INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 11/8 axa 3-4
  • Viwò Le Afɔku Me!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Viwò Le Afɔku Me!
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Enye Kuxi si Li tso Blema Ke
  • Kuxi si Ŋu Woatso Ðo Kpata
  • Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme
    Nyɔ!—1993
  • Ðeviwo Gbɔdɔdɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie
    Nyɔ!—1997
  • Kuxia Le Xexeame Katã
    Nyɔ!—1999
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 11/8 axa 3-4

Viwò Le Afɔku Me!

Ðevigbɔdɔdɔ nye nudzɔdzɔ vɔ̃ɖi ŋutɔŋutɔ aɖe le míaƒe xexe lédɔ sia me. Lear ƒe magazine gblɔ be: “Ele nu gblẽm le mí ame akpa gãtɔ ŋu wu dɔdzẽ, dzidɔ, kple AIDS.” Eyata Nyɔ! kpɔe be ahiã be yeana exlẽlawo nanya nu le afɔku sia kple nusi woate ŋu awɔ tso eŋu la ŋu.—Tsɔe sɔ kple Xezekiel 3:17-21; Romatɔwo 13:11-13.

WOƑO nu tso ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu vevie le xexeame katã le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me. Gake nyadzɔdzɔgbalẽwo me yɔ fũ kple ame xɔŋkɔ siwo gblɔ alesi wodɔ wo gbɔ le ɖevimee, eye ena nukpɔsusu totrowo va le amewo si. Ame aɖewo xɔe se be nya gbogbo siawo siwo gblɔm wole tso ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu nye nu yeye si ŋu wogale vivi dom ɖo akpa. Gake le nyateƒe me la, ɖevigbɔdɔdɔ menye nu yeye o. Edzɔɣi de sɔsɔ ge kple amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe tsitsime kloe.

Enye Kuxi si Li tso Blema Ke

Sodom, kple Gomora xɔ ŋkɔ le nutovowɔwɔ me anye ƒe 4,000 enye esia. Edze ƒã be ɖevigbɔdɔdɔ hã le nu gbegblẽ gbogbo siwo nutoa me tɔwo wɔ la dome. Mose I, 19:4 ɖɔ alesi Sodomtɔwo ƒe nuvlowɔha si nɔ gbɔdɔdɔ ƒe tsu kum la tso ‘ɖeviwo dzi vaseɖe ame tsitsiwo dzi,’ nɔ didim be yewoadɔ Lot ƒe amedzro eveawo siwo nye ŋutsuwo gbɔ sesẽe. Bu eŋu kpɔ: Nukatae ŋutsuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe ƒe susu anyɔ ɖe ɖevi dzaa mawo me nenema gbegbe ɖo? Eme kɔ be wofia vidzinuɖekatɔwo ƒe gbɔdɔdɔ ƒe nutovowɔwɔ wo xoxo.

Ƒe alafawo megbe la, Israel-dukɔa va yi Kanaan-nyigba dzi. Ƒometɔwo ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ, ŋutsuwo kple lãwo gbɔ dɔdɔ, gbolowɔwɔ kple kɔnuwɔwɔ si nye vidzĩwo tsɔtsɔ sa vɔe na trɔ̃wo xɔ aƒe ɖe ameawo dome ale gbegbe be eva hiã be woade se ɖe nuwɔna gbegblẽ siawo katã nu vevie le Mose ƒe Sea me. (Mose III, 18:6, 21-23; 19:29; Yeremya 32:35) Togbɔ be Mawu xlɔ̃ nu Israel-viwo hã la, wo dometɔ dzeaglã aɖewo kple woƒe dziɖula aɖewo va ƒo wo ɖokui ɖe nuwɔna vlo sia me.—Psalmo 106:35-38.

Gake blema Helatɔwo kple Romatɔwo gɔ̃ hã tɔ vlo wu Israel-viwo tɔ saa le go sia me. Dukɔ eveawo siaa wua vidzĩwo, eye woda asi ɖe edzi le Hela be ŋutsu tsitsiwo nadɔ ŋutsuviwo gbɔ. Ŋutsuvi wɔgbolowo bɔ ɖe blema Hela-du ɖesiaɖe me. Ðeviwo ƒe gbolowɔwɔ bɔ ɖe Roma-fiaɖuƒea me ale gbegbe be woɖo adzɔxexe kple dzudzɔgbe tɔxɛ aɖewo ɖi koŋ na nuwɔna ma. Wodɔa nyɔnuviwo gbɔ sesẽe le fefewɔƒewo, eye wozia wo dzi be woadɔ lãwo gbɔ. Ŋutasẽnuwɔna siawo ƒomevi xɔ aƒe ɖe blemadu bubu geɖewo hã me.

Ke egbeŋkekea ya ɖe? Ðe amegbetɔwo ʋu ŋku akpa be gbɔdɔdɔnuwɔna dziŋɔ mawo mate ŋu adzɔ egbea oa? Biblia-nusrɔ̃viwo mate ŋu alɔ̃ ɖe nukpɔsusu sia dzi o. Wonyae nyuie be apostolo Paulo ƒo nu le míaƒe ɣeyiɣia ŋu be enye “ɣeyiɣi vɔ̃wo.” Eƒo nu le ɖokuilɔlɔ̃, hadzedze kple ƒometɔwo ƒe wo nɔewo lɔlɔ̃ si nu le tsitsim, si xɔ ameƒomea me egbea la ŋu tsitotsito eye wògblɔ kpee be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi edzi vɔ̃ɖitɔe wu.” (Timoteo II, 3:1-5, 13; Nyaɖeɖefia 12:7-12) Ðe ɖevigbɔdɔdɔ si “ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo” dona ɖe ŋgɔ zi geɖe la, do gã ɖe edzi wua?

Kuxi si Ŋu Woatso Ðo Kpata

Zi geɖe la, bebemee wodɔa ɖeviwo gbɔ le si wɔe be amewo gblɔna be ɖewohĩ eyae nye nuvlowɔwɔ si womegblɔna na kpovitɔwo zi geɖe o. Ke hã la, edze ƒã be nuvlowɔwɔ mawo tɔgbe gadzi ɖe edzi le ƒe ʋee siwo va yi nyitsɔ laa me. Los Angeles Times wɔ numekuku le nya sia ŋu le United States. Nusi wòkpɔe nye be wodɔ nyɔnu 27 le alafa ɖesiaɖe me kple ŋutsu 16 le alafa ɖesiaɖe me gbɔ le woƒe ɖevime. Togbɔ be akɔntabubu sia wɔ mo yaa hã la, numekuku bubu si wogawɔ be woatsɔ aɖo kpe edzii la ɖee fia be xexlẽmea dzi ɖe edzi ŋutɔ le United States.

Ðevigbɔdɔdɔ ŋu nyatakaka le Malaysia dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene le ƒe ewo siwo va yi me. Numekuku aɖe si wowɔ le ŋutsu aɖewo ŋu le Thailand ɖee fia be wo dometɔ 75 le alafa ɖesiaɖe me lɔ̃ ɖe edzi be yewodɔna kple gbolowɔviwo. Le Germania la, dziɖuɖumegãwo bu akɔnta be wodɔa ɖevi 300,000 gbɔ ƒe sia ƒe. Dziehe Afrika ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Cape Times gblɔ be amedzidzedze sia tɔgbe dzi ɖe edzi zi 175 le alafa ɖesiaɖe me le ƒe etɔ̃ me. Numekulawo kpɔe le Netherlands kple Canada be wodɔ afima nyɔnuwo katã ƒe akpa etɔ̃lia gbɔ le woƒe ɖevime. Woka nya ta le Finland be nyɔnuvi siwo le suku kɔkɔ ƒe klass etɔ̃lia (siwo axɔ ƒe 15 alo 16) dometɔ 18 le alafa ɖesiaɖe me kple ŋutsuviawo dometɔ 7 le alafa ɖesiaɖe me gblɔ be yewo kple ame aɖe si tsi wu yewo ƒe atɔ̃ ya teti yewodɔ kpɔ.

Le dukɔ vovovowo me la, subɔsubɔha siwo me wowɔa nuvevi ɖeviwo le le gbɔdɔdɔ gome hewɔa funyafunya wo la ƒe dzigbãnya va le nyanya na amewo. Zi geɖe la womexɔa amesiwo gblɔna be wowɔ nu vlo mawo ɖe yewo ŋu la ƒe nyawo dzi sena o, eye womesea veve ɖe wo nu hã o.

Eyata ɖevigbɔdɔdɔ menye nu yeye o eye ebɔ hã; enye kuxi si li eteƒe didi eye wòkaka egbea. Eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Amesiwo dzi wòdzɔ ɖo dometɔ geɖe sena le wo ɖokui me vevie be yewomele ɖeke me o eye be bubu megale yewo ŋu o. Ðevigbɔdɔdɔ ŋuti nunyalawo yɔ nane siwo ƒometɔwo ƒe nyɔnuviwo gbɔ dɔdɔ ate ŋu agblẽ le ame ŋu la, abe sisi le aƒeme le dzidzɔmakpɔmakpɔ ta, atike vɔ̃ɖiwo kple aha sesẽ nono, blanuiléle, etete kpɔ be woawu ame ɖokui, tosesẽ, gbolowɔwɔ, alɔ̃madɔmadɔ, kple nusɔsrɔ̃ ƒe kuxi ene. Nusiwo wòate ŋu agblẽ le wo ŋu eteƒe nadidi dometɔ aɖewoe nye vimanyimanyi nyuie, vivi madomado ɖe gbɔdɔdɔ ŋu, ŋutsuwo dzi maxɔse, amesi dɔa ɖeviwo gbɔ la ɖeɖe, nyɔnuwo ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ, gbolowɔwɔ, kple ɖevigbɔdɔdɔ.

Emetsonu siawo ava amesi dzi wòdzɔ ɖo la dzi godoo; eye ame aɖeke mate ŋu atsɔ nusi wogblẽ le eŋu le ɖevime ado taflatse ahawɔ nu gbegblẽ wòasɔ o. Menye nu vlo si woawɔ ɖe ame ŋu ye ana amea nanɔ agbe gbegblẽ alo anye tosẽla o; eye mete fli ɖe nyametsotso siwo woa ŋutɔwo ava wɔ le agbe me ƒe agba si anɔ wo dzi la me o. Gake emetsonu siawo nye afɔku ŋutɔŋutɔ na amesiwo dzi wòdzɔ ɖo. Ena biabia sia gale vevie wu be, Aleke míate ŋu akpɔ mía viwo ta be woagadɔ wo gbɔ o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe