Mɔfiamewo Na Ame Siwo Wɔa Dɔdeasiwo Le Subɔsubɔ Kpekpea Me
Tso Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia dzi la, míele asi trɔm le Subɔsubɔ Kpekpea ƒe mɔfiamewo ŋu be wo gɔme sese nanɔ bɔbɔe wu. Mɔfiame kple ŋkuɖodzinya siwo gbɔna la nye asitɔtrɔ le nyati si ƒe tanyae nye, “Ale Si Míadzra Ðo Ðe Subɔsubɔ Kpekpea Ŋu,” si dze le May 2009 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me, la me nyawo ŋu, tsɔ kpe ɖe numekɔkɔwo ŋu.
◼ Nuƒo: Esia nye nuƒo si woatu ɖe nyati aɖe si woayɔ la dzi eye nyaselawo makpɔ gome le eme o. Ele be nuƒolaa nahe susu ayi nu siwo aɖe vi na hamea wu la koŋ dzi.
◼ Nyabiabia Kple Ŋuɖoɖo: Abe ale si ko wònɔna le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me ene la, woadze akpa sia gɔme kple ŋgɔdonya kpui aɖe ahaƒo eta kple nyataƒonya kpui aɖe, eye woabia memama ɖe sia ɖe ƒe nyabiase. Ele be nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla naƒo asa na nuƒoƒo fũu. Woaxlẽ mawunyakpukpui veviwo le ale si ɣeyiɣia aɖe mɔe nu. Womaxlẽ memamawo o, negbe ɖe mɔfiamea gblɔe be woawɔe nenema ko hafi.
◼ Numedzodzro: Woawɔ akpa sia abe nuƒo ene, gake nuƒolaa abia nya aɖewo nyaselawo be woakpɔ gome le numedzodzroa me. Manye nuƒo tẽe ko o, eye menye nyabiase kple ŋuɖoɖo ɖeɖe koe wòanye hã o.
◼ Wɔwɔfia Kple Gbebiame: Ne mɔfiamea gblɔ be na woawɔ wɔwɔfia la, efia be nɔviŋutsu si wode dɔ sia asi na la ƒe agbanɔamedzie wònye be wòana woawɔ wɔwɔfia; mahiã koko be eya ŋutɔ nawɔ wɔwɔfia la o. Ele be ame siwo wòatia na ewɔwɔ la nanye ame siwo dze eye woanye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo hã. Eye ele be wòawɔ ɖoɖo kpli wo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ, ne anya wɔ. Manyo be woazã gbeƒãɖela yeye siwo si nuteƒekpɔkpɔ mesu o la be woawɔ ale si míawɔ dɔae la ƒe wɔwɔfiawo kple susu be mɔnukpɔkpɔ nasu wo si woawɔ dɔ le kplɔ̃ ta dzro ko o, gake woate ŋu ana wo dometɔ aɖewo nanye aƒemenɔlawo ya. Ele be gbeƒãɖela siwo le wɔwɔfiawo wɔm la nakpɔ egbɔ be yewodze ŋgɔ nyaselawo. Ame siwo woabia gbee la nanɔ kplɔ̃ ta aƒo nu tsɔ wu be woanɔ anyi ɖe woƒe zikpuiwo dzi. Ele be woadzra ɖo ɖe wɔwɔfiawo kple gbebiamewo ŋu ahato wo me do ŋgɔ. Ne gamea tsi tsitre ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu, eye wòahiã be wòatò eƒe dɔa ɖe eme la, ele be wòaƒo asa na wɔwɔfiawo alo gbebiamewo ɖeɖeɖa le eme. Ele be subɔsubɔdɔwɔlawo nabia hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla alo hamemetsitsi bubu aɖe hafi atia ame siwo wòazã.
Ne wona mɔfiame tɔxɛ aɖe le dɔdeasi aɖe ŋu la, ele be woazɔ ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Ne nɔviŋutsuwo zɔ ɖe mɔfiame siawo dzi le Subɔsubɔ Kpekpe me dɔdeasiwo wɔwɔ me la, woana Subɔsubɔ Kpekpea “nanɔ ɖoɖo nu ale si dze.”—1 Kor. 14:40.