INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 10/8 axa 3-4
  • Hadzidzi ƒe Ŋusẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hadzidzi ƒe Ŋusẽ
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxi aɖe si Ŋu Nàtsi Dzi Ðo
  • Ðe Haƒoƒo Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ŋunye Vavãa?
    Nyɔ!—1993
  • Nukae Gblẽ le Nye Haƒoƒo Ŋu?
    Nyɔ!—1993
  • Ðe Mate Ŋu Akpɔ Videohaƒoƒowoa?
    Nyɔ!—2003
  • Nusita Hadzidzi Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzi
    Nyɔ!—1999
Nyɔ!—1999
g99 10/8 axa 3-4

Hadzidzi ƒe Ŋusẽ

“Hadzidzi kple eƒe atsyã wɔdɔɖeamedzi ɖeɖe ate ŋu ana susu si le tsaglãla tsam kple susu si me fuɖenamewo yɔ fũ la nadze akɔ anyi eye eme nafa miaa.”

NENEMAE William Congreve ŋlɔ ɖe eƒe Hymn Harmony me, anɔ ƒe 300 enye esi va yi. Ƒe alafawo do ŋgɔ la, blema Hela nuŋɔŋlɔwo gblɔ be, “hasɔsrɔ̃ nye dɔwɔnu si ŋu ŋusẽ le wu hehexɔxɔ bubu ɖesiaɖe, elabena hagbeawo ƒe tsɔtsɔme kple gbe vovovoawo ƒe ɖoɖonunɔnɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi dea dzia gbɔ ke.”

Dzila aɖewo kpɔ esia ƒe nyateƒenyenye dze sii esi wode dzesii be ne yewoƒe vi siwo tsɔa heavy metal hawo sese ɖoa dɔe ɖo to haawo vɔ megbe la, wodoa dziku kabakaba heɖea wo ɖokui ɖe aga eye womegasea ame ƒe gbe o. Hadzidzi ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi dze le ƒe 1930 kple 1940 ƒeawo hã me le Germany, esime Nazi srafowo zãa hadzidzi dedzolãmenamewo tsɔ lɔa gbɔe, tsɔ kpea ameha gãwo na toɖoɖo Adolf Hitler ƒe nuƒo siwo wɔa dɔ ɖe ame dzi la sese.

Dikeke mele eme o be hadzidzi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe susu kple dzi dzi eye woate ŋu azãe aɖaŋutɔe atsɔ akpɔ ŋusẽ nyui alo gbegblẽa ɖe amewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, woxɔe se be ɖevi suewo ƒe toɖoɖo ha aɖewo dzia woƒe tamebubuŋutete ɖe edzi eye wònaa wotsina nyuie le seselelãme gome. Amesiwo kukɔna gɔ̃ hã te ŋu dzia ha me nya aɖewo siwo womate ŋu agblɔ ne nu ƒomee wole o la ɣeaɖewoɣi.

Anthony Storr gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Music and the Mind me be ŋusẽ si hadzidzi kpɔna ɖe dɔnɔ siwo le tagbɔdɔ lém, si wɔnɛ be womegate ŋu zɔna nyuie o dzi, nye nusi wɔa nuku ɣeaɖewoɣi. Storr gblɔ nyɔnu aɖe si le dɔ sia lém ƒe kpɔɖeŋu be: “[Lãmetutudɔ] wɔe be nyɔnu sia tsi teƒe ɖeka, megate ŋu tsona o, enɔa nɔnɔme sia me vaseɖe esime wòaɖo ŋku ha aɖewo si wònya le eƒe ɖevime dzi. Esia doa ŋusẽe enumake wògate ŋu zɔna.”

Kuxi aɖe si Ŋu Nàtsi Dzi Ðo

Edze abe viɖe aɖewo tsoa ŋusẽ si ha kpɔna ɖe ame dzi me ene. Gake afɔku si nye be amegblẽku alo ŋuklẽla aɖewo ate ŋu azã ha ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi abe dɔwɔnu si dzi woato agblẽ nu le amewo ŋu ene la li. Numekuku aɖewo ɖee fia be ha ƒomevi aɖewo gbɔe nɔnɔme siwo tsi tre ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu ƒe nuwɔna aɖewo tso.

Psychology of Women Quarterly gblɔ tsɔ de nya mawo dzi be: “Kpeɖodzi aɖewo li si ɖee fia be rock-videowo kpɔkpɔ kpɔa ŋusẽ ma ke si amamaɖeɖefoto kpɔna ɖe ame dzi, elabena ŋutsu siwo kpɔa rock-video siwo me woɖea ŋutasẽnuwɔwɔwo le sẽa ŋuta hewɔa ŋlɔmi le nyɔnuwo ŋu wu ŋutsu siwo kpɔa rock-video siwo me womeɖea ŋutasẽnuwo le o.”

Menye ŋutsuwo dzi koe wòkpɔa ŋusẽ sia ɖo o. Ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nyɔnuwo hã dzi. Nyatakaka ma ke gblɔ kpee be: “Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ate ŋu anɔ nu wɔm wòasɔ kple gbɔɖiɖi nyɔnuwo ƒe nukpɔsusu manyomanyo siwo le ha siawo me.”

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Sex Roles da asi ɖe nyataƒoƒo sia dzi esi wògblɔ be: “Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa . . . ɖee fia be nu eve siwo nye dzidzɔmakpɔmakpɔ le ƒomea me kple hadzidzi ƒe videowo kpɔkpɔ atraɖii gbɔ koŋue gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna siwo bɔ ɖe ɖetugbiviwo dome tso.” Rap-ha aɖewo me nya siwo kafua ŋutasesẽ kple gbɔdɔdɔ nuwɔnawo gaglãa na be United States ƒe nutome gã ƒe ʋɔnudrɔ̃la aɖe tso nya me be kasɛt aɖewo si dzi wolé rap-hawo ɖo nye “ŋunyɔnu, le hadomedzidzenuwo nu.”

Ðe ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nya me sẽ akpa? Gbeɖe! Magazine si nye Adolescence ƒo nya ta be: “Sɔhɛwo kple wo dzilawo siaa ka nya ta be nu manyatalenu geɖe nɔa sɔhɛ siwo ɖoa to heavy metal kple rap-hawo ƒe agbe me.” Fuɖename mawo gbɔe “nuwɔwɔ adãtɔe kple agbenɔnɔ siwo gblẽa nu le ame ŋu” kpakple agbagbamadzemadze le suku tsona.

Nyateƒee, kpeɖodziwo li be kadodo le ha ƒomevi aɖewo kple gbɔdɔdɔ, ameɖokuiwuwu, kple nɔnɔme siwo tsi tre ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu dome. Gake ɖe esia fia be ha ɖesiaɖe gblẽa nu nenema? Xlẽ nusi nyati siwo gbɔna gblɔ tso esia ŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Hadzidzi ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo gbegblẽa ɖe amewo ƒe dzi kple susu dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe