Video Si Nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends?
Yehowa wɔ amegbetɔwo be woaɖo dze kple wo nɔewo eye woadze xɔlɔ̃wo. (Lod. 17:17; 18:1, 24) Hafi xɔlɔ̃wɔwɔ siawo naɖe vi na mía kple mía xɔlɔ̃wo la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo le mía xɔlɔ̃wo tiatia me. (Lod. 13:20) Ne èkpɔ video si nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends? vɔ la, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo nyabiase siwo gbɔna la ŋu hã.
Ŋgɔdonya:
(1) Ame kae nye xɔlɔ̃ vavã?
Nu Siwo Xea Mɔ Na Xɔlɔ̃dzedze:
(2) Aleke míawɔ aɖu akogotsitsi dzi? (Flp. 2:4) (3) Nu ka tae wòle be míalɔ̃ atrɔ asi le míaƒe amenyenye ŋu wòanyo ɖe edzi wu, eye ame kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia? (2 Kor. 13:11) (4) Afɔ kawoe míate ŋu aɖe be míadze xɔlɔ̃ geɖewo?—2 Kor. 6:13.
Xɔlɔ̃dzedze Mawu:
(5) Aleke míate ŋu awɔ be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kple Yehowa dome, eye nu ka tae esia wɔwɔ manye dzodzro o? (Ps. 34:9) (6) Ne míena Yehowa zu mía xɔlɔ̃ vevitɔ la, xɔlɔ̃ nyui bubu kawoe míate ŋu adze?
Xɔlɔ̃ Siwo Menyo O:
(7) Xɔlɔ̃ kawoe nye hadede vɔ̃wo? (1 Kor. 15:33) (8) Aleke ame siwo menye xɔlɔ̃ nyuiwo o ate ŋu akplɔ mí ade gbɔgbɔmefɔku me?
Egbegbenudzɔdzɔwo Ƒe Drama Aɖe:
(9) Nu kae Dina ƒe ŋutinya si le Biblia me la fia mí? (1 Mose 34:1, 2, 7, 19) (10) Aleke Tara ʋli eɖokui tae be naneke megblẽ le hadede kple sɔhɛ siwo mele nyateƒea me o ŋu o? (11) Afɔku kawo mee ame siwo Tara dze xɔlɔ̃e le suku la kplɔe dee? (12) Nu ka tae Tara dzilawo mekpɔ afɔku si me wònɔ la dze sii gbã o, gake esi wova nya la, aleke wokpe ɖe eŋu eƒe lãme gasẽ le gbɔgbɔ me? (13) Aleke nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã na Tara? (14) Nu kae Tara va kpɔ dze sii?
Etaƒoƒo:
(15) Nu kawoe nèsrɔ̃ tso video sia me? (16) Aleke nàte ŋu azã video sia atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui?
Neva eme be míatia xɔlɔ̃ siwo akpe ɖe mía ŋu míalé xɔlɔ̃dzedze nyuitɔ kekeake, si nye xɔlɔ̃dzedze Mawu, me ɖe asi!—Ps. 15:1, 4; Yes. 41:8.