INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 11/8 axa 6
  • Nukpɔsusu Totro Siwo Bɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukpɔsusu Totro Siwo Bɔ
  • Nyɔ!—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme
    Nyɔ!—1993
  • Ale Si Kristo Hamea Ðea Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Fiana Le Hlɔ̃donya Vɔ̃ɖiwo Gbɔ Kpɔkpɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
  • Kuxia Le Xexeame Katã
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 11/8 axa 6

Nukpɔsusu Totro Siwo Bɔ

Nukpɔsusu Totro: Enuenu la, ɖevigbɔdɔlawo nyea amedzro, kple tsukunɔ siwo hea ɖeviwo akpasesẽtɔe be yewodɔ kpli wo.

Le nudzɔdzɔ siawo ƒe akpa gãtɔ—si ƒe akɔnta wobu be anye 85 vaseɖe 90 le alafa ɖesiaɖe me—me la, ɖevigbɔdɔla nyea amesi ɖevia nya heka ɖe edzi. Le esi teƒe be ɖevigbɔdɔlawo nazi ɖevia dzi la, wonɔa te ɖe ɖevia ƒe nuteƒemakpɔmakpɔ kple eƒe susu ƒe matsimatsi dzi blea enu vivivi hedɔa egbɔ. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 13:11 kple Lododowo 22:15.) Nugbegblẽwɔla siawo menye amesiwo ƒe tagbɔ tɔtɔ siwo ɖea wo ɖokui ɖe aga le amewo ŋu o. Wo dometɔ geɖewo subɔa Mawu, wobua wo, eye wolɔ̃a wo le nutoa me. Le United States ƒe Numekudɔwɔƒea ƒe nya nu la, “be woabu ame aɖe be menye ɖevigbɔdɔla o le esi wònye ame nyui si dea sɔleme hewɔa dɔ sesẽ eye wònyoa dɔme na lãwo kple nu bubuwo ta la nye nusi me susu mele o.” Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa hã gblɔ be menyo hã be woasusui be ɖevigbɔdɔlawo katãe nye ŋutsuwo alo be nyɔnuwo gbɔ koe wodɔna o.

Nukpɔsusu Totro: Ðeko ɖeviwo bua gbɔdɔdɔ ŋu alo kaa aʋatso be wodɔ yewo gbɔ.

Nuteƒekpɔkpɔ mesu ɖeviwo si le gbɔdɔdɔnyawo ŋu o alo gbɔdɔdɔ me ɖeɖe sesẽna na wo kaka woahayi nya kpa ge be wodɔ yewo gbɔ o, togbɔ be ɖevi aɖewo atɔtɔ le alesi nya bliboa dzɔe gbɔgblɔ me hã. Numekula siwo kea ɖi le nya sia ŋu gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be gbɔdɔdɔ ƒe nutsotso geɖe siwo wonana la le eme. Bu agbalẽ si nye Sex Abuse Hysteria—Salem Witch Trials Revisited si ƒo nu le gbɔdɔdɔ ƒe aʋatsonutsotsowo ŋu la ŋu kpɔ.a Agbalẽ sia lɔ̃ ɖe edzi be: “Ðevi siwo gbɔ wodɔ ƒe nya la kaka ɖe afisiafi . . . eye edze ƒã be woalɔ̃ ɖe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ƒe nutsotsowo ƒe akpa gãtɔ dzi (ɖewohĩ wo dometɔ 95 le alafa ɖesiaɖe me alo esi wu nenema) be enye nyateƒe.” Esesẽna na ɖeviwo ŋutɔ be woana nutsotso be wodɔ yewo gbɔ. Zi geɖe la, ne wodɔ wo gbɔ ŋutɔŋutɔ hã la, aʋatso si wokanae nye be medzɔ o togbɔ be edzɔ gake.

Nukpɔsusu Totro: Ðeviwo blea ame nu eye woa ŋutɔwo ƒe nuwɔna nana be zi geɖe wodɔa wo gbɔ.

Nya sia nye nukpɔsusu totro elabena wobua fɔ amesi gbɔ wodɔ boŋ. Ðeviwo menya nu gobii aɖeke le gbɔdɔdɔ ŋu o. Womenya naneke le nuwɔna ma ŋu alo alesi wòatrɔ woe la o. Eyata womate ŋu alɔ̃ ɖe nuwɔna ma dzi le mɔ aɖeke nu o. Eyata ɖevigbɔdɔla koe woabu fɔe.—Tsɔe sɔ kple Luka 11:11, 12.

Nukpɔsusu Totro: Ne ɖeviwo gblɔ be wodɔ yewo gbɔ la, ele be dzilawo nafia wo be woagaƒo nu le eŋu o eye ‘woaɖee ɖa le susu me.’

Ne ɖevia megblɔe o ɖe, amekae wòaɖe vi na wu? Ðe menye ɖevigbɔdɔlae oa? Numekukuwo ɖee fia le nyateƒe me be, gbegbe be womedɔ ye gbɔ o evɔ wòahate ɖe ame dzi le ememe la menye mɔ nyuitɔ si dzi woato aɖɔ nusi gbɔdɔdɔa gblẽ le ame ŋu ɖo o. Le numekuku aɖe si wowɔ le England le mɔ asieke siwo ame tsitsi siwo gbɔ wodɔ le woƒe ɖevime zã tsɔ nɔ te ɖe enui ŋu me la, wokpɔe be wo dometɔ siwo melɔ̃ ɖe edzi be wodɔ yewo gbɔ o, woŋe aɖaba ƒu nya la dzi, alo tsɔe ɣla dzie nu te ɖo vevie eye woxa nu le woƒe tsitsime wu. Ne wodze dziwò ŋɔdzitɔe la, ɖe nàdi be woagblɔ na ye be yemegaƒo nu le eŋuti oa? Ke nukatae nàgblɔ nya ma na ɖevi ya? Ne èɖe mɔ na ɖevia wòwɔ nu alesi dze ɖe nudzɔdzɔ dziŋɔ ma ŋu abe nuxaxa, dzikudodo, konyifafa ene la, akpe ɖe eŋu be wòaɖu nuteɖeamedzia dzi mlɔeba.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wonya srɔ̃tɔ siwo ʋlia nya ne wole srɔ̃ gbem be wonɔa te ɖe ɖevigbɔdɔdɔ dzi tsɔ gbea wo nɔewoe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe