Wokɔ Yehowa Ðasefowo Ŋu le Ðevi Xɔxɔ ƒe Nyaʋiʋli aɖe Me
INGRID HOFFMANN nɔ agbagba dzem tso ƒe atɔ̃ siwo va yi me ke be yeaxɔ ye vi eveawo. Austria-nyɔnu wònye eye wodzii hehee le Roma Katoliko-ha la me. Eɖe hati Katolikotɔ aɖe eye wòdzi ŋutsuvi le ƒe 1980, kple nyɔnuvi le ƒe 1982 me. Ke wogbe wo nɔewo le ƒe 1983 me; dzila eveawo dometɔ ɖesiaɖe di be yeaxɔ ɖeviawo. Vifofoa na nutsotso be ye srɔ̃ ƒe subɔsubɔha—ezu Yehowa Ðasefo—ate ŋu agblẽ nu le ɖeviawo ŋu eye awɔe be ɖeviawo maxɔ hehe ɖɔʋu aɖeke o. Egblɔ be Ðasefoawo meɖua ŋkekenyui aɖewo siwo le yewoƒe dukɔa me o eye womelɔ̃na doa ʋu hã o.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.
Womelɔ̃ ɖe amenublenya siawo dzi o. Ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ kple nyagbugbɔdrɔ̃ƒea siaa mexɔ ŋutsua ƒe nyawo o eye wona nyɔnua xɔ ɖeviawo. Gake le September 1986 me la, Austria ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ te fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ ƒe nyametsotsoa me. Egblɔ be nyametsotso siawo da le Austria ƒe Mawusubɔsubɔ ƒe Hehenasewo dzi, si nye se si gblɔ be ele be woahe ɖevi siwo wodzi ɖe Katoliko-ha la me woanye Katolikotɔwo. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gatso nya me hã be maɖe vi na ɖeviawo be woana woahe wo woazu Yehowa Ðasefowo o!
Aleke wogbugbɔ nya drɔ̃ na Ingrid Hoffmann le mawusubɔsubɔ ƒe nazãbubu vɔ̃ɖi sia mee? Wotsɔ eƒe nya la yi Europa ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Gbɔkpɔha la gbɔ le February 1987 me. Le April 13, 1992 dzi la, habɔbɔ sia si ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo tso dukɔ vovovo siwo le Europa-dukɔwo ƒe Habɔbɔ sia me tsɔ nya la yi Europa ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea be woadrɔ̃e bliboe.
Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me le June 23, 1993 dzi. Egblɔ be: “Eyata Europa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea lɔ̃ ɖe edzi be wokpɔ ame ŋkume, eye be subɔsubɔha dzie wonɔ te ɖo; [Austria] ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nya si wogblɔ le alesi wobu nusi amesi ŋu wotsɔ nya ɖo ƒe subɔsubɔha ate ŋu ahe vɛ la ɖo kpe nyataƒoƒo sia dzi. Nuwɔwɔ ɖe ame ŋu le mɔ sia nu nye ameŋkumekpɔkpɔ.” [Míawoe te gbe ɖe edzi.] Egblɔ yi edzi be alesi Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ “da nyateƒenyawo kpɔe la to vovo na ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ, si ƒe nuŋububu gɔ̃ hã nye nukpɔsusu nyuitɔ la tɔ. Togbɔ be nyaʋiʋli aɖewo ate ŋu ado mo ɖa le mɔ bubu nu hã la, míelɔ̃ ɖe edzi be woanɔ te ɖe subɔsubɔha si me ame le dzaa ko dzi ade vovototo wo dome o.”
Esi ʋɔnudrɔ̃la atɔ̃ ƒe nyametsotso to vovo na ene tɔ ta la, wotso afia na Ingrid Hoffmann hebu fɔ Austria be le subɔsubɔha si me nyɔnua le ta wowɔ nu tovo ɖe eŋu ɖo, woda le gome si le esi be wòanyi viawo la dzi. Hekpe ɖe eŋu la, ʋɔnudrɔ̃la enyi gblɔ nya si to vovo na wo dometɔ ɖeka tɔ be woaxe nugblẽfe nɛ.
Mawusubɔsubɔblɔɖe ƒe aʋadziɖuɖu ɖedzesi sia dzɔ le nya bubu si nye Kokkinaki kple Greece ƒe nya la dɔdrɔ̃ ɣleti ɖeka megbe—le ʋɔnudrɔ̃ƒe ma ke, si gblɔ be Greece da le gome si le amegbetɔ si be wòafia Mawu ƒe Nya amewo tso aƒeme yi aƒeme la dzi. Ablɔɖelɔ̃lawo le xexeame katã tsoa aseye ne wogblẽ agbagba siwo amewo dzena be yewoate mawusubɔsubɔblɔɖe ɖe to la me hekpɔ gome si le amewo si be woasubɔ Mawu ahanyi wo viwo le Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la ta.