Hameviawo Ðe?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SPANIA GBƆ
“Naneke megblẽa nu le mawusubɔsubɔ ŋu de ɖekematsɔleme nu o.”
EDMUND BURKE, ƑE ALAFA 18 LIA ME BRITANIA DZIÐUÐUMEGÃ.
CALERUEGA nye du sue aɖe le gbadzaƒe si ya ƒona le sesĩe le Spania ƒe anyigbe. Saɖagaxɔ si wotsɔ xɔtuɖaŋu deŋgɔ aɖe tu la le du sia si wotso le Titinaɣeyiɣiwo me la me. Wotui ƒe 700 enye sia tsɔ de bubu Domingo de Guzmán, si ɖo Dominik-ha, amesi wodzi le afisia ŋui. Nyɔnu saɖagaxɔmenɔla siwo tiae be yewoanɔ aga le ɖoɖoezizi me nɔ saɖagaxɔ sia me ƒe alafa adre.
Saɖagaxɔa le ɖuɖum, eye blemagliawo te gbagbã. Gake hamedada la tsi dzi ɖe nane si gblẽ wu la ŋu—eyae nye mawusubɔsubɔ ŋutɔ ƒe gbagbã. Egblɔ be: “Esi meva saɖagaxɔa me ƒe 30 kloe enye sia la, nyɔnu saɖagaxɔmenɔla 40 ye nɔ afisia. Gake mí ame 16 pɛ koe li fifia. Ðetugbi aɖeke meli o. Edze abe mawusubɔsubɔ tsɔtsɔ ɖo dɔe zu tsigãdzinu ene.”
Nusi le dzɔdzɔm le Caleruega le edzi yim le Europa ƒe teƒe geɖe. Menye vivimadomado ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ƒe seselelãme sesẽ aɖee ɖo amewo me zi ɖeka o, ke ɖeko wole dodom le eme le wo ɖokui si ɖekaɖeka. Europatɔwo ƒe sɔlemexɔ xɔŋkɔa hea modzakaɖetsaɖilawo wu be wòahe “hamevi” siwo le afima. Ðekematsɔleme le sɔlemeha gã siwo tri akɔ tsã—eɖanye Protestant alo Katoliko o—dzi ɖum. Ŋutilãmenuwo xɔ amewo ƒe agbenɔnɔ me ɖe mawusubɔsubɔnuwo teƒe—nuwɔna si sɔlemeha ƒe nyanuɖelawo yɔ be tɔtrɔ ɖe ŋutilãmenuwo ŋu. Ewɔ abe ɖe mawusubɔsubɔ megale vevie o ene. Ðe alesi mawusubɔsubɔnyawo le le Europa nye hameviwo ƒe vɔvɔ si esusɔ vie ko wòaɖo xexeame ƒe akpa bubuwo la ƒe kpɔɖeŋua?
Nukae Le Dzɔdzɔm Ðe Sɔlemedede Dzi?
Nɔnɔme sia menye nu yeye le dzigbe Europa o. Scandinaviatɔ siwo nye Luthertɔwo dometɔ 5 le alafa me koe dea sɔleme edziedzi. Le Britania la, amesiwo gblɔna be Anglikantɔwoe yewonye dometɔ 3 le alafa me koe dea sɔleme Kwasiɖagbewo. Gake fifia edze abe ɖe Katolikotɔ siwo le anyigbe Europa le wo nɔvi siwo le dzigbe gome srɔ̃m ene.
Le France si Katolikotɔwo bɔ ɖo la, dumevi 1 le 10 ɖesiaɖe me koe dea sɔleme zi ɖeka le kwasiɖa me. Le ƒe 25 siwo va yi me la, Spaniatɔ siwo bua wo ɖokui “Katolikotɔwoe” ƒe xexlẽme ɖiɖi tso 83 le alafa me va ɖo 31 le alafa me. Le ƒe 1992 me la, Spaniatɔwo ƒe bisiɔpgã, Ramon Torrella, gblɔ na nyadzɔdzɔŋlɔlawo be “Spania meganye Katoliko-dukɔ o; amewo yia Kwasiɖa Kɔkɔe ɖuƒewo kple Misa le Kristmas dzi—gake womeyia [Misa] kwasiɖa ɖesiaɖe o.” Le papa John Paul II ƒe tsaɖiɖi yi Madrid le ƒe 1993 me la, exlɔ̃ nu be “ehiã be Spania nagatrɔ azu Kristotɔ si wònye tsã.”
Ðekematsɔmatsɔ le mawusubɔsubɔ me ƒe nɔnɔmea gblẽ nu le nunɔlawo kple hameviwo siaa ŋu. Nunɔla yeye siwo woɖona le France ƒe xexlẽme ɖiɖi va 140 le ƒe 1988 me (mede xexlẽme si wokpɔ le ƒe 1970 me ƒe afã o), eye le Spania la, amesiwo ade 8,000 gblẽ woƒe nunɔlanyenye ɖi bene yewoaɖaɖe srɔ̃. Le go bubu me la, esiwo gale woƒe alẽwo subɔm dometɔ aɖewo meka ɖe woƒe gbedasia dzi o. Sweden Luthertɔ subɔsubɔhakplɔla 24 le alafa me pɛ koe sena le wo ɖokui me be yewoate ŋu “atsɔ dzitsinya dzadzɛ” agblɔ mawunya le dziƒo kple dzomavɔ ŋu, eye Franse-nunɔla 25 le alafa me meka ɖe Yesu ƒe tsitretsitsi gɔ̃ hã dzi o.
Agbeɖuɖu Kple Dzimedidi Do Ŋgɔ na Mawusubɔsubɔ
Nukae le mawusubɔsubɔ teƒe xɔm? Modzakaɖeɖe xɔ ɖe tadedeagu teƒe le aƒe geɖe me. Ƒomewo ɖoa ta ƒuta alo towo dzi le Kwasiɖagbewo tsɔ wu be woayi sɔleme. Juan si nye Spania-sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Misa yiyi wɔa kuvia nam.” Mawusubɔsubɔwɔnawo mate ŋu ake ɖi kple bɔlƒoƒo alo hadzidzi ƒe modzakaɖeɖe siwo hea ame gbogbo aɖewo yɔa lãmesẽfefewɔƒewoe kpikpikpi la o.
Menye sɔlememademade koe nye mawusubɔsubɔ ƒe toyiyi ŋuti kpeɖodzi o. Europatɔ geɖe dina be yewoatia mawusubɔsubɔdzixɔse siwo dze yewo ŋu ko. Egbea ɖewohĩ ɖeko sɔlemeha la ƒe dzixɔse aɖi amesiwo gblɔna be ha ma me viwoe yewonye la ŋutɔ ƒe dzixɔsewo vie ko. Europatɔ akpa gãtɔ—woɖanye Katoliko alo Protestanttɔwo o—megaxɔe se be agbenɔnɔ le ku megbe li o, eye Franse, Italia, kple Spania Katolikotɔ siwo wu 50 le alafa me hã megaxɔ nukunuwo dzi se o.
Ewɔ abe ŋusẽ mele haŋgɔnɔlawo ŋu be woaxe mɔ ɖe dzixɔse ƒe ɖekamawɔmawɔ sia si le ta kekem kabakaba nu o ene. Esia meɖe dzesi le naneke me de papa ƒe tsitretsitsi ɖe atike zazã atsɔ xe mɔ ɖe vidzidzi nu la nu o. Le ƒe 1990 me la, Papa John Paul II ƒoe ɖe Katolikotɔ atikedzralawo nu be woagadzra fufɔfɔnutsitikewo o. Egblɔ be atike siawo “dana le dzɔdzɔmesewo dzi eye wòkloa bubu le ame ŋu.” Nenema ke Katoliko Ha ƒe Katekismo te tɔ ɖe edzi be “srɔ̃tɔwo ƒe lɔlɔ̃ si le ŋutsu kple nyɔnu dome la va zu agbanɔamedzi si dze ɖe eve, siwo nye nuteƒewɔwɔ kple vidzidzi.”
Togbɔ be wona nuxlɔ̃ame sesẽ siawo hã la, srɔ̃tɔ Katolikotɔ gbogbo aɖewo wɔa nusi dze woa ŋutɔwo ŋu ɖekematsɔlemetɔe. Negbe ƒome siwo me ɖeviwo wu eve le fifia koe to le eme le Katoliko-dukɔwo me le anyigbe Europa. Le Spania la, wodoa boblo kɔndɔm—si zu adzɔnu manɔsenu kloe le ƒe 20 siwo va yi me—edziedzi le television dzi, eye nyɔnu Fransetɔ Katolikotɔ 3 le alafa me pɛ koe gblɔna be yewowɔna ɖe nyametsotso si Katoliko-ha la ƒe tatɔwo wɔ le mɔxexe ɖe vidzidzi nu la dzi.
Edze ƒã be Europatɔwo le megbe trɔm de sɔlemehawo kple woƒe nufiafiawo. Anglikatɔwo ƒe bisiɔpgã si le Canterbury, George Carey, ɖɔ alesi nuwo le le eƒe hamea me eme kɔ nyuie be: “Hameviwo dzi le ɖeɖem kpɔtɔ yina vɔvɔ ge kura, eye esia nye nya vevi si ŋu wòle be míatso ɖo kpata.”
Menye tso Ðɔɖɔɖowɔwɔ ƒe tɔtɔwo mee wòdze abe ɖe mawusubɔsubɔ megali ke le Europa bliboa ene o. Nukata Europatɔ geɖe megatsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me o? Aleke mawusubɔsubɔ anɔ le etsɔme?