna na sɔhɛ aɖewo be nusi xɔ ŋkɔ le hadzidzi me nyanya—esi nye hadziha kple hadzidzi siwo le tsia dzi fifia nyanya—kpena ɖe yewo ŋu be sɔhɛ bubuwo naxɔ yewo ɖe hadome. Hadzidzi tea sɔhɛwo ƒoa ƒu ɖekae eye wònana woɖoa dze tso nu geɖe ŋu.
Gake le sɔhɛ geɖe gome la, ne woɖe wo ɖokui ɖe aga hafi wosea vivi na haƒoƒo. Ðe nuwo me sesẽ na wò le suku kpɔa? Ekema ɖewohĩ èle abe nyɔnuvi ƒewuivi si ŋkɔe nye Bree ene, amesi gblɔ be: “Menɔa anyi ɖe nye xɔ me ʋua haƒomɔ̃ la sesĩe henɔa egbɔ nɔ esem. Eɖea xaxa kple nyaƒoɖeamenu si le dzinye ɖa le mɔ aɖe nu.” Togbɔ be woɖea ɖeklemi le rock-haƒoƒo la ŋu be eɖea toli ame eye wòdea dzi bobobo hã la, ha nyanyɛ siawo dometɔ geɖe nya sena eye wotsɔ saŋku ƒomevi vovovowo ƒo woe.
Gake le ame bubuwo gome la, ha la ƒe ɖiɖie hea wo. Esi wobia nyɔnuvi aɖe be nukatae haƒoƒo si me nyawo ɖeɖeko wogblɔna dzɔa dzi nɛ hã la, eɖe eme be: “Eyae nye hadzidzi bɔbɔetɔ kekeake si dzi woaɖu ɣe ɖo.” Gake hagbeawo hea ame bubuwo hã. Ha siwo wokpa na sɔhɛwo koŋ, esiwo nye pop-haƒoƒo ƒe nyawo nyɔa seselelãme vovovo ɖe wo me eye wònana wotsia dzodzodzoe ŋutɔ. Hadzidzi si ƒe nyagbewo ɖeɖeko wogblɔna ɖe dzesi vevie le esi wòhea susu yia fifi nyadzɔdzɔwo abe ŋutigbalẽ ƒe vovototodedeameme kple hadomenu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzii ene ta. Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Dan si ƒe nyawo woyɔ ɖe Newsweek magazine me la he nya be: “Meʋua radio la eye alesi susu menɔa ha siwo wodzina ƒe akpa gãtɔ ŋu doa tsum. Ŋutinya kple nu ŋutɔŋutɔwo le rap-haƒoƒo la me. Enya sena.”
Gake nusi fiam hadzidzi la le ŋue dziwòlawo atsi dzi ɖo vevie wu.
Nusi Hadzidzi si ƒe Nyagbewo Ðeɖeko Wogblɔna la Fiana
Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le hadzidzi si ƒe nyagbewo ɖeɖeko wogblɔna la ŋu kpɔ. Le haƒoƒo sia me la, wogblɔa hagbewo ɖeɖeko, ke womedzia wo o kplɔa saŋkuƒoƒo sesĩe la ɖo. Gake naneke megblẽ le ha sia ŋu o. Hadzidzi siwo ŋu amewo doa vivi ɖo le ƒe geɖe siwo va yi me la nye esiwo me hagbe siwo wogblɔna kple nu la nɔ. Gake zi geɖe la, haƒoƒo si ƒe nyagbewo ɖeɖeko wogblɔna la wɔa nukpɔsusu sia ŋudɔ wògbɔa eme.
Woka nya ta be haƒoƒo sia si wogayɔna be “hip-hop” la va xɔ ŋkɔ le ƒe 1970 ƒeawo me le New York Dugã ƒe ɣeɖuhabɔbɔ sue siwo dugã me sɔhɛwo dena vevie la me. Ne amesiwo ƒoa ha le ɣeɖuhabɔbɔwo me de asi hagbewo gbɔgblɔ me kpe ɖe haƒonuwo ƒe ɖiɖi si wolé ɖi ŋu la, ɣeɖulawo tsɔa kpotiti dea asi ɣeɖuɖu me. Eteƒe medidi hafi wova nɔ hadzidzi si ƒe nyagbewo ɖeɖeko wogblɔna le ablɔ dzi kple aƒewo me dzim le dutoƒo o. Eteƒe medidi hafi hadzila siawo siwo tɔ ŋkɔ sesẽwo abe woƒe hadzidziwo ene—esiwo nye “Public Enemy,” “M.C. Hammer,” kple “Vanilla Ice”—va nɔ woƒe ha siwo ɖina abe dziɖegbe ene dzim le radio kple television dzi o.
Enye dzidzɔ ŋutɔ be esi Nyɔ! ƒe nyatakala aɖe bia sɔhɛ Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me nɔlawo ƒe ŋutigbalẽ le vovovo le dugã me nuto aɖe me be, “Ðe mia dometɔ geɖe ɖoa to sea hadzidzi si ƒe nyagbewo ɖeɖeko wogblɔna laa?” hã la, ewɔ nuku be wo dometɔ akpa gãtɔ ɖo eŋu be be, ẽ! Egabia be: “Hadzidzi sia ƒe nukae doa dzidzɔ na mi?” Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe ɖo eŋu be: “Eƒe ɖiɖie. Ðeko wònɔ ɖiɖim tẽ eye esese nɔa bɔbɔe.” Ame bubu ɖo eŋu be: “Àte ŋu aɖu ɣe ɖe edzi.” Gake womete ŋu ɖo nya bubu si wògabia ɖe eyome la ŋu kple dzidzɔ o. Ebia be: “Ðe hadzidzi siawo dometɔ aɖewo gblẽ na Kristotɔwoa?”
Esi ɖoɖoe zi sẽ la, nyɔnuvi aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Hadzidzi siawo dometɔ aɖewo nyɔa ŋu ŋutɔŋutɔ.” Ame bubuwo melɔ̃ ɖe eƒe nya dzi kple dzidzɔ o. Le nyateƒe me la, eva dze ƒã be hadzidzi siwo ŋu nya ku ɖo gbogbo aɖewo nɔ nyanya na sɔhɛawo dometɔ geɖe—esiwo nye hadzidzi siwo doa agbegbegblẽnɔnɔ kple nu tovo wɔwɔ ɖe ŋgɔ wògbɔ eme ale gbegbe. Wo dometɔ aɖewo ʋu eme be nya gbegblẽwo gbɔgblɔ dze le hadzidzi siawo dometɔ geɖe me ŋutɔ.
Ẽ, hadzidzi siawo ƒe akpa gãtɔ hea susu yia aglãdzedze, nuvlowɔwɔ, dzikudodo, ŋutigbalẽ ƒe vovototodedeameme, kple gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzrowo dzii. Hadzidzi sia dzi kpɔla Daniel Caudeiron, si nye “Black Music” ƒe Habɔbɔ si le Kanada ƒe ŋgɔnɔla si kafu hadzidzi sia be “ewɔa dɔ nyui ɖe ame dzi” la lɔ̃ ɖe edzi be ha sia ƒe akpa gãtɔ nye esi me fuléle nyɔnuwo kple wo tsitsri ɖikaɖika kple ɣeaɖewoɣi la nya gbegblẽwo gbɔgblɔ dzena le.”—Maclean’s, November 12, 1990.
Agbenɔnɔ si Ha Sia Fiana
Le nyateƒe me la, menye agbegbegblẽnɔnɔ alo nuvlowɔwɔ ye dzena le ha siawo katã me o. The New York Times ƒe nyati aɖe gblɔ be wotrɔ asi le wo dometɔ aɖewo ŋu be woahe susu ayi taɖodzinu nyuiwo abe sukudede, atike muame manomano, kple hadomefulélewo tsitsri ene dzii. Gake togbɔ be nya aɖeke maku ɖe esiwo me nya gbegblẽwo medze le o ŋu o hã la, mefia be wo katãe nyo o. Esime Newsweek tsɔ dzidzenu si dzi woda asi ɖo, si sɔ kple, United States ƒe sinimawo bubu ɖe esiwo nyo dome ƒe ɖoɖo bu hadzidzi siawo ƒe kasɛt ewo siwo le tsia dzii la, wo dometɔ eve koe wobu be wonye esiwo sɔ be woase. Newsweek bu kasɛtawo dometɔ ene be wonye esiwo ame tsitsiwo dzaa ko ase eye wobu wo dometɔ eve be womenyo kura o le “nya gbegblẽwo gbɔgblɔ” kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susu siwo dze le wo me ta.
Hekpe ɖe eŋu la, nusi hadzidzi sia fiana la mese ɖe eƒe nyagbewo ɖeɖeko dzi o. Hadzidzi sia trɔa amewo ƒe nuwɔnawo vevie. Ƒewuivi miliɔn geɖe doa awu siwo lolo wu wo, wodoa afɔkpa siwo kɔ gbɔ woƒe afɔkpodzi ŋu eye womesaa ka na wo o, wodoa dziwui siwo lolona gbloto ɖe wo ŋu, sikakɔsɔkɔsɔwo, woɖɔa baseball-kukuwo, kple gaŋkui yibɔ siwo sɔna ɖe hadzidzi sia ƒe nudodowo nu. Wo dometɔ geɖe hã srɔ̃a hadzila siawo ƒe ɣeɖuɖu ɖe ha dzi siwo gbɔ eme kple woƒe agbenɔnɔ hã. Eye ewɔa mo yaa na dzilawo kple nufialawo be amemabunyawo abe “kpɔ ɖa woè!” kple “aɖɔnyawo” ene—esiwo nye nya siwo dugã me sɔhɛwo kafuna le hadzidzi sia me—va xɔ gbesiagbe ƒe nuƒoƒo me.
Hadzidzi sia ate ŋu anye aglãdzedze ɖe nu madzɔmadzɔ siwo wɔm wole ŋu ɖeɖe fia. Gake ne míebu nusi hadzidzi sia wɔna ŋu la, eganyea aglãdzedze ɖe Mawu-vɔvɔ̃ ƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbenɔnɔ, awudodo, kple nuƒoƒo ŋu, hã ŋuti. Ðe Kristotɔ adi be yeato yeƒe hadzidzi si doa dzidzɔ na ye me aƒo ye ɖokui ɖe agbenɔnɔ si medze o la mea?
Gake menye hadzidzi sia koe nye esi gblẽ eye wògbɔa eme akpa o. Time magazine ka nya ta be: “Nya gbegblẽwo gbɔgblɔ le egbegbe Amerikatɔwo ƒe hadzidzi ɖesiaɖe kloe me. Ha siwo woyɔna be “heavy-metal” dzila siwo ƒe ŋkɔ nye Motley Crüe wɔa satanasubɔsubɔ ƒe nuwo fiana eye esi woyɔna be “Beastie Boys” hã wɔa ɖokuigbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna fiana le hadziƒea.” Biblia la gblɔe ɖi be “le ŋkeke mamleawo me la . . . ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.” (Timoteo II, 3:1, 13) Eyata ɖe wòle be wòawɔ nuku na wò be egbegbe hadzidziwo ƒe akpa gãtɔ fia nu gbegblẽ sɔhɛ Kristotɔwoa?
Eyata dziwòlawo tɔ adzɔ be woatsi dzi vevie ne èɖoa to sea hadzidzi si ƒe nyagbewo ɖeɖeko wogblɔna alo ha siawo ƒomevi siwo gbɔ eme akpa la. Ðewohĩ woavɔ̃ be hadzidzi siawo sese edziedzi agblẽ nu le ŋuwò. Ðe woƒe vɔvɔ̃ asɔa? Míaƒe nyati si agava la aɖo biabia sia ŋu.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]
Egbea sɔhɛ geɖewo srɔ̃a hadzidzi si ƒe nyagbewo ɖeɖeko wogblɔna la dzilawo ƒe awudodo kple woƒe nɔnɔme