INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 11/8 axa 5-9
  • Aleke Míawɔ Akpɔ Mía Viwo Ta?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Míawɔ Akpɔ Mía Viwo Ta?
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fia Nu Viwò!
  • Na Hehea Wo Nyuie
  • Midze Aɖaŋu abe Dawo Ene
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
  • Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme
    Nyɔ!—1993
  • Aleke Dzilawo Ate Ŋu Afia Nu Wo Viwo Tso Gbɔdɔnyawo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 11/8 axa 5-9

Aleke Míawɔ Akpɔ Mía Viwo Ta?

“Mègagblɔe gbeɖe o lo. Nenɔ mía kpli wò ko dome.”

“Ame aɖeke maxɔ dziwò ase o.”

“Ne ègblɔe la, dziwòlawo alé fu wò. Woanya be wò vodadae.”

“Mègadi be yeanye xɔ̃nye vevi azɔ oa?”

“Ðe nèdi be woadem gaxɔ mea?”

“Ne ègblɔe la, mawu dziwòlawo.”

NE ÐEVIGBƆDƆLAWO zã ɖeviwo tsɔ tsi woƒe fieŋufieŋu vɔ̃a nui, ne wogblẽ woƒe dedienɔnɔ, kple fɔmaɖimaɖi dome vɔ megbe la, wogadia nu bubu aɖe hã tsoa wo si—eyae nye ÐOÐOEZIZI. Wotoa ŋukpedoame, nya ɣaɣla, kple ŋɔdzidoname tẽ me kpɔa egbɔ nyuie be womiã nu ɖe edzi. Eyata woxɔa nu nyuitɔ si ɖeviwo atsɔ akpɔ wo ɖokui tae—si nye didi be woagblɔe ahabia ame tsitsi aɖe be wòakpɔ yewo ta la le wo si.

Nublanuitɔe la, ame tsitsiwo dea ɖevigbɔdɔlawo dzi zi geɖe le manyamanya me. Nukatae? Nusitae nye be womelɔ̃na kpɔa afɔku sia dzea si o, eye womelɔ̃na be woaƒo nu tso eŋu le dutoƒo o, woxɔa alakpanya siwo wogblɔna zi geɖe la dzi sena. Numanyamanya, beble, kple ɖoɖoezizi kpɔa nugbegblẽwɔlawo boŋ ta ke menye amesiwo ŋu wowɔ nua ɖo o.

Le kpɔɖeŋu me, Katolikotɔwo ƒe Bisiɔpwo ƒe Takpekpe si wowɔ le Canada ƒo nya ta nyitsɔ laa be “amewo ƒe ɖoɖoezizi ƒe nugbeɖoɖo” gbɔe wòtso be ɖeviwo gbɔ dɔdɔ xɔ aƒe ɖe Katoliko-nunɔlawo dome ƒe geɖee nye esia. Time magazine yɔ “amewo ƒe ɖoɖoezizi ƒe nugbeɖoɖo” esi wònɔ nya ta kam le ƒometɔwo ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ si le kakam ŋu be eyae na “nuwɔna sia gakpɔtɔ le” ƒomewo me.

Gake Time la de dzesii be nugbeɖoɖo sia nu le tsitsim azɔ. Nukatae? Kpuie ko la, nufiafia amewo gbɔe wòtso. Ele abe alesi Asiaweek magazine gblɔe ene be: “Eŋutinunyalawo katã lɔ̃ ɖe edzi be nu nyuitɔ si ana womadɔ ɖeviwo gbɔ o koe nye be amewo nanya nu le eŋu.” Be dzilawo nakpɔ wo viwo ta la, ele be woanya be enye ŋɔdzidodo ŋutɔŋutɔ si li. Mègana nukpɔsusu totro siwo kpɔa ɖevigbɔdɔlawo boŋ ta ke menye ɖeviawo ta o la nana nànɔ viviti me o.—Kpɔ aɖaka si le ete me.

Fia Nu Viwò!

Nunyala Fia Solomo gblɔ na via be sidzedze, nunya, kple tamebubu ate ŋu akpɔ eta “tso mɔ vɔ̃ dzi, le amesiwo gblɔa godzenya la” ŋu. (Lododowo 2:10-12) Ðe menye nu ma koe ɖeviwo hiã na oa? United States ƒe Numekudɔwɔƒe (FBI) ƒe agbalẽvi si nye Child Molesters: A Behavioral Analysis gblɔ le tanya si nye “Amesiwo Le viviti Me” te be: “Le ɖevi akpa gãtɔ gome la, gbɔdɔdɔ nye ŋukpenanya si ŋu womegblɔa nyateƒea na wo le tututu o vevietɔ wo dzilawo megblɔa nya aɖeke na wo le eŋu o.” Mègana viwòwo nanɔ “viviti me o.” Fia nu wo le gbɔdɔdɔ ŋu.a Le kpɔɖeŋu me, mele be ɖevi aɖeke naɖo ƒewui me eye manya naneke le tɔtrɔ siwo ava eƒe ŋutilã me le ɣeyiɣi ma me ŋu o. Numanyamanya ana woatɔtɔ, akpe ŋu na wo—eye woadɔ wo gbɔ bɔbɔe.

Wodɔ nyɔnu aɖe si míayɔ be Janet gbɔ le eƒe ɖevime eye le ƒe aɖewo megbe la, wodɔ via eve hã gbɔ. Egblɔ be: “Le alesi wohe míi ta la, míeƒoa nu le gbɔdɔdɔ ŋu gbeɖe o. Eyata nyemenya naneke le eŋu o vaseɖe esime metsi. Enye ŋukpenanya. Eyata nenema ko wònɔ nam esi meva dzi vi. Mete ŋu ƒoa nu le eŋu na ɖevi bubuwo gake nyemete ŋu ƒoa nu le eŋu na vinyewo ya o. Mebu be menyo kura o elabena wote ŋu dɔa ɖeviwo gbɔ bɔbɔe ne mèƒo nu na wo le nusiawo ŋu o.”

Woate ŋu afia nu ɖeviwo tso alesi woaxe mɔ ɖe wo gbɔ dɔdɔ nu tso ɖevime ke. Ne èle nu fiam ɖeviwo be woayɔ ŋutinuwo abe kolo, no, mieƒi, kple aʋa ene la, gblɔ na wo be ŋutinu siawo nyo eye wole vevie—nu ɣaɣlawoe wonye. “Womeɖea mɔ na ame aɖeke be wòaka asi wo ŋu o, Dada kple Papa hã maka asi wo ŋu o—eye ɖɔkta gɔ̃ hã maka asi wo ŋu o negbe ɖe Dada kple Papa le eteƒe alo woɖe mɔ ɖe eŋu hafi.”b Nunya anɔ eme be dzila eveawo alo wo dzi kpɔla tsitsiwo dometɔ ɖesiaɖe nagblɔ nya siawo.

Sherryll Kraizer gblɔ le agbalẽ si nye The Safe Child Book me be togbɔ be ele be ɖeviwo made nu eme na amesi di be yeadɔ wo gbɔ o, ado ɣli ɖe eta alo asi le egbɔ hã la, ɖevi siwo gbɔ wodɔ gblɔna emegbe be yewomedi be yewoadze ɖevi dzeaglãwoe o. Esia ta ele be ɖeviwo nanya be ame tsitsi aɖewo wɔa nu gbegblẽwo eye be mele be ɖevi aɖeke naɖo to amesiame si agblɔ nɛ be wòawɔ nu gbegblẽ o. Abe alesi Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo gblɔ na Babilon-me tsitsi siwo di be woaɖu nu makɔmakɔ ene la, ɖeviwo tɔ dzɔ be woagbe le ɣeyiɣi mawo me.—Daniel 1:4, 8; 3:16-18.

Nufiamemɔnu ɖeka si ame geɖewo gblɔe nye be nàbia be “Ke ne . . . ɖe?” Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia be: “Ne wò nufiala gblɔ na wò be nàƒo ɖevi aɖe ya ɖe? Nukae nàwɔ?” Alo: “Ne (Dada, Papa, nunɔla, alo kpovitɔ aɖe) gblɔ na wò be nàti kpo tso xɔ kɔkɔ aɖe tame ɖe?” Ðewohĩ ɖevia maɖo eŋu nyuie o alo eƒe ŋuɖoɖoa masɔ o gake mègaɖɔe ɖo kple adã o. Mele be nàna dzidzi naƒoe alo wòatsi yaa le nuwɔna sia me o; ɖeviŋutinunyalawo gblɔ be ele be woawɔe bɔkɔɔ, le lɔlɔ̃ me eye woawɔe fefetɔe gɔ̃ hã.

Emegbe fia ɖeviwo be woagbe lɔlɔ̃nuwɔna siwo mesɔ o alo esiwo naa womevona le wo ɖokui me o. Le kpɔɖeŋu me, biae be “Ke ne Dada alo Papa xɔlɔ̃ aɖe di be yeagbugbɔ nu na wò le mɔ si ana wò seselelãmewo naho nu ya ɖe?”c Zi geɖe la, anyo wu be nàde dzi ƒo na ɖevia be wòawɔ nusi wòawɔ la afia wò, wòanye “Na míawɔe kpɔ” ƒe nuwɔna aɖe ko.

Nenema ke ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ alesi woagbe amesiwo di be yewoadɔ wo gbɔ ƒe ayemɔ bubuwoe. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia be: “Ke ne ame aɖe gblɔ be, ‘Ènya be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o. Mèdi be yeanye xɔ̃nye o ɖe?’” Ne ɖevia srɔ̃ alesi wòagbe ayenya siawo vɔ la, fia nu bubuwo hãe. Àte ŋu abia be: “Ne ame aɖe gblɔ be ‘Ðe nèdi be yeado ŋukpem hã ɖe?’ Nya kae nàgblɔ?” Fia ɖevia alesi wòagblɔ be ao le nya kple nuwɔna me wòadze ƒã. Ðo ŋku edzi be zi geɖe la ɖevigbɔdɔlawo doa ɖeviawo kpɔ be yewoakpɔ alesi woawɔ nui ɖe ahiãdinya mawo siwo menya kpɔna dzea sii o ŋu. Eyata ele be nàfia ɖevia be wòagbe gbidigbidi eye wòagblɔ be “Magblɔe na ame tsitsi aɖe.”

Na Hehea Wo Nyuie

Hehenana ma meganye zi ɖeka aɖe ƒe dzeɖoɖo ko o. Ehiã be woagbugbɔ nya la anɔ gbɔgblɔm na ɖeviwo. Wo ŋutɔ lé ŋku ɖe nu ŋu be nàkpɔ afisi wòle be nàɖe nu me see le hehenana la me. Gake wɔe wòade go.

Le kpɔɖeŋu me, kpɔ egbɔ be ne nugbegblẽwɔla la wɔ ɖoɖo aɖe kplii dzaa la, nàɖɔe ɖo. Ele be ɖeviwo nanya be menyo kura be ame tsitsi aɖeke nagblɔ na wo be woaɣla nya ɖe wo dzila aɖeke o. Ðo kpe edzi na wo be anyo be woagblɔ nya sia nya ɣesiaɣi—ne wodo ŋugbe be yewomagblɔe o hã. (Tsɔe sɔ kple Mose IV, 30:12, 16.) Ðevigbɔdɔla aɖewo doa vɔvɔ̃ na ɖevia ne wokpɔe be ɖevia da le ƒomese aɖe dzi. Nusi wogblɔnae nye be “nyemazɔ gɔwòme ne wò hã mezɔ gɔnyeme o.” Eyata ele be ɖeviwo nanya be wo dzilawo mado dziku ɖe wo ŋu ne wogblɔe—le nɔnɔme siawo gɔ̃ hã me o. Nuvevi aɖeke mawɔ wo ne wogblɔe o.

Ele be nàhe wo be woanɔ te ɖe ŋɔdzidoname hã nu. Ðevigbɔdɔla aɖewo wua lã sue aɖewo le ɖeviawo ŋkume eye wodoa ŋɔdzi na wo be nenema yewoawɔ wo dzilawo hãe. Wo dometɔ aɖewo gblɔna na ɖeviawo be yewoawɔ fu wo nɔvi suewo. Eyata fia ɖeviawo be eɖanye ŋɔdzi ka kee wodo na wo o ele be woagblɔ amesi di be yeadɔ wo gbɔ ƒe nya la ɣesiaɣi.

Biblia ate ŋu anye nufiame nyui aɖe le go sia me. Elabena eɖe Yehowa ƒe ŋusẽkatãtɔnyenye fia eme kɔ eye ate ŋu ana womavɔ̃ amegbɔdɔla ƒe ŋɔdzidonamewo o. Ele be ɖeviwo nanya be eɖanye ŋɔdzi ka kee wodo na wo o, Yehowa te ŋu kpena ɖe eƒe amewo ŋu. (Daniel 3:8-30) Ne ame vɔ̃ɖiwo wɔ nuvevi amesiwo Yehowa lɔ̃ hã la, ate ŋu aɖɔ nusi gblẽ la ɖo emegbe eye wòana nuwo naganyo ɣesiaɣi. (Hiob ta 1, 2; 42:10-17; Yesaya 65:17) Ka ɖe edzi na wo be Yehowa kpɔa nusianu hekpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo kple ame nyui siwo wɔa wo tɔ sinua tsɔ tsia tre ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu hã.—Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 4:13.

Midze Aɖaŋu abe Dawo Ene

Menye ɖevigbɔdɔla geɖee zãa ŋusẽ tsɔ dɔa ɖeviwo gbɔ o. Zi geɖe la, wodina be yewoadze xɔlɔ̃ ɖeviawo gbã. Eyata aɖaŋu si Yesu ɖo be “midze aɖaŋu abe dawo ene” la sɔ. (Mateo 10:16) Dzila siwo lɔ̃ wo viwo ƒe ŋkuléle ɖe wo ŋu nye ametakpɔnu nyuiwo dometɔ ɖeka si woatsɔ axe mɔ na nuwɔna vlo mawo. Ðevigbɔdɔla aɖewo doa go ɖevia ɖeɖe le gbɔme eye wodzea dzeɖoɖo gɔme kplii tsɔ nyɔa eƒe didi. (“Dzokeke dodo dzɔa dzi na wòa?”) “Va kpɔ avũvi aɖewo ɖa le nye ʋu me.” Ele eme be màte ŋu anɔ viwò gbɔ ɣesiaɣi ya o. Amesiwo srɔ̃ nu le beléle na ɖeviwo ŋu de dzesii be ɖeviwo hiã ablɔɖe aɖe be woawɔ nu le wo ɖokui si wo dzilawo manɔmee. Gake dzila nyanuwo dzea aɖaŋu be womana ablɔɖe ɖeviawo akpa ne wometsi o.

Kpɔ egbɔ be yenya ame tsitsi alo sɔhɛ siwo le kplikplikpli kple viwòwo nyuie, eye nàɖɔ ŋu ɖo nyuie hafi nàtia amesi anɔ viwòwo gbɔ ne meli o. Lé ŋku ɖe viwòwo dzi kpɔla siwo naa wotsia dzi alo wodea vovo ge do kpoe ŋu nyuie. Nenema ke kpɔ nyuie le ƒewuivi siwo tsɔ ɖe le eme na ɖeviwo akpa evɔ wo hati aɖeke menye wo xɔlɔ̃ o la ŋu. Ku nu me le ɖevidzikpɔƒe kple sukuwo ŋu nyuie. Ði tsa le teƒea katã eye nàbia gbe dɔwɔlawo eye nàlé ŋku ɖe alesi wowɔa nu kple ɖeviwoe ŋu. Bia nenye be woalɔ̃ nàva kpɔ viwòa ɖa ne mèkla wo hafi o; ne womelɔ̃ ɖe esia dzi o la, ekema di teƒe bubu.—Kpɔ December 8, 1987 Awake! ƒe axa 3-11.

Gake nyateƒe wɔnublanui lae nye be dzila nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ nusianu si adzɔ ɖe wo viwo dzi gbɔ o.—Nyagblɔla 9:11.

Ne dzilawo wɔ nu ɖekae la, woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nu ɖeka aɖe ya dzi: eyae nye aƒea me ƒe nɔnɔme. Eye esi wònye aƒea mee wodɔa ɖeviwo gbɔ le zi geɖe ta la, emae anye nyati si me míadzro.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ February 22, 1992 Awake! ƒe axa 3-11, kple July 8, 1992 tɔ ƒe axa 30.

b Ele eme be ele be dzilawo nale tsi na ɖeviwo ahado awu na wo eye le ɣeyiɣi mawo me la, wodzraa ɣaɣlaƒe mawo ɖo. Gake fia tsilele ɖeviwo kaba; beléle na ɖeviwo ŋuti nunyala aɖewo gblɔ be ne anya wɔ la, ele be woa ŋutɔwo nadzra woƒe ɣaɣlaƒe mawo ɖo ne woxɔ ƒe etɔ̃ ko.

c Ðeviŋutinunyala aɖewo gblɔ be ne èzia viwò dzi be wòagbugbɔ nu alo wòawɔ atuu na amesiame si di be yeaɖe lɔlɔ̃ fiae le mɔ ma nu la, ke èle hehe si nam nèlee la dome gblẽm. Eyata dzila aɖewo fiaa wo viwo be woado taflatse bubutɔe alo ne wobia nusi womedi o tso wo si la, woawɔ nu bubu ɖe eteƒe.

[Aɖaka si le axa 7]

Edo Ɣli Bia Kpekpeɖeŋu

“KOKOƑOƑO na Yehowa Xe Mɔ na Ðevigbɔdɔla aɖe be Medze Ðevi aɖe Dzi O.” Nya mae United States ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, The Arizona Republic May 5, 1993 tɔ ƒe tanya aɖe gblɔ. Ðevigbɔdɔla sia ɖo tu ƒe 13 vi aɖe dzi hezi edzi kplɔ yi eƒemee. Esi ɖevia do ɣli be “Yehowa ve nunye!” la, dzidzi ƒo amea eye wòɖe asi le ɖevia ŋu. Kpovitɔwo va lé ŋutsua emegbe.

Togbɔ be Yehowa yɔyɔ le nɔnɔme mawo me sɔ nyuie hã la, mefia be womaɖe fu na Mawu subɔlawo le “ŋkeke mamleawo” ƒe ɣeyiɣi vɔ̃ siawo me o. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Eyata ele na dzila Kristotɔwo be woahe wo viwo be woakpɔ nyuie le amedzrowo katã ŋuti eɖanye ɖoƒe kae ɖale wo si o.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Fia ɖeviwo alesi wòagbe gbegblẽnya siwo wodo ɖe wo gbɔ la gbidigbidi le nya kple nuwɔna me wòadze ƒã

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe