Akɔfafa na Ame Tsitsi Siwo To Nɔnɔme Sesẽwo me le Woƒe Ðevime
WONYE srɔ̃tɔ siwo wɔ ame eye wodea bubu wo ŋu ŋutɔ le hamea me. Gake ŋutsua ƒe nuƒo fia be nya aɖe dzɔ esi wòbia nenye be hamemegã ava srã yewo kpɔ eye aɖatsi lolo ɖe srɔ̃a ƒe ŋkume. Blanuiléle kple fuléle ame ɖokui nɔ fu ɖem nɛ vevie eye enɔ eɖokui wuwu gɔ̃ hã ŋu bum. Wodɔ nyɔnua gbɔ le eƒe ɖevime. Edzɔ dzi na hamemegãwo be Yehowa ƒe habɔbɔa na mɔfiame le alesi woakpe ɖe amesiwo ŋu wowɔ nu vlo mawo tɔgbe ɖo la ŋu, eye le esia ta woto Habɔbɔa ƒe lɛta si wòŋlɔ na hamemegãwo kple October 8, 1991 ƒe Awake! kpakple October 1, 1983 ƒe Watchtower ƒe tata siwo dzro nyati sia me la me nyuie. Nya vevi siwo le wo me la ƒe ɖewoe nye si.
1. Ðo to, ɖo to, ɖo to. Ne ɖevi ƒe klonu tre la nu gbãtɔ si wòwɔnae nye be eƒua du yia Papa alo Dada gbɔ be woafa akɔ na ye. Gake ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ sia gɔ̃ hã manɔ ɖevi si gbɔ wodɔ la si o. Eyata ne etsi hã la hiahiã ma ke aganɔ eŋu—be yeagblɔe, yeaʋu eme na ame aɖe si me nublanuikpɔkpɔ le si ɖoa to la nafa akɔ na ye. (Tsɔe sɔ kple Hiob 10:1; 32:20.) Esi hamemegã la va srã srɔ̃tɔ siwo ŋu míeƒo nu tsoe kpɔ la, ŋutsua ƒe nu ku le hamemegã la ƒe nya ʋee si wògblɔ kple alesi wòɖo toe la ŋu. Nyɔnua srɔ̃ si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu eye wòkpena ɖe ame ŋu ŋutɔ la kpɔe be yetsɔ susuŋudɔwɔwɔ ko le seselelãmekuxi gbɔ kpɔmee eye yele agbagba dzem be yeaɖɔ eƒe susu ɖo le seselelãme siwo dze abe ɖe susu mele wo me o ene la ŋu. Eva srɔ̃e be vevesese ɖe ye srɔ̃a ti hiã wu nyaŋuɖoɖo nɛ. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 12:15.) Nyɔnua di be yeasee be esɔ be yease le ye ɖokui me nenema.
2. Na aʋatsoawo nadze. Ðevigbɔdɔdɔ naa ɖeviwo bunɛ be yewoƒo ɖi, yewomedze be woalɔ̃ o, eye viɖe mele yewo ŋu o. Abe alesi alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafiawo le ene la, nukpɔsusu siawo ana ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Yehowa manɔ bɔbɔe o. Eyata na aʋatso la nadze eye nàgblɔ nyateƒea—bɔkɔɔ, enuenu, le dzigbɔɖi me. De ŋugble kple amea tso Ŋɔŋlɔawo me. (Korintotɔwo II, 10:4, 5) Le kpɔɖeŋu me: “Mese egɔme be èsena le ɖokuiwò me be yeƒo ɖi. Gake aleke Yehowa ya bua wòe? Ne eɖe mɔ Via ku eye wòxe tafe ɖe tawò la, ɖe esia mefia be elɔ̃ wò oa? [Yohanes 3:16] Ðe gbɔwò si wodɔ na wò, nèƒo ɖi le eŋkumea alo gbɔwòdɔla boŋ yeƒo ɖia? Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ be: “Naneke meli, si atso gota ayi ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖii o; ke boŋ nusiwo le go dom tso ame me la, woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame.” [Marko 7:15] Wò ɖevi la ŋutɔe ɖoe be woadɔ ye gbɔa? Alo ɖevigbɔdɔlaa ŋutɔe ɖoe ɖe eya ŋutɔ ƒe susu me?”
3. Ƒo nu akɔfafanametɔe. Amesiame ƒe nɔnɔme to vovo eyata aɖaŋu si Paulo ɖo be “mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo” la awɔ dɔ le amesiame gome vovovo. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Gake edze ƒã be nuƒoƒo si aɖe kuxia ƒe vevienyenye dzi akpɔtɔ la mefaa akɔ na ame o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be gbɔgblɔ na amesi gbɔ wodɔ le ɖevime be wòaxlẽ Biblia geɖe wu, wòaɖi ɖase geɖe wu, alo be ‘wòatsɔ eƒe nyawo adro ɖe Yehowa dzi’ akpe ɖe eŋu ɣeaɖewoɣi hã—la, nu nyui aɖeke mado tso eme o. (Psalmo 55:23; tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 6:2.) Ame geɖewo le nusiawo wɔm xoxo alesi woate ŋui gake wogadoa dziku ɖe wo ɖokui ŋu vevie be ɖe wòle be yewoagawɔe wòanyo wu wu hafi.—Tsɔe sɔ kple Yohanes I, 3:19, 20.
Nenema ke ne ègblɔ na amesi gbɔ wodɔ le ɖevime ko be wòaŋlɔ nusi dzɔ va yi be la agblẽ nu gɔ̃ hã wu. Ne ɖe woate ŋu awɔe la anye ne wowɔe—eye womahiã ame aɖeke be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoaɖɔ kuxia ɖo bɔbɔe nenema o.a Ðo ŋku edzi be nu ŋutɔŋutɔe gblẽ le woƒe seselelãme ŋu. Abe kpɔɖeŋu ene la, tsɔe be yeva do go ʋu aɖe si dze anyi eye nèkpɔ ame aɖe le ŋeŋem le ʋu gbagbã la dome. Ðe nàgblɔ nɛ ko be megabu vevesesea ŋu oa? Edze ƒã be ahiã be nawɔ nusi wu ema.
Ne mèka ɖe edzi be nya si gblɔm yele le akɔ fam na amea alo le kpekpem ɖe eŋu o la, nukata màbia blanuiléla la o? Elabena le aɖaŋuɖoɖo nyui si tso Ŋɔŋlɔawo me gɔ̃ hã ɖoɖo gome la, ele be woaɖoe le eɖoɣi eye ele be wòasɔ hã.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 25:11.
Le sasrãkpɔ ʋee aɖewo megbe la, nɔvinyɔnua ƒe nɔnɔme va nyo ɖe edzi eye srɔ̃a te ŋu le kpekpem ɖe eŋu le nɔnɔme sesẽawo me nyuie wu. Tso ɣemaɣi la, wo ame evea wote ŋu le akɔ fam na amesiwo to nɔnɔme sesẽ mawo me kpɔ. Aleke gbegbe wòdoa ŋusẽ míaƒe xɔsee nye si ne míekpɔ alesi “akɔfafawo katã ƒe Mawu,” Yehowa, le eƒe Nya la kple eƒe amewo ŋudɔ wɔmee be “woada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu” le ɣeyiɣi sesẽ siawo me.—Korintotɔwo II, 1:3; Yesaya 61:1.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ele eme be apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woaŋlɔ nusiwo le megbe la be.’ Gake bubu kple xexeame ƒe dzidzedzekpɔkpɔ siwo va zu “aɖukpo dzi nuwo” na Paulo ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Menye xaxa siwo wòkpɔ va yi siwo ŋu wòƒo nu tsoe faa lae wòwɔnɛ o.—Filipitɔwo 3:4-6, 8, 13; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 11: 23-27.