INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 3/8 axa 25-28
  • Agbemekuxiwo Dziɖuɖu le Dziehe Asia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbemekuxiwo Dziɖuɖu le Dziehe Asia
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wogbe be Yewomawɔ Dɔ Nam Ʋu Madomadoe O
  • Nyametsotso Sesẽwo Wɔwɔ
  • Dɔwɔhati Yeye, Nuteƒewɔwɔ ƒe Dodokpɔ Yeye
  • Anyigbamamã si me Dɔwɔwɔ le Bia Nu Geɖe
  • Vɔ̃ɖinyenye ƒe Nuwuwu Gogo
  • Hehe Aɖe Si Mexɔ Le Nye Agbenɔɣi Katã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ðaseɖiɖi na Gbe Ðesiaɖe Dolawo Kple Subɔsubɔhawo Katã me Tɔwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Buddha-subɔsubɔ—Blibodede Didi Mawu Manɔmee
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Alesi Nàte Ŋu Aɖo Dzeɖonyanutsinyawo Ŋui
    Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii
Nyɔ!—1994
g94 3/8 axa 25-28

Agbemekuxiwo Dziɖuɖu le Dziehe Asia

ESI nye ŋkume va nɔ kɔkɔm tso ɖime la, ewɔ nuku nam be mekpɔe be nye miata ku ɖe ŋunye. Metrɔ kɔ. Henry, nye lɔlɔ̃tɔ la, ƒe agbe nu nɔ tsotsom. Gake menye ɣemaɣie wòle be mabu mɔkpɔkpɔ o. Ele be mawɔ aʋa—mawɔ aʋa atsɔ aʋli nye nuteƒewɔwɔ na Mawu si na nu geɖe mí alea gbegbe la ta.

Gbemagbee nye May 17, 1982. Srɔ̃nyeŋutsu nye dzikpɔla mɔzɔla si srãa Yehowa Ðasefowo ƒe Tamilgbe hamewo le Sri Lanka la kpɔ. Míenɔ hame aɖe si gbɔ didi tso Colombo si nye dukɔ sia ƒe du gãtɔ la subɔm. Mí ame evea míenɔ gasɔ ɖeka dzi, abe alesi ame geɖe nɔa edzii le dukɔ sia me ene, eye kpuiƒe aɖe koe míeyina le mía nɔvi Ðasefo bubu gbɔ. Kasia míakpɔ ɖeko ʋu gã aɖe va lɔ mí zi ɖeka, abe alesi ƒli donae ene.

Esi ɖɔktawo dze agbagba le Henry ŋu wòglo wo la, wotrɔ woƒe susu katã ɖe ŋunye. Togbɔ be megbɔdzɔ ŋutɔ hã la, alesi wòhiã kpatae be mana woanya nye tameɖoɖo kplikpa be mawɔ ɖe Yehowa ƒe se si gblɔ be míatsri ʋu dzi la xɔ dzime nam. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Ele kokoko be mana woanya. Mesẽ ŋkume bia wo be: “Meɖe kuku mina pepam.” Meʋli sesĩe ŋlɔ nye dzixɔsewo ɖe agbalẽa dzi eye mede asi ete. Afisiae aʋa la dze egɔme le.

Wowɔ atike siwo hiã kpata la nam. Edze kɔte be mexɔ abi vevie. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, enye nye tameɖoɖo kplikpa be mawɔ nu abe Kristotɔ vavãtɔ ene—menye fifiae wòle be maxa nu haɖe o.

Wogbe be Yewomawɔ Dɔ Nam Ʋu Madomadoe O

Ŋkeke asieke sɔŋ ye ʋudodonya la zu aʋa ɖe mía dome míenɔ wɔwɔm—esi menɔ ʋiʋlim be mawɔ nusi sɔ kple nye dzitsinya si nye be magbe exɔxɔ la, ɖɔktawo hã nɔ aʋa wɔm be yewoatrɔ susu nam be maxɔe. Togbɔ be woate ŋu awɔ dɔ nam hafi hã la, ɖeko wogbe be yewomele ewɔ ge ʋu manɔmee o. Abi si mexɔ la lolo ŋutɔ, eye ehiã be woakpɔ egbɔ kaba.

Gake menye nye ɖeɖekoe wɔ aʋa sia o. Yehowa nɔ anyi kplim ɣeawokatãɣi. Eye Yehowa ƒe amewo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ la tsɔ ɖe le eme nam lɔlɔ̃tɔe ale gbegbe. Afima kple Colombo dome ƒe didimee nye kilometa 400. Ðk. Perrin Jayasekera si nye Yehowa Ðasefo la wɔ ɖoɖo kple eƒe ŋutilãmenɔvi aɖe le afima be woaxɔm ɖe Colombo Kɔdzi Gã.

Ewɔ nam be gaƒoƒo 24 ƒe mɔzɔzɔ sia si menɔ agbatsɔʋu me le mɔ gbegblẽ dzi lae nye mɔ diditɔ kekeake si mezɔ kpɔ le nye agbe me. Gake akpedada yɔ nye dzime fũ na Yehowa, abe alesi wòyɔe tso esime ke mesrɔ̃ nyateƒea le mía de India ene, ɖe eƒe beléle nam lɔlɔ̃tɔe ta. Gake fifia nye ŋutilãmeƒometɔ aɖeke mele gbɔnye o. Gake gbã la, nukae kplɔm va Sri Lanka afisia?

Dzinyelawo nye Roma Katolikotɔwo le Kerala nutome le India. Mía degbee nye Malayalam. Míesrɔ̃a Eŋlisigbe le suku. Aleke gbegbe wòdzɔ dzi nam be mesrɔ̃e nyuie enye si! India ƒe nuto ma me tɔwo ƒe akpa gã aɖe gblɔna be Kristotɔwoe yewonye. Wogblɔ be apostolo Toma ye tsɔ Kristotɔnyenye va Keralae le ƒe alafa gbãtɔ me. Nyateƒee o, aʋatsoe o, le ƒe 1,400 kple edzivɔ megbe esime Vasco da Gama nɔ ŋgɔ na Roma Katoliko Portugal yevu siwo va ɖu afima dzi la, ewɔ nuku na wo be wokpɔ be ame geɖe xɔ Kristo dzi se le afima xoxo.

Nyametsotso Sesẽwo Wɔwɔ

Esime míaƒe ƒomea dze Biblia me nyateƒe siwo kɔa nu me sɔsrɔ̃ gɔme tso Yehowa Ðasefowo gbɔ la, enye nye didi vevie be magblɔ nyateƒe sia na amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la le afisi mele. Eyata mezu mɔɖela si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, le nye nyɔnyrɔ̃xɔxɔ vɔ megbe teti. Esia fia be nyemaxɔ dɔwɔwɔ ƒe mɔnu nyui si ʋu nam le mía dedukɔ me be manye nufiala la o. Dɔ sia si ŋu wòdze abe dedienɔnɔ le le esi woana dzudzɔxɔxɔledɔmega ame ta lae nye India ɖekakpui kple ɖetugbi geɖe ƒe taɖodzinu gake nusi nye nye taɖodzinu le agbe me trɔ. Dedienɔnɔ vavãtɔ dim mele, eye Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ me koe woate ŋu akpɔe le.

Le ƒe eve megbe la, nyametsotso sesẽ bubu gadze ŋgɔm. Ðe malɔ̃ ayi India ƒe teƒe bubu si gbeƒãɖelawo hiã le wua? Nusi sesẽ le eŋue nye be masrɔ̃ Tamilgbe, eye be makpe ɖe subɔsubɔha bubu me tɔwo si fifia ya nye Hindutɔwo la ŋu. Ẽ, mɔnukpɔkpɔ si wònye nam be maɖe nye ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yehowa la na be mebui be edze be mawɔ tɔtrɔ siawo katã. Le nyateƒe me, ɖaseɖiɖi na Hindutɔ ma siwo doa vivi ɖe ame ŋu eye xɔlɔ̃wɔwɔ le wo me la nye nusi doa dzidzɔ na ame ŋutɔ. Woalɔ̃ ɖe edzi na wò bɔbɔe be míegogo Kali Yuga (Ɣeyiɣi Vɔ̃ɖiwo) ƒe nuwuwu eye be eteƒe madidi o nu nyui aɖe ava na amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe fifia. Gake enye nu sesẽ ŋutɔ be nàkpe ɖe wo ŋu be woakpɔ vovototo si le Kristotɔnyenye vavãtɔ kple nusi wokpɔna le Ɣetoɖoƒenutoa me la me. Mexlẽ Mateo 7:21-23 na wo zi geɖe, esi gblɔ be: “Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míenyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!” Mohandas Gandhi ƒe nyawo le eme, esi wògblɔ be: “Melɔ̃ Kristo, gake Kristotɔwo nyɔa ŋu nam elabena womenɔa agbe abe Kristo ene o.”

Hindutɔ geɖe va le ekpɔm dze sii abe alesi mekpɔe ene be nya ma nye nyateƒe ŋutɔ. Eye fifia hã wole ekpɔm dze si be vovototo boo aɖeke mele yewo nɔvi Hindutɔ geɖewo ƒe nuwɔna kple Ɣetoɖoƒetɔ siwo gblɔna alakpatɔe be Kristotɔwoe yewonye la tɔ dome o. Gake Yehowa Ðasefowo ya to vovo ale gbegbe. Hindutɔ akpe geɖe va le esia kpɔm dze si.

Dɔwɔhati Yeye, Nuteƒewɔwɔ ƒe Dodokpɔ Yeye

Ƒe eve kple afã va yi. Yehowa Ðasefowo ƒe “Nyanyui Mavɔ” Takpekpewo nɔ edzi yim le xexeame katã le ƒe 1963 me. Du siwo me wowɔe le dometɔ ɖekae nye New Delhi, le dukɔa ƒe anyiehegome. Takpekpe si womaŋlɔ be o kae nye si wònye! Eye afimae medo go Henry Abraham le. Mí ame evea míenɔ amesi míanɔ míaƒe agbe si míetsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowae kplii la dim. Le ɣleti atɔ̃ megbe la, míeɖe mía nɔewo.

Exɔ hehe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si le New York Nutome me eye woɖoe ɖe wo de si nye Sri Lanka, afisi hiahiã la lolo le ŋutɔ. Mesusu be alɔ̃ aʋu va India, afisi mesusu be hiahiã la galolo le wu kura. Gake medze edzi nenema o. Eƒe kpekpeɖeŋu hiã le afisi wònɔ. Eyata Sri Lanka ƒukpo dzeani sia va zu aƒe nam. Dzidzɔtɔe la, wodoa Tamil kple Eŋlisi gbe le afisia ŋutɔ. Eyata mehiã be magasrɔ̃ gbe bubu ɣemaɣi o. Míetsɔ ƒe 18 siwo me dzidzɔ nɔ subɔm Yehowa ɖekae hafi ʋu ma si nɔ du dzi ƒe afɔkua va dzɔ ɖe mía dzi.

Gake fifia menɔ Colombo, eye aʋa si wɔm menɔ be magana ta le nye nuteƒewɔwɔ me to ʋudodo me o la nɔ edzi yim. Fifia nye agbe ɖo afɔku me, menye le tenɔnɔ le ʋudodonya la me ta o, ke boŋ le esi wole atikewɔwɔ nam hem ɖe megbe ta.

Amekola aɖe si te ŋu ɖɔa ame ƒe ŋutinuwo ɖo wògaɖoa eƒe nɔnɔ si nye Buddhatɔ kple amekola bubu si ɖɔa ame ƒe ƒuwo ɖo be woɖoa eme la ƒo ƒu wɔ dɔ nam. Nye ʋumenugbagbevi dzẽwo ƒe xexlẽdzesi ɖiɖi va ɖo ene.

Aleke woawɔ alã nye ata esi ʋu vɔ le lãme nam nenema? Wonya be meɖoe kplikpaa be nyemaxɔ ʋu o, gake ɖe amekola eve siawo alɔ̃ be yewoana kpekpeɖeŋu si wogbe nanam tsã lama? Alesi dzi nɔ wo ƒoe be yewoawɔ dɔ sesẽ sia esi womedi be yewoazi dzinye ne mawɔ nusi tsi tre ɖe nye dzitsinya ŋu o la nye nusi ɖe dzesi ŋutɔ. Wolã nye ata, gake megale agbe, eye naneke megblẽ le nye nuteƒewɔwɔ na Yehowa ŋu o.

Esi mebu srɔ̃nye si melɔ̃na ŋutɔ la, megadze agbe gɔme bubui kura. Gbã la, mezã atizɔti, eye wova wɔ yevufɔ nam (emegbe to nɔviŋutsu kple nyɔnu geɖe ƒe dɔmenyonyo me la, wowɔ afɔ bubu si nyo wu kura la nam) eye mete ŋu yi nye subɔsubɔdɔa dzi. Dɔ geɖe wɔwɔ va nɔ xɔxɔm ɖe nye vevesesea teƒe ʋeʋeʋe.

Ðe magbɔ va India ava nɔ ƒonyemetɔ siwo nye dzimaxɔsetɔwo gbɔa? Ahosi bubu si ŋu Biblia ƒo nu le si ŋkɔe nye Rut ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi la me kɔ nam nyuie. Nye hã medi be manɔ afisi mate ŋu asubɔ Yehowa le nyuie wu le nɔnɔme si me nye ŋutetewo dzi ɖe kpɔtɔ le fifia me. Sri Lanka gakpɔtɔ nye aƒe nam.—Rut 1:16, 17.

Anyigbamamã si me Dɔwɔwɔ le Bia Nu Geɖe

Ƒe 11 siwo va yi tso ɣemaɣi la tsɔ ŋutɔ. ‘Dɔ geɖe nɔ anyi si mawɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔa me.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Nye ŋku biã ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu le Colombo. Afisia tɔwo nye subɔsubɔha vovo me tɔwo—wonye Hindutɔwo, Moslemtɔwo, Buddhatɔwo, amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, kple ha bubu me tɔwo. Ehiã be mayi nye agbagbadzedzeawo dzi.

Mía dometɔ ʋee aɖewo míetsɔa kwasiɖanuwuwu aɖe le ɣleti ɖesiaɖe me yia du siwo le dziehegome, afisiwo Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖeke mele vaseɖe fifia o. Afima tɔwo ƒe akpa gãtɔ gblɔna be Buddhatɔwo yewonye eye wodoa Sinhalagbe. Alesi mawɔ akpe ɖe amesiawo ŋu le vevie nam ŋutɔ.

Abe alesi tututu wòle le Hindutɔ siwo le India kple Sri Lanka katã gome ene la, Ɣetoɖoƒetɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ƒe agbenɔnɔe trɔ ame geɖe ɖa tso Biblia gbɔ. Gake woawo ŋutɔ ƒe Buddhatɔwo ƒe gɔmeɖose veviwo, Mɔ̃ si Mã ɖe Akpa Enyi siwo nye tamebubu kple agbenɔnɔ nyuitɔ (dzixɔse, tameɖoɖo, nuƒoƒo, nuwɔna, agbenɔnɔ, agbagbadzedze, tamebubu, kple ŋugbledede nyuitɔwo) la nye amegbetɔ madeblibo ƒe nunya ko ne wotsɔe sɔ kple Mawu ƒe gɔmeɖose siwo le Biblia me, eye woƒe akpa gãtɔ la, ƒe alafa geɖe le Siddhārtha Gautama ƒe ku megbe hafi woŋlɔ wo.

Esime Siddhārtha Gautama ƒo nu na Kalamatɔwo abe alesi woyɔ eƒe nya la tso Kalama Sutta mee ene la, egblɔ be: “Migaxɔ nya si wogbugbɔ gblɔ zi geɖe hafi woxɔe la dzi se o; eye migaxɔ xotutu hã dzi se o.” Aleke wòwɔ nukui enye si be mɔnukpɔkpɔ nasu asinye magblɔ na Buddhatɔ veviedola mawo be ne wotsɔ mɔfiafia ma wɔ dɔe la, ame aɖeke maxɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe gli la dzi se alo woagbe Wɔla la ƒe anyinɔnɔ dzixɔxɔse o.

Vɔ̃ɖinyenye ƒe Nuwuwu Gogo

Nu nyui geɖe le Yehowa Ðasefowo si tso Biblia me be woagblɔ na amesiawo—tso kalpa vinasha, vɔ̃ɖinyenye si ƒe nuwuwu tu aƒe alea gbegbe la ŋuti. Biblia ƒe nyagblɔɖi si xɔ ƒe 1,900 le nya sia ŋu la le Timoteo II, 3:1-5, 13. Enye míaƒe mɔnukpɔkpɔ hã be míafia wo be afisi wòle be woadi alesi woawɔ akpɔ ɖeɖe le la menye le Ɣetoɖoƒe alo Ɣedzeƒe subɔsubɔwo me o, ke boŋ abe alesi ta ma ƒe kpukpui 16 kple 17 fia ene la, eyae nye le Yehowa ŋutɔ ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la me.

Buddha-subɔsubɔ ƒe taɖodzinue nye numekɔkɔ didi. Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi Siddhārtha Gautama nadze edidi le eɖokui si gɔme gɔ̃ hã la, woɖe afisi fukpekpewo dzɔ tso, si nye nyateƒe, la me ɖe Biblia me. (Mose I, 3:1-19) Aglãdzedze ɖe se dzɔdzɔe ŋu le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze me teti la metsonuwo menya se o—ehe dɔléle kple ku, si gblẽ nu le amegbetɔwo katã ŋu eye womate ŋu awɔ naneke le eŋu o la vɛ. Biabia siwo ɖea fu na ame la va tame na ame geɖe—abe esi le Xabakuk 1:3 ene be: “Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?” Wɔla nublanuikpɔla la koe ate ŋu aɖo nya siawo ŋu eye wòawɔ ɖoɖo si dzi woato aɖɔ nusi gblẽ la ɖo tegbetegbe. Fifia kura hã nunya si wɔa dɔ si le Eƒe Nya la me la le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu. Eyata Sinhalagbe si nye gbe si wodona wu le dukɔ sia me la sɔsrɔ̃ zu dɔ si metu ŋkumee, elabena ne mese gbe ma la, mate ŋu akpe ɖe ame geɖe siwo tsɔ dzi nyui le numekɔkɔ si ŋu meke ɖo ƒe 37 enye sia dimee la ŋu.

Dɔ bubu gadze ŋgɔm. Esi wole alɔdzedɔwɔƒe yeye kple Sri Lanka gbewo gɔmeɖeƒe tum la, ehiã be woana hehe ame bubuwo kpee. Mele alesi wozãa kɔmpiutawoe srɔ̃m vivivi le ɣeyiɣi si me mele kpekpem ɖe alɔdzedɔwɔƒea ƒe Akɔntabuƒea ŋu.

Ƒe 33 siwo me metsɔ nye ɣeyiɣiwo katã subɔ Yehowae la le kpuie ŋutɔ ne metsɔe sɔ kple ɣeyiɣi si matsɔ asubɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Ame geɖe va kpe ɖe ŋunye le Yehowa subɔsubɔ me le ƒe siwo va yi me; wo dometɔ ɖekae nye amekola bibi si wɔ ɖoɖo be Colombotɔwo naxɔm ɖe kɔdzi eye wòwɔ ɖoɖo ɖe alesi woakom hã ŋu. Fifia eya hã zu mía nɔvi Yehowa Ðasefo adzɔgbeɖela.

Yehowa kple eƒe ƒome si nye esubɔla siwo le anyigba dzi la lé be nam ŋutɔ. Mekpɔ be eƒe ametakpɔkpɔ le dzinye eye eƒe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ la na Henry le eƒe susu me. Yehowa koe ate ŋu afɔ nye lɔlɔ̃tɔ la tso yɔme nam, eye wòana magado gbe nɛ ake, agblɔ nuteƒekpɔkpɔ ʋãme siwo míaƒe dzidzimea kpɔ kple alesi Yehowa kpe ɖe mía ŋu be míeto wo mee la nɛ.—Abe alesi Annama Abraham gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Annama Abraham kple srɔ̃a Henry

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Annama le ɖase ɖim na tiigbledelawo le tiigble aɖe me le Sri Lanka

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe