INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 7/8 axa 5-12
  • Woɖu Aʋa Dzi Vaseɖe Ku Me Ke

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖu Aʋa Dzi Vaseɖe Ku Me Ke
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ananii Grogul si Tso Ukraine ƒe Ŋutinya
  • Fuwɔwɔ Nɔvinyenyɔnu Ŋutasesẽtɔe
  • Nye Tɔtrɔgbɔ Va Ukraine Kple Yometiti Geɖe
  • Wodo Woƒe Nuteƒewɔwɔ Kpɔ le Afrika
  • Wokplɔ Wo Yi Afisi Woada Tu Wo Le
  • “Miele Ʋeʋẽm Ame Kukuwoe Gɔ̃ Hã Xoxo”
  • Míedo Go Aʋapaɖila Veveseɖeamenula Aɖe
  • “Midzo le Afisia Miayi Aɖasubɔ Mia Mawu”
  • Wogbe be Yewomadzɔ Ga be Woatsɔ Aƒle Aʋawɔnuwoe O
  • Nuvlowɔha Siwo Nunɔlawo Nɔ Ŋgɔ Na
  • Xɔsetaku Kpata
  • Srɔ̃nyɔnu Ðianukware ƒe Kpekpeɖeŋu
  • Nukatae Ame Geɖewo Ku Xɔsetaku Alea Gbegbe?
  • Filipo—Enye Nyanyuigblɔla Veviedola
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Meɖoe Kplikpaa Be Manye Kristo Ƒe Asrafo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Gbeƒãɖeɖe “Yesu Ŋu Nya Nyui La”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Mesrɔ̃ Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 7/8 axa 5-12

Woɖu Aʋa Dzi Vaseɖe Ku Me Ke

“Gake ewɔ nuku na Nazitɔwo be womete ŋu tsrɔ̃ [Ðasefowo] hã o. Zi alesi wosẽ ŋuta le wo ŋui vevie la, zi nenemae wosesẽna ɖe edzii, eye wova zu abe lotamekpe sesẽ ene le woƒe tenɔnɔa me. Hitler ka wo hlẽ le aʋa si nu sẽ la me, eye woyi edzi lé xɔse la me ɖe asi. . . . Nusi teƒe wokpɔ la nye nu xɔasi na amesiwo katã srɔ̃a dzidodo le nɔnɔme sesẽwo me la. Elabena wodo dzi.”—Wogblɔ be Ðk. Christine King, si nye ŋutinyaŋlɔlae gblɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Together me.

ELE BE woabu Yehowa Ðasefowo le ƒe alafa 20 lia sia ƒe ŋutinya me be le xexeame katã la, woawoe nye subɔsubɔha si ŋu wogblẽ heti wo yome le anyigba dzi. Wose woƒe nuwɔnawo gɔme na wo bubui eye wowɔ fu wo zi geɖe le woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ƒe tenɔnɔa kple woƒe gbegbe be yewomasrɔ̃ aʋawɔwɔ alo awɔe o ɖeɖeko ta. Wo ɖokui ɖeɖe ɖa tso dunyahehe ƒe kadodowo katã gbɔ na ŋutasẽdziɖulawo do dziku ɖe wo ŋu vevie le dukɔ geɖewo me. Gake nusiwo wowɔ tsɔ kpe ɖe egbegbe ƒe ŋutinya ŋu dometɔ ɖekae nye woƒe akpaɖekedzimademade le nusianu me kple woƒe nuteƒewɔwɔ maʋãmaʋãe ƒe nuŋlɔɖi la.a

Britaniatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Arnold Toynbee ŋlɔ le ƒe 1966 me be: “Le mía ŋɔli le Germania la, Kristotɔ xɔsetakukulawo li siwo tsɔ woƒe agbe ke tsɔ wu be woade bubu Dukɔmevinyahehe si xɔ aƒe ɖi, si teƒe amegbetɔ mawu Adolf Hitler le, le afima la ŋu.” Nyateƒeawo ɖee fia be Yehowa Ðasefowoe ɖe dzesi le xɔsetakukula mawo dome. Nuteƒekpɔkpɔ aɖewo afia alesi woti wo yomee hewu wo gɔ̃ hã le woƒe nuteƒewɔwɔa ta—eye menye Nazitɔnyenye ƒe ɣeyiɣia me koe wowɔe o. Le xexeame ƒe akpa geɖe la, woƒe aʋadziɖuɖu vaseɖe ku me ke ƒe nuŋlɔɖia le ɖeka eye ɖeke mesɔ kplii o.

Ananii Grogul si Tso Ukraine ƒe Ŋutinya

“Dzinyelawo zu Yehowa Ðasefowo le ƒe 1942 me le Xexemeʋa II wɔɣi esime mexɔ ƒe 13. Le ema megbe kpuie la, wolé fofonye, dee mɔ̃, eye emegbe wokplɔe yi Sovietɔwo ƒe gaxɔwo mee le Ural-towo dzi. Esime mexɔ ƒe 15 le ƒe 1944 me la, asrafomegãwo yɔm be mava xɔ hehe le asrafoha me. Esi wònye mexɔ Yehowa dzi se bliboe ta la, megbe be nyemasrɔ̃ aʋawɔwɔ o. Le esia ta togbɔ be nyemetsi ɣemaɣi o hã la, wodrɔ̃ ʋɔnum hedem mɔ̃ ƒe atɔ̃.

“Emegbe ƒe 1950 si me nɔnɔmeawo sesẽ ŋutɔ la ɖo. Wogalém ake hedrɔ̃ ʋɔnum be manɔ mɔ̃ ƒe 25 le nye Ðasefonyenye ƒe dɔwɔnawo ta. Ƒe 21 ye mexɔ ɣemaɣi. Menɔ gaxɔ siwo me wowɔa dɔ sesẽ le la me ƒe adre kple ɣleti ene. Mekpɔ ame geɖe ƒe kuku teƒe, amesiwo dɔwuame na woƒe ƒodo ho lotoo eye dɔ sesẽ wɔwɔ na woɖi ku.

“Le Stalin ƒe kuku le ƒe 1953 me megbe la, nɔnɔmeawo va nɔ tɔtrɔm, eye le ƒe 1957 me la, ŋusẽtɔwo ɖem le gaxɔa me. Ablɔɖe gasu asinye ake. Gake fifia ya la, wonyãm ɖo ɖe Siberia ƒe ewo.”

Fuwɔwɔ Nɔvinyenyɔnu Ŋutasesẽtɔe

“Megava wɔ ɖeka kple nɔvinyenyɔnu si ƒe lãme gblẽ ɣemaɣi la le Siberia. Esi wolém le ƒe 1950 me kwasiɖa eve megbee wolé eya hã. Womeku eƒe nya me le se nu kura o. Wotui ɖe ameɖekɛgaxɔ me eye kisiwo gena ɖe edzi le gaxɔa me. Kisiawo ɖua afɔ nɛ eye wozɔa edzi. Mlɔeba la amesiwo nɔ fu wɔmee la na wòtsi tre ɖe tsi fafɛ me se eƒe akɔta eye wonɔ eƒe vevesese teƒe kpɔm. Wodee mɔ̃ ƒe 25 le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta. Eƒe ata eveawo tu, gake ete ŋu zãa eƒe asiwo kple abɔwo. Wodae ɖe dɔnɔkɔdzi si le dɔwɔgaxɔawo me ƒe atɔ̃ eye mlɔeba womegava bu agbe ɖe eŋu o. Emegbe woɖoe ɖe mía dzilawo, amesiwo wonyã yi Siberia le ƒe 1951 me be woanɔ afima le woƒe agbemeŋkekeawo katã me.”

Nye Tɔtrɔgbɔ Va Ukraine Kple Yometiti Geɖe

“Medo go Nadia le Siberia, amesi va su srɔ̃nye eye mía kplii míedzi viwo. Míeyi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi esime míenɔ Siberia gɔ̃ hã. Wotsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo wɔwɔ kple wo tata ƒe dɔ de asi nam. Mía kple nɔvinye Jacob míewɔa dɔ le zã me nɔa Gbetakpɔxɔ la tam le ʋe si woɖe ɖe xɔ aɖe te la me. Agbalẽƒomɔ̃ eve kple agbalẽtamɔ̃ si wowɔ le mía gbɔ la nɔ mía si. Kpovitɔwo va kaa míaƒe aƒeme edziedzi. Gake ɖeko wodzona asi ƒuƒlui ɣesiaɣi.

“Nye aboyomenɔnɔ le dukɔ bubu me la wu enu. Mía kple nye ƒome bliboa katã míeʋu va Ukraine, gake woyi mía yome titi dzi. Woɖom dzikpɔla mɔzɔlae. Eva hiã be mawɔ ŋutilãmedɔ atsɔ akpɔ nye ƒomea dzii. Adzamekpovitɔwo vaa nye dɔwɔƒe zi geɖe ɣleti sia ɣleti eye wodzea agbagba be yewoable nunye magbe nu le nye xɔse gbɔ. Gbeɖeka mekpɔe dze sii be Yehowa kpe ɖe ŋunye le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Wolém kplɔ yi Adzamekpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe le Kiev, afisi wosikam ɖi le ŋkeke ade. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, wodze agbagba be yewoatsɔ mawudzimaxɔsenyawo atɔtɔm. Wotsɔ mawumavɔ̃mavɔ ƒo nu tso Gbetakpɔxɔ kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ bubuwo ŋu. Nyaƒoɖeamenu la va sesẽ ale gbegbe. Medzea klo faa avi le tsileƒe nɔa kuku ɖem na Yehowa. Ao, menye be wòana ablɔɖem o ke boŋ be wòado ŋusẽm be mayi edzi ado dzi eye be nyemagade nɔviwo asi o.

“Emegbe kpovitɔwo ƒe amegã va kpɔ ye ge ɖa, eye esi wònɔ anyi ɖe ŋgɔnye la, ebiam be meka ɖe nusi ta ʋlim mele dzi ŋutɔŋutɔ hã. Meɖi ɖase nɛ kpuie eye megblɔ nɛ be mele klalo be maku ɖe nyateƒea ta. Eɖo eŋu be: ‘Dzidzɔmee nènye. Ðe wònye nyee ka ɖe edzi be nyateƒeae nye sia la, manɔ klalo menye be manɔ gaxɔ me ƒe 3 alo 5 ko o ke boŋ malɔ̃ faa kple dzidzɔ anɔ mɔ̃ ƒe 60.’ Eyi ŋugble me sẽ heyi edzi be: ‘Agbe mavɔ ƒe nyae. Àte ŋu akpɔ nusi tututu agbe mavɔ nye la le susu mea?’ Esi wòzi ɖoɖoe vie la, egblɔ be: ‘Yi aƒeme!’ Nya mawo do ŋusẽm si nyemenɔ mɔ kpɔm na o. Dɔ meganɔ wuyem azɔ o. Dzodzo koe nɔ dzroyem. Mekpɔe kakaɖedzitɔe be Yehowae do ŋusẽm.

“Nɔnɔmeawo trɔ le dukɔ si woyɔna tsã be Soviet Union me le ƒe ʋee siwo va yi me. Fifia Biblia-srɔ̃gbalẽwo do agbogbo. Míete ŋu yia nutome sue kple nutome gã takpekpewo, eye míekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔ ƒe akpawo katã me hekpe ɖe tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa ŋu. Le nyateƒe me la, Yehowa na míeɖu aʋa dzi le dodokpɔ geɖewo me!”

Wodo Woƒe Nuteƒewɔwɔ Kpɔ le Afrika

Le ƒe 1960 ƒeawo ƒe nuwuwu la, wowɔ dukɔmeviʋa gblẽnu aɖe le Nigeria. Esi wova nɔ nuto si ɖe eɖokui ɖe vovo si wogbugbɔ tsɔ ŋkɔ na ɣemaɣi be Biafra ƒe asrafowo dometɔ geɖe wum ta la, wozi ɖekakpuiwo dzi sesẽe ɖe woƒe asrafowo me. Esi wònye Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o eye wogbea wo ɖokui ƒoƒo ɖe aʋawɔwɔ me ta la, woɖe fu na Ðasefo siwo nɔ Biafra ɣemaɣi, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu hewu wo. Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míezu abe kisiwo ene. Eva hiã be míasi abe ne míese be asrafowo gbɔna.” Zi geɖe la kaka nàbe yeabe ko wova tso wo ɖo.

Le Fiɖagbe ŋdi aɖe le ƒe 1968 me la, Philip si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla si xɔ ƒe 32 la nɔ Umuimo-kɔƒe aɖe me nɔ gbeƒã ɖem na ŋutsu tsitsi aɖe esime Biafra-srafowowo va do ɖe teƒea henɔ amewo dim woaxɔ ɖe asrafodɔ me seseẽ.

Woƒe ŋgɔnɔla la bia be: “Nuka wɔm nèle?” Philip ɖo eŋu be Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna ŋu nya gblɔm yele na amewo.

Asrafo bubu aɖe do ɣli be: “Menye gbeƒãɖeɣie nye esia o! Aʋawɔɣie nye esia, eye míedi be míakpɔ ŋutsu sesẽ aɖeke wòanɔ tsatsam ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe o.” Emegbe asrafoawo ɖe awu le Philip ŋu wòtsi amama, wobla eƒe abɔwo hekplɔe dzoe. Hamemegã Kristotɔ aɖe si xɔ ƒe 43, amesi ŋkɔ nye Israel hã mekpɔ mɔnu be o. Wolé eya hã esime wònɔ nu ɖam na viawo. Kaka ŋdɔ ga 2 naƒo la, asrafoawo lé ŋutsu alafa ɖeka kple edzivɔ. Wozi amesiwo wolé dzi be woaƒu du kilometa 25 ayi asrafowo ƒe nɔƒe si le Umuacha Mgbedeala. Woƒo amesiwo tsi megbe le dua ƒuƒu me la.

Wogblɔ na Israel be akɔ mɔ̃ kpekpe aɖe si daa tukpe trina ɖe enu; woana hehe Philip be woazã mɔ̃ sia ƒe ɖe si mekpena o la. Esi woɖe eme be yewomate ŋu age ɖe asrafodɔ me o elabena Yehowa tsi tre ɖe eŋu la, asrafomegã la ɖe gbe be woatu wo. Esi ɣetrɔ ga 4 ƒo la, wobia tso amesiwo katã wolé sesẽe be woazu asrafowo kple amesiwo wotu ɖe gaxɔa me xoxo la si be be woaɖo fli. Azɔ asrafoawo bia tso amesiame si be wòade asi agbalẽ te atsɔ aɖee fia be yelɔ̃ be yeage ɖe asrafoawo me. Esi wòɖo Philip dzi be wòade asi ete la, efia asi Timoteo II, 2:3, 4 me nyawo eye wògblɔ na asrafomegã la be: “‘Kristo ƒe asrafo nyuie’ menye xoxo. Nyemate ŋu awɔ aʋa na Kristo agawɔ aʋa na ame bubu aɖeke o. Ne mewɔe la, Kristo abum yomemɔfialae.” Asrafomegã la ƒo tagbɔ nɛ gblɔ be: “Wò Kristo ƒe asrafo nyenye dɔ la wu enu! Fifia ezu Biafratɔwo ƒe asrafo.”

Philip ɖo eŋu be: “Kristo mena nyanyam be yeƒe asrafodɔ si wɔm mele la wu enu haɖe o, eye nye dɔdasi la ayi edzi vaseɖe esime wòana nyanya siam.” Enumake asrafoawo kɔ Philip kple Israel ɖe yame xlã ɖe anyi. Esi wo ame evea ƒe mo tsyɔ zi eye woƒe ŋku, ŋɔti kple nume nɔ ʋu ɖuɖum la, wokplɔ wo dzoe.

Wokplɔ Wo Yi Afisi Woada Tu Wo Le

Le ŋkeke ma ƒe ɣeyiɣi aɖe megbe la, wokplɔ Israel kple Philip yi afisi woada tu wo le. Gake asrafoawo mete ŋu da tu wo o. Ke boŋ woƒo wo kple kɔ hetsɔ woƒe tuzɔwo ƒo woe. Eyome asrafomegã si nɔ gaxɔa nu la tso nya me be yeaƒo wo woaku. Edɔ asrafo 24 be woaƒo wo. Wo ame ade aƒo Philip eye ame ade bubuwo hã aƒo Israel. Asrafo 12 bubuawo anɔ ati siwo wotsɔ le wo ƒomee la ɖɔ lim na wo eye woaɖɔ li wo tɔ asrafoawo ne ɖeɖi va te wo ŋu.

Wobla Philip kple Israel ƒe asiwo kple afɔwo. Israel gblɔ be: “Nyemate ŋu aɖo ŋku zi alesi woƒo mí le zã ma me la dzi o. Ne ɖeɖi te asrafo ɖeka ŋu la, bubu va yia edzi. Esime míeyi ɖi me gɔ̃ hã woganɔ mía ƒom kokoko.” Philip gblɔ be: “Mateo 24:13 si ƒo nu tso dzidodo vaseɖe nuwuwu ŋu la va susu me nam esime wonɔ mía ƒom, eye esia do ŋusẽm. Sekɔnd ʋee aɖewo koe ƒoƒoa vem. Ðeko wòwɔ abe Yehowae dɔ eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ɖa be wòava kpe ɖe mía ŋu ene, abe alesi wòwɔ le Daniel ŋɔli ene. Ne menye eyae xɔ na mí o la, míatsi agbe le zã dziŋɔ ma me o.”

Esi asrafoawo ƒo Israel kple Philip vɔ la, wogblẽ wo ɖi dzo esi wosusu be woku. Tsi hã nɔ dzadzam. Kristotɔ eve siawo yi ɖi me vaseɖe ŋufɔke ƒe ŋdi. Esime asrafoawo kpɔ be wogale agbe kokoko la, wokplɔ wo yi gaxɔ mee.

“Miele Ʋeʋẽm Ame Kukuwoe Gɔ̃ Hã Xoxo”

Ƒoƒoa na wo ŋu dro vevie eye woƒe ŋutilã ƒe akpa sia kpa xɔ abi. Israel ɖo ŋku edzi be: “Womeɖe mɔ na mí be míaklɔ abiawo o. Le ŋkeke aɖewo megbe la, tagbatsutsuwo va nɔ abiawo me ɖum na mí ɣesiaɣi. Le alesi gbegbe wowɔ fu míi ta la, nu meganya nɔ ɖuɖum na mí o. Kwasiɖa ɖeka megbe ko hafi míete ŋu noa tsi le esi míaƒe nume te ta.”

Ŋdi sia ŋdi la asrafoawo ƒoa wo—zi 24 ame ɖeka. Asrafoawo yɔa ƒoƒo sia fewuɖuɖutɔe be “ŋdinuɖuɖu” alo “ŋditii dzodzoe” Ŋdɔ sia ŋdɔ la, asrafoawo kplɔa wo vaa xexee be woadze ŋgɔ ɣea vaseɖe ŋdɔ ga ɖeka. Le funyafunyawɔwɔ ma ƒe ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, asrafomegã la yɔ wo hebia wo be wona ta hã. Woɖo eŋu be ao.

“Asrafomegã la gblɔ be: “Miaku ɖe gaxɔ me. Le nyateƒe me la, miele ʋeʋẽm ame kukuwoe gɔ̃ hã xoxo.”

Philip ɖo eŋu be: “Ne míeku gɔ̃ hã la, míenya be Kristo, amesi míele aʋa wɔm na la afɔ mí ɖe tsitre.”

Aleke wowɔ to ŋɔdziɣeyiɣi sia me do? Israel gblɔ be: “Mía kple Philip míedea dzi ƒo na mía nɔewo le míaƒe dodokpɔɣeyiɣiawo katã me. Le gɔmedzedzea me la, megblɔ nɛ be, ‘Ŋɔ mègadzi wò o. Aleke kee wòɖale o, Yehowa akpe ɖe mía ŋu. Le gonyeme la, naneke mana makpe ɖe asrafoawo ŋu o. Ne maku kura gɔ̃ hã la, nye asi siawo mele tu lé ge akpɔ o.’” Philip gblɔ be ye hã yeɖoe kplikpaa nenema. Wo katã woɖoa ŋku ŋɔŋlɔ vovovowo dzi hedzroa wo me.

Asrafomegã yeye aɖe ɖoe be yeaɖo amesiwo wolé sesẽe be woazu asrafowo dometɔ abe alafa ɖeka ene ɖe Ibema, si nye hehenaƒe si le Mbano-nuto me afisi woyɔna fifia be Imo-nutome. Israel gblɔ nusi va dzɔ la: “Woku asrafoʋu gã la vɛ be woaɖo, eye amesiwo katã wobe woaxɔ ɖe asrafodɔ me la ge ɖe eme. Srɔ̃nye June ƒu du yi asrafoawo gbɔ heɖe kuku ɖe mía ta dzideƒotɔe be woagakplɔ mí adzoe o. Esi wonyrã ɖee la, edze klo ɖe ʋua gbɔ do gbe ɖa heƒo eta wòɖi sesĩe be amen. Emegbe ʋu la ho dzo.”

Míedo Go Aʋapaɖila Veveseɖeamenula Aɖe

Asrafoʋu la ɖo afisi gaxɔwo le le Ibema le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdɔ me. Ŋutsu si dze abe eyae nɔ gaxɔa nu ene la nye Israeltɔ aʋapaɖila. Esi wòkpɔ alesi gbegbe woƒo Philip kple Israel wogbɔdzɔe la, ete ɖe wo ŋu bia wo nusitae woƒe nɔnɔmea dzi ŋgɔ nenema gbegbe. Woɖe eme nɛ be Yehowa Ðasefowoe yewonye eye yewogbe asrafohehe xɔxɔ. Etsɔ dziku yi asrafomegã bubu siwo le afima la gbɔ. Egblɔ be: “Woaɖu Biafra dzi kokoko le aʋa sia me. Dukɔ ɖesiaɖe si le aʋa wɔm eye wòle fu ɖem na Yehowa Ðasefowo ado kpo nu kokoko. Mele be mialé Yehowa Ðasefowo sesẽe be woazu asrafowo o ɖe. Ne Ðasefo aɖe lɔ̃ be yeayi aʋa la, enyo. Gake ne egbe la, migazi edzi o.”

Ðɔkta si nɔ afisi gaxɔawo nɔ la bia ne abɔtasisi kple lãmesẽ nyui me nɔnɔ hena aʋawɔwɔ ƒe ɖaseɖigbalẽ le Ðasefo eveawo si. Esi ɖeke mele wo si o ta la, aʋapaɖila la gbe amesiwo katã wolé sesẽe be woazu asrafowo la eye wògblɔ be woagbugbɔ wo katã ayi Umuacha.

“Midzo le Afisia Miayi Aɖasubɔ Mia Mawu”

Emegbe Israel srɔ̃ kple Philip dada woɖoe be yewoayi aɖasrã wo kpɔ le Umuacha-gaxɔ me kple mɔkpɔkpɔ be yewoase nya nyui aɖe. Esi wonɔ teƒea gogom la, wose hoowɔwɔ le gaxɔa me. Esi woɖo agboa nu la, asrafo si nye dzɔla la gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo! Woɖo miaƒe gbedodoɖa ŋu. Wogbugbɔ trɔ ameha si wokplɔ dzoe ŋkeke etɔ̃e nye ma la gbɔe.”

Gbemagbe ke la, woɖe asi Philip kple Israel ŋu le gaxɔa me. Asrafomegã la gblɔ na June be: “Ènya be gbe si nèdo ɖae na míaƒe dɔa medze edzi oa?” Emegbe egblɔ na Israel kple Philip be: “Midzo le afisia miayi aɖasubɔ mia Mawu, eye miyi edzi mialé miaƒe nuteƒewɔwɔ na miaƒe Yehowa me ɖe asi.”

Israel kple Philip ƒe lãme va haya eye woyi woƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa dzi. Esi aʋa la ke vɔ la, Israel wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe eve eye wòyi edzi subɔ abe Kristotɔ hamemegã ene. Philip wɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ ƒe ewo eye wògakpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. Eya hã nye hamemegã.

Wogbe be Yewomadzɔ Ga be Woatsɔ Aƒle Aʋawɔnuwoe O

Zebulan Nxumalo kple Polite Mogane wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ɖekakpuiwo le Dziehe Afrika. Zebulan ɖe nu me be: “Kwasiɖagbe ŋdi aɖe la, ŋutsu aɖewo va mía ƒeme hebia be míadzɔ R 20 (si ade United States dɔlar 7) be woatsɔ aƒle aʋawɔnuwoe. Míebia tso wo si bubutɔe be woagbugbɔ ava gbemagbe ke ƒe fiẽ elabena vovo menɔ mía ŋu le Kwasiɖagbea be míadzro nya la me zi ɖeka le afima o. Wolɔ̃ dzo nukutɔe. Esi fiẽa ɖo la, ŋutsu 15 wova. Alesi woɖo moe na wòdze kɔtee be menye fefenya gblɔm wole o. Esi míeɖe mía ɖokui nu bubutɔe vɔ la, míebia wo be nuka dim wole hã. Woɖe eme be yewohiã ga atsɔ aƒle tu lolo siwo nyo wu la be yewoatsɔ akpe aʋa kple dunyaheha si tsi tre ɖe yewo ŋu la.

“Mebia wo be: ‘Ðe woate ŋu atsɔ petrol atsi dzoea?’

“Woɖo eŋu be: ‘Ao, esia manya wɔ o.’”

“Míeɖe nu me na wo be nenema ke ko nuvlowɔwɔ adzi nuvlowɔwɔ kple hlɔ̃bianuwɔnawo ɖe edzii.

“Nyagbɔgblɔ sia ku dzi na amesiwo va la dometɔ geɖe. Fifia wotsɔ ŋɔdzidodo nɔ nu biamee. Wotsɔ dziku gblɔ be: ‘Ɣeyiɣi ko gblẽmee míaƒe numedzodzro sia le. ‘Womate ŋu atsɔ naneke aɖɔ li nudzɔdzɔ sia si woɖo amesiame dzi sesẽe la o. Nya lae nye be nàxe fea loo alo nàkpɔ wò fea maxemaxe ƒe tohehe!’

Zebulan ɖo ŋku edzi be: “Le ɣeyiɣi sia me la, esi nuwo di be yewoagblẽ ɖe edzi tututu ko la, woƒe ŋgɔnɔla la ge ɖe eme. Edi be yeanya nusi tututu nye kuxia. Míeɖe míaƒe tenɔnɔa me nɛ eye wòɖo to nyuie. Míezã woa ŋutɔwo ƒe dunyahedzixɔse siwo ŋu woku ɖo goŋgoŋ tsɔ wɔ kpɔɖeŋui na wo. Míebia wo be aleke woakpɔ mɔ be asrafo si wona hehee le woƒe asrafohabɔbɔ me nawɔ ne wolée hezi edzi be wòagbe nu le eƒe tenɔnɔa gbɔ hã. Woɖo eŋu be ele be ame ma nanɔ klalo be yeaku ɖe yeƒe dzixɔsewo ta. Woko nu esi míenɔ wo kafum ɖe woƒe ŋuɖoɖoa ta; womenya be mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee wònye yewona mí be míatsɔ aɖe míaƒe tenɔnɔa mee o. Míeɖe nu me na wo be míawo ya míeto vovo tso Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo gbɔ. Esi míenye Mawu ƒe Fiaɖuƒea taʋliawo ta la, Biblia si tsi tre ɖe amewuwu ƒomeviwo katã ŋu dzie míetu míaƒe ‘dukplɔsea’ ɖo. Le esia ta la, míelɔ̃ be míadzɔ penivi gɔ̃ hã be woatsɔ aƒle aʋawɔnuwoe o.

“Fifia esi míaƒe dzeɖoɖoa nɔ eƒe nuwuwu ɖom la, ame geɖewo nɔ míaƒe aƒea me vam, eyata míeva nɔ nu ƒom na ameha gbogbo aɖewo mlɔeba. Womenya be míenɔ gbe dom ɖa vevie be nu nyui aɖe nado tso míaƒe dzeɖoɖoa me o.

“Esi míeɖe míaƒe tenɔnɔ me na wo nyuie vɔ la, wozi ɖoɖoe toŋtoŋ. Mlɔeba la, woƒe ŋgɔnɔla la ƒo nu na etɔwo be: ‘Nɔvinyewo, mese amesiawo ƒe tenɔnɔ gɔme na wo. Ne ɖe míehiã ga be míatsɔ atu ame tsitsiwo ƒe nɔƒee, alo ne míaƒe aƒelikawo dometɔ aɖe hiã ga be wòatsɔ ayi kɔdzii la, woalɔ̃ faa be yewoadzɔ nu. Gake womalɔ̃ gbeɖe be yewoatsɔ ga na mí be míatsɔ aɖawu amee o. Le gonyeme la, nyemetsi tre ɖe woƒe dzixɔsewo ŋu o.’

“Enumake wo katã wotsi tre. Míena asi wo heda akpe na wo ɖe woƒe dzigbɔɖeanyi ta. Nusi dze egɔme abe nɔnɔme si me afɔku le ene si me woate ŋu awu mí le la wu nu le aʋadziɖuɖu gã me.”

Nuvlowɔha Siwo Nunɔlawo Nɔ Ŋgɔ Na

Abe alesi Ðasefo Polandtɔ Jerzy Kulesza gblɔe ene:

“Fofonye si ŋkɔe nye Aleksander Kulesza ɖo kpɔɖeŋu si yome madze la ɖi le dzonɔameme kple Fiaɖuƒenuwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ gome. Gbeadziyiyi, Kristotɔwo ƒe kpekpewo yiyi, ɖokuisi- kple ƒomenusɔsrɔ̃ wonye nu kɔkɔewo nɛ ŋutɔ. Sno ƒe dzadza, avuvɔ, ahomya sesẽ ƒe tutu, alo dzoxɔxɔ mexea mɔ nɛ o. Le vuvɔŋɔli me la, edoa eƒe vuvɔmewu, tsɔa akplo si me wòde Biblia-srɔ̃gbalẽwoe, heyia Poland ƒe saɖaganyigbamamã aɖewo me ŋkeke eve. Edoa go afɔku geɖewo kple aʋawɔla wɔadã aɖewo.

Ɣeaɖewoɣi la, nunɔlawo dea dzi ƒo na amewo be woatsi tre ɖe Ðasefowo ŋu, eye wodea dzi ƒo na nuvlowɔhawo. Woɖua fewu le wo ŋu, ƒua kpe wo, alo ƒoa wo. Gake wogbɔna vaa aƒeme kple dzidzɔ be yewodo dzi le vlododowo me le Kristo ta.

“Le ƒe gbãtɔ mawo me le Xexemeʋa II megbe la, dziɖuɖua megate ŋu nɔ egbɔ kpɔm be woawɔ ɖe se kple ɖoɖowo dzi le dukɔa me o. Nuwo tɔ zi eye wonɔ nuwo dome gblẽm. Kpovitɔwo kple adzamekpovitɔwo wɔ woƒe dɔ kple ŋkubiã le ŋkeke me, eye aʋawɔlawo kple nuvlowɔha bubuwo wɔa woƒe dɔ le zã me. Fififi kple adzodada va bɔ, eye wonɔ amewo wum yakatsyɔe. Wote ŋu ɖea fu na Yehowa ƒe Ðasefo siwo ŋu wɔna aɖeke mele o la bɔbɔe, vevietɔ esi ƒuƒoƒo siwo nu nunɔlawo nɔ dometɔ aɖewo va nɔ gome ɖom na Ðasefowo koŋ. Wobu míaƒe aƒewo dzi dzedze be enye nu nyui yewotsɔ le yewoƒe tɔgbuiwo ƒe Katoliko-ha ta ʋlimee. Le ɣeyiɣi mawo me la, wogbãa fesrewo, fia lãhawo, eye wogblẽa awuwo, nuɖuɖu kple agbalẽwo dome. Wotsɔa Bibliawo ƒua gbe ɖe vudo me.

Xɔsetaku Kpata

“Gbeɖeka le ƒe 1946 ƒe June me la, hafi míakpe ta be míado gasɔ aɖawɔ dɔ le saɖaganyigbamamã aɖe me la, nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Kazimierz Kądziela va srã mí kpɔ eye wòdo dalĩ na fofonye. Fofonye ɖo mí ɖe anyigbamamã la me, gake meyi kpli mí o, esi wɔ nuku na mí. Míese nusitae meyi kpli mí o la emegbe. Esi míegbɔ va aƒeme la, míese be woƒo Kądziela ƒe ƒomea kutɔkutɔe le zã si va yi la me, eyata fofonye yi be yeakpɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo xɔ abi vevie la gbɔ.

“Esime mege ɖe xɔ si me womlɔ la me emegbe la, nusi mekpɔ la na mefa avi. Ʋu hlẽ ɖe gliawo kple dzisasrã la ŋu. Amesiwo wotsɔ nu bla abi na wo la mlɔ aba dzi, woƒo wo woƒe ŋutilã do ʋusrã eye woƒe agbaƒutiwo, afɔwo kple asiwo ɖɔ li hete. Màgate ŋu akpɔ wo adze sii o. Woƒo Nɔvinyɔnu Kądziela, si nye vidada le ƒomea me la vevie. Fofonye nɔ wo gbɔ nɔ kpekpem ɖe wo ŋu, eye hafi wòadzo la, egblɔ nya vevi siawo be: ‘Oo, nye Mawu, ŋutsu sesẽ si si lãmesẽ le ye menye [ƒe 45 ye wòxɔ ɣemaɣi eye medze dɔ kpɔ o], eye mɔnukpɔkpɔ mesu asinye kpɔ be makpe fu ɖe tawò o. Nukatae wòanye nɔvinyɔnu tsitsi sia dzie wòadzɔ ɖo?’ Menya nusi nɔ ŋgɔ nɛ o.

“Esi ɣe ɖo to la, míegbɔ va mía ƒeme si didi kilometa 3 tso afima. Ŋutsu 50 siwo kpla tuwo la ƒo xlã míaƒe aƒea. Wokplɔ Wincenciuk ƒe ƒomea hã vɛ, eyata míenye ame asieke nɔ afima. Wobia mía dometɔ ɖesiaɖe be: ‘Yehowa ƒe Ðasefoe nènyea?’ Esi míeɖo eŋu be ẽ la, woƒo mí. Azɔ esi wonɔ mía ƒom ɖekaɖeka ɖe mía nɔewo yome la, ŋutasẽla siawo dometɔ eve ƒo fofonye esi wonɔ ebiam be adzudzɔ Biblia la xexlẽ kple gbeƒãɖeɖee hã. Wodi be yewoanya ne ayi sɔleme aɖaʋu eƒe nuvɔ̃wo me. Woɖu fewu le eŋu be: ‘Egbea míaɖo wò nànye bisiɔp.’ Fofonye meke nu gɔ̃ hã o, eye meɖe hũ hã o. Edo dzi le fu siwo wonɔ ewɔm la me kpoo abe alẽ ene. Esi ŋu ke anɔ abe aɖabaƒoƒo 15 ene le mawusubɔsubɔ me ŋutasẽlawo ƒe dzodzo vɔ megbe la, eku, le esi woƒoe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta. Gake hafi woadzo la, wotɔ asi dzinye be manye amesi ŋu woagasẽ ŋuta le. Ƒe 17 koe mexɔ ɣemaɣi. Esi wonɔ ƒoyem la, meku ƒenyi zi eve. Nye ŋuti do ʋusrã tso nye alime vaseɖe tagbɔ le ƒoƒoa ta. Wowɔ fu mí gaƒoƒo ade. Wowɔ nusiawo katã ɖe mía ŋu le esi míenye Yehowa Ðasefowo ko ta!”

Srɔ̃nyɔnu Ðianukware ƒe Kpekpeɖeŋu

“Nye hã menɔ Ðasefo 22 siwo wotu ɖe gaxɔ si me do viviti si ƒe lolome mede meta 10 togodo o la dome. Le míaƒe gaxɔ ma me nɔnɔ ƒe nuwuwu la, woɖe míaƒe nuɖuɖu dzi kpɔtɔ. Abolo kakɛ aɖe kple kɔfi veve si wowɔ ɖe kplu vi aɖe me koe wotsɔna na mí gbesiagbe. Ne wokplɔ ame aɖe yi be woaɖabia gbee le zã me ko hafi wonɔa bɔbɔe na mí be míamlɔ anyigba si fa la.

“Wodem mɔ̃ ɖe Kristotɔwo ƒe dɔwɔna ta zi atɔ̃, eye ne metsɔ wo katã ƒo ƒu la, ele ƒe enyi. Wowɔ nu ɖe ŋunye etɔxɛe le gaxɔa me. Woŋlɔ nu ɖe nye nuŋlɔɖigbalẽ me be: ‘Miwɔ nu wòave Kulesza vevie ale gbegbe be magadzroe akpɔ be yeagadze yeƒe dɔwɔna gɔme o.’ Gake ɣesiaɣi si woɖe asi le ŋunye la, metsɔa ɖokuinye nana hena Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Setɔwo hã ɖo gome na srɔ̃nye Urszula kple mía vinyɔnuvi eveawo. Le kpɔɖeŋu me, setɔ aɖe zi fetu si srɔ̃nye wɔ dɔ sesĩe kpɔ la ƒe ɖe dzi ƒe ewo sɔŋ. Wogblɔ be esia nye nye adzɔnana ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo metana le adzame la ta. Woxɔ nusianu le wo si sesẽe negbe nusiwo wobu be wonye nusiwo ŋu woanɔ agbe ɖo ko ŋu woɖe asi le na wo. Medaa akpe na Yehowa ɖe srɔ̃nye si ƒo dzi nɔ, amesi tsɔ dzigbɔɖi do dzi kplim le funyafunya mawo katã me eye wònye kpeɖeŋutɔ ŋutɔŋutɔ nam le ɣeawokatãɣi la ta.

“Míekpɔ gbɔgbɔ me aʋadziɖuɖu le Poland afisia; Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le se nu la le mía si fifia le Nadarzyn, le Warsaw gbɔ. Le mía yome titi ƒe geɖewo megbe la, Ðasefo siwo wu 108,000 ye li eye wole hame 1,348 me.”

Nukatae Ame Geɖewo Ku Xɔsetaku Alea Gbegbe?

Yehowa Ðasefowo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi le ƒe alafa 20 lia sia me ate ŋu ayɔ agbalẽ geɖewo—wo dometɔ akpe geɖe ku xɔsetaku alo wode wo mɔ̃ eye wokpe funyafunyawɔwɔ manyagblɔ ƒe fu, wodɔ wo gbɔ sesẽe, eye woha woƒe nuwo le teƒe geɖewo abe Malawi kple Mozambique ene, le Spania le Fasi-dziɖuɖu te, le Europa le Nazi-dziɖuɖu te, le Ɣedzeƒe Europa le Kɔmiunist-dziɖuɖu te, kple le United States le Xexemeʋa II me. Nya si míabiae nye, Nukatae? Le esi dunyahehe- kple subɔsubɔhaŋgɔnɔla ŋutasẽlawo melɔ̃na be yewoade bubu Kristotɔ ɖianukware siwo gbea amewuwu sɔsrɔ̃ eye woɖea wo ɖokui ɖa le dunyahehe ɖesiaɖe gbɔ, ƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee o la tae. Ðeko wòle pɛpɛpɛ abe alesi Kristo gblɔ be anɔ ene, abe alesi woŋlɔe ɖe Yohanes 15:17-19 me ene be: “Esiawo ƒe se dem mele na mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo. Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee. Ðe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.”

Togbɔ be wole Yehowa Ðasefowo yome tim alea gbegbe le xexeame katã hã la, ɖeko wodzi ɖe edzi—tso ame 126,000 le dukɔ 54 me le ƒe 1943 me va ɖo ame 4,500,000 kloe le dukɔ 229 me le ƒe 1993 me. Woɖu aʋa dzi vaseɖe ku me ke. Woɖoe kplikpaa be yewoayi gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ƒe hehenadɔ tɔxɛa dzi vaseɖe esime Yehowa nagblɔ be dɔa wu enu.—Yesaya 6:11, 12; Mateo 24:14; Marko 13:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Nuteƒewɔwɔ nye “kuku ɖe agbenyuinɔnɔse ŋu goŋgoŋ le nusianu me.”—The American Heritage Dictionary, Tata Etɔ̃lia.

[Aɖaka/​Nɔnɔmetata si le axa 6]

Xɔsetaku le Germania

AUGUST DICKMANN xɔ ƒe 23 esime SS-srafowo ƒe ŋgɔnɔla Heinrich Himmler ɖe gbe wowui le Ðasefo bubuawo katã ŋkume le Sachsenhausen ƒe fuwɔamegaxɔ me. Gustav Auscher si kpɔ eteƒe la ka nya ta be: ‘Woda tu Nɔviŋutsu Dickmann hegblɔ na mí be woada tu mí katã ne míede asi nyagbɔgblɔa te tsɔ gbe nu le míaƒe xɔse gbɔe o. Woakplɔ mí ame 30 alo 40 zi ɖeka ayi ʋe si woɖe ɖe ke me la me aɖada tu mí katã. Esi ŋu ke la, SS-srafowo tsɔ agbalẽ aɖe vɛ na mía dometɔ ɖesiaɖe be míade asi ete alo ne míegbe woawu mí. Ðeko woƒe mo didi lɔbɔɔ wotsɔ dzoe esi wokpɔ be ame aɖeke mede asi agbalẽa te o. Wosusu be yewoatsɔ gbɔgblɔ be yewoawu mí le dutoƒo ado ŋɔdzi na míi. Gake vɔvɔ̃ be míagawɔ nusi madze Yehowa ŋu o ye míevɔ̃ wu woƒe tukpeawo. Womegate ŋu da tu mía dometɔ aɖeke azɔ le dutoƒo o.”

[Aɖaka/​Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ame ƒe Agbe Tsɔtsɔ Ana

ƔEAÐEWOƔI la, aʋadziɖuɖu vaseɖe ku me abia be woatsɔ ame ƒe agbe ana. Lɛta aɖe si woxɔ tso Nseleni-hame si le Dziehe Afrika ƒe Natal-nutome si le anyiehe gome, gblɔ nudzɔdzɔ wɔnublanui sia be: “Míele agbalẽ sia ŋlɔm be míana mianya be mía nɔviŋutsu lɔlɔ̃tɔ Moses Nyamussua megali o. Nusɔla kple ʋudzraɖolae wònye. Gbeɖeka la, dunyaheha aɖe bia tso esi be wòasɔ yewoƒe tu siwo yewowɔ la, gake egbe ewɔwɔ. Emegbe le February 16, 1992 dzi la, ameawo wɔ woƒe dunyahetakpekpe aɖe, afisi wowɔ aʋa kple dunyaheha si tsi tre ɖe wo ŋu le. Esi wotso aʋawɔƒea gbɔna gbemagbe ke ƒe fiẽ la, wokpɔ nɔviŋutsua wònɔ gegem ɖe eƒe dɔwɔƒea. Afimae wotɔ woƒe akplɔwoe le wòku. Nukatae wowui ɖo? ‘Ègbe míaƒe tuwo sɔsɔ na mí, eye fifia mia tɔwo ku le aʋa la.’

Nɔviŋutsu Dumakude, si nye hamea ƒe agbalẽŋlɔla gblɔ be: “Esia tso dzika ƒo na nɔviawo ŋutɔ.” Egblɔ kpee be: “Gake míayi subɔsubɔdɔa dzi.”

[Aɖaka/​Nɔnɔmetata si le axa 11]

Xɔsetaku le Poland

LE ƑE 1944 me esime Germania-srafowo nɔ dzodzom kpata eye aʋa la nɔ du aɖe si le Poland ƒe ɣedzeƒe gome gogom la, amegã siwo nɔ afima la zi dumeviwo dzi be woaɖe ʋewo atsɔ axe mɔ na aʋawɔʋuwoe. Yehowa Ðasefowo gbe wo ɖokui ƒoƒo ɖe eme. Wozi Stefan Kierylo, si nye sɔhɛ Ðasefo—si xɔ nyɔnyrɔ̃ ɣleti eve koe nye ma—la dzi be wòakpe ɖe amewo ŋu woatu asrafowo ƒe nɔƒe aɖe gake etsɔ akpaɖekedzimademade ƒe tenɔnɔa gagbe nenema ke dzideƒotɔe. Wowɔ nu geɖe be woatsɔ agblẽ eƒe nuteƒewɔwɔa mee.

Woblae ɖe ati ŋu amamae le afisi tsi le bena mũwo kple nudzodzoe bubuwo naɖui. Edo dzi le ema kple funyafunyawɔame bubuwo me, eyata woɖe asi le ŋu. Gake esi asrafomegã aɖe lé ŋku ɖe asrafowo nɔƒea ŋu la, wogblɔ nɛ be ame aɖe li si gbe be yemawɔ eƒe sedede dzi o. Woɖe gbe na Stefan zi etɔ̃ be wòaɖe ʋe la. Egbe sofi gɔ̃ hã tsɔtsɔ ɖe asi. Woda tui wòku. Ame alafa geɖe siwo kpɔ eteƒe la dze sii. Eƒe xɔsetaku la va nye ŋusẽ gã si Yehowa ate ŋu ado ame la ŋuti ɖaseɖiɖi.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ananii Grogul

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Jerzy Kulesza

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe