INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 7/8 axa 16-17
  • Agbelimakpa—Enye Ame Miliɔn Geɖe ƒe Gbesiagbenuɖuɖu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbelimakpa—Enye Ame Miliɔn Geɖe ƒe Gbesiagbenuɖuɖu
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðɔ Ngunza Kpɔ
  • Ke Ngukassa alo Kanda Ya Ðe?
  • Mina Míaɖu Agbeli
    Nyɔ!—1994
  • Azi Tutu Alesi Afrikatɔwo Zãnɛ
    Nyɔ!—1999
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1998
  • Va Míyi Afrika Si Me
    Nyɔ!—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 7/8 axa 16-17

Agbelimakpa—Enye Ame Miliɔn Geɖe ƒe Gbesiagbenuɖuɖu

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE CENTRAL AFRICAN REPUBLIC GBƆ

YE KATÃ dze egɔme le ƒe 1600 me lɔƒo, esime Portugaltɔwo tsɔ agbeli tso Anyiehe Amerika va Afrika. Amewo xɔe se be Brazil ye agbeli dzɔ tso elabena Tupi-to siwo le Brazil Amazon Bali la me tɔwo nue wose nya si gɔme míeɖe be “agbeli” la tsoe.

Afrikatɔwo doa vivi ɖe eƒe ɖoɖo ŋu ŋutɔ, ke eƒe amakpa mu dama la ya ɖe? Ame aɖewo tsɔnɛ wɔa atike ɖoa abi yeye dzi alo wotsɔnɛ daa aɖibakuidɔ. Gake gbesiagbenuɖuɖue amakpa la nye na ame miliɔn geɖe le Central African Republic kple Afrika-dukɔ bubu geɖe me, elabena woate ŋu atsɔe aɖa nuɖuɖu vivi aɖe. Le nyateƒe me la, nya gbãtɔ siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dutanyanyuigblɔla yeyewo srɔ̃na le afisia dometɔ ɖekae nye ngunza. Enye atadi vivi aɖe si wotsɔ agbelimakpa wɔna eye enye nuɖuɖu vevitɔ le Central African Republic—nuɖuɖu si wòle be amedzro si va Central Africa naɖɔ kpɔ godoo.

Europatɔ akpa gãtɔ siwo le Afrika maɖu nuɖuɖu si wotsɔ amakpa siawo wɔ gbeɖe o, elabena wobunɛ be afimatɔwo ƒe nuɖuɖue wònye, ke menye amedzrowo tɔ o. Gake aleke nya la ŋutɔŋutɔ le? Le dukɔwo abe Central African Republic, Sierra Leone, kple Zaire ene me la, amakpa sia nye nu si ƒome geɖe ɖuna edziedzi gbesiagbe.

Ne èɖo yameʋu to Central African Republic alo zɔ mɔ to afima la, àkpɔe be enye dukɔ dzeani si me numiemie geɖe le—atiwo, gbewo, sɔgbewo, kple agbeli siwo ƒe amakpa wɔ vlɔvlɔvlɔ heda ama ƒe agble suesuewo le wo dome. Agbeligblewo le kɔƒe sue ɖesiaɖe ŋu. Amewo donɛ ɖe woƒe aƒewo xa, eye le Bangui si nye fiadu la me gɔ̃ hã la, àkpɔ agbeli le teƒe suewo kple anyigba kakɛ siwo nɔa aƒe siwo sa ɖe aga ŋu dzi alo le lɔrimɔ to. Nuɖuɖu vevi aɖee wònye le xexeame ƒe akpa sia nyateƒe.

Ðɔ Ngunza Kpɔ

Ne dutanyanyuigblɔla yeyewo va ɖo la, eteƒe medidina hafi wo xɔlɔ̃wo kpea wo be woava ɖu ngunza o. Enye nuɖuɖu si ŋu nu xɔŋkɔ si wotsɔ agbelimakpa wɔna kpe ɖo. Afima nyɔnuwo nya alesi woɖanɛ wòvivina. Edze abe nyɔnu sia nyɔnu kple nusiwo wòtsɔ ɖanɛ. Nu gbãtɔ siwo nyɔnuviwo srɔ̃na tso wo dadawo gbɔ le nuɖaɖa mee nye alesi woɖaa ngunza.

Nuƒoƒo tso nusi wònye kple alesi woɖanɛ ŋu nyea dzidzɔ na wo. Edzɔa dzi na nyɔnuawo ne èdo vivi ɖe wo gbɔ nuɖuɖu sia ŋu. Gbã la, woagblɔ na wò be agbelimakpa mexɔ asi o eye ebɔ eye be àte ŋu adae le tsidzaɣi kple kuɖiɣi siaa. Ne ganya sesẽ eye nuwo ƒe asi yi dzi la, agbelimakpa wɔa akpa vevi aɖe le ƒomedzikpɔkpɔ me. Eye taflatse ɖo ŋku edzi be Afrika-ƒomewo me tɔwo sɔa gbɔ zi geɖe. Ame geɖe li woana nuɖuɖui. Ngunza ɖaɖa xɔa gaƒoƒo geɖe. Ele be woaɖe vevea le amakpaawo me hafi aɖui. Wotoa wo gbɔ mɔnu aɖe dzi ɖea veve le eme, si bia be woatui ahaɖae ɣeyiɣi didi aɖe.

Ami dzẽ ye Afrika-nyɔnuwo zãna tsɔ wɔa ngunza. Dzomi si woɖana le wo gbɔ koŋue wolɔ̃a zazã. Ngunza si ŋu azi tutu sue aɖe kple ɖewohĩ sabala kpakple gbegãdzi kpe ɖo nye gbesiagbenuɖuɖu na ƒome aɖe. Ke ne èle mɔ kpɔm na amedzrowo ya ɖe? Ekema ele be ngunza nanye nu tɔxɛ aɖe si dzi woaɖo ŋkui. Eyata amedzroxɔla la atsɔ nusiwo vivia enu akpee—tɔmelã alo nyilã yiyi si wofli—kple gbegãdzi kpakple sabala geɖe tsɔ kpe ɖe wo gbɔ azi tutu yeye gbogbo aɖe ŋu. Esiawo katã nɔa ze gã ɖeka me. Azɔ woagbɔ dzi ɖi ana wòafiẽ nyuie.

Nyɔnu si gbɔ míedze la awɔ ngunza aɖa mɔli ɖe eŋu egbea. Mɔli si le agba me si dzi woka ngunza dzodzoe gatsigã ɖeka eve aɖewo ɖo dzɔa dzi na Afrikatɔwo kple amedzro geɖe hã. Tsɔ atadi veve sue aɖe kpee, eye fifia anya nusi ngunza nye. Ne ètsɔ wein dzĩ kplu ɖeka ɖui la, ase vivi vɛ bliboe.

Ke Ngukassa alo Kanda Ya Ðe?

Ne èzɔ mɔ tso dukɔa ƒe ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe la, àkpɔe be amewo ɖaa ngunza le mɔ vovovowo nu. Ke ngukassa ya ɖe? Ne tsi dza eye yame fa la, ngukassa si nye detsi alo atadi si me abɔ alo agble me nu ɖesiaɖe le lae anye nusi sɔ na wò. Woɖaa ami dzẽ, abladzo, azi, anagotee, bli, kple agbelimakpa hã ɖekae, gake womedea dze eme o—dze kui ɖeka hɔ̃ hã menɔa eme o. Eƒe nu ɖedzesie nye ma! Nusiawo nana wovivina henyia ame. Eye ne èle mɔ didi zɔm la, ke tsɔ kanda ɖe asi. Agbelimakpa kple tɔmelã alo lã yiyi si woto tsaka ye wotsɔ wɔa esiae. Woblaa nusiawo siwo wotsaka la ɖe aŋgba me wòzua kanda eye woyiyinɛ le dzo dzi gaƒoƒo geɖe vaseɖe esime wòasẽ ahaƒu. Enɔa anyi ŋkeke geɖe eye woate ŋu atsɔ abolo aɖui. Enyo na mɔzɔlawo ŋutɔ.

Ne ègaɖi tsa yi Afrika la, nukata màbia be woana agbeli ye o? Ðui kpɔ, eye nàkpe ɖe ame miliɔn geɖe siwo ɖunɛ ŋu!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe