INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 1/8 axa 21-24
  • Menye Kpovitɔ Tsã Hafi Va Zu Subɔla Kristotɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Menye Kpovitɔ Tsã Hafi Va Zu Subɔla Kristotɔ
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nye Ðevimeŋutinya
  • Biblia me Nyateƒewo Sɔsrɔ̃
  • Mewɔ Ŋgɔyiyi le Biblia me Nyateƒea Nyanya Me
  • Alesi Kpovitɔwo ƒe Dɔ Wɔ Ge Le Asinye
  • Dɔwɔwɔ le Mɔxeɖenu Te
  • Mɔmaɖemaɖe ɖe Mawusubɔsubɔhawo Ŋu
  • Hehe Aɖe Si Mexɔ Le Nye Agbenɔɣi Katã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Kpovitɔwo Ƒe Ametakpɔkpɔ—Mɔkpɔkpɔwo Kple Vɔvɔ̃wo
    Nyɔ!—2002
  • Meke Ðe Kesinɔnu Si Xɔ Asi Wu Bubuawo La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu Le Australia
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 1/8 axa 21-24

Menye Kpovitɔ Tsã Hafi Va Zu Subɔla Kristotɔ

WODEM gaxɔ me le Adelaide, Dziehe Australia, le February 1942 me le esi megbe be nyemayi aɖawɔ aʋa le Xexemeʋa II me o ta. Takola si aƒlɔ ta nam la nyam tso esime menye Dziehe Australia-kpovitɔ yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Eƒe mo wɔ yaa wòbia be: “Nuka wɔ ge nèva le afisia?” Enya be do ŋgɔ la meva tsoa vɔ̃wɔlawo nu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Eyata meɖe Nye Kristotɔ ƒe dzixɔsewo me nɛ.

Ʋɔnudrɔ̃la si drɔ̃ nye nya la ŋkeke ʋee aɖewo do ŋgɔ la hã nyam nyuie. Eya hã ɖo to nyuie esime menɔ nusitae nye Kristotɔ ƒe dzitsinya maɖe mɔ nam be mawɔ aʋa o la me ɖem. Esi wòda akpe nam le esi wòbu nye numeɖeɖea be eme kɔ vɔ la, etso afia be woadem mɔ̃ ɣleti ɖeka.

Fifia mía kple amesiwo meɖe fotoe heɖe woƒe asibidenufli ɖe agbalẽ dzi eteƒe medidi o lae va le gaxɔa me. Ke hã mete ŋu ɖi ɖase tso nye dzixɔsewo ŋu na dzɔla kple gatɔ geɖe siwo bia nya tso Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ŋu.

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wogakplɔm va ʋɔnu lae, eye fifia ya wodem mɔ̃ ɣleti ade be mawɔ dɔ sesẽ. Woɖom ɖe Yatala, afisi ƒe gamemewo wotsɔ ke mɔ̃e le woƒe amewuwu ta. Gake mɔnukpɔkpɔ geɖe gasu asinye megblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple ŋutifafa mavɔ si wòahe ava xexe sia si aʋawɔwɔ de mamãe me ƒe mɔkpɔkpɔ na ame bubuwo.

Hafi mava ʋɔnua ɣesiaɣi la, wokplɔam yia asrafowo ƒe nɔƒee. Zi gbãtɔ si wokplɔm yi afimae la, asrafomegã aɖe si ŋkɔe nye Laphorn ɖu fewu le ŋunye hewɔ funyafunyam le esi megbe be nyemagblɔ asrafowo ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe atamkanyawo o ta. Gake esi megava egbɔ zi etɔ̃lia la, egblɔ be: “Ènyaa, gbã la mesusu be vɔvɔ̃nɔtɔe nènye. Gake mekpɔ alesi nèdo dzi nɔ te ɖe wò tohehe la nui. Èɖe asi le dɔ nyui ŋu eye nèlé wò xɔse me ɖe asi helɔ̃ wole to hem na wò agbadree.”

Esi wòsusɔ vie woadem mɔ̃ zi etɔ̃lia la, woɖe kuku ɖe tanye be woadrɔ̃ ʋɔnum abe amesi gbe be yemazu asrafo o le eƒe mawusubɔsubɔ ƒe dzixɔsewo ta ene. Eva nye dzizizi na ʋɔnudrɔ̃la la be wòalɔ̃ ɖe nye kukuɖeɖea dzi, elabena medzudzɔ kpovitɔwo ƒe dɔ wɔwɔ le ƒe 1940 me le dzitsinya ta. Gake esi wònɔ eƒe fuléle ƒe nuwɔna ɖem fia la, egblɔ be: “Medi be woaŋlɔe ɖi be mebui be enye afɔku be zãzɛnyahela sia nanɔ nutoa me mɔxeɖenu aɖeke manɔmee.”

Nye Ðevimeŋutinya

Wodzim le ƒe 1908 me le Gawler si medidi tso Adelaide, Dziehe Australia, gbɔ o. Esi mexɔ abe ƒe ade ene la, Sarah Marchant, si nye danye xɔlɔ̃ vevi aɖe fiam be hell nye ameƒomea ƒe yɔdo ko ke menye dzo ƒe funyafunyawɔameƒe o. Enye Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃vi si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi menɔ tsitsim la, mebia vovototo si le Kristo kple Mawu dome la míaƒe Baptist-nunɔla, eye mete ŋu ɖo eŋu eme kɔ nam nyuie o. Eyata sɔlemehawo ƒe nu megava dzɔa dzi nam o gake meɖoa to ɖase siwo Sarah Marchant ɖina nam ne míedo go ɣeaɖewoɣi ya.

Le ƒe 1924 me la, medze dɔwɔwɔ gɔme le Adelaide abe Dziehe Australia ƒe kpovitɔwo ƒe amegã aɖe si ŋkɔe nye Aƒetɔ Raymond Leane ƒe ɔfisdɔwɔla ene. Emegbe le ƒe 1927 me la, Aƒetɔ Leane ŋlɔ dɔbiagbalẽ ɖo ɖe sewɔtakpekpe me be woaɖom manye asibidefliŋutinunyala kple nuvlowɔwɔŋutifotoɖela si anɔ dɔ wɔm le ame te na dziɖuɖua ƒe kpovitɔwo.

Biblia me Nyateƒewo Sɔsrɔ̃

Le nye srɔ̃ɖeɖe le ƒe 1928 me ƒe ƒe etɔ̃ megbe esime menɔ mɔkeke ɖum le srɔ̃nye ƒometɔ aɖewo gbɔ le Gawler la, mexɔ agbalẽ si ƒe tanyae nye Creation si Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ ta le ƒe 1927 me la. Sarah Marchant ye gblẽe ɖe srɔ̃nye ƒometɔawo gbɔ. Agbalẽa ɖe nu me be amegbetɔe nye luʋɔ eye luʋɔ si womekpɔna o si le vovo aɖeke mele amegbetɔ me o. Esia me kɔ. Gake medi be nye ŋutɔ makpɔe le Biblia me. Eyata medi ƒomea ƒe King James Version eye mexlẽe le Mose I, 2:7 be: “Eye AƑETƆ Mawu ka anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.”

Esia ʋãm ŋutɔ eye meyi exexlẽ dzi. Nyemete ŋu da Creation-gbalẽa ɖi o. Megblɔ na ɖokuinye be: ‘Nyateƒeae nye esia kokoko. Azɔ menɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ geɖe dim maxlẽ. Esi ko ganɔ ƒomea si ƒe tanyae nye Life. Eyata mexlẽ agbalẽ ma hã katã.

Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, míetrɔ gbɔ va Adelaide eye míekpɔ aƒe bubu ʋu yi eme. Sarah Marchant va srã mí kpɔ gbemagbe ke esi míenɔ mɔ kpɔm nɛ hafi o. Lɔ̃xonye gblɔ nɛ be mekpɔ dzidzɔ ɖe nyateƒea ŋu, eye wòva be yeakpɔ alesi míele míaƒe aƒe yeyea mee ɖa kple gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si míahiã. Esi ŋu ke la, míaƒe aƒelika yeye la yɔm to kpɔ ta gblɔ be: “Meka ɖe edzi be Judge Rutherford [si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi] ƒe agbalẽwo xexlẽ dzɔa dzi na wo.”

Mebiae be: “Aleke nèwɔ nya?”

Eɖo eŋu be: “Oo, ame aɖee gblɔe nam.”

Edze ƒã be Sarah ye gblɔe nɛ. Ŋutsu sia si ŋkɔe nye James Irvine koe nye Ðasefo ɣemaɣi le Adelaide ƒe duvi siwo le anyiehe la me. Enye mɔɖela alo Yehowa Ðasefo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖela, eye wòdze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kplim edziedzi.

Mewɔ Ŋgɔyiyi le Biblia me Nyateƒea Nyanya Me

Esime metrɔ gbɔ va dɔ me le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea la, nu nyui siwo mesrɔ̃ la de dzo menye ŋutɔ. Eyata ne mɔnukpɔkpɔ su asinye la, megblɔa xɔse yeye si ŋu meke ɖo ŋu nyawo na nye dɔwɔhatiwo. Gake dzi ɖe le ƒonye esi woɖua fewu le ŋunye le nye dzonɔameme ta.

Enye nusi nyemenɔ mɔ kpɔm na kura o be nye ŋutɔ srɔ̃nye va tsi tre ɖe ŋunye le alesi gbegbe metsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ mee ta. Gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu nɔ te ɖe eƒe tsitretsiɖeŋu la nu. Le ƒe 1935 me la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa eye mexɔ nyɔnyrɔ̃. Le ŋkeke mawo me la, hame ɖeka koe nɔ Adelaide, eye amesiwo ade ame 60 koe vaa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia-nusrɔ̃ƒe si míesrɔ̃a Gbetakpɔxɔ le la.

Gbeɖeka Harold Jones si nye hamea ƒe dzikpɔla zimenɔla gblɔ nam be: “Míekpɔ dɔ na wò. Míele ame aɖe dim be wòakpɔ míaƒe anyigbamamã ƒe nuŋlɔɖiwo dzi na mí.” Dɔa nyo ŋunye ŋutɔ, elabena le kpovitɔwo ƒe dɔ si wɔm menɔ me la, mekua ʋu dea Adelaide ƒe akpa sia akpa. Menya dua me nyuie eyata mete ŋu taa anyigbamamã ƒe nɔnɔmetata siwo míezãna le míaƒe gbeƒãɖeɖe me la nyuie.

Le ƒe 1938 ƒe April me la, Joseph Rutherford, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla va Australia eye wòƒo nuƒo aɖe le Sydney si ame 12,000 kple edzivɔ va se, togbɔ be Ðasefo 1,300 koe nɔ Asustralia katã hã gake. Mí ame siwo anɔ 20 míete ŋu zɔ kilometa 1,800 ƒe mɔ tso Adelaide yi Sydney la o. Eyata míehaya Tivoli Fefewɔƒe xoxoa eye míena wotsi ka siwo dzi wosea nya toe tso didiƒe be míase Rutherford ƒe nuƒo si wòaƒo le Sydney la. Míena wogblɔe le radio dzi, eye le ema ta la, amesiwo ade 600 va se nuƒoa le Adelaide!

Alesi Kpovitɔwo ƒe Dɔ Wɔ Ge Le Asinye

Le ƒe 1939 me la, Xexemeʋa II dze egɔme, eye ŋusẽtɔ vovovowo va nɔ ŋku lém ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade ŋu vevie. Gbeɖeka nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Truth ƒe nyadzɔdzɔŋlɔlawo va Fiaɖuƒe Akpata me eye wotsɔ dziku be yewoage ɖe eme sesẽe. Ðeko mexe mɔ na wo be woagage ɖe eme o, elabena edze abe nu gblẽ gee wova ene. Esi ŋu ke la, nyadzɔdzɔgbalẽa ƒe tanya aɖe gblɔ be: “Dziehe Australia Kpovitɔ si Nye Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata ƒe Agbonudzɔla.”

Le nudzɔdzɔ ma ta la, nye dɔwɔhatiwo megazɔna kplim o. Dɔnunɔla si te mewɔa dɔ le, si nye Katolikotɔ dovevienu aɖe va ka aʋatso ɖe asinye na kpovitɔwo ƒe amegã Raymond Leane. Kasia le ƒe 1940 ƒe August me la, wokplɔm yi Aƒetɔ Leane, si nye ŋutsu ma ke si gbɔ medze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 16 do ŋgɔ la gbɔe. Nukae wotsɔ nɔ nunye tsomee? Be megbe eƒe gbe ɖesiaɖe dzi wɔwɔ.

Ebiam be: “Ne meɖe gbe na wò be nàda tu ame aɖe la, àdaea?”

Meɖo eŋu nɛ be: “Amedodokpɔnyae nye esia. Gake ao, nyemada tu ame aɖeke gbeɖe o.”

Edze agbagba gaƒoƒo eve sɔŋ be yefia alesi gbegbe mewɔ bometsinue be mele habɔbɔ si xɔ ŋkɔ vɔ̃ le dziɖuɖua gbɔ, si eteƒe madidi o wòaxe mɔ ɖe enu le Australia, la me. Eƒo nya ta be: “Dɔ nyui si gbegbe mewɔ na wò hena dɔwɔɖui nyui wò la medze ŋuwò o.”

Meɖo eŋu nɛ be: “Edze ŋunye. Eye medze agbagba be maɖe nye ŋudzedzekpɔkpɔ afia to veviedodo me. Gake nyemate ŋu atsɔ wò aɖo nɔƒe gbãtɔ na Yehowa Mawu subɔsubɔ o.”

Amegã la ɖo eŋu be: “Tiae be nàdo le Yehowa Ðasefowo ƒe ha me loo alo nàɖe asi le dɔ ŋu.”

Eyata meɖe asi le dɔ ŋu enumake. Le 1940 ƒe August me la, Truth nyadzɔdzɔgbalẽa me tanya aɖe gblɔ be: “Rutherford ƒe Kpovitɔ Dzudzɔ Dɔ.” Ele nam fifia be mana srɔ̃nye nanya eye madi dɔ bubu awɔ. Dzidzɔtɔe la, mekpɔ dɔ le dua me agbalẽtaƒe aɖe afisi wotaa Australiagbe me Consolation (si woyɔna fifia be Nyɔ!) le.

Dɔwɔwɔ le Mɔxeɖenu Te

Menɔ nye dɔ yeyea wɔm kple dzidzɔ vaseɖe ƒe 1941 ƒe January me esime woɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi le dukɔa katã me. Ŋusẽtɔwo susu be yewotɔ te míaƒe agbalẽwo tata. Le nyateƒe me la, míeva ɖo agbalẽtaƒewo ɖe adzame—míeɖo wo katã ɖe Sydney-nutoa me—eye Gbetakpɔxɔ ƒe tata aɖeke meto mía ŋu kpɔ le mɔxeɖenuɣeyiɣia me o!

Le asiɖoɖo míaƒe dɔa dzi megbe teti la, wodem mɔ̃ zi gbɔ zi eve abe alesi megblɔe le gɔmedzedzea ene. Mlɔeba le ƒe 1943 ƒe June me la, Australia ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gblɔ be asiɖoɖo míaƒe dɔa dzi nye Dukplɔsea dzi dada, eyata dziɖuɖua gbugbɔ nusiwo katã wòxɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa si la nɛ.

Le nusiwo dzɔ va yi ŋu bubu me la, esesẽ be woaxɔe ase be kpovitɔwo dze aƒewo (kple nye hã tɔnye) dzi le ɣeyiɣi mawo me. Gake togbɔ be wotsi tre ɖe mía ŋu hã la, míeyi míaƒe aƒeme yi aƒeme dɔwɔwɔ la dzi eye míezãa Biblia ɖeɖeko. Zi geɖe la kpovitɔwo kplɔa mí ɖo. Kpovitɔ siwo menɔ awu me o gɔ̃ hã vaa kpekpe siwo míewɔna le aƒewo me. Gbeɖeka esime menɔ Sydney-alɔdzedɔwɔƒea ƒe amedɔdɔ aɖe ɖem fia la, megblɔ be: “Dziehe Australia-kpovitɔwo dometɔ eve le mía dome. Taflatse mido dzaa na wo!” Woƒe mo wɔ yaa eye wotɔtɔ gake woyi edzi nɔ anyi le kpekpea me, eye wogblɔ emegbe be nyatakaka nyui koe yewoayi aɖagblɔ.

Mɔmaɖemaɖe ɖe Mawusubɔsubɔhawo Ŋu

Le ƒe 1945 ƒe April me la, míewɔ takpekpe aɖe le dua me takpexɔ aɖe me le Adelaide ƒe duvi aɖe me. Le Kwasiɖagbe, April 29 dzi la, míewɔ dutoƒonuƒo si woɖe gbeƒãe le afisiafi, si ƒe tanyae nye “Ame Fafawo Anyi Anyigba la Dome” ƒe ɖoɖo. Gake kuxiwo va nɔ mo dom ɖa ŋdi ma. Esi wònye nyee nye takpekpedzikpɔlaa ta la, meyi ɖagblɔ kuxi si nɔ mo dom ɖa la na dua me kpovitɔwo. Gake womekpe kpe dem o.

Esi ɣeyiɣia de be míadze dutoƒonuƒoa ƒoƒo gɔme la, nuvlowɔla aɖewo va do. Wo dometɔ aɖewo ge ɖe xɔa me enumake esi nuƒoa dze egɔme. Nuvlowɔha la me tɔ geɖe siwo nye ame kakowo la zɔ yi ŋgɔ eye wonɔ didim be yewoagblẽ nuƒomɔ̃ la. Eteƒe medidi hafi wova nɔ kpe dam ɖo ɖe xɔa me to fesreawo nu o. Radiodɔwɔƒewo se ʋunyaʋunya si nɔ edzi yim la, eye enumake woɖe gbeƒã zitɔtɔ si nɔ dzɔdzɔm la. Amewo va ƒo zi ɖe xexe be yewoakpɔ nusi le dzɔdzɔm.

Nublanuitɔe la, eva hiã be míakpã kpekpea. Gake esi ɣeyiɣia de be míado le akpataa me la, kpovitɔwo fia mɔ si míato la mí, eye ameha blibo la katã zi ɖoɖoe. Amesiame te ŋu kpɔ mía yometilawo ƒe bometsinuwɔwɔ elabena ame tsɛwo, ŋutsu kple nyɔnu tsitsiwo, kpakple ɖeviwo hã nɔ mía dome míenɔ dodom le xɔa me. Woŋlɔ nu tsɔ tsi tre ɖe ame ƒe subɔsubɔha ko dzi dede ƒe nuwɔna la ŋu le “Lɛta siwo woɖo ɖe Nyadzɔdzɔgbalẽmetola” la me le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me.

Gake le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, womegaɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woazã dua me takpexɔ ƒe nu siwo le Dziehe Australia o. Gbeɖeka le ƒe 1950 ƒeawo domedome la, meƒo nu kple Norwood-takpexɔ si le Adelaide ƒe duvi aɖe me dzikpɔla be míawɔ míaƒe nutome gã takpekpe le xɔa me.

Egblɔ be: “Woxe mɔ na mi be miagazã dua me takpexɔwo akpɔ o.”

Meɖo eŋu nɛ be: “Wo ya blemanya koe nègalé ɖe asi kokoko.”

Azɔ meɖe agbalẽ gbadza si ƒo nu tso dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le New York Yankee Stadium le ƒe 1953 me ŋu le nye akplo me. Megblɔ nɛ be: “Kpɔ nusi Yehowa Ðasefo siwo le teƒe bubuwo le wɔwɔm ɖa—ame 165,000 kple edzivɔ sɔŋ va takpekpe ɖeka!”

Exɔ agbalẽ gbadzaa lé ŋku ɖe eŋu nyuie hegblɔ be: “Ẽ, edze abe ɖe nuwo trɔ azɔ ene.” Tso ɣemaɣi heyina la, wogaɖe mɔ na mí be míazã takpexɔ siwo katã le Dziehe Australia.

Srɔ̃nye ku le ƒe 1984 me esi wòlé dɔ ɣeyiɣi didi aɖe megbe. Gake hafi wòava ku la, eva nɔ dzidzɔ kpɔm ɖe Biblia me nyateƒea ŋu helɔ̃ Yehowa Mawu hã. Esia ƒe akpa gã aɖe tso dɔme si Ðasefo lɔ̃amewo nyo nɛ ƒe geɖe la gbɔ. Emegbe le ƒe 1985 ƒe December me la, meɖe Thea, si subɔ Yehowa ƒe geɖe.

Mele Yehowa subɔm kple dzidzeme ƒe 60 kloe nye esia fifia. Le esi meɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi, kuna ɖe eƒe habɔbɔa ŋu goŋgoŋ eye nyemenaa ta le xaxa me o ta la, mate ŋu anyè kɔ akpɔ agbenɔnɔ si me mɔnukpɔkpɔ kple yayra gbogbowo su asinye le la. Eye meyi edzi le agbagba dzem be nye susu nanɔ dziƒoyɔyɔ ƒe fetu la ŋu vevie. (Filipitɔwo 3:14)—Abe alesi Hubert E. Clift gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Menye subɔla

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe