INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 1/8 axa 18-20
  • Mina Míaɖu Agbeli

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mina Míaɖu Agbeli
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Edodo Le Bɔbɔe
  • Eŋuti Dɔwɔwɔ Sesẽ
  • Nuɖuɣi!
  • Agbelimakpa—Enye Ame Miliɔn Geɖe ƒe Gbesiagbenuɖuɖu
    Nyɔ!—1996
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1998
  • Nu Ðuɖu Gatsi Mazãmazãe
    Nyɔ!—2003
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mawu Ƒe Nunanawo Ŋu Lém Ðe Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 1/8 axa 18-20

Mina Míaɖu Agbeli

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Nigeria gbɔ

JANYERE tsɔ yi ɖe asi eye wòle gbe si to xe agbeligblea me la dzam ɖo ta agblea me. Kuku si wòɖɔ la wɔe be ŋdɔ si le ʋuʋum gbagbagbã la mele eɖum o. Eyi agbeliti aɖe si kɔkɔ abe meta etɔ̃ ene la gbɔ eye wòlée kple alɔ eve hehoe bɔkɔɔ. Agbeliawo kple keawo ho va gota enumake. Etsɔ eƒe yi kli wo kɔ ɖe agbeli bubu siwo wòho fifi laa ko la dzi le kpolu aɖe me. Srɔ̃a Ngozi dro agbeligba la ɖe ta, eye wodze mɔ ɖo ta aƒeme.

Alea tɔgbe koe anyigba xɔdzo dzi tɔ miliɔn geɖe siwo ɖua agbelinu edziedzi la hoa agbelii.a Le Afrika ɖeɖe dzaa la, amesiwo ade miliɔn 200 kpɔa calory si wokpɔna gbesiagbe tso woƒe nuɖuɖuwo me ƒe afã kple edzivɔ le agbeli me. Dzidzim ɖe edzi koe eɖulawo le. Eŋutinunyala aɖewo gblɔ be kaka ƒe 2000 naɖo la, amesiwo nɔa agbe ɖe agbeli nu adzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve wu amesiwo nɔnɛ ɖe enu le ƒe 1980 ƒeawo titina.

Èɖu agbeli kpɔa? Ne èle anyigba fafa dzi la, àgblɔ be ao. Gake mègaka ɖe edzi nenema gbegbe o! Goma si woɖena le agbeli me la nye nu vevi aɖe si wodea detsi, ɖeviwo ƒe nuɖuɖu, atike siwo doa ŋusẽ ame, nusiwo wotsɔ tapioka wɔe, atike siwo nana nu blana, akpɔnɔ viviwo kple yevubolo me. Ðewohĩ lã siwo ɖua kokoŋte abe woƒe nuɖuɖu ƒe akpa aɖe ene la kura gɔ̃ hã ƒe lãe nèɖuna alo woƒe notsi ye nènona.

Wogazãa agbeli le aŋe siwo wotsɔna trea nui, kple aŋɔwo wɔwɔ me hekpe ɖe eƒe nuɖuɖunyenye ŋu.

Edodo Le Bɔbɔe

Gake abe Janyere kple Ngozi ene la, agbelia ɖuɖu tae Afrikatɔ akpa gãtɔ donɛ ɖo. Togbɔ be nunyiame si nye protein mesɔ gbɔ ɖe eme o hã la, enye nuɖuɖu si me goma geɖe le. Ne wotsɔ agbeli kilo ɖeka sɔ kple bli alo te siwo nye Afrikatɔwo ƒe nuɖuɖu vevi eve siwo kplɔ agbeli ɖo la ƒe kilo ɖeka la, agbeli ƒe nunyiameŋusẽ si nye calory sɔ gbɔ wu wo tɔ zi gbɔ zi eve kple afã. Eƒe ɖoɖo fẽwo kple aŋgbawo nyo na ɖuɖu—nunyiameŋusẽ siwo nye vitamins, minerals, kple proteins geɖe le wo me.

Nu vevitɔ si hã na wodoa vivi ɖe agbeli ŋu enye alesi edodo le bɔbɔe ŋutɔe. Nu boo aɖeke mehiã le eƒe agbledede me tsɔ wu be nàŋlɔ gbeawo eye nàna ŋdɔ naɖu wo o. Ne tsi dza la, agbledela la tsòa agbelitiwo dona eye wova ɖona emegbe. Mehiã be woaga eme fũ o, nukunyotike, atike siwo wua gbe siwo vuna tsyɔnɛ, alo nudzodzoewutike ʋee aɖe koe hiã nɛ alo ɖeke kura mehiã nɛ o. Woate ŋu ahoe le ƒea ƒe ɣeyiɣi ɖesiaɖe me faa.

Nukutɔe la, agbeli wɔna le nɔnɔme vovowo me. Eɖona le anyigba nyui kple anyigba kuku siaa dzi. Eɖona le ƒutanyigbawo kple anyigba siwo kɔkɔ abe meta 2,000 ene wu atsiaƒu la dzi. Eɖona le nuto siwo me tsi dzana le nyuie, gake eɖona le afisiwo ku ɖina le ɣleti asieke sɔŋ le ƒea me la hã. Ne dzo fiã agbelitia vaseɖe eƒe agunu ke hã la, egadzena ake!

Eŋuti Dɔwɔwɔ Sesẽ

Eyata fukpekpe boo aɖeke mele agbelidodo ŋu vaseɖe ehoɣi me o. Gake gbesigbe wohoe ko la, ekema dɔa ŋutɔŋutɔ dze egɔme. Ne míagblɔe la, dɔ si woawɔ tso ehoɣi vaseɖe esime wòasɔ gbe hena ɖuɖu la ate ŋu asɔ kple dɔ siwo katã wowɔ do ŋgɔ na ehoho alo awui gɔ̃ hã.

Ele be woadze dɔ sia gɔme kaba. Nenye be ɖe Janyere ŋutɔ lɔ̃ la, ate ŋu ana agbelia naxɔ vaseɖe ƒe eve ne menya hoe o ko. Gake ne wohoe ko la, ele be woawu ewɔwɔ nu le gaƒoƒo 48 me, ne menye nenema o la, adze vovó gɔme.

Ngozi di be yeatɔ gali si nye Nigeriatɔwo ƒe nuɖuɖu vevi aɖe la. Etsɔ hɛ kpa agbelia gbã; emegbe eklɔe. Ngozi kple Janyere dro agbeli kpakpa la ɖe ta fifia heɖo ta wo xɔlɔ̃ Alex ƒe agbelitumɔ̃ gbɔ. Wotu agbelia wòzu amɔ. Azɔ wodee kotoku, eye Alex ƒe amɔfiamɔ̃a fiã tsia le eme.

Gake dɔa mekpɔ wu nu haɖe o! Eyome ele be woasia agbelimɔ la ŋkeke geɖe. Azɔ Janyere tsɔ agbadzɛ hesrae. Esia megbe Ngozi tɔe. Etsɔa afakɛ blua eme be wòagafiã o. Ne wowu agbeli ŋuti dɔwɔwɔ sia nu vɔ hafi woyɔnɛ be gali.

Togbɔ be mɔ gbogbo siwo dzi wotona wɔa agbeli ŋuti dɔwo la dometɔ ɖeka koe nye sia Ngozi tia hã la, nyɔnuwo koe wɔa agbeliawo ƒe akpa gãtɔ ŋuti dɔwo le woawo ŋutɔ gbɔ le Afrika. Menyo be woato mɔ kpuiwo dzi awɔ eŋuti dɔwo o, elabena aɖi si nye cyanide, si gblẽa nu le amegbetɔwo kple lãwo ŋu vevie la le eme. Eŋuti dɔwɔwɔwo ƒe mɔ legbe sia wɔnɛ be cyanide si le eme la nu kuna.

Nuɖuɣi!

Fifia, nuɖuɣi ɖo azɔ! Ne èkɔ gali ɖe netsi me la, ezua galidetsi vivi aɖe. Woagate ŋu atsɔe awɔ akpɔnɔ vivi hãe. Gake Ngozi kple Janyere ya di be yewoaɖu galiba si woɖana ne woblu galia kple tsi dzodzoe la boŋ.

Agbelinuɖuɖu ɖesiaɖe kple eƒe ŋkɔe le Afrika ƒe nuto ɖesiaɖe me. Le Côte d’Ivoire la, wotsɔa agbelimɔ ɖaa attieke hetsɔa lã kple amagbewo donae. Le Ghana la, woblua galia kple tɔmelãdetsi alo koklozitadi wòzua nuɖuɖu ɖeka si woyɔna be galifɔtɔ. Ne èbia be woatsɔ ugali na ye le Tanzania la, woatsɔ agbelimɔkple kple detsi vɛ na wò. Amewo doa vivi ɖe kumkum ɖuɖu ŋu le Cameroon. Le Sierra Leone la, amesiwo doa vivi ɖe agbeli ŋu mefena le woƒe fufu ŋu kura o, vevietɔ le Memleɖagbewo.

Eɖanye ŋkɔ kae nèyɔna na agbeli o, eyae nye Afrikatɔwo ƒe nuɖuɖu vevi aɖe. Nyateƒee, enye nuɖuɖu vevi aɖe ale gbegbe be togbɔ be woaɖu nu bubu aɖe hã la, ne womeɖu agbelinu ya o kpa, ame geɖe agblɔ be yewomekpɔ ɖu nu ŋutɔŋutɔ haɖe o!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wogayɔnɛ hã be akute.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Agbelikpakpa kple ekɔklɔ

Agbelitutu

Amɔsasra

Galitɔtɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe