INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 10/8 axa 3-4
  • Sɔlemeha si me Nuwo Le Tɔtrɔm Le le France

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔlemeha si me Nuwo Le Tɔtrɔm Le le France
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuwo Mele abe Tsã ene O
  • Ðe Sɔlemeviwo Wɔa Nuteƒe Ŋutɔŋutɔa?
  • Sɔlemeha La—Tɔtrɔwo Kple Tɔtɔ
    Nyɔ!—1993
  • Nukata Ha La Megale Ŋusẽ Kpɔm Ðe Amewo Dzi O?
    Nyɔ!—1996
  • Aleke Wòle Be Kristotɔwo Nabu Misae?
    Nyɔ!—1999
  • Hameviawo Ðe?
    Nyɔ!—1996
Nyɔ!—1993
g93 10/8 axa 3-4

Sɔlemeha si me Nuwo Le Tɔtrɔm Le le France

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le France gbɔ

“‘Ame aɖeke kloe megavaa sɔlemea o. Ŋdi sia ŋdi la, atsutsrɔewo kple ayiyiwo koe mewɔa Misa na. Le ƒe si va yi me la, ame ɖeka koe mede mawutsi ta na hewɔ sɔleme na ame 26 siwo ku la. Ke ema ya ɖe? Nyemewɔ srɔ̃ɖeɖe aɖeke gɔ̃ hã o.’ Esime [nunɔla sia] va La Bastide [le France ƒe dziehe] teti la, ɖevi 85 ye dea eƒe katekismo. Amesiwo vana egbea ƒe xexlẽme bliboe nye ame atɔ̃. Osɔfo-suku ɖeka koe le nuto si dzi kpɔm bisiɔp aɖe le la me, eye nunɔla aɖeke mele nuto 120 si o.”—Nunɔla aɖe ƒe nya si Paris nyadzɔdzɔgbalẽ Le Figaro yɔ.

“Amekae atso nya me be yeagbugbɔ Gregori ƒe hadzidziwo, ha viviwo, . . . altario siwo wotsɔ seƒoƒowo ɖo atsyɔ̃ na, azãɖuwu ʋlaya siwo nunɔlawo dona, dzudzɔ ʋeʋẽewo, saŋkuwo, kple nutowo me nunɔla siwo wɔa sɔleme le kplɔ̃ta ana Katolikotɔwo? . . . Katolikotɔ si bu ɣeyiɣi didi aɖe si ɖoe be yeatrɔ agbɔ va haa me la aɖi vi búbu la. Gake ne etrɔ gbɔ fifia la, makpɔ vividoɖeameŋu si nɔ fofoa ƒeme tsã o, ke boŋ ʋutɔɖoƒe si wotsi nuƒomɔ̃wo ɖoe wòakpɔ.”—Geneviève Dormann ye ŋlɔe ɖe Le Figaro Magazine me.

TSO ƒe 1970 ƒeawo ƒe nuwuwu la, tɔtrɔ geɖewo va na Katolikotɔ siwo ɖea Protestantɔwo. Tso ɣeaɖeɣi ke vaseɖe ƒe 1966 me la, ele na Katolikotɔ si nye srɔ̃tɔ be wòaŋlɔ atamkanya be yeahe ɖevi siwo yewoadzi le yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me la woanye Katolikotɔwo. Ele na srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si nye Protestantɔ be eya hã nade asi ɖoɖo sia te. Egbea sɔlemeha la megakpɔa egbɔ kokoko be woawɔ ɖe ɖoɖo sia dzi o. Woate ŋu awɔ srɔ̃ɖeɖea le Protestant-ha alo Katoliko-ha me le subɔsubɔha siawo dometɔ ɖesiaɖe alo eve siaa ƒe nunɔlawo ŋkume.

“Tso esime woɖo Vatikan II la, menye ɖekoe Katoliko-ha la va le nɔnɔme yeye aɖe me le dutoƒo o, ke ele nɔnɔme si to vovo hã me. . . . Fifia sɔlemeha la bɔbɔa eɖokui ɖe anyi wu, kadodo si le kplikplikpli wu le woa kple Kristo-habɔbɔ bubuwo dome, eye wòlɔ̃ ɖe nusi ame ƒe dzitsinya ɖe mɔ nɛ be wòawɔ la dzi hetsɔ eɖokui na hena ‘xexeame ƒe kpekpeɖeŋudɔwo wɔwɔ.’”—Franseawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Le Monde.

Ƒe aɖewoe nye esia fifia, eye vevietɔ tso esime woɖo Vatikan II la, tɔtrɔ geɖe va le Katoliko-ha la me. Aleke hamevi siwo lé woƒe xɔsea me ɖe asi kple nunɔlawo bua tɔtrɔ siawoe?

Nuwo Mele abe Tsã ene O

Le ƒe 1960 ƒeawo ƒe gɔmedzedze me la, Papatenɔla Feltin, si nye Paris ƒe bisiɔpgã ɖe mɔ na nunɔla siwo le eƒe nutoa me la be woaɖe woƒe nunɔlawu ʋlayawo ɖi ado awu siwo amesiame dona, eye woado coat si ŋu naneke mele o negbe atitsoga koe woade eŋu. Roma Katolikotɔwo ƒe awu ʋlalayawo bú kloe le Franse-nunɔlawo dome eye nunɔla siwo léa blemakɔnuwo me ɖe asi koe donɛ. Le ɣeyiɣi ma ke lɔƒo me la, woɖe mɔ na Katolikotɔwo be woade Misa le Memleɖagbe fiẽwo ke meganye Kwasiɖagbe ŋdiwo o.

Tɔtrɔ geɖewo va le Sɔlemewɔwɔmɔnu siwo metrɔ o ƒe alafa geɖewo hã me. Wode egbegbe hadzidziwo Misa me togbɔ be menye amesiamee wòdzɔa dzi na o gake. Wotrɔ sɔlemeha la ƒe altario la ŋkume de nyaselawo ale be fifia nunɔla la dzea ŋgɔ eƒe hameviwo ne ele sɔleme wɔm. Gake tɔtrɔ ɖedzesi kekeake siwo va Katoliko-ha la ƒe Sɔlemewɔwɔ me dometɔ ɖekae nye Misa wɔwɔ le dukɔa ƒe gbegbɔgblɔ me. Esia wɔe be Misa wɔwɔ le Latingbe me va bu kloe.

François, Maryse, kple Gilles, wonye alesi Katolikotɔ dovevienu aɖewo wɔ nu ɖe nɔnɔme sia nui ƒe kpɔɖeŋuwo. François nye amesi de Misa wɔwɔ le Fransegbe me dzi vevie. Egblɔ be: “Àte ŋu ase nya si gblɔm nunɔla la le ya gɔme teti.” Maryse melɔ̃ ɖe tɔtrɔ la dzi o elabena egblɔ be Misa “nyo tsã wu fifia.” Gilles ƒe nukpɔsusu sɔ kple Maryse tɔ. Egblɔ be: “Esi míetrɔe tso Latingbe me va Fransegbe me la, wɔwɔ ɖe edzi dze na mí abe asiɖeɖe le xɔse ŋu ene.”

Katolikotɔ siwo da asi ɖe tɔtrɔ siawo dzi dometɔ geɖe kpɔe be nuwo metrɔ boo o. Wo dometɔ aɖewo ɖoa aɖaŋu be ele be sɔlemeha la nawɔ akpa vevi aɖe wu le xexemenyawo me. Bubuwo da asi ɖe nunɔlawo ƒe srɔ̃ɖeɖe kple nyɔnuwo ɖoɖo nunɔlawoe gɔ̃ hã dzi.

Ðe Sɔlemeviwo Wɔa Nuteƒe Ŋutɔŋutɔa?

Menye sɔlemekɔnuwɔwɔ ko dzie tɔtrɔ siawo kpɔ ŋusẽ ɖo o. Le dukɔ geɖe me la, sɔlemedelawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ. Eyata France Katolikotɔ siwo dea Misa zi ɖeka ya teti le ɣleti ɖeka me ƒe agbɔsɔsɔ ɖiɖi tso ame 45 le alafa me va ɖo ame 20 le alafa me le ƒe 25 siwo va yi la me. Nuvɔ̃meʋuʋu na nunɔla edziedzi va zu tsigãdzinu. Le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa nu la, Franseawo dometɔ 14 le alafa ɖesiaɖe me koe ʋua nuvɔ̃ me zi ɖeka ya teti le ƒe ɖeka me ne wotsɔe sɔ kple wo dometɔ 51 le alafa ɖesiaɖe me si ʋunɛ le ƒe 1952 me.

Hameviawo dzi kpɔkpɔ hã zu kuxi gã aɖe. Nunɔlawo le amegã kum. Womeɖoa ame aɖeke be wòaxɔ ɖe nunɔla siwo ɖea asi le dɔ ŋu alo kuna la teƒe o. Le ema ta la, hameviawoe wɔa sɔlemea ƒe akpa gãtɔ wu.

Nunɔlawo ƒe agbɔmasɔmasɔ ƒe kuxia le nu gblẽm le kɔƒenutowo me wu. Nunɔlawo mele kɔƒenuto alafa geɖe siwo le France la si o, eye ele na hamevi siwo lé woƒe xɔsea me ɖe asi la be woazɔ mɔ ayi du siwo tsɔ wo gbɔ me be woade Kwasiɖagbe Misa alo woayi nusi France-sɔlemeha la yɔ be ADAP, Les Assemblées Dominicales en L’Absence de Prêtres (Kwasiɖagbe Takpekpe Siwo Wowɔna le Nunɔla ƒe Anyimanɔmanɔ me). Aleke amewo bua takpekpe siawo siwo womagate ŋu abu be enye Misa o lae? Saɖagaxɔmenɔla aɖe ɖe eƒe susu gblɔ le nɔnɔmea ŋu le titina France be: “Amewo mele naneke koŋ biam o. Ne womewɔ sɔleme aɖeke le afisia le Kwasiɖagbewo o la, ʋeʋeʋe la ema boŋ ava dze wo ŋu.”

Katoliko-ha ƒe ƒuƒoƒo—zi geɖe la wonyea gbɔgbɔsɔlemehawo—yeyewo naa mɔkpɔkpɔdzesi aɖe ame geɖewo. Gake Katolikotɔ siwo lé woƒe xɔse me ɖe asi dometɔ ʋee aɖewo ko dzie wokpɔ ŋusẽ ɖo eye naneke mele wo si woatsɔ akpɔ nusi woyɔna be sɔlemeha ƒe kuxiwo gbɔe o.

Gake nukatae tɔtrɔ siawo le vavam ɖo? Ɣekaɣie wodze egɔme? Nukae he wo vɛ? Be míaɖo biabia siawo ŋu la, ele be míadzro Katoliko-ha la ƒe ŋutinya le ƒe 30 siwo va yi me la me kpuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe