Ame Miliɔn Geɖe Le Fu Kpem—Woate Ŋu Akpe Ðe Wo Ŋua?
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Afrika gbɔ
NE ÐE ŋusẽ le asiwò ɖe, màɖe amegbetɔ ƒe fukpekpe ɖa oa? Àɖee ɖa baa—ne ŋusẽ ɖe wòle asiwò! Nyateƒe lae nye be ŋusẽ mele ame aɖeke si be wòate ŋu aɖe amegbetɔ ƒe vevesese kple nuxaxa ɖesiaɖe ɖa le xexeame le mɔ aɖeke nu o.
Gake àte ŋu ana kpekpeɖeŋu be woaɖe edzi akpɔtɔ, eye àxe mɔ gɔ̃ hã ɖe fukpekpe siwo le edzi yim le miaƒe nutoa me dometɔ aɖewo nu. Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta be le anyigba vovovowo dzi la, dekɔnu siwo li tso tititi eye woƒo ke ɖe to sesĩe na nyɔnu miliɔn geɖe le veve sem hele nu xam ŋutɔ. Le dekɔnuawo nu la, dzila siwo ɖoa tame nyui gɔ̃ hã wɔa ɖoɖo be woata wo vinyɔnuviwo ƒe akpa aɖe alo woalã eƒe akpa geɖe. Woyɔnɛ be nyɔnuwo tata.a
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Hosken Report ƒe nyatakaka le nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã ɖa ŋu na míenya be nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã nye nuwɔna si keke ta le anyigba geɖewo dzi tso Ɣedzeƒe Afrika vaseɖe Ɣetoɖoƒe Afrika, kple le teƒe siwo ƒo xlã wo la dometɔ aɖewo. Nyɔnuwo tata sia si vena vevie la hea dɔlelé kple ku gɔ̃ hã vɛ.
Woƒo Nu Tsi Tre Ðe Eŋu
Mele bɔbɔe be woaƒo nu atsi tre ɖe nuwɔna sia ŋu o. Kenyatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Standard gblɔ be nyɔnuwo tata “nye nya ɣaɣla. Enye nu sesẽ eye afɔku gɔ̃ hã le eme ɣeaɖewoɣi na nyɔnu alo ŋutsu siwo di be woadzudzɔ nyɔnuwo tata la be woaƒo nu atsi tre ɖe nuwɔna ma ŋu. Wobua fɔ wo enuenu be wotsi tre ɖe dekɔnuwo, ƒomea, mawusubɔsubɔ, kple dukɔa ŋu alo be wogbe woa ŋutɔwo ƒe amewo kple kɔnuwo.”
Afrika ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ ma ke ɖe eme be “menye ‘dekɔnunuwɔna si gblẽa nu le ame ŋu koe’ nyɔnuwo tata nye o, ke boŋ enye nusi koŋ gblẽa nu le nyɔnuwo kple nyɔnuviwo ŋu hewua wo hã . . . Etsi tre ɖe gome si le nyɔnuviwo katã si be woatsi le lãmesẽ blibo me la ŋu.”
Ame bubu geɖewo hã le tsi tre tsim ɖe eŋu le Afrika katã kple le dukɔ bubuwo me be woatsɔ afia nu amewo le nuwɔna sia ŋu. Enaa nyɔnuviwo sea veve eye wònana woƒe ŋutinu aɖe lãna ɖa tso woƒe ɖevime ke eye menye atikewɔwɔ ƒe susu aɖeke ta hãe wowɔnɛ ɖo o.
Ðɔktawo kple dukɔ geɖe ƒe dziɖuɖuwo tsi dzi le alesi wògblẽa nu le ame ŋu ɖaa kple ame gbogbo siwo wum wòle la ŋu ŋutɔ. Wobui gɔ̃ hã be AIDS ƒe kaka ɖe Afrika ƒe akpa aɖe tso nyɔnuwo tata gbɔ. Eye esi amewo le ʋuʋum tso Afrika kple Titina Ɣedzeƒe yi Australia, Canda, Europa, kple United States ta la, nyɔnuwo tata va zu taɖuamenya le dɔnɔkɔdziwo le Ɣetoɖoƒedu aɖewo me. Nusiwo dzi hã womaŋe aɖaba aƒu o lae nye ga si wogblẽna ɖe dɔléle siwo wòhena vɛ dada me kple zi geɖe le nusi wògblẽna le woƒe susu ŋu ɖɔɖɔɖo me ŋu.
Wode se hele egbɔ kpɔm hã be woatsɔ atsi kɔnu sia nui. Europa-dukɔ siwo me wode se ɖe nyɔnuwo tata nu le la dometɔ aɖewoe nye England, France, Italia, kple Sweden. Canada ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Globe and Mail ka nya ta be “dɔwɔƒe si kpɔa ɖɔktawo ƒe nyawo gbɔ le Ontario de se ɖe” nyɔnuwo tata nu. Wogblɔ kpee be: “Togbɔ be Canada ƒe se meyɔ nyɔnuwo tata alo vidzidɔ nu babla na wo tẽ o hã la, dziɖuɖumegãwo gblɔ be woabu nuwɔna sia ƒomevi be enye ŋlɔmiwɔwɔ le ɖeviwo ŋu alo ŋutasesẽ vɔ̃ɖitɔ.”
Dukɔwo dome habɔbɔ geɖewo, abe Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ene, dze agbagba be yewoana woadzudzɔ nyɔnuwo tata. Wowɔ afɔɖeɖe vevi aɖe le September 1990 me esi xexeamedziɖulawo kple Afrika-dukɔwo abe Senegal, Uganda, kple Zimbabwe ene, dziɖulawo kpe ta le New York be woade asi ɖoɖo si wowɔ ɖe ɖeviwo ƒe gomenɔamesi ŋu la te. Ðoɖo sia bu fɔ nyɔnuwo tata be enye fuwɔwɔ ame kple nugbegblẽ le ame ƒe gbɔdɔdɔ ƒe ŋutete ŋu.
London ƒe Economist ka nya ta be: “Nyɔnuwo tata—si woayɔ woasɔ nyuie be vidzinu lalã ɖa—gakpɔtɔ nye Afrika ƒe ŋɔdzinu gãtɔ si ŋu womeƒoa nu le o la dometɔ ɖeka. Le Ame Ʋeewo ƒe Gomenɔamesi Habɔbɔ si le London ƒe nyatakaka aɖe nu la, . . . nusia gblẽa nu le nyɔnuvi miliɔn geɖe ŋu ƒesiaƒe.”
Agbalẽ sia yi edzi gblɔ be: “Alesi wowɔnɛ vena hedzia ŋɔ na ame ŋutɔ, eye wote ŋu zãa hɛwo, atukpa gbãgbɛ, kple gelũhɛ gɔ̃ hã lãa nyɔnuwo ƒe lũkui kple vidzinu ƒe akpa bubuwo—evɔ womedea ame alɔ̃ me hafi wɔnɛ o. Ate ŋu ahe kuxi sesẽwo vɛ na wo le woƒe dzinukpɔkpɔ, gbɔdɔdɔ, kple vidzidzi me, eye wòana woƒe susuwo madze akɔ anyi o eye wòawu wo gɔ̃ hã. . . . Aʋatsodzixɔse be nyɔnuwo ava nɔ agbe gbegblẽ kple alesi wobui vodadatɔe be ekɔa ame ŋu gbɔe wòtso be nuwɔna sia gakpɔtɔ le edzi yim.”
Nuwɔna Sia Gakpɔtɔ Le Edzi Yim
Wode se geɖe le ƒe 1947 me tsɔ tsi tre ɖe ŋutinu lalã na ame vɔ̃ɖitɔ ŋu le Afrika-dukɔ aɖe si me wowɔ nusia na nyɔnu geɖewo le la me. Gake wogale kɔnu sia wɔwɔ dzi ko. Nukata? Elabena wole ame miliɔn geɖe siwo si susu nyui le la blem eye wona wobui be viɖe le nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã ɖa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, kɔƒe me nyɔnu tsitsiwo xɔe se be nyɔnuviawo ƒe nyonyo tae wowɔnɛ na wo. Asia tae abe alesi Nigeria ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Guardian, gblɔ ene la, Ame Ʋeewo ƒe Gomenɔamesi Habɔbɔa gblɔ be ehiã be: “Woana nyɔnu tsitsi siwo doa nusia wɔwɔ ɖe ŋgɔ la natrɔ woƒe susu.”
Magazine si nye Nursing Times gblɔ nya ma tɔgbe be: “Nufiafia ameawo dzi koe woate ŋu ato atsi nyɔnuwo tata nu.” Eye nyadzɔdzɔgbalẽ sia gagblɔ emegbe be: “Woate ŋu aɖe kuxi siawo katã ɖa ne woɖe nu me na wo le afɔku siwo dona tsoa nyɔnuwo tata me la ŋu ahafia nu ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Nukatae wòle be wofia nu ŋutsuwo hã? Elabena vifofo geɖewo xea fe ɖe nuwɔna sia ta be ŋutsu siwo medi be yewoaɖe nyɔnu siwo wometa o la naɖe wo viwo.
Gae nye susu bubu si ta wolãa nyɔnuwo ƒe vidzinu ɖo. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The American Journal of Nursing gblɔ be: “Ametata nye gakpɔmɔnu vevi aɖe na ametalawo; eyata amesiawo ƒomevi tsɔa ɖe le nuwɔna sia dodo ɖe ŋgɔ me vevie ŋutɔ.” Menye nyɔnu tsitsiwo koe woxea fe na be woawɔ nu sia o, ke woxenɛ na vixelawo kple ɖakpalawo hã. Dɔnɔkɔdzi aɖewo ƒe vixelawo kple ɖɔktawo hã wɔa esia be woatsɔ aɖe nyɔnuviawo tso afɔku kple abi si woate ŋu axɔ le amekoko si womewɔ le dzadzɛnyenye me o la dometɔ aɖewo me. Gake ameka kee ɖawɔe o vidzinu lalã na ame ko wòganye.
Le go aɖewo me la, nyɔnu tsitsiwo hã gawɔa esia le woƒe vidziɣiwo me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New York Times International de dzesii be: “Nyɔnu geɖewo sea veve ɖaa le abi si wode wo ŋu le esi wota wo va yi kple alesi wogataa wo le vi sia vi si wogadzina me la ta. Woʋua abi xoxoawo nu doa ŋgɔ hafi wodzia vi eye emegbe wogatɔnɛ. Esia naa ʋu dona le wo ŋu fũ, vidzidzi hã sesẽna na wo eye wowɔnɛ hã be nu te ŋu gblẽna le woƒe susu ŋu bɔbɔe.”
Magazine si nye New Scientist ka nya ta be: “Ʋu dona le nyɔnuviwo ŋu wokuna elabena wo kola siwo menya amekoko o lãa ka aɖe siwo woyɔna be pudendal kple dorsal le wo ŋu. Dzikatsoƒoe wua wo dometɔ aɖewo le wo koko vɔ megbe elabena ame aɖeke menya alesi woanyɔ wo le ɖi me o eye kɔdzi hã mete ɖe wo ŋu o, alo amekolawo mebiaa kpekpeɖeŋu ame aɖeke o le esi abi si wode amea ŋu le woƒe amekokoa me kpea ŋu na wo ta.”
Ke hã la, wogale nuwɔna sia dzi ko. Wogale nu ƒom tso nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã ŋu le Afrika kple Europa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Afrika ƒe Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta nyitsɔ laa be: “Vidzĩwo kple nyɔnuviwo ƒe vidzinuwoe wolãna koŋ. Togbɔ be dzilawo taa wo viwo kple dzixɔse be naneke megblẽ le eŋu o eye be ehiã hã la, nuwɔna sia kple nusi dona tsoa eme la sɔ kple funyafunyawɔwɔ ame.” Le London ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Independent (July 7, 1992) ƒe nya nu la, numekuku aɖe si wowɔ eteƒe medidi o la ɖee fia be: “Nuwɔna sia kaka ɖe United Kingdom wu alesi wobui tsã.” Wobu akɔnta be nyɔnuvi siwo wu 10,000 le Britania “siwo ƒe akpa gãtɔ xɔ ƒe enyi alo womexɔ nenema haɖe o le nyɔnuwo tata ƒe afɔku sia me.”
Kɔnu si Wotu ɖe Aʋatsodzixɔse Dzi
Ame aɖewo xɔ aʋatsonya sia dzi se be nyɔnuwo ƒe vidzinu mele kɔkɔe o eye ele be woalã wo aƒu gbe be woatsɔ akɔ wo ŋu. Wosusu be ŋutsuwo koe kpɔ mɔ ase vivi le gbɔdɔdɔ me. Wogaxɔe se hã be nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã wɔnɛ be wote ŋu dzia vi, womete ŋu nɔa agbe gbegblẽ hã o eye wònaa nyɔnuviwo kpɔa srɔ̃ ɖena kaba. Gake Time magazine gblɔ be: “Ewɔ mo yaa be nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã ɖa boŋ ye naa nyɔnuwo fana le gbɔdɔdɔ me eye womete ŋu dzia vi hã o si wɔnɛ be ŋutsu geɖewo gbea wo srɔ̃wo.”
Esi wokpɔe be nyɔnuwo tata mate ŋu axe mɔ be woagazu agbegbegblẽnɔlawo o ta la, amesiwo yi Afrika-dukɔwo Dome Kɔmiti ƒe takpekpe si wowɔ eteƒe medidi o le Nigeria, Lagos, gblɔ be nusi le vevie nye hehenana ɖeviwo tso woƒe ɖevime ke be woanɔ agbe nyui. Hehenana ame dzie woato atsi nugbegblẽwɔwɔ nu ke menye woƒe vidzinuwo lalã dzi woato o. Le kpɔɖeŋu me: Ðe míalã ɖeviwo ƒe asi be woagatsi azu fiafitɔwo oa? Alo míalã woƒe aɖe be woagagblɔ nya gbegblẽ gbeɖe oa?
Srɔ̃tɔ aɖewo siwo tso Nigeria gbe be woagata yewo vi nyɔnuvi o. Esia ku dzi na ŋutsua dada si bu be ɖevia atsi ava zu agbegbegblẽnɔla. Gake esi wohee be woanɔ agbe nyui ta la, ekpɔtɔ nye ɖetugbi nɔaƒe. Le nusi to vovo na esia me la, togbɔ be wota ɖevi siwo ƒome sia nya nyuie dometɔ aɖewo hã, amesiwo wo dzilawo mefia wo alesi woanɔ agbe nyui o la zu agbegbegblẽnɔla ŋutɔŋutɔwo. Fifia mamaa va se egɔme azɔ be nu vevitɔe nye Mawu ƒe agbenyuinɔnɔsewo ƒaƒã ɖe ɖeviawo me ke menye wo tata o.
Míabu tame le nusiwo nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã agblẽ le mía vi nyɔnuviwo ŋu ne míelɔ̃ wo vavã eye míado nuwɔna sia ɖe ŋgɔ alo ade ewɔwɔ ƒe dzi ƒo le mɔ aɖeke nu o. Ahiã dzideƒo elabena woƒoa nya ɖe ame nu sesĩe be woalé dekɔnu sia me ɖe asi le nuto aɖewo me.
Edo Ƒome Kple Mawusubɔsubɔ
Nyɔnuwo tata ƒe ŋutinya kɔ nu me na mí. Nuwɔna sia li ƒe alafa geɖewo eye wòdze le ame kuku siwo wosi atike na le blema Egipte gɔ̃ hã ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Plastic and Reconstructive Surgery gblɔ be: “Wota nyɔnuwo le blema Egipte eye wòwɔ ɖeka kple Farao ƒe dzixɔse be mawuwo dɔa wo nɔewo gbɔ.” Woyɔa ametata vɔ̃ɖitɔ sia ƒomevi gɔ̃ hã egbea be Farao ƒe ametata.
Woɖua blema mawusubɔsubɔ ƒe azãwo gɔ̃ hã le teƒe aɖewo wodoa ƒome kple nyɔnuwo ƒe vidzinuwo lalã. Afrika-dziɖuɖumegã aɖe ɖe eme be wobua azã tɔxɛ aɖe be enye kadodo kplikplikpli kple tɔgbuiwo ƒe mawu aɖe si wobiana be wòakpe ɖe nyɔnuviawo ŋu le wo tata me ahana tɔgbuiawo ƒe nunya wo le ɣeyiɣi ma ke me.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 6:14-18.
Nusita Kristotɔ vavã siwo le dukɔ siwo me wolãa nyɔnuwo ƒe vidzinuwo le mewɔna ɖe kɔnu sia dzi o la gɔme sese le bɔbɔe. Nya aɖeke gɔ̃ hã mele Biblia me si fia be ahiã be woata nyɔnuwo o. Eme kɔ be Wɔla la wɔ nyɔnuwo be woate ŋu ase vivi le gbɔdɔdɔ me le woƒe srɔ̃ɖeɖe me. Nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã mewɔ ɖeka kple lɔlɔ̃, veveseɖeamenu, kple tufafa ƒe gɔmeɖose siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me o—Efesotɔwo 5:28, 29; Filipitɔwo 4:5.
Gawu la, nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã tamemabumabutɔe sia kple alesi wònaa nyɔnuwo kple nyɔnuvi miliɔn geɖewo kpea fui la naa Mawu lɔlɔ̃tɔ, Yehowa, léa blanui ŋutɔ. Dzidzɔ kae nye si wònye na mí be edo xexe yeye aɖe si me ame aɖeke makpe fu le o la ƒe ŋugbe!—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ “Nyɔnuwo Tata—Nukatae?” le June 22, 1985 ƒe Awake! me.
[Aɖaka si le axa 15]
Ke Ŋutsuwo Tata ya Ðe?
Ame aɖewo abia be, menye ŋutinu lalã na ame ke koe aʋatsotso na ŋutsuwo hã nye oa? Biblia gblɔ be Mawu de se kpɔ ɣeaɖeɣi be woatso aʋa na ŋutsuviwo godoo. Emegbe le Krsito-hamea ɖoɖo anyi vɔ megbe la, womegabia tso ame aɖeke si be wòatso aʋa o togbɔ be womede se tsi tre ɖe aʋatsotso ŋu o hã. Ame ŋutɔe atso nya me ne alɔ̃ woatso aʋa na eya ŋutɔ kple viawo alo malɔ̃ o.
Wotsoa aʋa na ŋutsuwo le teƒe geɖewo egbea. Ẽ, wolãa ame ƒe ŋutilã le amekokoa me. Gake nuwɔna sia mesɔ kple nyɔnuwo ƒe vidzinu lalã le mɔ aɖeke nu o. Zi geɖe la, naneke megblẽna le ŋutsuwo ŋu ne wotso aʋa na wo vɔ megbe o. Le nusi to vovo na esia me la, nyɔnuwo tata naa wosea veve helĩhelĩ zi geɖe le woƒe dzinukpɔkpɔ, gbɔdɔdɔ, vidzidzi, kple aɖuɖɔɖɔɖɔ me. Gakpe ɖe eŋu la, alesi wònaa vidzidzi sesẽna ŋutɔe ta la, nu gblẽna le ɖeviwo ŋu eye wo dometɔ geɖewo gɔ̃ hã kuna.
Ŋutsu nenie alɔ̃ be woalã yewo alo yewoviwo ƒe aʋa le nuwɔna aɖe me si axe mɔ na woƒe vivisese le gbɔdɔdɔ me eye wòana woase veve ɖaa ahana woƒe lãme nagblẽ le woƒe agbemeŋkekeawo katã me? Eme kɔ ƒã be aʋatsotso na ŋutsu mesɔ kple nyɔnuwo tata o.
[Aɖaka si le axa 17]
Afrika-Nyɔnuvi Aɖe Gblɔ Nusi Dzɔ ɖe Edzi
‘Wotam esime mexɔ ƒe enyi. Mexɔ ƒe 11 fifia, gake meɖoa ŋku alesi wotam dzi nyuie. Eŋu bubu gɔ̃ hã naa mexaa nu, eye mekua drɔ̃e vɔ̃wo ɣeaɖewoɣi. Mekpɔa dzidzɔ le ŋkeke geɖewo me gake ne mebu eŋu ko la, ɖeko mebuna ɖe ɖokuinye.
‘Esi wogblɔe nam zi gbãtɔ la dzi dzɔm ŋutɔ. Maxɔ nunana geɖewo tso dzinyelawo kple nye ƒometɔwo gbɔ. Nyemenya nusi ametata nye o eye nyemebui be ana mase veve o.
‘Nye dzidzɔkpɔkpɔ bu enumake. Meva nɔ avi fam eye gbafa ƒom ŋutɔ. Nyɔnu ene lé nye asiwo kple afɔwo. Nyɔnuawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe asi bu nu nam. Meʋli le wo si do kpoe elebana wosesẽ wum, eyata wogalém ƒu anyi. Mese veve ŋutɔŋutɔ.
‘Meƒo ʋu belee esi wosim kple hɛa. Nyemebui kpɔ be naneke ave ame nenema gbegbe o. Emegbe la, woblu koklozi kple sukli de abia me nam. Eye wobla nye afɔwo. Wokɔm yi ʋu si kɔ mí vɛ la gbɔ. Menɔ avi dzi ʋuu va ke ɖe kɔƒea me.’—Mieɖee tso Kenya ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Standard me.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 14]
WHO/OXFAM