Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Nunɔla Ŋutsugbɔdɔlawo
Ƒe aɖewoe nye sia Luther Nyanyuigblɔha si le Hannover, Germania, ƒe nunɔlawo ƒe takpeha ɖe mɔ be ŋutsu siwo dɔna kple wo nɔewo ate ŋu anye nunɔlawo faa ne womeɖo ŋutsu aɖeke ɖi koŋ si gbɔ wodɔna ɣesiaɣi o ko. Gake agbalẽ si nye The Week in Germany gblɔ be esi woxɔ nunɔladɔ le ŋutsugbɔdɔla aɖe si ƒe etɔ̃ kple edzivɔe nye sia la, ehe tɔtɔ gã aɖe vɛ. The Week gblɔ be Hannover-dziɖuɖumegãwo da asi ɖe nya aɖe dzi nyitsɔ laa be “osɔfowo kple woƒe zɔhɛ siwo ‘dɔa wo nɔewo ɖeɖeko gbɔ’ adze be woaxɔ wo ɖe hame kple osɔfodɔ me.”
Ʋu si me AIDS Le Ge Ðe Lãme Na Wo Dzɔgbevɔ̃etɔe
Dɔwɔƒe si kpɔa Lãmesẽ kple Kpekpeɖeŋunanyawo gbɔ le Japan bia tso kɔdziwo si le ŋkeke siawo me be woabu akɔnta le alesi atikewɔlawo dzea afɔku edziedzi le ʋu si me HIV-dɔlékui le zazã me ŋuti. Afɔku siwo dzɔ le ƒe ewo siwo va yi me koŋ ye wodi be yewoanya. The Daily Yomiuri gblɔ be kɔdzi 276 siwo ɖo eŋu la bu akɔnta be “afɔku 12,914 siwo me abi tɔ ame le ye dzɔ eye 2,997 ye nye esiwo me woxɔ ame bubu ƒe ʋu le dzɔgbevɔ̃etɔe.” Esiawo dome alafa ɖeka kple edzivɔ mee woxɔ ʋu si me HIV-dɔlékui le. Wodo amesiwo katã dzi afɔku sia dzɔ ɖo kpɔ be woxɔ HIV, dɔlékui si hea AIDS vɛ la.
Dɔdzẽ—Eva Gblẽa Nu Emegbe
Numekuku si Ŋutigbalẽ kple Dɔdzẽ Habɔbɔ wɔ le Australia ɖee fia be ŋutigbalẽ me dɔdzẽ ye nye dɔdzẽ ƒomevi si bɔ ɖe dukɔ ma me fifia wu. Wobu akɔnta be Australiatɔ siwo ade 1,000 ye ŋutigbalẽ me dɔdzẽ wuna ƒe sia ƒe. Sydney, Australia, ƒe The Daily Telegraph Mirror gblɔ be numekuku ɖee fia be “alesi Australiatɔ geɖe metsɔ ɖeke le eme be woakpɔ wo ɖokui ta be ŋdɔ magaɖu wo fũ o va yi la na dɔdzẽ va le nu gblẽm le wo ŋu vevie fifia.” Amesiwo wum wòle fifia ƒe akpa gãtɔ nye ɖevi siwo ƒu ŋdɔ le ƒe 1960, 1970, kple 1980 ƒeawo me.
Kpekpeɖeŋu na Amesiwo Meyia Alɔ̃ me Kaba O
Harvard Atikesrɔ̃suku me nu- mekulawo ɖo aɖaŋu aɖewo na amesiwo mete ŋu yia alɔ̃ me kaba o. The Harvard Mental Health Letter gblɔ be nuwo ka ɖe eme na dɔnɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si nɔa aba dzi aɖabaƒoƒo 80 hafi yia alɔ̃ me la ŋutɔ. Agbalẽa gblɔ be esi wote aɖaŋuɖoɖoawo kpɔ kwasiɖa geɖe megbe la, “aɖabaƒoƒo wuiasieke pɛ ko wonɔa aba dzi le mamã dedie nu hafi yia alɔ̃ me (edzi ɖe kpɔtɔ zi 75 le alafa me).” Mɔnu siwo wofia ƒe ɖewoe nye: Mèganɔ aba dzi wu gaƒoƒo adre o; mègatsi aba dzi wu gaƒoƒo ɖeka ɖe ɣeyiɣi si nètsɔ dɔa alɔ̃ le mamã dedie nu dzi o; fɔ ɖe ɣeyiɣi si dzi nèfɔna ɖo gbesiagbe le kwasiɖanuwuwuwo hã; alɔ̃ netsɔ wò hafi nàmlɔ anyi; eye ne èmlɔ anyi eye mèyi alɔ̃ me le aɖabaƒoƒo 20 megbe o la, fɔ nànɔ nane si ana nàɖi ɖe eme wɔm vaseɖe esime alɔ̃ nagatsɔ wò.
Ɣletivitoasikewo
The Washington Post ka nya ta be ɣletivitoasikewo ƒe hatsotso kakɛ siwo wu 20, siwo dze le didiƒekpɔmɔ̃ ƒe foto me abe dzonu siwo wotɔ ɖe ka nu ene la yina go do ge kple ɣletinyigba si nye Yupita. Woyɔa ɣletivitoasike siawo siwo dometɔ aɖewo keke kilometa 3 la le ƒuƒoƒo me be Shoemaker-Levy 9. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be ɣletivitoasikeawo tɔ ka ɖe nu esime Yupita ƒe nuheŋusẽ kaka ɣletivitoasike ɖeka si va to egbɔ nyitsɔ laa. Nusi adzɔ le ɣletivitoasike kakɛawo ƒe gododo sia si ƒã hafi wòdzena amegbetɔwo kpɔna me la adze woakpɔ ŋkeke geɖe le July 1994 ƒe nuwuwu lɔƒo. Togbɔ be Yupita ƒe akpa si trɔ megbe de Anyigba lae woado go le hã la, eƒe keklẽ ana Yupita ƒe dzinuwo naklẽ ɖe edzi eye woate ŋu atsɔ didiƒekpɔmɔ̃ akpɔe tso Anyigba.
Ŋutasesẽ le Nyɔnuwo Ŋu
The Globe and Mail gblɔ be nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe ɖee fia be ŋutsuwo sẽ ŋuta le Canada-nyɔnu siwo xɔ ƒe 16 alo esiwo xɔ wu ema dometɔ 51 le alafa me ŋu zi ɖeka ya teti le woƒe tsitsime. Esia fia be nyɔnu siwo wu miliɔn atɔ̃ ŋue wosẽ ŋuta le. Canada ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ sia gblɔ be nyɔnu siwo wobia gbee ƒe afã kloe gblɔ be “yewoƒe ahiãviwo, yewo srɔ̃wo, xɔlɔ̃wo, ƒomea me tɔwo alo ŋutsu bubu siwo yewonya” lae sẽ ŋuta le yewo ŋu. Nyɔnu siwo wobia gbee dometɔ ewo le alafa me ŋue wosẽ ŋuta le le ƒe si va yi ɖeɖe me eye amedzidzedze 1 le 5 ɖesiaɖe me nu sẽ ale gbegbe be ewɔ nuvevi wo. Nyɔnu geɖe gblɔ be yewo srɔ̃wo kple yewoƒe ahiãviwo tu asi yewo, wolé yewo, wohe yewo, woƒo tome na yewo, wotu afɔkpo yewo, woƒo yewo, alo woxlã nu ɖe yewo.
Womegale Numiemie Akpe Geɖe ƒe Agble Dem O
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si kpɔa Nuɖuɖu kple Agblede nyawo gbɔ la gblɔ be: “Amegbetɔ ɖu numiemie ƒomevi akpe geɖe le ŋutinya me gake wo dometɔ si ade 150 ko ƒe agble dem wole fifia, eye wo ame etɔ̃ pɛ ko me wokpɔa calorie kple protein siwo le numiemiewo me la ƒe alafa memamã 60 kloe tsonɛ.” Dukɔwo dome agbledede ŋuti numekuku ɖo kpe nya sia dzi. Gake asitsanu vevitɔ siwo amegbetɔwo nya ŋu koe woku ɖo—mɔli, bli, kple ƒo—eye woŋe aɖaba ƒu numiemie akpe geɖe bubu siwo me nunyiamewo le la dzi.
Womekpɔ Ŋusẽ Ðe Woa Ŋutɔwo ƒe Agbenɔnɔ Dzi Boo O
Togbɔ be wole tɔtrɔm ɖe demokrasidziɖuɖu ŋu le ŋkeke siawo me hã la, anyigbadzinɔlawo dometɔ 90 le alafa me egbea mekpɔ ŋusẽ atso nya me le nusiwo kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi la ŋu o. Aleae Human Development Report 1993 si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ŋgɔyiɖoɖowo ƒe Habɔbɔa ta la ƒo nya tae. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ŋgɔyiɖoɖowo ƒe Habɔbɔ ƒe dɔdzikpɔla tsãtɔ William Draper gblɔ le nya sia ŋu be “dagbadagba be agbe me mɔnukpɔkpɔ—anyigba, tsi, dɔwɔɖui, nɔƒe, kple amehawo subɔsubɔdɔwo—nasu yewo si” kpɔtɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe ame akpa gãtɔ ƒe agbenɔnɔ dzi. Nyatakaka la gblɔ be, “zi geɖe la, ŋusẽ gobi aɖeke menɔa gbe siwo dolawo mesɔ gbɔ o, ame dahewo, kɔƒemetɔwo, nyɔnuwo, kple nuwɔametɔwo si be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ o.”
Kotoku me Video Rosaro
Elektrik-video Rosario si me hadzidzi le eye wòɖea subɔsubɔ ƒe nɔnɔmetata sinimawo la le Italia Katoliko nunɔla aɖe si. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Il Resto del Carlino gblɔ be mɔ̃ sia si zãa battery la “le kpokploe (woate ŋu adee kotoku alo akplo me bɔbɔe).” Ne amewo di be yewoanɔ ʋu kum ahanɔ gbedodoɖawo gblɔm la, “ka tɔxɛ aɖe hã li si woate ŋu atsɔ ade sigaretkpenu si le ʋua me la me.” Dzixɔsetɔ la ate ŋu atia Rosario ƒe akpa si wòdi be yeagblɔ. Le kpɔɖeŋu me, nusi dzi woate asi ɖo ase “Medo Gbe na Wò Maria” ate ŋu akpe ɖe ezãla ŋu wòagblɔ gbedodoɖaa ƒe akpa vovoawo vivivi, eye emenyawo hã dzena le edzi. Il Resto del Carlino gblɔ be: “Ne ɖeɖi te amea ŋu eye mete ŋu wu gbedodoɖaa nu o la, ate ŋu atsi mɔ̃a eye elektrik ƒe ŋkuɖodziŋutete si le mɔ̃a si ana wòagava yi edzi tso afisi wòtɔ ɖo ne egaʋu mɔ̃a.”
Teƒe Fafatɔ Kekeake le Xexeame Katã
Wodzidze yame ƒe nɔnɔme fafatɔ kekeake le xexeame katã nyitsɔ laa be enye dzeside 0.000,000,000,28 le Kelvin ƒe dzoxɔxɔdzidzenu dzi. Nu sue aɖe ko yame ƒe fafa miamiamia sia tsɔ wu afisi dzoxɔxɔ aɖeke kura mele o. Afikae wokpɔ yame ƒe fafa miamiamia sia le? Magazine si nye New Scandinavian Technology gblɔ be eyae nye le anyiehe Europa-dukɔ si nye Finland me. Gake esi wònye Helsinki Mɔ̃ɖaŋusrɔ̃ƒe Yunivɛsiti ƒe Yame ƒe Fafa kple Dzɔdzɔmeŋusẽŋununya ƒe Nudokpɔƒee wokpɔ yame ƒe nɔnɔme fafa sia le ta la, Finlandtɔ akpa gãtɔ menya nu tso nudzɔdzɔ sia ŋu o. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mete ŋu dze agbagba ɖo yame ƒe fafa miamiamia sia si New Scandinavian Technology gblɔ be “enye yame ƒe nɔnɔme si me dzoxɔxɔ aɖeke kura menɔa atɔmwo me o” la gbɔ kpɔ o.
Nukpɔkpɔ to Fesre Nu ƒe Viɖewo
Michigan ƒe Yunivɛsiti si le United States ƒe numekulawo ƒe numekuku aɖe fia be dɔwɔla siwo ƒe dɔwɔƒe le fesre to eye wokpɔa gota la wɔa dɔ nyuie wu. Nukpɔkpɔ to fesre nu mena susu tsaa tsaglãla kokoko abe alesi ame geɖe bunɛ ene o. Magazine si nye Business Week gblɔ be ame 1,200 siwo wobia gbee ɖee fia be “dɔwɔla siwo kpɔa gota ne wole dɔ wɔm la tsɔa dzo ɖe dɔ ŋu wu, nu metia kɔ na wo kabakaba o, wogbɔa dzi ɖi wu, woƒe susu nɔa dɔ ŋu wu, eye dɔléle ʋee aɖewo koe ɖea fu na wo.” Gake dɔwɔla siwo le dɔwɔxɔ suesue siwo ŋu fesre mele o me la, “mete ŋu susua nu ŋu yia ŋgɔ o eye dzi kua wo kabakaba wu” eye woƒe susu mete ŋu nɔa dɔ ŋu o wu.
Fefenu Siwo Wotsɔ Srɔ̃a Nui
Canada ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Globe and Mail de dzesii be: “Fefenu siwo wowɔ be woafia nuwo wɔwɔ ame va dze asi dzi esi dzilawo tsɔ nusiwo nye modzakaɖenuwo ko la le nusiwo axɔ nɔƒe gbãtɔ le etsɔ me la teƒe ɖom.” Egblɔ kpee be dzila aɖewo gɔ̃ hã megaɖea mɔ na wo viwo be woatsɔ fefenu siwo nye “kɔɖinu dzrowo ko anɔ fefemee o. Ke wodi be woasrɔ̃ nane le fefeɣi ɖesiaɖe me boŋ.” Togbɔ be ame geɖe bui be nusia ana ɖeviwo ƒe susu naɖa eye woanya dɔ geɖe wu hã la, eŋuti nunyala aɖewo melɔ̃ ɖe edzi o. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be wokpɔe be fefeɣi vevi siwo ŋu womewɔ ɖoɖo ɖo o xɔxɔ le ɖeviwo si aɖe alesi woa ŋutɔwo nabu tame awɔ nu le wo ɖokui si dzi akpɔtɔ “eye esia mana woasrɔ̃ nu boo o.”
Ƒudzidzodada Le Dzidzim Ðe Edzi
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dukɔwo Dome Ƒudzi Habɔbɔ si le London, si ho aʋa ɖe ƒudzidzodada kple tu tsɔtsɔ fi meli me nuwoe ŋu la ka nya ta be ƒudzidzodada “ƒe dzɔdzɔ kple ŋutasesẽ le meli me dɔwɔlawo ŋu va dzi ɖe edzi ŋutɔ le ŋkeke siawo me.” Togbɔ be Dzieheɣedzeƒe Asia Malacca ƒe Xaxɛƒe ye ƒudzidzodada 400 siwo wogblɔ be wodzɔ ƒe akpa gãtɔ dzɔ le hã la, ƒudzidzodalawo le tsatsam le Afrika ƒe ɣetoɖoƒeƒuta kple Dziehe Amerika ƒe anyieheɣedzeƒeƒuta hã. UN Chronicle magazine gblɔ be ƒudzidzodada “va le xexeame katã ƒe kuxi zum.”