Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Blemanudzraɖoƒewo Ðo Afɔku Me
Ðe blemanudzraɖoƒewo ɖo afɔku si nye be wo me nuwo avɔ keŋkeŋ mea? Le Italy, dukɔ si te ŋu dzra wo tɔgbuiwo ƒe blemanuwo ɖo wu le xexeame katã me la, blemanuwo ƒe agbɔsɔsɔ si ade blemanudzraɖoƒe blibo ɖeka me nuwo, si me aɖaŋunu xɔasi geɖe le la buna vĩ ƒe sia ƒe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Il Messaggero gblɔ be Italia ƒe blemanudzraɖoƒe si me nu le wu la nye esi mate ŋu akpɔ o. Le ƒe 1992 dzaa ko me la, wofi aɖaŋunu siwo ade 35,000 kloe siwo ƒe home wu Italiatɔwo ƒe ga si nye lire biliɔn 200 alo Amerika dɔlar miliɔn 123 le blemanudzraɖoƒewo, sɔlemexɔwo me, le dziɖuɖu kple amewo ƒe dɔwɔƒewo kpakple le aƒewo me. Esi wote ŋu kpɔ le esiawo me koe nye 1,971. Wobui be tso ƒe 1970 va ɖo 1992 me la, aɖaŋunu siwo de 30,000 buna ƒe sia ƒe le mamã dedie nu—edzikpɔlawo gblɔ be esia nye ŋkubiãnya si ŋu wòle be woatso ɖo kpla. Nukae dzɔna ɖe kesinɔnu siawo si wofi la dzi? Woka nya ta be wo dometɔ geɖe va tsia atikevɔ̃ɖidzralawo gbɔ kple hlɔ̃nuwɔhawo ƒe amegãwo ƒe nuɣlaɖoƒewo.
Ðimee Wòyi loo alo Ðe Wòku?
India Today ka nya ta be, togbɔ be Balak Brahmachari yomedzelawo ku ɖe woƒe gbɔgbɔmemɔfiala ŋu goŋgoŋ hã la, ɖeko wòwɔ abe ɖe wometsi dzi boo esi ɖɔktawo gblɔ be eku o ene. Eƒe hameviwo, si woyɔna be Santantɔwo la, gblɔ kokoko be vodadae ɖɔktawo wɔ be yewoƒe kplɔla si xɔ ƒe 73 la ku eye be “ŋugble ko dem wòle le ɖime.” Wobia be woadae ɖe kɔa dzi ƒe afisi wokpɔa dɔ sesẽwo gbɔ le. Esi ɖɔktawo gbe la, Santatɔwo xɔ eƒe kukua va woƒe ashram alo woƒe vivimeha la ƒe ta si gogo Calcutta gbɔ la eye woɖoe agba ŋu le tsikpe dzi le xɔ si me fa miamiamia me. Dua dziɖulawo gblɔ be woatɔ dzo eƒe kukua be megahe dɔléle aɖeke vɛ o, gake ɖeko Santantɔ siawo gbe be ɖe wole nya mawo gblɔm be yewoatsɔ agblẽ yewo ŋui, eye wobe “ƒaƒã ƒe dzesi aɖeke medze le” ame kukua “ŋu kura o.” Enɔ anyi kwasiɖa geɖewo. Mlɔeba eva hiã be dziɖuɖumegãwo natsɔ akpasesẽ adzra ame kukua ɖoe.
Hadzidzi Kple Amewuwu
Anɔ eme be hadzidzi gbɔ koŋ ye ame eve aɖewo si wowu nyitsɔ laa le Texas, U.S.A. me la tso. Le amewuwua ɖeka me la, ƒe 19 vi si nye ʋukula la da tu wu kpovitɔ aɖe si tɔe le mɔ dzi be yeatsɔ samagbalẽ nɛ. Ðekakpuivia ƒe senyala gblɔ be menye rap hadzidzi si ku ɖe ŋutasesẽnuwo wɔwɔ ŋu la ko sem ɖekakpuia nɔ le ɣeyiɣi si me wòda tu kpovitɔa o, ke enɔ ha siawo tɔgbe sem xoxoxo ale be ‘wòdo ŋusẽe’ wòwu amea. Wogblɔ be ʋɔnudrɔ̃lawo lɔ̃ ɖe edzi be hadzidzia kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ɖekakpuivia ƒe nuwɔnawo dzi. Gake dziɖuɖua ƒe nyadrɔ̃la si nɔ nya sia dzi la gblɔ be “yewomebui be hadzidzia ta woaɖe [eƒe] fɔɖiɖi le hlɔ̃nu sia me dzi akpɔtɔ o.” Wotso kufia na ɖekakpuivia. Le ŋutinya sia tɔgbe ke me la, sɔhɛ aɖe si gblɔ be yeda tu ye dada wui la gblɔ be heavy metal hadziha si woyɔna be Megadeth ye gblɔ nya siwo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ na ye be yeawu ye dadaa.
Wole Atikewɔmɔnu Bubuwo Dim
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Estado de S. Paulo gblɔ be Brazil ɖɔktawo le atike siwo woazã ɖe ʋu teƒe la dim be yewoakpe ɖe yewoƒe dɔnɔwo ŋu ne womagaxɔ AIDS alo aklãdɔ o. Agbalẽa ɖe nu me kpee be: “Brazil ɖɔktawo le amekokomɔnu bubuwo zãm na Yehowa Ðasefowo xoxo. Wozãa erythropoietin—[lãmeŋusẽ] aɖe si tsoa ame ƒe aklã me—tsɔ naa ʋumenugbagbevi dzẽwo dzina ɖe edzi ale gbegbe be le go aɖewo me la, ʋudodo megahiãna le amekoko me o.” Eyata esi Ðk. Sergio A. de Oliveira si le Portugal Dɔmenyodɔyɔƒe le São Paulo wɔ dɔ na Yehowa Ðasefo 91 vɔ megbe la, egblɔ be: “Míekpɔ be wote ŋu koa dzi na dɔnɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo ʋu alo ʋumenu aɖeke madomadoe, gake afɔku boo aɖeke menɔa eme o.”
Sɔlemeha la ƒe Nugblẽfexexe na Amesiwo Gbɔ Wodɔ
Sydney, New South Wales ƒe The Sunday Telegraph ka nya ta be: “Australia Katoliko-ha va wɔ nugblẽfexexeɖoɖo aɖe si de dɔlar miliɔn geɖe be yeatsɔ akpɔ ye ɖokui tae tso ga si wobiana ne nunɔlawo dɔ amewo gbɔ ta la si me.” Katoliko bisiɔp aɖe si le Melbourne, Australia gblɔ be: “Míelɔ̃ ɖe edzi be edzɔna.” Egblɔ be nugblẽfe gbogbo ma xexe sɔ ɖe “agɔdzedze ma tɔgbe” nu. Ƒuƒoƒo aɖe si ʋlia amesiwo gbɔ wodɔ ta la gblɔ be amesiwo gbɔ nunɔlawo lɔ̃ be yewodɔ la sɔ gbɔ wu esiwo gbɔ wodɔ la ƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ. Ƒuƒoƒo sia ƒe nyanuɖela aɖe gblɔ be yexɔ se be nunɔlawo takpɔkpɔ ŋu koŋ ye ha la ƒe susu le wu kpekpe ɖe amesiwo ŋu wogblẽ nu le la ŋu. Egagblɔ kpee be “nya vevi si wodi be woagblɔ le sɔlemeha la ƒe [nugblẽfexegbalẽwo] mee nye be, migagblɔ nyateƒea o.”
Alesi Nàwɔ Azu Nunɔla
Tokyo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Daily Yomiuri gblɔ be “Woyɔa egbe Japan sɔhɛwo be wonye ‘mɔfiagbalẽ ƒe dzidzimeviwo’—woxlẽa mɔfiamegbalẽwo le nusianu ŋuti hafi dzea nua wɔwɔ gɔme. Fifia nunɔla zuzu hã va kpe ɖe eŋu.” Bene woafia agbenɔnɔ si dze nunɔlawo kple nunɔlanyenyekɔnuwo egbe ɖekakpui siwo azu nunɔlawo la, Kyoto ƒe Zen Ŋutinusɔsrɔ̃habɔbɔ gblɔ be woaŋlɔ agbalẽ aɖe si afia alesi woawɔ azu nunɔlae la ame. Tsã la, wonya be Zen nunɔlawo meɖea srɔ̃ o eye woxɔa hehe sesẽwo, gake fifia ɖeko ame geɖe nyia nunɔlanyenye dome tso wo fofo alo wo tɔgbuiwo gbɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be, gake zi geɖe la, ɖeviawo fofowo mefiaa agbenɔnɔ si dze nunɔlawo la wo viwo, eye ɖekakpuiawo ŋutɔ ƒe ŋku biã ɖe woƒe kɔledzi dodokpɔwo ŋu akpa be woaganɔ Zentɔwo ƒe kɔnuwo srɔ̃m. Wogblɔ be sutra, alo Buddha ƒe nuƒowo xexlẽ sesẽna na wo dometɔ aɖewo.
Argentina Nyɔnuwo ƒe Dzidɔdzedze
Akɔntabubu yeye siwo wowɔ fia be dzidɔléle le dzidzim ɖe edzi kabakaba le nyɔnu siwo xɔ ƒe vovovo me le Argentina. Wota nusiwo ŋu Sociedad Argentina de Cardiología (Argentina ƒe Dzidɔŋutinumekuha) ke ɖo la ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Clarín me. Habɔbɔ sia wɔ numekuku le kɔdzi 82 siwo wotsɔa dzidɔ sesẽwo yinɛ kple dzidɔléla 521 siwo le dukɔa katã me la gbɔ. Numekukua gblɔ be nyɔnu siwo woxɔ ɖe kɔdzi le Argentina le dzidɔ ta la dzi ɖe wu alafa memamã 56 le ɣeyiɣi kpui si mede ƒe ɖeka o me. Eye togbɔ be le ƒe 1991 me, dzidɔlélawo dome ame 25 le alafa me koe nye nyɔnuwo hã la, fifia woɖo ame 40 le alafa me. Nusiwo ate ŋu ana woalé dzidɔ dometɔ aɖewoe nye ʋusɔgbɔdɔ, lolo akpa, amidede akpa, ahasesẽnono, kple atamazazã. Gake womeke ɖe naneke ŋu le numekuku sia me si fia be ƒomedodo gobi aɖe le dzidɔlélaawo ƒe kuku kple ƒe si woxɔ dome o.
Ðe Susu ƒe Fuɖename Le Nyɔnuwo ƒe Saɖagaxɔwo Mea?
Wobunɛ zi geɖe be saɖagaxɔwo, ŋutsuwo tɔ, kple nyɔnuwo tɔwo siaa, nye dziɖeɖinɔƒe si woate ŋu ade ŋugble le. Gake Italia ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Corriere della Sera ka nya ta be Bruno Giordani, nunɔla si fiaa susu ƒe dɔwɔwɔ kple agbenɔnɔ ŋuti nunya le Papa ƒe Lateran Yunivɛsiti le Roma, ŋlɔ nu tso ŋutsuwo ƒe saɖagaxɔwo kple nyɔnuwo tɔ ŋuti “nyatakaka tsodzikaƒoname aɖe” ŋu. Eƒe nyatakaka sia gblɔ be “ewɔ abe ɖe susu ƒe fuɖename sesẽwo le fu ɖem na nyɔnu saɖagaxɔmenɔla geɖewo ene.” Egblɔ dzesi siwo dzena le “nyɔnu saɖaxɔmenɔla siwo susu le fu ɖem na,” amesiwo “dɔlélea naa wosena le wo ɖokui me be yewoɖi fɔ alo ne mele nenema o la, nusi nye nyui alo vɔ̃ ƒe seselelãme aɖeke meganɔa wo me o” ŋu nya. Giordani gblɔ be “akogotsitsi, seselelãme be womesea nu me na ye o, kple ɖokuilɔlɔ̃nuwɔnawo” ɖea fu na wo dometɔ aɖewo. Eyata mewɔ nuku o be le xexeame katã ƒe aɖaŋudetakpekpe si Katoliko bisiɔpwo agawɔ le ƒe 1994 me la, woalé ŋku ɖe kuxi siwo dzea ŋgɔ nunɔlawo la ŋuti.
Aʋawɔwɔ Gale Edzi Yim kokoko
Togbɔ be wole ga si wozãna ɖe asrafonyawo ŋu la dzi ɖem kpɔtɔ le xexeame katã hã la, aʋa siwo wɔm wole la dzi mele ɖeɖem kpɔtɔ o. Germaniatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Nassauische Neue Presse ka nya ta be: “Stockholm Dukɔwo Dome Ŋutifafa Ŋuti Numekuha (SIPRI) si le Sweden bu akɔnta be wowɔ aʋa sesẽ 30 le ƒe [eve siwo] va yi [1992] me.” Numekuha sia gblɔ be xexlẽme ma kee nɔ anyi le ƒe 1991 me. Togbɔ be aʋa ke le teƒe siwo wowɔ aʋa le zi geɖe la ƒe ɖewo hã la, “ʋukɔkɔɖiʋa gãtɔ kekeake si me va ɖo ƒea ƒe nuwuwu wowu amesiwo sɔ gbɔ wu 100,000 le la dze egɔme le ƒea me le Bosnia.” Numekuha sia gblɔ ɖi be “ɖeko ʋiʋli siwo nu sẽna va zua aʋa la nu anɔ fafam vivivi le ɣeyiɣi didi aɖe megbe.”
Wotsɔ Ðasefo Xɔsetakula aɖe ƒe Ŋkɔ na Ablɔ aɖe ƒe Mɔdodo
Esi wodi be woatsɔ ŋkɔ na Germania-du sue si nye Baltmannsweiler ƒe mɔdodo aɖe la, woƒe Dutakpekpe da asi ɖe edzi be woatsɔ ŋkɔ si nye Bernhard Grimm nɛ. Nukatae? Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Esslinger Zeitung gblɔ be: “Wodzi Grimm le ƒe 1923 me eye eƒe aƒemee nye 30 lia le Reichenbacher Mɔdodo dzi. Esi woŋlɔ eƒe ŋkɔ be wòawɔ asrafodɔ la, egbe elabena Yehowa Ðasefoe wònye. Wodee game enumake eye wokplɔe yi Berlin. Asrafowo ƒe ʋɔnu tso kufia nɛ be ‘ele lãme tum na asrafowo.’ Le August 21, 1942 dzi la, wowu ƒe 19 vi sia le Berlin-Plötzensee. Esi wònye emae nye ɖekakpui sia ƒe xɔsetaku ƒe 50 lia kple nu vi aɖe xɔxɔ ta la, dutakpekpememegã la bui be esɔ be yeatsɔ eƒe ŋkɔ na mɔdodo aɖe.
Ðe Nu Meganya Le Xexlẽm na Amewo Oa?
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Gazeta Mercantil ka nya ta be, “magazine kple nyadzɔdzɔgbalẽ xlẽlawo dzi ɖe kpɔtɔ.” Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ sia gblɔ be amesiwo va Berlin, Germania, hena Dukɔwo Dome Nyadzɔdzɔgbalẽmetolawo ƒe Habɔbɔ ƒe takpekpewɔwɔ la tsi dzi ɖe “alesi amewo megadoa vivi ɖe agbalẽxexelẽ ŋui o ke boŋ nyakakamɔnu siwo ana woate ŋu ase nusi le dzɔdzɔm aganɔ ekpɔm dzɔa dzi na wo wu” la ŋu. Amerika Agbalẽtahawo ƒe zimenɔla Alejandro Junco de la Vega gblɔ be ame geɖe “menya agbalẽ ƒe vevienyenye o . . . Ame geɖe gaxɔe se kokoko be television ɖe vi wu.” Horácio Aguirre si nye nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Las Americas ƒe tatɔ si le Miami gblɔ nusi wòde dzesii si ɖikekemanɔmee be enye nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔla geɖe ƒe susu be nyadzɔdzɔgbalẽwo “ƒoa nu tso nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame ŋu wòyia ŋgɔ sã wu.”