INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 7/8 axa 18-19
  • Medze Ŋgɔ Atikewɔnya Vevi Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Medze Ŋgɔ Atikewɔnya Vevi Aɖe
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzitsinya ƒe Nya Aɖe
  • Dɔdada Dzidzedzetɔe Ʋumadomadoe
  • Tɔtrɔ ɖe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Ŋu
  • Ɣeyiɣi Siwo me Agbenɔnɔ Menɔa Bɔbɔe O
    Nyɔ!—1994
  • Menye Akunyawɔlawo alo Mawuwoe Míenye O
    Nyɔ!—1994
  • Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
    Nyɔ!: Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
  • Wotsɔ Dɔdada Ʋumadomadoe Ðee tso Kudo Nu
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 7/8 axa 18-19

Medze Ŋgɔ Atikewɔnya Vevi Aɖe

“MATO nyateƒe na wò; ƒoƒoe vɔ̃ɖi aɖe te wò. Ne míeɖee ɖa kaba o la, agblẽ nu le lãmenu vevi bubuwo hã ŋu. Ema tae megblɔ be woalã afɔ na wò ɖo.”

Abe alesi míegblɔna le Peru afisia ene la, ɖɔkta la ƒe nyawo na nye lãme fa abe tsi fafɛ tɔkpo ɖekae wokɔ ɖe dzinye ene. Ƒe 21 ko mexɔ ɣemaɣi. Ɣleti ɖeka do ŋgɔ la, nye miameklo nɔ veyem sesĩe eye wowɔ ŋuɖuitike nam. Gake le ŋkeke ʋee aɖewo me la, nyemegate ŋu tɔna ɖe afɔnu gɔ̃ hã o.

Menye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla le Andes le titina Peru ɣemaɣi. Esi megbɔ va aƒe le Huancayo megbe la, danye kplɔm yi Lima-dugã me le ƒuta. Le July 22, 1994 dzi la, meyi cancer dɔdaƒe nyuitɔ kekeake si le dukɔa me, afimae meva nya le be nye dɔlélea ŋkɔe nye osteosarcoma.

Dzitsinya ƒe Nya Aɖe

Wogblɔ nam emegbe kpuie be womewɔa dɔ na ame le kɔadzi ʋumadomadoe o. Ðɔkta ɖeka gɔ̃ hã gblɔ be: “Madi be nàku ɖe aƒeme tsɔ wu be nàva ku ɖe asinyeme.” Gake mía gbɔ Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmiti (HLC), si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si na kɔdzi kple dɔnɔwo wɔa ɖeka la xɔ nyaa ɖe nunye. Esia wɔe be amekolawo ƒe tatɔ si le kɔadzi ɖe mɔ na ɖɔkta siwo le eƒe amekoha me be wo dometɔ ɖesiaɖe si lɔ̃ be yeaxɔ nyaa aƒu akɔ la ate ŋu awɔ dɔ nam faa. Ðɔkta ɖeka lɔ̃ eye enumake wodzram ɖo be woawɔ dɔ nam.

Ame geɖe va srãm kpɔ hafi wowɔ dɔ nam. Osɔfo aɖe hã lé Biblia ɖe asi va be Mawue tsɔ dɔléle sia le to hem nam. Eƒoe ɖe nunye be malɔ̃ woawɔ atike ɖesiaɖe si axɔm ɖe agbe la nam. Megblɔ nɛ be meɖoe kplikpaa be mawɔ se si Biblia de be ‘míatsri ʋu’ la dzi.—Dɔwɔwɔwo 15:19, 20, 28, 29.

Dɔnɔdzikpɔlawo hã va bluna be: “Edzɔ movi loo, edzɔ movi loo!” Ðɔktawo hã nɔa ha me vana. Wodi be yewoakpɔ ɖekakpui si gbe be yemado ʋu o le amekoko si wobu be ehiã na ʋudodo kokoko la ɖa. Gake hati Kristotɔwo kple ƒometɔwo ƒe sasrãkpɔwoe nɔ vevie nam wu. Dzideƒoname ƒe sasrãkpɔ gbogbo siawo wɔ dɔ ɖe dɔnɔdzikpɔlawo dzi vevie.

Dɔdada Dzidzedzetɔe Ʋumadomadoe

Esi wòsusɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko ne woadem alɔ̃ me la, mese amedealɔ̃mela ɖeka gblɔ be: “Ne nane dzɔ la, menye nyee wɔe o he!” Gake amedealɔ̃mela evelia, kpakple amekola la, kple kɔdzimegãwo wɔ nye didi be nyemado ʋu o dzi. Nusi megase emegbe koe nye be amedealɔ̃mela ɖeka nɔ gbɔgblɔm be: “Samuel, nyɔ. Míewɔ dɔ na wò vɔ.”

Togbɔ be wolã nye afɔ ɖeka ɖa kura hã la, teƒea nɔ veyem vevie. Medi be malili asi nye afɔ ŋu ne vevesesea nu nafa vie, gake le nyateƒe me la, megali o. Nane nɔ wɔyem vevie si woyɔna be yeaɖi vevesese. Togbɔ be wolã afɔ si me ewɔ abe vevesesea tso ene ɖa hã la, meganɔ veve sem vevie.

Azɔ woɖoe be woawɔ atike nam. Nusi atike sia gblẽna le ame ŋue nye be ena ʋumenugbagbevi dzĩwo kple ɣiawo kpakple ʋumenu siwo blaa ʋu vɔna. Efia be ele be woagblɔe na ɖɔktawo ƒe hatsotso bubu be megbe be nyemado ʋu o. HLC la gadzro nu me kple ameawo eye ɖɔktawo lɔ̃ be yewoawɔ atikea nam ʋumadomadoe.

Nusiwo atike sia gblẽna kplɔe ɖo—ɖawo nyɔ le ta nam eye dzigbɔtɔame, xeɖeɖe, kple blanuiléle ɖe fu nam. Wogblɔ nam hã be mele afɔku me zi 35 le alafa me be ʋu naɖuɖu ɖe nye ahɔhɔ̃ me. Ena mebia ɖɔkta ɖeka be nukae awum—cancer lae loo alo atike la yea.

Emegbe ɖɔktawo gblɔ be ne yewomedo ʋu nam gbã bene ʋua nadzi ɖe edzi o la, yewomagawɔ atikea nam zi evelia o. Ðɔkta ɖeka gblɔ nam kple dziku be ɖe yeate ŋui la, anye ne yeadem alɔ̃ me ado ʋua nam. Megblɔ nɛ be ne ema adzɔ la, ke nyemagawɔ atikea kura o. Nye tenɔnɔ sesĩe dze ɖɔkta la ŋu eye wòɖee gblɔ.

Melɔ̃ be mazã atike si nye erythropoietin be nye ʋu nadzi ɖe edzi. Esi wonam la, nye ʋu sɔgbɔ ɖe edzi. Emegbe wogado atikea nam to lãmeka me ŋkeke geɖe. Memlɔa anyi ɖi nɔa tame bum be, ‘Atikedodo siae ana ʋu naɖuɖu ɖe ahɔhɔ̃ me nama?’ Dzidzɔtɔe la, mewɔ atikeawo katã vɔ eye vɔ̃ aɖeke medzɔ o.

Hafi woawɔ dɔ nam la, kɔadzi ƒe ɖoɖo wònye be womawɔ dɔ na amesiwo gbe ʋudodo o. Gake ɖoɖo sia trɔ. Le nyateƒe me, le gbesigbe tututu wowɔ dɔ nam la, amekola la wɔ dɔ na ame bubu hã ʋumadomadoe, evɔ menye Yehowa Ðasefoe amea nye o! Ðɔkta siwo le kɔ ma dzi le dɔ wɔm kple HLC la ɖekae fifia, eye wolɔ̃ be yewoaxɔ dɔnɔ siwo be woawɔ dɔ na yewo ʋumadomadoe.

Tɔtrɔ ɖe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Ŋu

Wofia Mawu ƒe mɔwom tso nye ɖevime ke. Meka ɖe edzi be eyae kpe ɖe ŋunye melé nye dzixɔse siwo nɔ te ɖe Biblia dzi me ɖe asi le atikewɔnya vevi sia me. Gake etena ɖe dzinye be nyemete ŋu le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔm fifia abe alesi medii ene o. Megblɔ alesi mesena le ɖokuinye me na nyruinye aɖe si nye Kristotɔ hamemegã. Eɖo ŋku edzi nam be nusi apostolo Paulo yɔ be ‘ŋù le lãme’ nɔ eŋu eye be ena mete ŋu subɔ Mawu bliboe abe alesi wòdii ene o. Gake Paulo wɔ nusi wòate ŋui. (Korintotɔwo II, 12:7-10) Nyruinye ƒe nyawo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.

Wode afɔwɔwɔe aɖe nam nyitsɔ laa. Mele mɔ kpɔm be akpe ɖe ŋunye be mawɔ subɔsubɔdɔa geɖe wu na mía Mawu, Yehowa. Edzɔ dzi nam be melé dzitsinya nyui me ɖe asi le atikewɔnya vevi sia me. Meka ɖe edzi be ne meyi edzi wɔ nuteƒe la, Yehowa atsɔ ŋutilã si le lãmesẽ me kple agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi, afisi vevesese kple fukpekpe maganɔ o la, aɖo eteƒe nam.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.—Abe alesi Samuel Vila Ugarte gblɔe ene.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe