INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 3/8 axa 29-30
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Xexlẽ Ðea Vi
  • Nya si Vidzĩwo Sena
  • Lãvi Sesẽwo
  • Eve Nyo Wu Ðeka
  • Beléle na Gbe
  • Ŋkuléle Ðe Tibet Yame ƒe Nɔnɔme Ŋu
  • Woku Tome le Israel Ke Ðe Roma-Dziɖuɖunɔƒe Ŋu
  • Anyidiwo Tsɔtsɔ Wɔ Atikee
  • “Ɔfis-Dɔléle”
  • Brazil Ðevi Nuxlẽlawo
  • Punjabtɔwo Kple Ayiku me Kpewo
  • Mina Míaɖu Agbeli
    Nyɔ!—1994
  • Agbelimakpa—Enye Ame Miliɔn Geɖe ƒe Gbesiagbenuɖuɖu
    Nyɔ!—1996
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1997
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 3/8 axa 29-30

Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Biblia Xexlẽ Ðea Vi

Numekuku aɖe si ŋu Nyatakala Wɔɖekawo ka nya ta le gblɔ be Amerikatɔ siwo xlẽa Biblia zi ɖeka teti le kwasiɖaa me kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe wu eye wokpɔnɛ be tameɖoɖo le agbe ŋu wu amesiwo mexlẽa Biblia edziedzi o. Le numekuku si Asiƒleƒenyawo ƒe Ha, si le Illinois, wɔ le Amerikatɔ tsitsi ɖesiaɖe si wokpɔ dome me la, amesiwo xlẽa Biblia edziedzi dometɔ 90 le alafa me gblɔ be yewovona le susu me ɣesiaɣi alo zi geɖe, gake ame 58 le alafa me koe gblɔ nenema le amesiwo mexlẽa Biblia wòdea zi ɖeka ɣleti ɖeka o dome. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amesiwo xlẽa Biblia edziedzi dometɔ 15 le alafa me koe tsia dzi be ame bubuwo malɔ̃ yewoƒe nya o, gake xexlẽmea nye ame 28 le alafa me le amesiwo mexlẽnɛ edziedzi o dome. Amesiwo xlẽnɛ edziedzi dometɔ 12 le alafa me koe gblɔ be yewotsia dzi ɖe ku ŋu ɣeaɖewoɣi alo eɖea fu na yewo vevie, gake amesiwo mexlẽnɛ edziedzi o dometɔ 22 le alafa mee tsia dzi ɖe eŋu.

Nya si Vidzĩwo Sena

The New York Times gblɔ be numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖo kpe edzi be nya agbɔsɔsɔ siwo vidzĩ sena kple gbe si wotsɔ gblɔe kpɔa ŋusẽ ɖe ŋutete si wòtsɔ bua nya vovovowo ŋui, kpɔa kuxiwo gbɔe, eye wòtsɔ bua nu ŋu yia eme ʋĩ la dzi. Wokpɔe le numekuku si wowɔ le Iowa Yunivɛsiti me be dzila siwo nye dɔ tɔxɛ aɖe wɔlawo la ƒe viwo sea nya 2,100 gaƒoƒo ɖesiaɖe, amesiwo dzilawo wɔa dɔ sia dɔ la sea nya 1,200 eye amesiwo dzilawo nye kpekpeɖeŋudɔwɔlawo sea 600 pɛ ko. Wolé ŋku ɖe gbe si dzilaawo tsɔ ƒoa nui—dzideƒoname, bublu ɖe ame ta, vividoɖeameŋu, alo gbeɖeɖename tɔwo—hã ŋu. Numekuku si wotsɔ ƒe eve kple afã wɔ ɖee fia be gbeɖiɖi ƒe vovototowo “kpɔa ŋusẽ ɖe ŋutete si ɖevi ɖesiaɖe tsɔ bua nu ŋui dzi vevie hafi woxɔa ƒe 4.” Numekulaawo dometɔ ɖeka si nye Ðk. Betty Hart gblɔ be amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe ƒe etɔ̃ gbãtɔwo le vevie ŋutɔ elabena hehe si ɖeviwo axɔ kple woƒe nuƒoƒo katã nɔ te ɖe ame tsitsiwo dzi vevie.

Lãvi Sesẽwo

Agbeli nye nuɖuɖu vevi aɖe na amesiwo ade miliɔn 200 le Afrika. Eye fifia agbeli geɖe li asu amewo le lãvi lénu siwo woyɔ be Typhlodromalus aripo ta. New Scientist magazine gblɔ be Brazil ye wotsɔ T. aripo tsoe be woatsɔ atsrɔ̃ yiyivi si ƒe amadede nye gbemu si nye lã siwo gblẽa agbeli wu ɖesiaɖe le xexeame dometɔ ɖeka, wònye lãvi si koŋ gblẽa agbeli aɖewo ƒe memamã ɖeka le etɔ̃ me le Afrika. Numekulawo kpɔe be yiyivi gbemutɔwo menye kuxi boo aɖeke le Brazil ƒe dzieheɣedzeƒe, afisi agbeli bɔ ɖo la o. Wokpɔe be lãvi lénu siwo nye T. aripo, nɔa agbelitia ƒe ɖɔmee nɔa lalam be lãvi gbemuawo nava yewoalé wo aɖu. Magazine la gblɔ be menye ɖeko T. aripo wua yiyivi gbemuawo ƒe akpa 90 le alafa me ko o, ke wokpena ɖe agbledelawo ŋu womezãa lãwutike siwo wo dometɔ geɖe mete ŋu ƒlena la hã o.

Eve Nyo Wu Ðeka

Britain ƒe New Scientist magazine gblɔ be amesiwo le agbagba dzem be yewoatrɔ ɖe agbe si dea lãmesẽ dzi nɔnɔ ŋu te ŋu kpɔa dzidzedze geɖe wu ne kpeɖeŋutɔ le wo si si hã le agbagba ma ke dzem. Nya sia ŋue woke ɖo le numekuku si wowɔ le srɔ̃tɔ 1,204 dome la me, si ŋu Archives of Family Medicine ka nya ta le. Stephen Pyke si le Dzadzɛnyenye Kple Anyigbaxɔdzo Dzi Tike Ŋuti Nusrɔ̃suku si le London la gblɔ be: “Anɔ bɔbɔe wu be amewo nadzudzɔ atamanono, woaɖe woƒe ʋumemi dzi akpɔtɔ eye woƒe kpekpeme dzi naɖe akpɔtɔ ne ame eveawo siaa wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi.”

Beléle na Gbe

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Toronto Star ka nya ta be amesiame si zãa eƒe gbe zi geɖe, abe nufiala ene, ƒe gbe ate ŋu axaxa ahagblẽ. Nenema ke ne wodoa aƒa ɣesiaɣi le afisi toɣliɖeɖe le be amewo nate ŋu asee la, ate ŋu agblẽ nu le gbeɖiɖikawo ŋu. Nuƒoƒo kple gbegbɔgblɔ ŋuti nunyala Bonnie Mann gblɔ be dalĩdodo kple gbemetete hã gblẽa nu le gbe ŋu. Eɖo aɖaŋu be mele be woalala kuxia nado gã ɖe edzi hafi woatso ɖe eŋu o eye ede dzi ƒo be woatsi tre alo anɔ anyi nyuie be kɔ kple abɔta navo. Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ƒo ye katã ta la, ele vevie be màna wò veme naƒu o.” Mann kafui be ne èwɔa wò gbe ŋudɔ zi geɖe la, ke no tsi vivivi edziedzi le ŋkekea katã me.

Ŋkuléle Ðe Tibet Yame ƒe Nɔnɔme Ŋu

New Scientist magazine ka nya ta be dukɔ ewo aɖewo siwo le Asia-Pacific nutome wɔ nanewo kpɔ be yewoatsɔ alé ŋku ɖe yaƒoƒowo ŋu. Tsidzadza si yaƒoƒoa hena vɛ ye na wote ŋu dea agble le Asia ƒe teƒe geɖe, gake yaƒoƒo te ŋu trɔna ŋutɔ ƒe sia ƒe. Yame ƒe nɔnɔme ŋuti nusrɔ̃lawo xɔe se be Tibet-gbadzaƒe si le kɔkɔƒe koŋue na yaƒoƒo hea tsidzadza vɛ, gake nyatakaka aɖeke meli si tso Tibet si me woadzro o. Esi wowɔ ɖoɖo kple China megbe la, wole mɔ̃ aɖe si wɔa dɔ le eɖokui si ɖom anyi le Tibet be wòalé ŋku ɖe yame ƒe dzoxɔxɔ alo fafa ŋu, tsi alesinu le ya me, yaƒoƒo, kple Himalaya-nutome yame ƒe nɔnɔme bubuwo ŋu. Numekulawo ka ɖe edzi be nyatakaka si yewoakpɔ la ana yewoase Asia-yaƒoƒowo gɔme nyuie wu.

Woku Tome le Israel Ke Ðe Roma-Dziɖuɖunɔƒe Ŋu

Reuters ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be blematomenukula siwo le Israel ke ɖe Roma-dziɖuɖu ƒe xɔ gã aɖe ŋu le Caesarea si anye Roma-dziɖuɖumegã ƒe nɔƒe si wode Paulo gaxɔ me le. Yosef Porath si nye Israel Blemanuwo Dzikpɔƒe ƒe dɔnunɔla le Caesarea gblɔ be blematomenukula siwo le teƒea ke ɖe nutata aɖe ŋu si dzi Latin-nuŋɔŋlɔ aɖe le si fia be ɖewohĩ afima dɔwɔƒe ɖeka nye dziɖuƒea me dedienɔnyawo dzikpɔƒe. Porath gblɔ be: “Nuŋɔŋlɔ sia na míekpɔ ta na kuxi si ku ɖe afisi wodrɔ̃ ʋɔnu Paulo Kɔkɔe le le Roma-dziɖula si ŋu woƒo nu tsoe le Nubabla Yeyea me la ŋkume. Ede dzesii be teƒe ma koe nye Roma-dziɖuɖunɔƒe si ŋu woke ɖo le tome le Israel eye wònye ʋee siwo nɔ blema Roma-fiaɖuƒea me la dometɔ ɖeka.

Anyidiwo Tsɔtsɔ Wɔ Atikee

Le aʋakpekpe aɖe me le ƒe 1947 me la, eva hiã be China-srafowo ƒe amekola Wu Zhicheng nalé be na abixɔlawo be dɔ nagaɖo lãme na wo o, gake eƒe atikewo vɔ. Esi mɔkpɔkpɔ nɔ bubum ɖee la, ebia atikewɔla aɖe si le nutoa me ƒe kpekpeɖeŋu, eye efia Chinatɔwo ƒe blematike aɖee—eyae nye tsi si me woɖa anyidiwo le tsɔtsɔ klɔ abiwoe kple atike aɖe si wotsɔ anyidi tɔxɛwo wɔ. China Today gblɔ be ewɔ dɔ nyuie ale gbegbe be Ðk. Wu dze ɣeyiɣi didi ƒe dɔ si nye numekuku le anyidiwo tsɔtsɔ wɔ atikee ŋu gɔme. Exɔe se be anyiditikewo na dɔlélenutsiŋutete dana sɔna eye egblɔ be: “Nunyiame geɖe le anyidi sue la me. Nunyiamenu siwo wu 50 siwo amegbetɔ ƒe ametia hiã, lãmetsi 28 siwo tua lãmenu suesuewo ɖo kple ŋutilãtuɖonu kpakple lãmetsimenu vovovowoe le eme.”

“Ɔfis-Dɔléle”

Numekuku si Nufialagã Maurizio Ricciardi si le Siena Yunivɛsiti ametia ƒe tsitrenɔnɔ ŋu nusrɔ̃ƒe wɔ la ɖee fia be tsitrenɔnɔ ƒe kuxiwo le Italytɔ 80 le alafa me ŋu le esi wonye teƒeɖekanɔlawo ta. Il Messaggero ka nya ta be amesiwo ŋu “ɔfis-dɔléle” sia le ƒe memamã afã kple edzivɔ gblɔna hã be nusiawo abe dzimeveame, taɖui, trutsɔame, ŋuzitsɔame kple tsitrenɔnɔ me kuxiwo, ʋu ƒe sisi ƒe tɔtrɔ, mitsinyenye, afɔdzimademade, dɔkagã ƒe tete, kple dɔmeyidɔwo ene ɖea fu na yewo. Ricciardi gblɔ be: “Ne Japan kple China tɔwo wɔ dɔ gaƒoƒo ɖesiaɖe la, wowɔa kamedede bɔbɔe aɖewo” tsɔ xea mɔ na kuxi siawo, “gake míawo ya kɔfinono ƒe ɖiɖiɖemeɣi koe míetsona.”

Brazil Ðevi Nuxlẽlawo

Exame magazine gblɔ be agbalẽnyanya kple ƒe agbɔsɔsɔ si sukuviwo tsɔ nɔa sukui siaa le dzidzim ɖe edzi le Brazil. Brazil Anyigbaŋutinunya Kple Akɔntabubu Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ be togbɔ be woagate ŋu awɔ ŋgɔyiyi geɖe hã la, tso ƒe 1991 vaseɖe ƒe 1995 me la, agbalẽmanyamanya dzi ɖe kpɔtɔ va ɖo ame 36 le alafa me le amesiwo xɔ tso ƒe 7 vaseɖe ƒe 14 dome. Ƒe agbɔsɔsɔ si wotsɔ nɔ sukui dzi ɖe edzi 10 le alafa me tso ƒe 1990 vaseɖe ƒe 1995 me. Ðewohĩ alesi Braziltɔ sɔhɛwo va le nu xlẽm geɖe wu tae wokpɔ dzidziɖedzi 40 le alafa me le sukuviwo ƒe agbɔsɔsɔ si de agbalẽɖeɖefia si wowɔ nyitsɔ laa le Rio de Janeiro la me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Estado de S. Paulo gblɔ be agbalẽ siwo woƒle wu le wɔna la wɔƒe—si nye agbalẽ siwo katã woƒle ƒe 24 le alafa me—nye agbalẽ siwo woŋlɔ na ɖeviwo.

Punjabtɔwo Kple Ayiku me Kpewo

India Today International ka nya ta be ele bɔbɔe be kpeku nanɔ amesiwo tso Punjab-dukɔa kple eƒe nutowo me le India ƒe ayiku me wu nuto bubu ɖesiaɖe me tɔwo le xexeame. Nyatakaka la gblɔ be wonya Punjabtɔwo be wowɔa dɔ sesẽ eye woɖua nu fũ, gake zi geɖe la, womenoa tsi sɔgbɔ le dzomeŋɔli ɣleti xɔdzoawo me o. Le esia ta wogblɔ le woƒe nutoa ŋu le dukɔwo dome kpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le aɖuɖɔkawo ŋu me be enye “afisi ayiku me kpeku bɔ ɖo wu” le xexeame. Afima ƒe ayiku me kpe ƒe lolome le mamã dedie nu nye sentimeta eve vaseɖe etɔ̃ [si ade inch ɖeka], gake wònye sentimeta ɖeka [mede inch afã o] le Europa kple United States. Nyatakaka la gblɔ be alesi Indiatɔ geɖe ŋea aɖaba ƒua vevesese suesuewo dzi alo hea dɔdada ɖe megbe gbɔe esia tso. Aɖuɖɔkawo ŋuti nunyalawo gblɔ be ne mede ɖeke o la, ele be amesiwo le lãmesẽ me nano tsi galɔn afã ya teti gbesiagbe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe