INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 5/8 axa 3-5
  • Nusi Wòle Be Nyɔnuwo Nanya Le No Me Dɔdzẽ Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Wòle Be Nyɔnuwo Nanya Le No Me Dɔdzẽ Ŋu
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Ele Ƒomea Me
  • Nutome ƒe Nɔnɔme Siwo Henɛ Vɛ
  • Wò Ŋutɔ Wo Lãmesẽnyawo Kple Lãmetsiŋusẽwo
  • Nusita Exɔxɔ Le Bɔbɔe
  • No me Dɔdzẽ si Kaka ɖe Lãme
  • Nusiwo Akpɔ Tawò
    Nyɔ!—1994
  • No Me Kansa—Nu Si Nàkpɔ Mɔ Na, Ale Si Nànɔ Te Ðe Enu
    Nyɔ!—2011
  • Kpekpeɖeŋu Si Ðea Vi
    Nyɔ!—1994
  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 5/8 axa 3-5

Nusi Wòle Be Nyɔnuwo Nanya Le No Me Dɔdzẽ Ŋu

AMESIWO le no me dɔdzẽ alo cancer xɔm le agbɔ sɔm ɖe edzi le anyigba katã dzi. Akɔntabubu aɖewo gblɔ be kaka ƒe 2000 naɖo la, woanɔ no me dɔdzẽ kpɔm le amesiwo ade miliɔn ɖeka ŋu le xexeame katã ƒe sia ƒe.

Ðe nyɔnu aɖe li si maxɔ dɔ sia oa? Ðe nane li woawɔ atsɔ axe mɔ nɛa? Eye akɔfafa kple kpekpeɖeŋu kae amesiwo le avu wɔm kple futɔ sia hiã na?

Ɣe ƒe keklẽ si nu sẽ akpae hea ŋutigbalẽ me dɔdzẽ geɖe vɛ. Atamanono gbɔ dzitodzito me dɔdzẽ ƒe akpa gãtɔ tsona. Gake womekpɔ nu ɖeka pɛ hã si hea no me dɔdzẽ vɛ o.

Gake numekuku si wowɔ nyitsɔ laa fia be, ɖewohĩ no me dɔdzẽ atso ƒomedɔléle, nuto si me wole, kple lãmetsiŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ gbɔ. Nyɔnu siwo le nɔnɔme siawo me la anɔ afɔku me ŋutɔ.

Ne Ele Ƒomea Me

Nyɔnu si ƒe ƒometɔ aɖe ŋu no me dɔdzẽ le, dadaa, nɔvianyɔnu, nɔɖea alo mamaa gɔ̃ hã la ate ŋu axɔe bɔbɔe wu. Ne dɔléle sia le wo dometɔ geɖe ŋu la, ekema etɔ vɔ̃ɖi wu.

Ðk. Patricia Kelly si nye ƒomedɔléleŋutinunyala le United States gblɔ na Nyɔ! be togbɔ be ate ŋu anye ƒomedɔ hã la, amesiwo katã ŋu no me dɔdzẽ le dometɔ 5 vaseɖe 10 le alafa me tɔ koe atso egbɔ. Eɖe eme be “Míebui be no me dɔdzẽ gbogbo siwo míenya xexlẽme na o la atso nu bubu aɖe si nu masẽ abe ƒomedɔléle kple nutoa me ƒe nɔnɔme ene o gbɔ. Ƒometɔ siwo me ʋumenu ɖeka tɔgbe le hã nɔa nuto ɖeka ma ke me.”

Nutome ƒe Nɔnɔme Siwo Henɛ Vɛ

Agbalẽnyala si ŋkɔe nye Devra Davis gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Science me be: “Edze ƒã be nutome ƒe nɔnɔme aɖewo li siwo ame geɖe susuna be woawo hã” hoa dɔléle. Esi wònye nyɔnu ƒe no nye ŋutilã ƒe akpa siwo dzi keklẽ sẽŋuwo kpɔa ŋusẽ ɖo wu dometɔ ɖeka ta la, nyɔnu siwo keklẽ si trɔna zua ion aklẽ ɖo la le dɔdzẽ xɔxɔ ƒe afɔku gã aɖe me. Nenema ke enye nyɔnu siwo le afisiwo wowɔa aɖitikewo ŋudɔ le hã.

Nuɖuɖue nye nutome ƒe nɔnɔme bubu si gbɔ wòtsona. Ame aɖewo gblɔ be no me dɔdzẽ nye dɔléle si nunyiame aɖe ƒe vɔvɔ le lãme hena vɛ eye wogblɔ be etsoa vitamin D ƒe vɔvɔ le lãme gbɔ. Nunyiame sia kpena ɖe ŋutilãa ŋu wòzãa nunyiame si nye calcium, si axe mɔ na dɔdzẽ.

Numekuku bubuwo ɖee fia be ami si le nuɖuɖu me hã ʋlua no me dɔdzẽ ɖe edzi gake menye eyae henɛ vɛ o. Magazine si nye FDA Consumer gblɔ be amesiwo no me dɔdzẽ wuna lae sɔ gbɔ wu le dukɔ abe United States ene me, afisi woɖua aminu kple nunyiame si nye protein si le lãwo me le fũ. Egblɔ be: “Tso blema ke la, Japan-nyɔnuwoe nye amesiwo ƒe no me dɔdzẽ xɔxɔ mebɔ o, gake afɔku sia va le dzidzim ɖe edzi kabakaba le esi wova le nu ɖum abe ‘Ɣetoɖoƒetɔwo’ ene ta, efia be wova le aminu ɖum wu tsã.”

Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa fia be nuɖuɖu ƒe nunyiameŋusẽ (calorie) si sɔa gbɔ ɖe nuɖuɖu si me ami geɖe le koŋ gbɔe wòtsona. Science News gblɔ be: “Calorie ɖesiaɖe si agbɔ edzi la ana woaxɔ no me dɔdzẽ bɔbɔe, eye calorie ɖesiaɖe si le aminu me adzi no me dɔdzẽ xɔxɔ ƒe afɔkua ɖe edzi zi 67 le alafa me wu calorie si le nu bubuwo me. Calorie si sɔ gbɔ akpa na wololona, eye wosusui be nyɔnu siwo lolo gbɔ eme axɔ no me dɔdzẽ bɔbɔe zi gbɔ zi etɔ̃ wu nyɔnu bubuwo, vevietɔ nyɔnu siwo megaléa gbe o. Lãmemi wɔa estrogen, si nye nyɔnuwo ƒe lãmetsiŋusẽ aɖe si ate ŋu agblẽ nu le nokawo ŋu eye wòana woaxɔ dɔdzẽ.

Wò Ŋutɔ Wo Lãmesẽnyawo Kple Lãmetsiŋusẽwo

Lãmetsiŋusẽ gbogbo aɖe le nyɔnu ƒe no me si na nuwo nɔa tɔtrɔm le noa me le eƒe agbe me katã. Ðk. Paul Crea si nye nuteteŋutinunyala si koa ame la ŋlɔ ɖe Australian Dr Weekly me be: “Gake le nyɔnu aɖewo me la lãmetsiŋusẽwo ƒe dɔwɔwɔ le nokawo me ɣeyiɣi didi . . . ana tɔtrɔ vovovowo nava lãmenugbagbeviwo me eye mlɔeba ezua [nutete] dɔdzẽ.” Esia ta wosusui be nyɔnu siwo lé gbe kaba esi woxɔ ƒe 12 alo esiwo ƒe gbelélenutsoɣi he ɖe megbe hafi va le ƒe 50 ƒeawo titina la, ate ŋu axɔe bɔbɔe wu.

Wole nya ʋlim vevie nenye be estrogen si nye nyɔnuwo ƒe lãmetsiŋusẽ si kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nyɔnunyenye dzi si wonaa nyɔnuwo ne woƒe ŋutilã megate ŋu le estrogen nam o nye nusi hã te ŋu na woaxɔ no me dɔdzẽ loo alo menanae o. Togbɔ be numekuku aɖewo fia be estrogen wɔwɔe medzia exɔxɔ ƒe afɔku ɖe edzi o hã la, numekuku bubuwo fia be afɔku gã aɖe le eme na amesiwo xɔnɛ ɣeyiɣi didi. Esi British Medical Bulletin ƒe 1992 tɔ nɔ nu ƒom le numekuku si wowɔ ŋu la, egblɔ be ele bɔbɔe be “oestrogen si mexea mɔ ɖe fufɔfɔ nu o dzia no me dɔdzẽ xɔxɔ ƒe afɔkua ɖe edzi 30-50%” ne wozãe ɣeyiɣi didi megbe.

Wogblɔ be dɔdzẽ xɔxɔ ƒe afɔku mele mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe atikekuiwo mimi me boo o. Gake wokpɔ be nyɔnuwo ƒe hatsotso aɖe ya le afɔku me ŋutɔ. Ðetugbiwo, nyɔnu siwo medzi vi kpɔ o kple nyɔnu siwo zã mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe atikekuiwo ɣeyiɣi didi la dometɔ 20 le alafa me ate ŋu axɔ no me dɔdzẽ bɔbɔe.

Gake nyɔnu siwo ŋu no me dɔdzẽ le dometɔ 3 le 4 ɖesiaɖe me mate ŋu atɔ asi naneke tututu dzi be eyae na yewoxɔ dɔlélea o. Eyata biabiae nye be, Ðe nyɔnu aɖe ate ŋu agblɔ be yemaxɔ no me dɔdzẽ oa? FDA Consumer gblɔ be: “Le atikewɔlawo ƒe nukpɔsusu nu la, ele be woabu nyɔnuwo katã ŋu be woate ŋu axɔ no me dɔdzẽ bɔbɔe.”

Eyata nyɔnuwo, vevietɔ nyɔnu tsitsiwo, ate ŋu axɔ dɔléle sia bɔbɔe. Ðk. Kelly gblɔ be togbɔ be no me dɔdzẽ tsoa nu vovovowo gbɔ hã la, ‘mekpɔe be tsitsi gbɔ koe wo dometɔ aɖewo tsona esime lãmenugbagbeviwo megamãna nyuie ɖe ɖoɖo nu o.’

Nusita Exɔxɔ Le Bɔbɔe

Ŋkuléle ɖe nyɔnuwo ƒe no ƒe wɔwɔme ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nusita wòte ŋu xɔa dɔdzẽ bɔbɔe la gɔme. Ka alo do suesue aɖewo siwo me notsi tona tsoa notsigolowo me yia nokua me la le eme. Lãmenugbagbevi aɖewo le ka siawo ŋu siwo mãna hetrɔna ɖaa le nyɔnu ƒe gbeléle ɣleti sia ɣleti nu, si dzraa nyɔnua ɖo na fufɔfɔ, notsi ƒe dzidzi, kple nonana via. Ka siawo mee no me dɔdzẽ geɖe tsina le.

Numekula Rose Kushner gblɔ le agbalẽ si nye Alternatives: New Developments in the War on Breast Cancer me be: “Ne nanewo va tsoa dɔwɔna si yia edzi ɖaa me ɣesiaɣi la—ne esɔ ɖe dzɔdzɔme tɔ nu bliboe hã la, . . . —vodada te ŋu nɔa eƒe dɔwɔwɔ ŋu godoo.” Egagblɔ be: “Lãmetsiŋusẽ aɖe si nɔa gbe ɖem be, ‘Dzudzɔ nu ma. Wɔ esi boŋ’ la nɔa no me nugbagbevi siwo wɔa dɔ akpa me ɣesiaɣi. Eyata mewɔ nuku o be lãmenugbagbevi yeye siwo mãna la ƒe geɖe megawɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu o.”

No me dɔdzẽ dzea egɔme ne lãmenugbagbevi si megawɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu o mã, eye megatsina nyuie o eye wòle mamãm ɖe edzi kabakaba. Ðeko lãmenugbagbevi siawo nɔ dzidzim ɖe edzi ɖaa, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖua lãkusi nyui siwo ƒo xlã wo la dzi, eye wodea dɔ lãmenu siwo sẽ la me.

No me Dɔdzẽ si Kaka ɖe Lãme

Ne noa me koe dɔdzẽ le la, woate ŋu aɖee. Ne no me dɔdzẽ kaka ɖe ŋutilã ƒe teƒe bubuwo la, woyɔnɛ be metastasis ƒe no me dɔdzẽ. Esia koŋ ye wua no me dɔdzẽlélawo wu. Ne dɔdzẽ me nugbagbeviwo sɔ gbɔ ɖe edzi le noa me eye nutetea lolo ɖe edzi la, dɔdzẽ me nugbagbeviwo ate ŋu ado le nutetea me dzaa age ɖe ʋukawo me eye woato lãmeka siwo me tsi tona ƒe xexeƒewo hã.

Tso afisia la, nutetea me nugbagbeviwo ate ŋu akaka ɖe ŋutilã ƒe teƒe bubuwo. Ne nutete me nugbagbevi siawo te ŋu si le dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete si me lãmenugbagbevi siwo toa ʋukawo kple tsikawo me wua dɔlélewo le nu la, woate ŋu ava tso aƒe ɖe ŋutilã la ƒe dɔwɔnu veviwo abe aklã, dzitodzito, kple ahɔhɔ̃ ene me. Woate ŋu adzi ɖe edzi le afima agakaka ne wode dɔdzẽ dɔwɔnu siawo me vɔ megbe. Ne no me dɔdzẽ le kakam ko la, nyɔnu ƒe agbe ɖo afɔku me.

Eyata nu vevitɔ si akpɔ ta wòe nye no me dɔdzẽ kpɔkpɔ kaba do ŋgɔ ne ete dodo hafi wòava kaka. Nukae nyɔnu ɖesiaɖe ate ŋu awɔ be wòakpɔe adze sii kaba do ŋgɔ? Ðe nane li woawɔ atsɔ axe mɔ ɖe no me dɔdzẽ xɔxɔ nua?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Nyɔnu siwo ŋu no me dɔdzẽ le dometɔ 3 le 4 ɖesiaɖe me mate ŋu atɔ asi naneke dzi be eyae na yewoxɔ dɔlélea o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe