Ale Si Míadzra Ðo Ðe Subɔsubɔ Kpekpea Ŋu
1. Taɖodzinu ka tae wowɔ ɖoɖo ɖe Subɔsubɔ Kpekpea ŋu, eye aleke míawɔ wòaɖe vi na mí geɖe wu?
1 Subɔsubɔ Kpekpea ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖo ɖi be míate ŋu atse ku le subɔsubɔdɔa me. Nu vevi siwo míesrɔ̃na le kpekpe sia me woe nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nya nyuia, nusrɔ̃lawo wɔwɔ, kple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si le aƒe tum la ŋuti nya gbɔgblɔ na amewo. (Mat. 28:20; Mar. 13:10; 2 Pet. 3:7) Kpekpe vevi sia me nufiafiawo ɖea vi na mí geɖe wu ne míedzra ɖo nyuie hekpɔ gome le eme.
2. Alekee míate ŋu adzra ɖo ɖe nuƒowo sese ŋu?
2 Nuƒowo: Zi geɖe la, wofiaa asi agbalẽ si me woɖe nuƒowo me nyawo tso la le mɔfiame siwo wona ku ɖe dɔa ŋu me. Àte ŋu ato nyatia me, axlẽ mawunyakpukpuiawo, ahabu ale si nàte ŋu awɔ nufiamea ŋu dɔ le wò subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ŋu.
3. Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro ŋu?
3 Nyabiabia Kple Ŋuɖoɖo Ƒe Numedzodzro: Woakpɔ akpa sia dzi abe ale si ko wowɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ene. Woadze egɔme kple ŋgɔdonya kpui aɖe ahaƒo eta kple nyataƒonya kpui aɖe. Te fli ɖe nya veviawo te le memama ɖe sia ɖe me, eye nàdzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo kpui si ayi nyaa gbɔ tẽe la ŋu.
4. Alekee míate ŋu adzra ɖo ɖe numedzodzro kple nyaselawo ƒe dɔa ŋu?
4 Numedzodzro Kple Nyaselawo: Woawɔ akpa sia abe nuƒo ene, gake nuƒolaa abia nya aɖewo nyaselawo be woakpɔ gome le numedzodzroa me. Ne ète fli ɖe nya veviawo te eye nèxlẽ mawunyakpukpuiawo la, àte ŋu akpɔ gome le nyaawo ŋu ɖoɖo me. Nɔviŋutsu si le akpa sia dzi kpɔm la adze agbagba ɖe sia ɖe ana nyaselawo nakpɔ gome le numedzodzroa me ne ele nu ƒom tso nya veviawo ŋu.
5. Nu kae akpe ɖe mía ŋu wɔwɔfiawo naɖe vi na mí geɖe wu?
5 Wɔwɔfiawo: Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa aɖewo abia be woawɔ wɔwɔfia siwo aku ɖe nɔnɔme siwo míedoa goe ŋutɔŋutɔ ŋu atsɔ afia ale si míawɔ nyatakaka siwo me dzrom wole ŋu dɔ le míaƒe anyigbamamaa mee mí. Woate ŋu abia tso hamemetsitsiwo alo gbeƒãɖela bibiwo alo mɔɖelawo si be woawɔ wɔwɔfiaawo. Dzadzraɖo ɖe akpa sia ŋu abia be nàde ŋugble le ale si woakpɔ edzii ŋu do ŋgɔ. Ne wowɔ kpɔɖeŋudzeɖonya aɖe ƒe wɔwɔfia la, bu mɔ si nu wò ŋutɔ nàte ŋu awɔe le kple ale si nàte ŋu anɔ asi trɔm le eŋu wòasɔ na aƒemenɔla vovovowoe ŋu. Kpɔ egbɔ be nètsɔ agbalẽ alo magazine siwo woazã atsɔ awɔ wɔwɔfiawoe ɖe asi va kpekpea. Àkpɔe be aɖe vi ŋutɔ ne miesrɔ̃ dzeɖonya mawo dometɔ aɖewo hewɔ woƒe wɔwɔfiawo le miaƒe Fiẽ Ƒometadeaguɣi.
6. Susu siwo ta wòle be míadzra ɖo ɖe Subɔsubɔ Kpekpea ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?
6 Subɔsubɔ Kpekpea doa dzidzɔ na mí geɖe wu ne míedzra ɖo hede ŋugble tso nufiame nyui siwo anɔ eme na mí ŋu do ŋgɔ. Ewɔwɔ alea ana be míade dzi ƒo na mía nɔewo geɖe wu. (Rom. 1:11, 12) Ne míedia ɣeyiɣi dzraa ɖo ɖe Subɔsubɔ Kpekpea ŋu la, míanɔ dzadzraɖo ɖi nyuie wu hena míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ade goe.—2 Tim. 3:17.