Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Tsitretsiɖeŋuwo Kple Aglãdzedzewo—Ðe Woate Ŋu Atrɔ Xexeamea?
“ELE BE Míagblɔ Míaƒe Nukpɔsusuwo Kple Dzideƒo, Ele Be Míalɔ Gbɔ.” Tanya mae wona nuŋɔŋlɔmetola ƒe nyati si wòŋlɔ ɖe National Catholic Reporter, si nye Roma Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Persian Gulf-ʋa ƒe dzɔdzɔ le ƒe 1991 me. Esi nyatia nɔ eƒom ɖe exlẽlawo nu be woakpɔ gome le ŋutifafa ƒe gbɔlɔlɔwo kple aglãdzedzewo me le United States katã la, eyi edzi be: “Ahiã na ame miliɔn geɖe ƒe ŋutifafa ŋuti agbagbadzedze vevie ɣesiaɣi be míakpɔ dziɖuɖu sia ƒe numanyamanya kple ɖokuidodoɖedzi adze sii . . . . Ele be amewo nalɔ gbɔ.”
Míesea nya mawo tɔgbe zi geɖe egbea si ƒonɛ ɖe amewo nu be woatso ɖe nuwɔwɔ ŋu. Le esi dunyahehe, ganyawo, kple nutomekuxiwo le ŋɔdzi dom na amegbetɔƒomea ƒe nyonyo ta la, eƒonɛ ɖe amewo nu be “woalɔ gbɔ” le tsitretsiɖeŋuwo, ŋudɔdɔwo, kple aglãdzedzewo me. Nusiwo tae wolɔa gbɔ ɖo la tso nutome ƒe nuvlowɔwɔ nu tsitsi dzi vaseɖe xexeame katã ƒe ŋutifafa ɖoɖo anyi dzi. Enye nusi hea susu na ame be sɔlemehawo kple subɔsubɔhaŋgɔnɔlawoe daa asi ɖe gbɔlɔlɔ siawo ƒe akpa gãtɔ dzi.
Ke ɖe wòsɔ be Kristotɔwo naƒo wo ɖokui ɖe gbɔlɔlɔ siawo mea? Eye ɖe tsitretsiɖeŋuwo—eɖanye ʋunyaʋunya ƒe gbɔlɔlɔ, alo adãmoɖoɖo ƒe ŋudɔdɔ si me wosia bosomikaɖiwo le o—ate ŋu atrɔ xexeame wòanyo wu vavãa?
Gbɔlɔlɔwo—Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Eŋu
Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala aɖe ƒo nu tso aglãdzedze ƒe gbɔlɔlɔwo ŋu be enye “mɔ wɔdɔ aɖe koŋ si dzi wotona gblɔa dunyahenyawo . . . be woatsɔ aƒoe ɖe dziɖula siwo mele naneke wɔm o la nu be woaɖe afɔ siwo hiã la.” Ẽ, zi geɖe la amesiwo lɔa gbɔ le tsitretsiɖeŋu me la wɔnɛ kple susu be yewoƒe agbagbadzedze ɖekae ate ŋu aɖɔ madzɔmadzɔnyenye kple nu tovo wɔwɔ siwo kpɔm wole le hadome- kple dunyahenuɖoanyiwo me la ɖo.
Gake kpɔɖeŋu kae Yesu Kristo ɖo ɖi na eyomedzelawo? Yesu nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Yudatɔwo nɔ Roma-fiaɖuƒe ƒe ŋutasẽdziɖuɖu te me. Le nyateƒe me la, amewo nɔ gbɔdzɔe dim vevie tso Romatɔwo ƒe ameteteɖeanyi ƒe kɔkuti te. Ke hã la Yesu mede dzi ƒo na eyomedzelawo be woalɔ gbɔ le tsitretsiɖeŋu me, alo aƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me le mɔ bubu aɖeke nu o. Ke boŋ egblɔ zi geɖe be yeƒe nusrɔ̃lawo ‘manye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’—Yohanes 15:19; 17:16; kpɔ Yohanes 6:15 hã.
Nenema ke esi dziɖuɖumegãwo lé Yesu madzemadzee la, medze agbagba be yeana amewo natsi tre ɖe wo ŋu o, togbɔ be ate ŋu awɔ ema bɔbɔe hafi ne ɖe wòlɔ̃ hã. Le ema teƒe la, egblɔ na Roma-mɔ̃mefia be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la, nye fiaɖuƒe metso afisia o.” (Yohanes 18:33-36) Esi nyaʋiʋli do mo ɖa la, Yesu mewɔ tsitretsiɖeŋunu aɖeke o le esi wònya be ehiã be yemanye xexeame ƒe dunyahenyawo ƒe akpa aɖeke o ta. Eye exlɔ̃ nu eyomedzelawo be woawɔ nenema ke.
Eyata ame ɖokui ƒoƒo ɖe aglãdzedze ƒe gbɔlɔlɔwo me anye Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ƒe gɔmeɖose vevi si Yesu fia la dzi dada. Gawu la, ame ɖokui ƒoƒo ɖe nu ma me ate ŋu akplɔ ame ade nuwɔna bubu si medze Kristotɔwo kura o me. Le mɔ ka nu? Zi geɖe la, gbɔlɔlɔ si wowɔ kple susu nyuiwo ɖea aglãdzegbɔgbɔ fiana, esi wɔnɛ be gbɔlɔlawo va wɔa nu abe asrafowo ene, wodzua ame, alo wɔa adã. Ame ɖokui ƒoƒo ɖe nuwɔna manɔsenuwo kple kplamatsedonuwo wɔwɔ me ana woaɖo to ame ya, gake mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nuxɔxlɔ̃ be ‘míabɔbɔ mía ɖokui na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na’ eye be ‘míanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me’ la o. (Romatɔwo 12:18; 13:1) Le esi teƒe be Biblia nade dukɔmeviwo ƒe tomaɖomaɖo ƒe dzi ƒo la, eƒoe ɖe Kristotɔwo nu be woanɔ agbe nyui le dukɔwo dome, eye woayi edzi abɔbɔ wo ɖokui na amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo, nenye be nu medzea dziɖula mawo ŋu o alo womesea nu gɔme o gɔ̃ hã.—Petro I, 2:12, 13, 18.
Gake ame aɖewo gblɔ be: ‘Menye gbɔlɔlɔwo katã mee wowɔa nu le abe asrafowo ene alo wɔa ʋunyaʋunya le o.’ Ele eme nenema ya, eye edze abe gbɔlɔlɔ aɖewo ɖea vi ene. Gake ɖe tsitretsiɖeŋuwo—nenye be wowɔe le ŋutifafa me eye wònye susu nyui aɖe tae wowɔe ɖo kura gɔ̃ hã—ate ŋu atrɔ xexeame wòanyo wu nyateƒea?
Ðe Woate Ŋu Atrɔ Xexeamea?
Kristotɔwo tsɔa ɖe le eme vevie na woƒe aƒelikawo eye wodina be yewoakpe ɖe wo ŋu. Gake ɖe ame ɖokui ƒoƒo ɖe aglãdzedze ƒe gbɔlɔlɔwo me nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato akpe ɖe wo ŋua? Agbalẽ si nye Demonstration Democracy gblɔ be: “Dunyahehe ƒe dɔwɔnu aɖeke mate ŋu awɔ nu gobii aɖeke o.” Ðikekemanɔmee la, kuxi siwo dze ŋgɔ ameƒomea ɖeɖe ɖa bia be woawɔ tɔtrɔ siwo womate ŋu ato tsitretsiɖeŋu alo gbɔlɔlɔ dzi awɔ o la.
Yesu gblɔ nya mawo tɔgbe esime wònɔ nu ƒom tso subɔsubɔnuɖoanyi si xɔ ƒe alafa geɖe ŋuti le eƒe ŋkekea me. Egblɔ le subɔsubɔnuɖoanyi ma si wɔa alakpanu si me Farisitɔwo nɔ la ŋuti be: “Ame aɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi hekaa avɔ xoxo o; elabena nuɖeɖi si wotsɔ kae la, aho avɔ la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu la awu tsãtɔ.” (Mateo 9:16) Nya ka gblɔm Yesu le? Eyae nye be Kristotɔnyenye vavãtɔ mawɔ ɖeka kple nuɖoanyi vɔ̃ɖi si do xoxo si woaɖe ɖa kpuie la o. Enya be nuɖoanyi si ŋu wɔna vɔ le la ɖɔɖɔ ɖo anye nu gbɔlo wɔwɔ.
Nenema ke wòle le xexemenuɖoanyi si he madzɔmadzɔnyenye, ŋutasesẽ, kple ameteteɖeanyi va ameƒomea dzi ƒe alafa geɖe hã gome. Nyagblɔla 1:15 gblɔ tẽ be: “Womate ŋu adzɔ nu gɔglɔ̃ o.” Ẽ, eɖanye agbagba nyui ka dzem wole o, womate ŋu aɖɔ egbegbe xexemenuɖoanyi sia ɖo o. Nukata womate ŋui o? Elabena abe alesi Yohanes gblɔe ene la, ‘xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ,’ si nye Satana Abosam ‘si me.’ Yesu yɔ ame ma be “xexe sia me fia.” (Yohanes 12:31) Zi alesi nuɖoanyi sia kpɔtɔ le Satana ƒe ŋusẽ te kokoko la, ɖɔɖɔɖo aɖeke mahe gbɔdzɔe mavɔ vɛ o.
Esia mefia be Kristotɔwo metsɔa ɖeke le xexeame ƒe kuxiwo me alo medina be yewoawɔ afɔɖeɖe nyui aɖeke o. Le nyateƒe me la, wogblɔ na Kristotɔwo be woado vevie nu, menye le tsitretsiɖeŋuwo me o, ke boŋ le dɔ si nye gbeƒãɖeɖe kple nufiafia tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu me—esi nye Fiaɖuƒedziɖuɖu si tututu Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia. (Mateo 6:10; 24:14) Biblia la ɖee fia be Fiaɖuƒea madze agbagba be yeagbugbɔ xexe si gbɔ ɖɔɖɔɖo me yi la ɖo o; aɖe dziɖuɖu vɔ̃ɖi kple hadomenuɖoanyi siwo tea ameƒomea ɖe to la ɖa keŋkeŋ, eye wòaɖo nuɖoanyi si ate ŋu ahe dzɔdzɔenyenye kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ va anyigba dzi godoo la ɖe eteƒe. (Daniel 2:44) Le nuɖoanyi ma te la, mahiã be ame aɖeke nalɔ gbɔ le tsitretsiɖeŋu me o, elabena Yehowa Mawu, amesi ‘tsɔa nugbagbewo katã ƒe nudidi ɖia ƒo na woe’ la akpɔ egbɔ be wokpɔ míaƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na mí pɛpɛpɛ.—Psalmo 145:16.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 18]
Dɔwɔlawo ƒe aglãdzedze, Leslie’s