Menye Akunyawɔlawo alo Mawuwoe Míenye O
ABE ALESI MERCY UWASI GBLƆE ENE, NIGERIA
NYE vevesesea dze egɔme le Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe ŋdɔ dzatsɛ aɖe le March 1992 me. Mía kple ƒomea míeyi agbeli ku ge le agble. Esi míeɖo afima la, dɔme va nɔ ɖuyem vevie. Kaka míaɖo aƒeme la, vevesesea va zu abe dzoe nɔ meyem ene. Menɔ nu ɖem; gbɔgbɔ zu dɔ nam. Togbɔ be vevesesea na tsitretsitsi kple azɔlizɔzɔ sesẽ nam hã la, danye dze agbagba kɔm de taksi eye wòkɔm yi kɔdzi si tsɔ ɖe afima enumake.
Edzɔ be ɖɔkta si meɖi ɖase na kpɔ le Biblia me mɔkpɔkpɔa ŋuti lae nɔ dɔ wɔm le kɔa dzi gbemagbe. Ðɔkta la te nye ƒodo kpɔ; ekpɔ be ete. Ebia nenye be ʋu le dodom le ŋunye, eye danye ɖo eŋu be ẽ, mele asi ɖom anyi.
Ðɔkta la gblɔ be: “Viwòa fɔ fu ɣleti atɔ̃e nye sia. Nusita ʋu le dodom le eŋue nye be etee kpɔ be yeage fua.”
Danye xee ɖe enu be: “Kpao, Ðɔkta! Nyɔnuvi sia mele nenema o.”
“Gagblɔ nya ma o. Nyɔnuviwo ɖe wole wo dzilawo blem fifia. Efɔ fu.”
Meƒo nu azɔ. Megblɔ be Yehowa Ðasefoe menye eye Kristotɔwo ƒemee wonyim le, be nye dzitsinya si wohe kple Biblia la maɖe mɔ nam manɔ agbe gbegblẽ o.
Ðɔkta la ɖo eŋu na danye be: “Aƒenɔ, mina míaɖe asi le mawusubɔsubɔnya ŋu ne míagblɔ nya ŋutɔ. Mebe nyɔnuvi sia fɔ fu ɣleti atɔ̃e nye sia.”
Danye gblɔ nam be: “Tso mídzo. Míayi kɔ bubu dzi.” Esi míedo le xɔa me la, menɔ anyi ɖe sɔgbea dzi henɔ avi fam elabena vevesesea glo. Danye kɔm yi aƒeme enumake va gblɔ nya si ɖɔktaa gblɔ la na fofonye.
Wotso nya me be yewoakplɔm yi kɔ gã dzi, afisi mɔ̃ yeyewo le eye wonaa atikewɔwɔ ŋuti hehe amewo le. Medo gbe ɖa na Yehowa le mɔa dzi be wòaɖem bene amewo mava nɔ gbɔgblɔm be fue mefɔ eyata meku atsɔ anɔ fewu ɖum le eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu o. Megblɔ be ne meku eye Yehowa Ðasefowo va gbeƒã ɖe ge na ɖɔkta sia la, agblɔ be: ‘Menye mia dometɔ ɖekae fɔ fu va afisia kpɔ oa?’ Medo gbe ɖa hã be mate ŋu atrɔ ayi ɖɔkta ma gbɔ agava ɖi ɖase nɛ.
“Ðetugbi Nɔaƒee He!”
Nya ma ke si míehe le kɔ gbãtɔ dzi la gado mo ɖa ake le kɔ gã la hã dzi; ɖɔkta la bu be mefɔ fu. Vevesesea nu sẽ. Menɔ avi dzi. Ðɔkta ɖeka blu ɖe tanye be: “Alea koe mi nyɔnuviwo miewɔna. Ne miefɔ fu ko ke miedze ɣlidodo gɔme.”
Ðɔktawo dom kpɔ. Le ɣeyiɣi ma me la, wonɔ nyawo biamem taŋtaŋ. “Eɖe srɔ̃a?”
Meɖo eŋu be: “Ao.”
“Ƒe nenie nèxɔ?”
“Ƒe wuienyi.”
“Ahiãvi nenie le asiwò?”
“Ðeke mele asinye o.”
Enumake ɖɔktawo ƒe tatɔ dze bublu gɔme, “Èbe nuka? Ðe nèle gbɔgblɔm nam be yexɔ ƒe 18 evɔ ahiãvi mele ye si oa?” Megaɖe nye Kristotɔ ƒe tenɔnɔ me abe alesi mewɔ le kɔ gbãtɔ dzi ene. Ebiam azɔ be Yehowa Ðasefoe menyea. Meɖo eŋu be ẽ. Megabia nya aɖekem azɔ o.
Dodokpɔa fia be nyemefɔ fu o. Danye see ɖɔkta ɖeka gblɔ na etɔwo be: “Ðetugbi nɔaƒee he!” Ðɔktawo ɖe kuku be: “Migabu fɔ mí be míesusui nenema o. Míekpɔa nusia teƒe gbesiagbe le nyɔnuviwo ŋu.” Gake nye dodokpɔwo ƒe gɔmedzedze koe nye sia.
‘Míado Ʋu na Wò’
Wodom kpɔ kpɔe be nane te nye azika ɖeka me. Elolo abe aŋuti ene. Ehiã be woakom.
Nyemelala kura o, megblɔ na wo be togbɔ be malɔ̃ woawɔ atike bubuwo nam hã la, nyemado ʋu ya o. Wote tɔ ɖe edzi be ele be madoe kokoko.
Ðɔkta viawo dometɔ ɖeka nyrã ɖe dzinye be: “Nya sia koe mia dometɔ ɖeka gblɔ va yi. Gake esi dɔa nyrã nɛ la, ɖeko wòlɔ̃ doe.”
Meɖo eŋu nɛ be: “Tɔnye le vo elabena ne mebe ẽ ko la, ẽ, eye ne mebe ao ko la, ao. Nyemadzudzɔ nuteƒewɔwɔ gbeɖe o.”
Emegbe ɖɔkta etɔ̃ va gbɔnye eye wodi be yewoanya nye tenɔnɔ le ʋudodo ŋu. Meɖe eme na wo be Biblia gblɔ be ele be Kristotɔwo ‘natsri . . . ʋu.’—Dɔwɔwɔwo 15:20.
Wogblɔ bɔkɔɔ be: “Gake menye numee ànoe to o ɖe. Ka mee woadoe ɖo na wòe.”
Megblɔ be numee woanoe to alo ka mee woadoe to o, ɖeko wosɔ.
Amekolawo ƒe tatɔ dom kpɔ le Memleɖa, March 14 lia dzi esi vevesesea dze egɔme kwasiɖa ɖeka megbe. Woɖoe be woawɔ dɔ nam. Ɣemaɣi nutetea va ɖo akɔta nam.
Ebiam be, “Wona nènya be ele be nàdo ʋua?”
Meɖo eŋu be: “Ẽ, ɖɔkta, wogblɔe nam, gake nyemadoe o.”
Eyi nuƒoa dzi be: “Magblɔe na wò lo. Àdoe kokoko. Ne medoe o la, àku. Ne meva Dzoɖagbe eye ʋu meli woado na wò o la, nyemawɔ dɔ na wò o. Ne mèdo ʋu o la, nyemawɔ dɔ na wò o.”
Ekpɔ agbalẽ aɖe le axanye eye wòbia be, “Wò Bibliae nye ma?” Megblɔ be ao; nye agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ye.a Egblɔ be matsɔ agbalẽa do gbe ɖae ne magaku o. Meɖe eme nɛ be míexlẽa míaƒe gbedodoɖawo tso agbalẽ me o. Dzimee míedoa gbe ɖa na Yehowa tsoe ne míeɖo xaxa me.
Le ŋkeke eve siwo kplɔe ɖo me la, ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔlawo nɔa gbɔnye vam nɔ eƒom ɖe nunye be malɔ̃ ado ʋua. Wogblɔ nam be nyemetsi aku o. Wogblɔ be: “Do ʋu ne nànɔ agbe, èsia!”
“Yehowa Li Kplim”
Le xaxaɣi siawo me la, mexlẽ Psalmo 118 si ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Meyɔ Yehowa le xaxa me, Yehowa tɔ nam hetsɔm ɖo teƒe keke. Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?”—Psalmo 118:5, 6.
Esi mede ŋugble le kpukpui siawo ŋu la, nye xɔse ɖe Yehowa me sẽ ŋu ɖe edzi. Dzinyelawo va kɔa dzi ŋdi ma. Metsɔ psalmo ma fia wo eye ŋusẽ ɖo woawo hã ƒe xɔse ŋu.
Menye ɖeko Dada kple Papa wode nyametsotso si mewɔ be nyemado ʋu o la dzi o, ke wonɔ gbe hã dom ɖa ɖe tanye le ɣeyiɣi ma ke me. Míaƒe hamea me tɔwo nɔ gbedodoɖa dzi eye wotsɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo nɔ dzi dem ƒo nam.
“Menye Akunyawɔlawo Míenye O”
Le Dzoɖa, March 16 lia dzi, ŋdi si me woɖoe be woawɔ dɔ nam la, ɖɔkta ɖeka va gbɔnye eye wòkpɔ “Medical Directive card” (enye Ʋumadomadogbalẽvi aɖe) si ɖe nye tenɔnɔ le ʋudonyawo ŋu me la le asinye. Egblɔ be: “Nukae nye ma le asiwò? Ke nya ŋutɔ gblɔm nèlea?”
“Ẽ, nyemado ʋu o.”
Egblɔ be: “Enyo, ke efia be míawɔ dɔa hã na wò o. Amekonya la tɔ.”
Emegbe ɖɔkta la ƒo ka na danye tso xɔnye me. Egblɔ nɛ be: “Etsi atso nya me na eɖokui. Nyemate ŋu atso nya me nɛ o. Ebe yeƒe dzitsinya si yetsɔ Biblia hee la maɖe mɔ na ye yeado ʋu o.”
Azɔ etsɔ nye nuŋlɔɖi ƒu gbe ɖe kplɔ̃a dzi hedo le xɔa me. Exɔ gaƒoƒo atɔ̃ sɔŋ míegase nya aɖeke o. Vevesesea wu gbɔgblɔ eye nyemete ŋu maɖu nu o. Kɔdzi bubu aɖeke hã mele nuto ma me o.
Nukutɔe la, wotsɔ keke va kɔnye ge ayi amekoƒeae. Melé nye Ʋumadomadogbalẽvia ɖe asi sesĩe. Esi míeyina amekoxɔa me la, mekpɔ wotsɔ amekonuwo kple ʋutukpawo ɖe asi. Medze avifafa gɔme hehehe henɔ gbɔgblɔm be nyemado ʋu o. Dɔnɔdzikpɔla ɖeka gblɔ nam be matsɔ agbalẽvia ƒu gbe. Egblɔ be nyemate ŋu atsɔe ayi amekoƒeae o. Megblɔ be nyemage ɖe xɔa me agbalẽvia manɔmee o eye be medi be matsɔe fia amekolawo ƒe tatɔ. Dɔnɔdzikpɔla la ʋli agbalẽvia le asinye hetsɔe yi amekoƒeae va tsɔe fia amekolawo ƒe tatɔa. Enumake amekolawo ƒe tatɔ kple ɖɔkta atɔ̃ bubu siwo le woƒe amekowuwo me la do va afisi mele.
Amekolawo ƒe tatɔa bi dzi ŋutɔ. Eyɔ danye eye wòfia asi nye ƒodo hegblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, Aƒenɔ. Míenya nusi ŋu míake ɖo le eƒe dɔme o. Ne eva hiã be míalã ka geɖe la, ʋu ado le eŋu sɔgbɔ. Èdi be ʋu nado le eŋu wòakua?”
Danye ɖo eŋu nɛ be: “Ðɔkta, Menya be Yehowa anɔ kplii. Eye anɔ kple miawo hã. Miwɔ nusi miate ŋui ko ne miagblẽ mamlea ɖe Yehowa si me.”
Ðɔkta la gblɔ azɔ be: “Menye akunyawɔlawo alo ʋetikewɔlawo míenye o. Nusi míesrɔ̃ ŋudɔe míewɔna. Nyemate ŋu akoe ʋu manɔmee o.”
Danye gaƒo koko nɛ be wòawɔ etɔ sinua ko. Eva lɔ̃ azɔ be yeawɔ dɔa ʋu manɔmee. Ebiam be ɖe mele vɔvɔ̃m hã. Meɖo eŋu be: “Nyemele vɔvɔ̃m na ku o. Menya be Yehowa li kplim.”
“Subɔ Wò Mawu la Ðaa”
Wowɔ dɔa nam le gaƒoƒo ɖeka me. Wokom eye woɖe nutetea bɔbɔe, dɔwɔlawo ƒe nu koe ku.
Emegbe ɖɔkta ɖeka gblɔ na Danye be ɖɔkta viawo ɖo dze le nye nya la ŋu le woƒe xɔwo me le zã me. Fifia ne nye alo Danye míeyi kɔ ma dzi la, woléa be na mí nyuie.
Esi wowɔ dɔ nam ŋkeke eve megbe la, amekola la va gbɔnye le xɔ me hebia nye dɔdɔ ta, eye wògblɔ be: “Ele be nàyi edzi asubɔ wò Mawu la ɖaa. Ekpe ɖe ŋuwò nyateƒe.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.