INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 11/8 axa 28-29
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woxlɔ̃ Nu Europatɔwo le Mamã si Le To Vovo me Tɔwo Dome Ŋuti
  • Aha Sesẽwo Nono Akpa le Australia
  • Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ŋutifafaɖoɖowo Tsi Akpo Dzi le Gamanɔanyi Ta
  • Fuléleƒe
  • Nyɔnuwo Siwo ƒe Agbɔsɔsɔ Dzi Le Ðeɖem Kpɔtɔ
  • Vidzidzi Dzi Ðe Kpɔtɔ le China
  • ‘Dɔléle Dziŋɔ si Ava le Ƒe 2000 Me’
  • Aɖukpoɖoɖo ɖe Yame Nye Afɔku
  • Nyahehe le Japan le Aflaga Kple Duha Ŋu
  • Woke Ðe Nukliafɔkuwo Ŋu
  • Ðe Woate Ŋu Ana Xexeame Nawɔ Ðekaa?
    Nyɔ!—1994
  • Ðe Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O Ate Ŋu Avaa?
    Nyɔ!—1996
  • Ðe Ŋutifafahabɔbɔwo Ƒe Agbagbadzedzewo Ate Ŋu Ana Ŋutifafa Nanɔ Xexea Mea?
    Nyati Bubuwo
  • Nuklia ƒe Ŋɔdzidonamea—Mewu Enu Kura Haɖe O
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 11/8 axa 28-29

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Woxlɔ̃ Nu Europatɔwo le Mamã si Le To Vovo me Tɔwo Dome Ŋuti

José-María Mendiluce si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ ƒe dɔwɔƒe si kpɔa aʋasilawo ƒe nyawo gbɔ teƒenɔla tɔxɛ gblɔ be: “Woate ŋu atrɔ amewo woazu fuléamelawo kple amewulawo bɔbɔe.” Aƒetɔ Mendiluce si tsɔ ɣleti 19 kpɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ɖoɖo si wowɔ ɖe aʋasilawo ŋu dzi le afisi nye Yugoslavia tsã la gblɔ be enye “vodada gã aɖe” be woabu Balkatɔwo be “woto vovo kura na Europatɔ bubuwo,” eye wòde dzesii be towo dome mamã sia tɔgbe ate ŋu adzɔ le Europa-dukɔ bubuwo me. Egblɔ be: “Nusi hiã koe nye be gakuxiwo nanɔ anyi eye dunyahela amedzimaxɔsela aɖewo nada vodada la ɖe ʋuʋulawo alo ame dahewo alo amesiwo to vovo le go aɖe me dzi.” The New York Times ƒe nyatakaka gblɔ be Aƒetɔ Mendiluce de dzesi alesi wòle bɔbɔe be kplɔlawo nahe fuléle vɛ “to aʋatsonyawo kaka ɖi to nyadzɔdzɔkakamɔnuwo dzi kple eƒaƒã ɖe amewo me me,” eye wògblɔ be amesiwo dea asi ŋutifafawɔwɔɖoɖowo te la metrɔ o, ke boŋ wogale “fuléle kple amewuwu” dzi.

Aha Sesẽwo Nono Akpa le Australia

Nyanyui si le Australia ye nye be aha sesẽ ƒe agbɔsɔsɔ si wonona le dukɔa katã me la dzi ɖe kpɔtɔ. Gake The Sydney Morning Herald gblɔ be nya si menya se le eŋu o ye nye be aha sesẽ nono gaxɔa “dɔlar biliɔn 6 eye wòwua ame 6,000 ƒe sia ƒe kokoko.” Nyatakaka aɖe si do nyitsɔ laa si woyɔ be Dimensions and Effects of Alcohol Abuse ɖee fia be Australia-ŋutsu 88 le alafa me kple nyɔnu 75 le alafa me noa aha sesẽ, eye wòƒo nu tso nyɔnu ƒe ahanono kple ƒewuiviwo ƒe “ahatsunono” si le dzidzim ɖe edzi ŋu be wonye kuxi gã siwo ŋu woatsi dzi ɖo.

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ŋutifafaɖoɖowo Tsi Akpo Dzi le Gamanɔanyi Ta

Wosusui be Dukɔ Ƒoƒuawo azã dɔlar biliɔn 3.7 ɖe avuléle ɖe dukɔ siwo le aʋa wɔm ŋu le ƒe sia me. Gake The New York Times gblɔ be “alesi dukɔ siwo le ƒuƒoƒoa me do kpo woƒe nudzɔdzɔwo xexe la na be amewo le ɖi kem be ɖe habɔbɔa ate ŋu akpɔ ga atsɔ awɔ eƒe dɔwoe le etsɔ mea alo ɖe wòate ŋu ado alɔ avulénya siwo le edzi yim fifia la alesi dze hã.” Ele be Dukɔ Ƒoƒuawo naxe ga si ade dɔlar 1,000 ɣleti ɖesiaɖe na dukɔ siwo kpe ɖe eŋu wolé avu la ƒe asrafo ɖesiaɖe si wodɔ ɖe avuléƒea. Gake ɣleti geɖewo va yi fifia esi womexe naneke na dukɔ siwo ɖo asrafowo ɖe afisi woyɔna tsã be Yugoslavia kple Cambodia la o. Le April ƒe nuwuwu la, avulélawo ƒe ga si womete ŋu xe na wo o la ɖo dɔllar biliɔn 1.5 hekpe ɖe dɔllar miliɔn 970 bubu si woka be yewoadzɔ si womete ŋu xe o ŋu. Dukɔ siwo le ŋgɔ yim la dometɔ aɖewo ɖe woƒe asrafowo le avulédɔa me alo wogbe be yewomagaɖo asrafowo ɖe teƒe bubu siwo woalé avu le o le esi womexe woƒe ga na wo o ta.

Fuléleƒe

Newsweek magazine gblɔ be: “Ƒe si le abe ƒe 1992 ene na ame geɖe gava le afɔ dom na blemanya siwo wobiana le amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme ŋuti la. Mamã siawo—aƒelikawo ƒe tsitretsitsi ɖe nɔewo ŋu, ŋutigbalẽ vovovo tɔwo tɔ, dukɔ vovovo me tɔwo tɔ—nye nusiwo teƒe míekpɔna ɣesiaɣi, eye ƒe sia me ƒe nudzɔdzɔwo wɔe be wole wɔwɔm na amewo be míete ŋu le mamã siawo ɖem ɖa o.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Edze abe amewo ƒe taɖodzinu le ƒea mee nye ‘Lé fu hawòvi’ ene.” Nukatae “amegbetɔ ƒe ŋlɔmiwɔwɔ” gadzi ɖe edzi etɔxɛ nenema gbegbe le ƒe 1992 me? Newsweek gblɔ be: “Nuvlowɔwɔ si dzɔ le ƒe si va yi me ƒe akpa gãtɔ tso sedzimawɔmawɔ si gbɔ eme” kpakple “ganyawo ƒe dediemanɔmanɔ” si va le Soviet ƒe Kɔmiunist-dziɖuɖu mumu vɔ megbe la gbɔ. Esiwo gakpe ɖe esia ŋue nye ame vovovowo dome fuléle si dziɖuɖuwo de amewo me. Ðe asrafo siwo léa avu ate ŋu akpɔ nya la gbɔa? Newsweek ɖo eŋu be: “Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe avulélawo le Cyprus henɔ avu lém le Greece kple Turkey duwo dome ƒe 20 sɔŋ enye sia. Esi Dukɔ Ƒoƒuawo dzɔa wo ŋu si wɔe be wole dedie ta naneke meʋã akpa eveawo dometɔ aɖeke be woana ta o.”

Nyɔnuwo Siwo ƒe Agbɔsɔsɔ Dzi Le Ðeɖem Kpɔtɔ

Le dukɔ deŋgɔwo abe Britain, France, Switzerland, kple United States me la, nyɔnuwo sɔ gbɔ wu ŋutsuwo, ne woxlẽ nyɔnu 105 la, ŋutsu 100 koe woxlẽna. Gake Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe akɔntabubu fia be le Asia la, nyɔnu ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ miliɔn bla nanewo. Le kpɔɖeŋu me, le Afghanistan kple Bangladesh la, ne woxlẽ ŋutsu 100 ɖesiaɖe la, nyɔnu 94 koe wokpɔna, nyɔnu 93 koe wokpɔna ne woxlẽ ŋutsu 100 ɖesiaɖe le India, eye le Pakistan la, nyɔnu 92 le ŋutsu 100 ɖesiaɖe xexlẽ me. Dziɖuɖua ƒe akɔntabubu fia be le China la, nyɔnuvi 100 koe li le ŋutsuvi 114 ɖesiaɖe siwo xɔ tso ƒe ɖeka vaseɖe ƒe eve la xexlẽ me. Nuka gbɔe vovototo sia tso? The Washington Post gblɔ be: “Amesiwo nya nu le nya la ŋuti tɔ asi alesi wotsyaa ame mee ne wole nu wɔm ɖe nyɔnuwo ŋu si wɔnɛ be wo dometɔ siwo tsia agbe medea ŋutsuwo nu o: fugboe siwo nye nyɔnu kple vidzĩ siwo nye nyɔnuwo wuwu, nunyiame kple beléle nyui makpɔmakpɔ, fufɔfɔ zi geɖe kple dɔ sesẽ wɔwɔ.” Gakpe ɖe eŋu la, le teƒe aɖewo la, ŋutsu siwo nye amexlẽlawo mexlẽa nyɔnuwo o alo womeɖea mɔ na wo be woaƒo nu na nyɔnuwo o. Eye vifofo aɖe siwo wòkpea ŋu na be yewo vinyɔnuwo sɔ gbɔ wu ŋutsuwo la daa alakpa be ŋutsuviwoe yewo vinyɔnuwo nye.

Vidzidzi Dzi Ðe Kpɔtɔ le China

The New York Times ka nya ta be ƒe 1992 ƒe akɔntabubu fia be ƒe ma mee China ƒe vidzidzi dzi ɖe kpɔtɔ wu ɖesiaɖe—eɖiɖi tso vidzĩ 23.33 siwo wodzina le ame 1000 ɖesiaɖe dome le ƒe 1987 me dzi va ɖo vidzĩ 18.2 le ame 1,000 ɖesiaɖe dome. Peng Peiyun, dudɔnunɔla si kpɔa Dukɔa ƒe Ðoɖowɔwɔ ɖe Vidzidzi Ŋu gbɔ gblɔ be togbɔ be wonɔ mɔ kpɔm be ƒe 2010 me ke hafi woaɖo xexlẽme ma gbɔ hã la, woɖo taɖodzinua gbɔ “elabena dunyahehabɔbɔwo kple Dziɖuɖumegãwo katã lé fɔ ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ƒe nya la ŋu vevie wu tsã, eye wozã eƒe mɔnu siwo dzea edzi wu.” Le ɖoɖowɔɖia nu la nutome dzikpɔlawo ŋutɔŋutɔ dzie agba le be woaɖe vidzidzi ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ le woƒe nutome eye woate ŋu ahe to na wo nenye be womewɔe o. Le nyɔnu geɖe siwo dzi vi ɖeka xoxo gome la esia fia be enye dzizizi be woako wo alã nusi nana wodzia vi la ɖa kple tohefe gbogbo aɖewo xɔxɔ le amesiwo dzi vi siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o si. Ne kɔƒemetɔwo mate ŋu axe fea o la, woxɔa woƒe nunɔamesiwo le wo si alo wogblẽa wo dome, eye zi geɖe la, wogbãa woƒe xɔwo. Ame biliɔn 1.7 siwo le China fifia la ƒe agbɔsɔsɔ nye amesiwo katã le xexeame la ƒe memamã 22 lia le alafa me.

‘Dɔléle Dziŋɔ si Ava le Ƒe 2000 Me’

Franse-tikenyalawo le gbɔgblɔm be “aklãdɔ si ƒomevi woayɔ be Hepatitis C la ava zu dɔ dziŋɔ aɖe le France tso fifia va ɖo ƒe 2000 me.” Dɔléle ŋuti nyatakaka aɖe si dze le Paris ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Le Monde me gblɔ be nɔnɔme evee ɖe dzesi le dɔ sia ŋu: “akpa vevi si ʋudodo wɔna tsɔ kakana dɔlékuiae” kple “vevietɔ alesi [dɔlékuia] tsina kabakabae ne dɔ sia va zu esi womate ŋu ada o.” Wobu akɔnta be dɔlékuia le amesiwo ade 500,000 va ɖo 2,000,000 siwo le France fifia la ŋu eye be amesiawo dometɔ 62 le alafa ɖesiaɖe me alé aklãdɔ si womate ŋu ada o, eye afɔku bubue nye be ate ŋu azu aklãlialiadɔ alo dɔdzẽ na wo le ƒe 10 va ɖo ƒe 30 me. Ðɔktawo gblɔ be togbɔ be Hepatitis C meɖea dzesi le amesiwo ŋu wòle la dometɔ geɖe ŋu o hã la, kakaɖedzi gobi aɖeke meli be dɔa avɔ le wo ŋu o.

Aɖukpoɖoɖo ɖe Yame Nye Afɔku

Süddeutsche Zeitung ka nya ta be: “Aɖukpo si ɖom wole ɖe yame la va le kuxi geɖe hem vɛ na yamenutomeʋuwo ƒe zɔzɔ.” Le Europatɔwo ƒe Aɖukpoɖoɖo ɖe Yame Ŋuti Takpekpe gbãtɔ si wowɔ le April me le Darmstadt, Germania me la, wode ŋugble le “nusi wòle be woawɔ atsi aɖukpo si ɖom wole ɖe yamenutoa ƒe akpa si woli kɔ yamenutomemɔ̃ gbagbãwo kple yamenutomeyiʋu gbegblẽ siwo ŋu woɖe asi le, alo dɔwɔnu siwo bu le yamenutomeyiyi zi gbãtɔwo me la ɖo.” Wobu akɔnta be nu gbegblẽ siwo ƒe lolome le abe tennis bɔl ene alo esiwo lolo wu ema siwo sɔ gbɔ wu 7,000 la ƒoa xlã anyigba la, hekpe ɖe nu kakɛ siwo wu 100,000 la ŋu. Nusiwo Russia kple United States ɖo ɖe yame xɔ alafa memamã 95 le yameɖukpo siawo me. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ kpee be: “Yamenutomeʋuwo ŋutɔ kple aɖukpodzinu sia siwo le xlã ƒom la do go wo nɔewo zi geɖe kloe. Mɔ si dzi woato akpɔ kuxi sia gbɔe nye be ele be woade se sesẽwo atsɔ axe mɔ ɖe aɖukpodzinu siawo nui eye woawɔ dukɔwo dome nubablawo le dɔ siwo woawɔ le yame ŋu nenye be womedi be mɔzɔzɔ yi yamenutowo me natɔ te le ƒe akpe si gbɔna me o.”

Nyahehe le Japan le Aflaga Kple Duha Ŋu

Mainichi Daily News ka nya ta be nuŋlɔɖi siwo woɖe ɖe go nyitsɔ laa le Yamato, Japan, fia be sukumegãwo “zi dukɔa ƒe Sukunyawo Gbɔkpɔdɔwɔƒe ƒe se aɖe si wode le dukɔa ƒe aflaga kple duha dzidzi ŋu ɖe sukuviwo dzi . . . , togbɔ be nufiala susɔeawo tsi tre sesĩe ɖe eŋu hã.” Hinomaru [dukɔa ƒe aflaga] kple Kimigayo [duha] ƒe nya si le sukukɔnuwɔwɔwo me la zu nusi ŋu wole nya hem le le dukɔa katã me le esi wodo ƒome kple alesi Japan bu eɖokui le aʋaŋɔli be yee nye dukɔ si le ŋgɔ na ɖesiaɖe kple fiagã la ƒe amedziɖuɖu ta. Asahi Evening News gblɔ be tsitretsiɖeŋulawo gblɔna be aflaga la kple duha la nye fiagãsubɔsubɔ eye wobe ezizi ɖe ɖeviwo dzi “anye subɔsubɔ aɖe ƒe dzixɔse zizi ɖe wo dzi.” Wogblɔna be enye dada le mawusubɔsubɔ kple dzitsinya ƒe ablɔɖe ƒe gomenɔamesi si ŋu dukɔa ƒe dukplɔse ɖe mɔ ɖo la dzi.

Woke Ðe Nukliafɔkuwo Ŋu

Paris ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ International Herald Tribune gblɔ be le ƒe geɖe si wotsyɔ nu afisiwo nukliafɔku gãtɔwo kekeake dzɔ le dzi megbe la, wona wonya eŋunya yeyewo le dutoƒo. Esi Soviet Union si nɔ anyi tsã la ƒe dziɖuɖu nɔ agbagba dzem be yeawɔ nukliaʋawɔnu la, eɖo plutonium dɔwɔƒe aɖe ɖe Ural-towo dzi. Tso esime woɖo dɔwɔƒe sia le ƒe 1948 vaseɖe 1951 me la, ɖeko wonɔ eƒe aɖinuwo kɔm ɖe tɔʋu siwo me tsi wotsɔ dea agblee eye woganona la me. Eye le ƒe 1957 me la, aɖinu siawo dometɔ aɖewo wo eye wòtu aɖinu geɖe ɖe yame. Afɔku bubu dzɔ le ƒe 1967 me esime ta si te ɖe afima ŋu si me wonɔ nuklianugbegblẽwo kɔm ɖo la mie. Ya ƒo aɖinuawo hekaka wo ɖo ɖe didiƒe ʋĩ ke. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be afɔku etɔ̃ siawo ƒe aɖi gblẽ nu le amesiwo ade 450,000 ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe