Srɔ̃ŋutsuwo Kple Srɔ̃nyɔnuwo—Ðe Woƒe Nuƒoƒo To Vovo Nyateƒea?
TSƆE ko be Atutɔnu wɔ sũ ge ɖe Dotsɛ ƒe dɔwɔƒe eye le nusiwo le fu ɖem nɛ ta eƒe lãme katã wɔ gblɔyii. Dotsɛ kpɔ exɔlɔ̃a dũ henɔ esinu kpɔm be ele nya aɖe gblɔ ge. Atutɔnu xa nu be, “Nyemenya nenye be mate ŋu akpɔ ta na dɔwɔnya sia o. Kuxi geɖe siwo nyemenɔ mɔ kpɔm na o le fu ɖem nam, eye dɔwɔƒea ƒe ta ɖem ɖe enu ŋutɔŋutɔ.” Dotsɛ biae dzideƒotɔe be: “Atutɔnu, nuka dzi tsim nèle? Ènya be ye koe nya dɔ sia wu, eye amegãwo hã nyae nenema. Wò ya gbɔ dzi ɖi ko. Èsusu be nya sia ɖe fua? Kpɔ ɖa, le dzinu si va yi me la, . . . ” Dotsɛ gblɔ eya ŋutɔ ƒe nya ɖikokoe aɖe siwo gbɔkpɔkpɔ gloe la nɛ eye medidi hafi exɔlɔ̃a dzo le eƒe dɔwɔƒea kple nukokoe eye eƒe dzi dze eme o. Edzɔ dzi na Dotsɛ be yete ŋu kpe ɖe eŋu.
Eye gatsɔe be esi Dotsɛ va ɖo aƒeme ŋdɔ ma la, enya zi ɖeka be dzi mele ye srɔ̃ Akɔfa dzɔm o. Etsɔ vividodoɖeameŋu tɔxɛ do gbe nɛ hele esinu kpɔm be ele nusi le fu ɖem nɛ gblɔ ge. Ezi ɖoɖoe ʋuu eye emegbe wòva gblɔ zi ɖeka be: “Eva tim azɔ ya! Míaƒe amegã yeye sia ƒe tame sẽ ŋutɔ!” Dotsɛ na wòbɔbɔ nɔ anyi eye wòkpla asi kɔ nɛ gblɔ be: “Akɔfa nye lɔlɔ̃tɔ, mègana wòaɖe fu na wò fũ o. Dɔa ŋutɔe le nenema tɔɔ. Nenema koe amegãwo le. Ne ɖe nèse alesi nye amegã blu ɖe dzinyee egbea, ɖeko nàgblɔ be enyo gbɔ. Gake ne eglo wò la, ke àte ŋu aɖe asi le dɔa ŋu.”
Ðeko Akɔfa dze agbo zi ɖeka be, “Mètsɔ ɖeke le eme nam hã o! Mesea nye nyawo nam gbeɖe o! Nyemate ŋu aɖe asi le dɔa ŋu o! Fetu si nèxɔna medena o!” Eƒu du yi xɔgã me va fa avi hehehe. Dotsɛ tsi yaa tɔ ɖe ʋɔtrua godo esi Akɔfa do ʋɔa eye wònɔ nusi dzɔ ɖe edzi la ŋu bum. Nukatae Akɔfa se Dotsɛ ƒe akɔfanamenyawo gɔme bubui?
Ŋutsuwo Kple Nyɔnuwo ƒe Vovototo tso Wo Nɔewo Gbɔe Wòtsoa?
Ame aɖewo agblɔ be nu sue aɖe gbɔ koe vovototo siwo dze le woƒe nuwɔwɔ me le kpɔɖeŋu siawo me la tso: eyae nye be ŋutsue nye Dotsɛ; eye nyɔnue nye Akɔfa. Gbegbɔgblɔŋutinumekulawo xɔe se be nusi gbɔ dzeɖoɖokuxiwo tsona le srɔ̃ɖeɖe mee nye vovototo si le ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome. Agbalẽ aɖewo abe You Just Don’t Understand kple Men Are From Mars, Women Are From Venus ene de nufiafia si nye be togbɔ be ŋutsuwo kple nyɔnuwo doa gbe ɖeka ma ke hã la, mɔ si nu wogblɔa nya le la to vovo kura la dzi.
Ðikekemanɔmee la, esi Mawu wɔ nyɔnu tso ŋutsu me la, ewɔ wo woto vovo tso wo nɔewo gbɔ le nu geɖe me. Wowɔ ŋutsu kple nyɔnu kple aɖaŋu gã aɖe eye wowɔ wo le nuŋububu deto me bene woasɔ na wo nɔewo—le ŋutilã, seselelãme, susu, kple gbɔgbɔ me. Tsɔ alesi wonyi ameae kple nɔnɔme siwo me woto kpakple ŋusẽ si afisi wònɔ ƒe agbenɔnɔ kpɔ ɖe edzi, nuto si me wonɔ, kple alesi afisi wole tɔwo susu le nusi wòle be ŋutsu alo nyɔnu nawɔ nui ŋu la kpe ɖe vovototo sia si ƒe dome wonyi la ŋu. Le ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo ta la, ate ŋu ava eme be woakpɔ vovototo aɖewo le mɔ si nu ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒoa nui la me. Gake amewo ƒe agbenɔnɔ kple tamebubu ŋuti nusrɔ̃lawo ƒe agbalẽwo me koe woate ŋu akpɔ alesi ŋutsuwo koŋ alo nyɔnuwo koŋ wɔa nui la le, ekpɔkpɔ le agbenɔnɔ me ŋutɔ sesẽ.
Enye nusi wonya nyuie be nyɔnuwo lɔ̃a woƒe seselelãme ɖeɖefia, gake ŋutsu geɖe hã faa tu ale gbegbe ne wole nu wɔm kple amewo. Woate ŋu agblɔ be ŋutsuwoe te ŋu ɖea susu eme kɔna nyuie, gake zi geɖe la, nyɔnuwo hã te ŋu sea nu gɔme ŋutɔ eye woƒe nuŋububu tsitotsito de ŋgɔ. Eyata togbɔ be womate ŋu agblɔ be ŋutsuwo ko sie nɔnɔme aɖe le alo nyɔnuwo koe le nenema o hã la, kakaɖedzi le nu ɖeka sia ŋu: Ame nɔewo ƒe nukpɔsusu me sese alo eme masemase ate ŋu ana woanɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo alo ana wòazu aʋa ŋutɔŋutɔ adzɔ ɖe wo dome, vevietɔ le srɔ̃ɖeɖe me.
Kuxi siwo wodoa goe le ŋutsu kple nyɔnu dome dzeɖoɖo gbesiagbe le srɔ̃ɖeɖe me la ɖi vɔvɔ̃ ŋutɔ. Srɔ̃ŋutsu geɖe siwo dea dzesi nu yia ŋgɔ la agblɔ na wò be afɔku geɖe ate ŋu aɣla ɖe nyabiabia si ŋuɖoɖo adze nu bɔbɔe gake wòheflua ame si nye “Alesi mewɔ nye ɖae la nya kpɔa?” la me. Nyɔnu dzeaye geɖe srɔ̃e be ne yewo srɔ̃wo bu le mɔzɔzɔ me la, mele be yewoanɔ wo biam edziedzi be, “Nukata mèbia wofia mɔa wò o?” hã o. Le esi srɔ̃tɔ siwo lɔ̃a wo srɔ̃wo nada wo ɖe anyi le woƒe nɔnɔme alo nuwɔna aɖe si wɔ abe ɖe wòto vovo ene ta eye woalé ɖe wo tɔ ŋu goŋgoŋ agblɔ be “nenema koe nyea mele” teƒe la, wokua nu me yia eme wu nusi le dzedzem le gota ko. Esia menye ame nɔewo ƒe dzeɖoɖomɔnuwo me kuku ɖekematsɔlemenametɔe o, didi be woanya ame nɔewo ƒe dzi kple susu dzidzɔdodoɖeameŋutɔe boŋ ye wònye.
Abe alesi amesiame to vovo tso ame bubu ɖesiaɖe gbɔe ene la, nenema ke ame eve ɖesiaɖe ƒe ɖekawɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me hã to vovo tso srɔ̃ɖeɖe bubuwo tɔ gbɔe. Be ɖekawɔwɔ vavãtɔ naɖo ame nɔewo ƒe susu kple dzi me la menye nusi vana le eɖokui si o ke boŋ enye nusi bia agbagbadzedze geɖe le esi míenye amegbetɔ madeblibowo ta. Le kpɔɖeŋu me, ele bɔbɔe ale gbegbe be míatsɔe be alesi míebua nu ŋui la, nenema ke ame bubuwo hã bunɛ. Zi geɖe la, míewɔa nusi míekpɔ be ehiã ame bubuwo la na wo abe alesi míadi be woawɔ na mí ene, ɖewohĩ kple susu be míawɔ nusi Sikasedede la gblɔ dzi, si nye be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Gake Yesu mele gbɔgblɔm be nusi wò nèlɔ̃na la, anyo na ame bubuwo o. Ke boŋ efia be, àdi be amewo nana nusi wò nèhiã alo nusi nèdi la ye. Eyata nusi woawo hiã lae wòle be nàna wo. Esia hiã vevietɔ le srɔ̃ɖeɖe me, elabena wo dometɔ ɖesiaɖe ka atam be yeawɔ nusi ye srɔ̃ hiã la nɛ bliboe alesi yeate ŋui.
Akɔfa kple Dotsɛ ka atam sia na wo nɔewo. Eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe ƒe eve ƒe srɔ̃ɖeɖea me. Gake togbɔ be wosusu be yewonya yewo nɔewo nyuie hã la, nanewo dzɔna ɣeaɖewoɣi siwo ɖenɛ fiana be dzeɖoɖokuxi aɖewo si susu nyui ɖeɖe mate ŋu aɖe ɖa o la li. Lododowo 16:23 gblɔ be: “Nugɔmesela ƒe dzi nana eƒe nù dzea nunya.” Ẽ, alesi woƒoa nui gɔmesese le abe safui ene eye ehiã vevie. Mina míakpɔ ʋɔ siwo wòʋu na Dotsɛ kple Akɔfa ɖa.
Ŋutsu aɖe ƒe Nukpɔsusu
Dotsɛ le hoʋiʋlixexe si me wòle be teƒe aɖe nanɔ ŋutsu ɖesiaɖe si le amewo dome, eɖanye be woanye ametenɔla alo amegã le nɔnɔme aɖe me o. Nuƒoƒoe léa teƒe si wòle, eƒe dɔnyanya, eƒe bibi le dɔa wɔwɔ me, alo asixɔxɔ si le eŋu la ɖe te. Nuwo wɔwɔ le eɖokui si le vevie nɛ ŋutɔ. Eyata ne woɖe gbe na Dotsɛ abe ɖe wodi be woazi edzi ene la, ekpɔna be yedina be yeatsi tre ɖe gbeɖeɖea ŋu. Ne nya si wogblɔ fia be “Mèle wò dɔ wɔm o” la, edina be yeadze aglã, ne susu le eme kura hã.
Nusita koŋ Dotsɛ ɖoa dzee nye be yeagblɔ nusi yenya la na amewo ase woawo hã tɔ. Elɔ̃a nudzɔdzɔwo, nufiafiawo, kple nu yeye siwo wòsrɔ̃ la gbɔgblɔ na ame.
Ne Dotsɛ le to ɖom ame aɖe si le nu ƒom la, ƒã hafi wòtsoa enu, melɔ̃a nya kpuiwo, abe “ũu-ũu, ɛhɛ̃” gɔ̃ hã gbɔgblɔ o elabena ele nya la tsɔm le susu me yimee. Gake ne melɔ̃ ɖe nyaa dzi o la, megbea egbɔgblɔ o, vevietɔ na exɔlɔ̃wo. Esia fia be eƒe susu le nusi exɔlɔ̃a le gbɔgblɔm ŋu, eye ele tame bum tso mɔnukpɔkpɔ siwo katã anɔ anyi be woawɔ nane tso eŋu la ŋu.
Ne nane le fu ɖem na Dotsɛ la, edina be ye ŋutɔ yeadze agbagba le eŋu. Eyata adzo le amesiame kple nusianu gbɔ. Alo adi be yeatsɔ modzakaɖenu aɖe aɖi ɖe emee bene yeatsɔ aɖe susu ɖa le nya la dzii vie. Ne edi be woaɖo aɖaŋu na ye ko hafi wòɖoa dze le eŋu na ame bubu.
Ne ame aɖe tsɔ nya aɖe va Dotsɛ gbɔe abe alesi Atutɔnu va egbɔe ene la, Dotsɛ bunɛ be enye yeƒe dɔdasi be yeakpe ɖe amea ŋu, eye eɖɔa ŋu ɖo be yemagawɔe be wòawɔ na ye xɔlɔ̃ abe ɖe menya dɔ o ene. Zi geɖe la, egblɔa nane siwo le fu ɖem na eya ŋutɔ la na exɔlɔ̃a ale be megawɔ nɛ be ye ɖeɖeko dzie nu ma le dzɔdzɔm ɖo o.
Dotsɛ lɔ̃a nuwo wɔwɔ kple exɔlɔ̃wo. Ebua hadede kple ame be efia be yewole nuwo wɔm ɖekae.
Aƒemee nye afisi Dotsɛ va ɖea dzi ɖi le tso dɔme kple gbɔme fuɖenamewo si me, afisi magahiã be wòanɔ nu me ɖem hafi woaka ɖe edzi o, afisi woaxɔe, aka ɖe edzi, alɔ̃e, eye woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu le. Gake le afima hã Dotsɛ kpɔnɛ be ɣeaɖewoɣi la, ehiã be ye ɖeɖe yeaɖe vovo vie. Manye le Akɔfa alo nusi wòwɔ tae o. Ðeko wòdi be yeaɖe vovo vie. Esesẽna na Dotsɛ be wòagblɔ nusi le dzika tsom ƒo nɛ, nusiwo nu wòle vɔvɔ̃m ɖo, kple nusiwo nye vevesese nɛ na srɔ̃a. Medi be ye srɔ̃ natsi dzi o. Eƒe dɔdasie wònye be wòakpɔ edzi atɔ kpɔ ɖe eŋu, eye edi be Akɔfa naka ɖe ye dzi be yeawɔ nusiawo nɛ. Togbɔ be Dotsɛ dina be nekpe ɖe ye ŋu hã la, medina be yeƒe nya nanɔ nublanui wɔm nɛ o. Ne ewɔe alea la, ewɔna na Dotsɛ be ɖe yemete ŋu le yeƒe ŋutete wɔm o alo ɖe yemenya ewɔwɔ o.
Nyɔnu aɖe ƒe Nukpɔsusu
Akɔfa bua eɖokui be yenye ame si le xexe si me amewo do ƒome kple ame bubuwo le la me. Ebunɛ nu vevii be ele be yeana ƒomedodo siawo nali ke eye wo me nasẽ. Nuƒoƒoe nye mɔ vevi si dzi wòtona naa wo me sesẽna eye wònaa kakaɖedzi nɔa wo ŋu.
Menye nu sesẽ na Akɔfa be wòaɖo ŋu ɖe ame ŋu be woakpe ɖe ye ŋu o. Ne Dotsɛ bia eƒe nukpɔsusu hafi wɔ nyametsotso la, ebunɛ be elɔ̃ ye, togbɔ be medina be yeaxɔ ŋgɔ na Dotsɛ o hã. Ne ehiã be wòawɔ nyametsotso la, edina be yeabia gbe ye srɔ̃ gbã, menye kple susu be wòagblɔ nusi yeawɔ la na ye kokoko o, ke boŋ be yeatsɔ afiae be yewo kplii dome le kplikplikpli eye yeɖoa ŋu ɖe eŋu.
Enye nu sesẽ ŋutɔ na Akɔfa be wòake nu agblɔ be nane le ye hiãm. Medina be yeaɖe fu na Dotsɛ alo yeana wòawɔ nɛ be dzi mele ye dzɔm o. Ke boŋ ekpɔa esinu be eya ŋutɔ nade dzesii alo ewɔa nusi ana eya ŋutɔ nakpɔe be nane le ye hiãm.
Ne Akɔfa le dze ɖom la, numeɖeɖe suesuewo sese dzɔa dzi nɛ eye ebiaa nya geɖe. Aleae nye eƒe dzɔdzɔme le esi nu wɔa dɔ ɖe edzi eye wòtsɔa ɖe le amewo kple ƒomedodo si le wo kple wo dome me la ta.
Ne èle nya gblɔm na Akɔfa la, ete ŋu doa ‘dzalele,’ ‘ɛhɛ̃,’ ‘oo,’ kple nya siawo tɔgbe tsɔ tsoa emee, alo elɔ̃a ta alo biaa nya tsɔ fiana be yele nya si gblɔm nèle sem eye yeƒe susu le eŋu.
Edzea agbagba vevie be yeanya nusi le amewo hiãm ameawo ƒe numaƒomaƒoe. Mɔ wɔnuku si dzi wòtona ɖea alesi wòlɔ̃ amewo fianae nye kpekpe ɖe wo ŋu togbɔ be womebiae tso esi o gake. Nusi nye eƒe didi vevie nye be yeakpe ɖe ye srɔ̃ ŋu ne wòayi ŋgɔ eye eƒe agbagbadzedze naɖe zɔ nyuie.
Ne nane le fu ɖem na Akɔfa la, edea vovo ge do kpoe. Eƒoa nu tso eŋu, menye kple susu be yeadi kuxia gbɔkpɔnu kokoko ale o, ke boŋ be yeagblɔ yeƒe seselelãmewo. Edina be yeanya be ame aɖe se nu me na ye eye wòtsɔ ɖe le eme na ye. Ne dzi kui la, egblɔa nya geɖegeɖewo. Esi wògblɔ be, “Ne mele nya gblɔm mèɖoa tom gbeɖe o!” la, menye ɖe wòle gbɔgblɔm ŋutɔŋutɔ be Dotsɛ meɖoa to ye gbeɖe o.
Akɔfa ƒe ɖevimexɔlɔ̃ vevitɔ menye amesi wo kplii wowɔ nuwo ɖekae o ke boŋ eyae nye amesi wòtoa nya sia nya na. Eyata esi wòɖe srɔ̃ la, alesi wo kple ame aɖe nanɔ nuwo wɔm ɖekae medzɔa dzi nɛ dea amesi sea veve ɖe ame ti si wòate ŋu agblɔ eƒe seselelãmewo na nu o.
Aƒemee nye afisi Akɔfa te ŋu ƒoa nu le si ame aɖeke mehea nya ɖe eŋu o. Ne nane dzi ŋɔ nɛ alo nane le fu ɖem nɛ la, megbea egbɔgblɔ na Dotsɛ o. Ne ehiã kpekpeɖeŋu la, egbɔgblɔ mekpea ŋu nɛ o, elabena enya be ye srɔ̃ li akpe ɖe ye ŋu eye eƒe susu le ye ŋu ale gbegbe be wòase nya na ye.
Zi geɖe la, Akɔfa senɛ le eɖokui me be ye srɔ̃ lɔ̃ ye eye yele dedie le srɔ̃ɖeɖea me. Gake ɣeaɖewoɣi naneke madzɔmadzɔe ko la, eva nɔa wɔwɔm nɛ be yemele dedie o eye melɔ̃ ye o eye wògahiãna vevie be srɔ̃a nagaka ɖe edzi nɛ be yelɔ̃e eye be ele dedie kple be wòanɔ egbɔ.
Nyateƒee, Dotsɛ kple Akɔfa siwo nye kpeɖeŋutɔwo na wo nɔewo la to vovo tso wo nɔewo gbɔ le nu geɖe me. Vovototo si le wo dome la na be wòle bɔbɔe be ame nɔewo gɔmemasemase naɖo wo dome, togbɔ be enye wo ame evea ƒe didi vevie be yewoalɔ̃ yewo nɔewo eye yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu hã. Ne ɖe míate ŋu ase wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nukpɔsusu le nya si dzɔ míegblɔ va yi ŋu la, anye ne nya kawoe woagblɔ na mí?
Nusi Woawo Ŋutɔ ƒe Susu Gblɔ na Wo
Dotsɛ aɖe eme be: “Esi menya ge ɖe aƒea me ko la, mekpɔ be dzi menɔ Akɔfa dzɔm o. Metsɔe be ne eƒe mo dze anyi la, agblɔ nusitae dzi mele edzɔm o nam. Nyemebui be anye nya gã aɖekee o. Mesusu be ne mekpe ɖe eŋu wòkpɔe be mehiã be wòalé blanui o eye be míate ŋu akpɔ kuxia gbɔ bɔbɔe ko la, eƒe dzi adze eme. Evem ŋutɔ, esi mese eƒe nyaawo vɔ ko wògblɔ nam be ‘Mèsea nye nyawo nam gbeɖe o!’ Ewɔ nam abe ɖe wòle vodada ɖem nam ɖe nusiwo le fu ɖem nɛ ta ene!”
“Akɔfa hã aɖe nu me be: “Mebɔbɔ nam kura ŋkeke bliboa o. Menya be menye Dotsɛ ƒe vodadae o. Gake esi wògbɔ va aƒeme dzi nɔ edzɔm nenema la, ewɔ nam be metsɔ ɖeke le eme be dzi mele dzɔyem o. Nukata mebiam se be nukae dzɔ o? Esi megblɔ nusi le fu ɖem nam nɛ la, alesi wòɖo eŋui nam la fia be nyemenyaa nu o eye be nya tsɛ aɖe koe. Le esi nyawo dzraɖola si nye Dotsɛ nagblɔ nam be yese nye seselelãmea gɔme nam teƒe la, alesi makpɔ nya la gbɔe koe wògblɔ. Nyemele alesi makpɔ nya la gbɔe aɖeke dim o, ɖeko medi be nese veve kplim!”
Togbɔ be masɔmasɔ sue sia ɖo Dotsɛ kple Akɔfa dome ɣeyiɣi kpui aɖe hã la, wolɔ̃ wo nɔewo vevie. Nugɔmesese kae akpe ɖe wo ŋu be woaɖe alesi wolɔ̃ wo nɔewoe fia eme nakɔ nyuie?
Wo Nɔewo ƒe Nukpɔsusu Gɔmesese
Dotsɛ bui be anye nuhaha be yeabia Akɔfa be nukae le ewɔm hã eyata ewɔ nusi wòadi be amewo nawɔ na ye la nɛ. Ekpɔ esinu be wòavo le eɖokui me aƒo nu faa. Ke Akɔfa hã, menye kuxia ta koe dzi le ekum ɖo o, ke boŋ alesi Dotsɛ gbe nudede eme nɛ esime wòhiã eƒe kpekpeɖeŋu hã tae. Mebu eƒe ɖoɖoezizi la be bubudede ye ŋue o—etsɔe be ɖekematsɔlemee. Esi Akɔfa va ƒo nu azɔ la, Dotsɛ ke to ɖi eye megblɔ nya aɖeke tso emee o. Gake ewɔ nɛ be menɔ alesi yeƒe seselelãme le gɔme sem na ye ŋutɔŋutɔ o. Ke azɔ megblɔ veveseseɖeametinya aɖeke o, alesi woakpɔ nyaa gbɔe koe wògblɔ. Nya si wòse le emee nye be: ‘Nu vena wò akpa; wò nuwɔna tso eme. Mèkpɔ alesi nya sue sia gbɔkpɔkpɔ le bɔbɔe oa?’
Aleke gbegbe nuwo ato vovoe nye si ne ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ nɔvia ƒe nukpɔsusu bu nya la ŋui! Anye ne ale tɔgbee wòayii:
Dotsɛ gbɔ va tu Akɔfa, dzi mele edzɔm o. Ebiae tufafatɔe be “Nukae dzɔ, nye lɔlɔ̃tɔ?” Aɖatsi ge blobloblo tso Akɔfa ƒe ŋku dzi, eye wògblɔ nya la katã nɛ. Akɔfa megblɔ be, “Gbɔwòe nusiawo katã tso!” be wòatsɔ afia be Dotsɛ mele agbagba dzem de edeƒe o. Dotsɛ kpla asi kɔ nɛ eye wògbɔ dzi ɖi se eƒe nyawo. Esi wògblɔe vɔ la, egblɔ be: “Evem be nya sia te ɖe dziwò. Mese nusita dzi mele dzɔwòm o alea la gɔme.” Akɔfa ɖo eŋu nɛ be: “Akpe na wò kakaka be èse nya la nam. Fifia esi nèse nya la me nam la, nye lãme kɔ wu.”
Nublanuitɔe la, le esi srɔ̃tɔ geɖe nakpɔ woƒe nyaʋiʋliwo gbɔ teƒe la, ɖeko wogbea wo nɔewo. Dzemaɖomaɖoe nye futɔ vɔ̃ɖi si le aƒe geɖe gbãm egbea. Nyahehewo doa mo ɖa siwo ʋuʋua srɔ̃ɖeɖea va ɖoa eƒe anyinɔwo gbɔ ke. Aleke wòdzɔnae? Nyati si kplɔe ɖo agblɔ alesi wòdzɔnae kple alesi woaxe mɔ nɛ la na mí.