INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/15 axa 17-19
  • Li Ke Le Gbɔgbɔ Me Esi Nèle Wò Ƒometɔ Si Dze Dɔ Dzi Kpɔm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Li Ke Le Gbɔgbɔ Me Esi Nèle Wò Ƒometɔ Si Dze Dɔ Dzi Kpɔm
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Ada Asɔ?
  • Kpekpeɖeŋu Siwo Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana
  • Yehowa Kpɔa Ŋudzedze Ðe Wò Agbagbadzedzewo Ŋu
  • Mawu Tutu Eƒe Aɖatsiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mide Bubu Ame Tsitsi Siwo Le Mia Dome Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Beléle Na Ame Tsitsiwo—Kristotɔwo Ƒe Agbanɔamedzie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Srɔ̃ŋutsuwo Kple Srɔ̃nyɔnuwo—Ðe Woƒe Nuƒoƒo To Vovo Nyateƒea?
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/15 axa 17-19

Li Ke Le Gbɔgbɔ Me Esi Nèle Wò Ƒometɔ Si Dze Dɔ Dzi Kpɔm

WOKPƆ nutete aɖe le Kim, si nye Ðasefo la, ƒe dzimeƒu gbɔ lɔƒo, eye esi ɖɔktawo doe kpɔ la, wokpɔe be kansa ye le eŋu.a Srɔ̃aŋutsu Steve, gblɔ be: “Esi wowɔ dɔ nɛ heɖe nutetea ɖa la, wozã kansa dɔdamɔnu vovovowo nɛ. Le dɔdamɔnu siawo zazã nɛ vɔ megbe la, eva gbɔdzɔ ale gbegbe. Esia wɔe be azɔlizɔzɔ gɔ̃ hã zu dɔ nɛ.”

Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe nu ate ɖe Steve dzi esi wòle srɔ̃a lɔlɔ̃a kpɔm wòle avu wɔm kple dɔléle gblẽnuleameŋu sia la le susu mea? Ðewohĩ ƒowòmetɔ kplikplikpli aɖe le dɔ vɔ̃ɖi aɖe si nɔa nyanyram ɖe edzi la lém alo le tsitsimekuxiwo me tom. (Nyagb. 12:1-7) Ne ele alea la, ènyae be hafi nàte ŋu akpɔ wò ƒometɔa dzi nyuie la, ele be nàlé be na ɖokuiwò. Ne ègbɔdzɔ le gbɔgbɔ me la, esia ate ŋu ana be nànɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm le seselelãme kple ŋutilãme hã gome, eye wòasesẽ na wò be nàkpɔ ƒowòmetɔ la ƒe hiahiãwo gbɔ nɛ. Alekee nàwɔ ada asɔ le wò Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me esi nèle wò ƒometɔ si le dɔ lém alo wò ƒometɔ tsitsi dzi kpɔm? Nu kae Kristo hamea me tɔ bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ aɖe woƒe ɖetsɔleme afia dɔnɔ siawo?

Aleke Nàwɔ Ada Asɔ?

Be nàda asɔ le gbɔgbɔ me ahanɔ lãmesẽ me esi nèle ƒometɔ aɖe si le dɔ lém dzi kpɔm la, ehiã be nàtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu eye nàɖɔ ŋu ɖo le wò ŋusẽ kple ɣeyiɣi ŋu dɔ wɔwɔ me. Lododowo 11:2 gblɔ be: ‘Ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la si me nunya le.’ Le mawunyakpukpui sia me la, nyagbɔgblɔ si nye “ame siwo bɔbɔa wo ɖokui” fia be ame nanya afi si eƒe ŋutete se ɖo. Be nàkpɔ egbɔ be mèle geɖe wɔm wu ale si wò ŋutete aɖe mɔe o la, ɖewohĩ ahiã be nàlé ŋku ɖe wò ɖoɖowo kple agbanɔamedziwo ŋu.

Steve wɔ nu le nunya me heɖe ɖokuibɔbɔ fia to ale si wògbugbɔ lé ŋku ɖe eƒe dɔwo kple agbanɔamedziwo ŋu me. Tsɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔɖuia ŋu la, esubɔna abe hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla kple subɔsubɔdɔ dzikpɔla ene le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me wòle le Ireland la me. Eganye Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti si le woƒe nutoa me la hã me tɔ. Steve gblɔ bena: “Kim meto nyatoƒoe kpɔ be megblẽ ye ɖi hele ɣeyiɣi geɖe akpa zãm ɖe agbanɔamedzi siawo tsɔtsɔ ŋu o. Gake nye ŋutɔ mekpɔe dze sii be menɔ geɖe wɔm wu ŋutete si le asinye.” Alekee Steve kpɔ nya sia gbɔe? Egblɔ bena: “Le gbedodoɖa kple ŋugbledede vɔ megbe la, metso nya me be maɖe asi le hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla ƒe dɔa ŋu. Meyi edzi subɔ abe hamemetsitsi ene ya, gake esi meɖe asi le hamea ƒe agbanɔamedziawo dometɔ aɖewo ŋu na ame bubuwo la, mete ŋu kpɔ vovo kple ɣeyiɣi ɖe Kim ŋu ale si dze.”

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Kim ƒe lãme va sẽ. Steve kple Kim gbugbɔ lé ŋku ɖe woƒe nɔnɔmeawo ŋu, eye le srɔ̃anyɔnua ƒe kpekpeɖeŋu me la, Steve galɔ̃ xɔ agbanɔamedzi siwo nɔ esi tsã le hamea me la ake. Steve gblɔ bena: “Le Kim ƒe dɔléɣia la, mí ame evea siaa míesrɔ̃ ale si míagawɔ nu geɖe wu esi ŋu dɔlélea ɖe mɔ ɖo na mí o. Meda akpe gã aɖe na Yehowa ɖe kpekpeɖeŋu si wònam la ta, eye meda akpe na srɔ̃nye hã ɖe eƒe asikpekpe ɖe ŋunye nyatoƒoematomatoe togbɔ be lãmesẽkuxiwo nɔ fu ɖem nɛ hã ta.”

Bu nu si me Jerry, si nye dzikpɔla mɔzɔla, kple srɔ̃a, Maria, hã to la ŋu kpɔ. Eva hiã be woawɔ asitɔtrɔ le woƒe taɖodzinuwo ŋu bene woate ŋu akpɔ wo dzila tsitsiwo dzi. Maria gblɔ be: “Taɖodzinu si nɔ mía kple srɔ̃nye siaa sie nye be míayi aɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le dukɔ bubu me. Ke hã, tenuvie Jerry nye na edzilawo, evɔ wòhiã be woakpɔ wo dzi. Le esia ta, míetiae be míanɔ Ireland bene míate ŋu akpɔ wo dzi. Afɔɖeɖe sia wɔe be míete ŋu nɔ Jerry fofo ŋu esime woxɔe ɖe kɔdzi ʋuu va se ɖe esime wòku. Fifia la, míesea Jerry dada ŋkɔ gbe sia gbe, eye míele adzɔge tso egbɔ o, si wɔe be míetea ŋu naa kpekpeɖeŋui ɣesiaɣi si wòhiã nɛ. Hame si me Jerry dada le la me tɔwo kpea asi ɖe mía ŋu le edzikpɔkpɔ me geɖe ŋutɔ, si wɔe be míegakpɔtɔ le mɔzɔzɔdɔa wɔm.”

Kpekpeɖeŋu Siwo Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana

Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso ŋutilãmekpekpeɖeŋu siwo woate ŋu ana ahosi tsitsiwo le hamea me ŋu la, eŋlɔ bena: “Ne ame aɖe mekpɔa ye ŋutɔ tɔwo ƒe nu hiahiãwo gbɔ, vevietɔ ye ŋutɔ ƒemetɔwo tɔwo gbɔ o la, egbe nu le xɔse la gbɔ, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” Paulo ɖo ŋku edzi na ehati Kristotɔwo be hafi woƒe subɔsubɔ “[nasɔ] le Mawu ŋkume” la, ele be woana gakpekpeɖeŋu wo dzilawo kpakple wo tɔgbuiwo kple wo mamawo. (1 Tim. 5:4, 8) Ke hã, hamea me tɔ bubuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu, eye ele be woawɔe hã.

Bu Hakan kple Inger, siwo nye atsu kple asi tsitsi aɖewo le Sweden la ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Hakan gblɔ be: “Esi wokpɔ kansadɔ le srɔ̃nyenyɔnua ŋu la, ɖeko wòdze mí kpo. Tso ɣeaɖeɣi ke la, Inger nɔ lãmesẽ nyui me eye ŋusẽ nɔ eŋu. Gake azɔ la, eva hiã be míanɔ kɔdzi yim gbe sia gbe be woanɔ atike wɔm nɛ, eye atikeawo nana wògbɔdzɔna ale gbegbe. Inger nɔ aƒe me le ɣeyiɣi siawo me, eye wòhiã be manɔ egbɔ ahanɔ edzi kpɔm.” Kpekpeɖeŋu kae hamea me tɔwo na Hakan kple Inger?

Hamemetsitsiwo wɔ ɖoɖo be atsu kple asi sia nanɔ to ɖom nuƒo siwo wonana le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la to telefon dzi. Gakpe ɖe eŋu la, nɔvi siwo le hamea me la yina ɖasrãa wo kpɔ, eye woƒoa ka na wo hã. Woɖoa lɛtawo kple nyuidinamegbalẽviwo hã ɖe wo. Hakan gblɔ bena: “Míekpɔe be nɔviwo katã kpakple Yehowa siaa kpe ɖe mía ŋu ale gbegbe. Woƒe beléle na mí alea kpe ɖe mía ŋu geɖe ŋutɔ be míeli ke le gbɔgbɔ me. Dzidzɔtɔe la, Inger ƒe lãme va sẽ, eye fifia míegatea ŋu dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me.” Ne hamea me tɔwo wɔa nu sia nu si woate ŋui tsɔ kpena ɖe dɔnɔwo kple ame tsitsi siwo le wo dome ŋu la, woɖenɛ fiana be yewonye ‘xɔlɔ̃ siwo lɔ̃a ame ɣesiaɣi, siwo trɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.’—Lod. 17:17.

Yehowa Kpɔa Ŋudzedze Ðe Wò Agbagbadzedzewo Ŋu

Le nyateƒe me la, ƒometɔ si le dɔ lém dzi kpɔkpɔ ate ŋu ate ɖeɖi ame ŋu. Ke hã, Fia David ŋlɔ bena: “Dzidzɔtɔe nye ame si bua ame tsɛ ŋu.” Ame tsɛ siwo wòwɔnɛ la lɔ ame siwo hiã kpekpeɖeŋu le dɔléle ta la hã ɖe eme.—Ps. 41:2, NW.

Nu ka tae ame siwo kpɔa dɔnɔwo alo ame siwo le fu kpem dzi la ate ŋu anye dzidzɔtɔwo? Lododowo 19:17 gblɔ be: ‘Ame si ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.’ Mawu vavã la tsɔa ɖe le eme na esubɔla siwo le dɔ lém la etɔxɛe eye wòyraa ame siwo kpɔa nublanui na wo la. Hakpala David dzi ha be: “Yehowa akpe ɖe [ame sia tɔgbi ŋu] le dɔba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aba dzi nɔnɔ bubui.” (Ps. 41:4) Míate ŋu aka ɖe edzi be, ne ame si le ame tsɛ sia dzi kpɔm lɔlɔ̃tɔe la ŋutɔ hã do go nɔnɔme sesẽ aɖe alo vɔ̃ dzɔ ɖe edzi la, Yehowa akpe ɖe eŋu.

Aleke gbegbe wònyo enye esi be míanyae be Yehowa dea dzesi nu siwo míewɔna le beléle na míaƒe ƒometɔ siwo le dɔ lém me eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋui! Togbɔ be kpekpeɖeŋu sia nana abia agbagbadzedze geɖe hã la, Ŋɔŋlɔawo na kakaɖedzi mí be “nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.”—Heb. 13:16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Da sɔ le gbɔgbɔ me eye nàlɔ̃ ame bubuwo nakpe ɖe ŋuwò

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe