Ne Wodɔ Viwò Gbɔ
HAFI nàxe mɔ ɖe nuwɔna sia nu la, ele be nànya ne èkpɔe. Eŋutinunyalawo yɔ dzesi siwo aɖee afia ne wodɔ ɖevia gbɔ la ɖe agbalẽ gbogbo siwo ƒo nu tso eŋu me, si ŋu wòle be dzilawo nalé ŋku ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye: ne egblɔ be yesea veve le aɖuɖɔɖɔɖɔ alo afɔdzidede me, ne dɔ ƒo ɖe eƒe nyɔnu me, ne eƒe nyɔnume wɔ abi alo fienɛ, ne edze aɖuɖɔɖɔɖɔ ɖe aba dzi gɔme kpata, ne megate ŋu ɖua nu nyuie o alo nuɖuɖu ƒe kuxi bubuwo le eŋu, ne eliɔ̃, ne ete vɔvɔ̃ le suku alo aƒea ƒe teƒe aɖewo, ɣeyiɣi siwo dzidzi ƒonɛ, ne awu ɖeɖe doa vɔvɔ̃ nɛ akpa, ne evɔ̃na be ye kple ame nyanyɛ aɖe ɖeɖeko yewoanɔ anyi, kple ne eya ŋutɔ lã eƒe ŋutinu aɖe.
Gake kpɔ nyuie be màgasusu kpata be ewɔ nane o. Dzesi siawo ƒe akpa gãtɔ mefia kokoko be wodɔ ɖevia gbɔ nyateƒe o. Wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu anye kuxi bubu aɖe. Gake ne èkpɔ be nanewo le fu ɖem nɛ la, ƒo nu tso eŋu bɔkɔɔ, ɖewohĩ àte ŋu agblɔ be: “Medi be nànya be ne ame aɖe aka asi ŋuwò si awɔe be nàde vovo ge do kpoe la, àte ŋu agblɔe nam ɣesiaɣi eye mawɔ nusianu si mate ŋui la atsɔ akpɔ tawòe. Ðe nusia tɔgbe dzɔ ɖe dziwò kpɔa?”—Lododowo 20:5.
Ðikeke mele eme o be ne viwò gblɔ be wodɔ ye gbɔ la, àʋuʋu le ɖokui me. Gake ɖo ŋku edzi be: Wò nuwɔna awɔ akpa vevi aɖe be ɖevia nahaya. Viwò le agba kpekpe aɖe tsɔm eye wòhiã na wò ŋusẽ katã be nàkɔe le eta. Kafu ɖevia be wòte ŋu do dzi gblɔe na ye. Ka ɖe edzi nɛ enuenu be yeawɔ ye tɔ sinu atsɔ akpɔ eta; gblɔ nɛ be menye eƒe vodadae o ke boŋ egbɔdɔla ƒe vodadae; be menye ɖevi “gbegblẽ” o; yelɔ̃e.
Senyala aɖewo ɖo aɖaŋu be woana nutsotso setɔwo kaba. Dukɔ aɖewo ƒe se abia be woawɔ esia. Gake le teƒe bubuwo la sea matsɔ nya ɖe amea ŋu nyuie o.
Ke ne ɖevigbɔdɔla la nye srɔ̃wò ya ɖe? Nublanuitɔe la, nyɔnu geɖe mete ŋu tsoa nya me hewɔa nu ɖe enu o. Ele eme be mele bɔbɔe be nànɔ te ɖe ŋukpe si wòanye ne srɔ̃wò nye ɖevigbɔdɔla nu ya o. Seselelãme ƒe kadodowo kple esi wònye eyae kpɔa ƒomea dzi ate ŋu akpɔ ŋusẽ deto ɖe dziwò. Srɔ̃nyɔnu si ŋu woda vo ɖo akpɔe hã be ne yetsɔ nya ɖe yesrɔ̃ ŋu la, ate ŋu agblẽ nu le eƒe ƒomea ŋu, eƒe dɔwɔɖui kple bubu si le eŋu la.a Gake nyateƒe lae nye be nusi wòƒã ko ŋem wòle. (Galatiatɔwo 6:7) Le go bubu me la, ɖevi siwo mele ɖeke nyam o ŋue nu agblẽ le vevietɔ ne womexɔ edzi se hekpɔ eta o. Woƒe etsɔ me le afɔku me. Nusiwo le ame tsitsiwo si mele wo si o. Nuteɖeamedzi ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu ahatrɔ woƒe amenyenye le woƒe agbe me katã. Woawoe hiã na beléle tɔxɛ eye wodze nɛ hã.—Tsɔe sɔ kple Mose I 33:13, 14.
Eyata ele be dzilawo nadze agbagba ɖesiaɖe akpɔ wo viwo ta! Dzila butame geɖewo tiae be yewoana amesiwo srɔ̃ nu le nɔnɔmea ŋu nakpe ɖe ɖevi si gbɔ wodɔ la ŋu. Abe alesi nàwɔ le ɖɔkta gbɔ ene la, kpɔ egbɔ be eŋutinunyalawo dometɔ ɖesiaɖe de bubu wò mawusubɔsubɔ ƒe nukpɔsusuwo ŋu.b Ðe dzila ƒe lɔlɔ̃ fia viwòa be nàtsɔ akpe ɖe eŋu be dzi nagaɖo eƒo.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le nyateƒe me la, ɖevigbɔdɔla la le afɔku me xoxo eye wòhiã kpekpeɖeŋu vevie. Ne nuvɔ̃wɔla gblɔ be yedze agɔ hã la, ɖewohĩ srɔ̃a si dzi wòdze agɔ le asusu be: Nukata megblɔe hafi amesi gbɔ wòdɔ ʋu goe o?
b Le kpɔɖeŋu me, ne Yehowa Ðasefowo dze ŋgɔ ʋudodo ƒe nya la, wokpɔa egbɔ be ɖɔkta la de bubu yewoƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo ŋu.