Kuɖiɖisi Gblẽ Nule Dziehe Afrika Dukɔwo Me
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE AFRIKA GBƆ
AME geɖe gblɔ be eyae nye kuɖiɖi vɔ̃ɖitɔ kekeake le ƒe alafa sia me. Ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be eyae nye vɔ̃ɖitɔ wu le dziehe Afrika-dukɔwo ƒe ŋutinya me. Ku sia si ɖi ƒe eve le dziehe Afrika-dukɔwo me la gblẽ afɔku aɖe ɖe megbe. Dziehe Afrika ƒe kpekpeɖeŋunaha si nye Dɔwuamenutsiha ƒe tatɔ gblɔ be: “Enu sẽ ŋutɔ, enu sẽ sã wu alesi míebu be anɔ. Mɔ siwo míezɔ la nye mɔzɔzɔ siwo kplɔ mí va ke ɖe blanuiléle, amegbetɔ ƒe fukpekpe kple hiãkame siwo ŋu míebu tsã o la ŋu.”
Kɔƒea me agbledela aɖe gblɔ mɔkpɔkpɔbuɖeametɔe be: “Mate ŋu ado nuku aɖeke o. Anyigba la ku.” Le teƒe aɖewo la, kɔƒea me tɔ siwo dɔ nɔ wuwum la ɖu ba alo ati gãwo ƒe kewo. Ameawo ƒe nuhiahiãwo wu tsɔtsɔ na kpekpeɖeŋunahawo. The Guardian Weekly gblɔ be, “dziehe Afrika-dukɔwo ƒe nukuwo ƒe akpa gãtɔ tsrɔ̃ wu esiwo tsrɔ̃ le Ethiopia kple Sudan le ku gã si ɖi le ƒe 1985 me.”
Kuɖiɖia na dɔ wu amesiwo ade miliɔn 18 la kutɔkutɔe. Esiae nye nɔnɔme sesẽtɔ wu le Angola ƒe ŋutinya me. Wobu akɔnta be nyi ɖekaɖeka miliɔn ɖeka ye ku, eye anye nukuwo ƒe memamã 60 le alafa me ye tsrɔ̃ le ƒe ɖeka me. Womete ŋu ɖo amesiwo ŋu wògblẽ nu le wu la gbɔ va na kpekpeɖeŋu wo o. Kaka August 1992 naɖo la, Zambia ƒe nukuwo ƒe akpa eve le etɔ̃ me tsrɔ̃ keŋkeŋ, eye wobui be ehiã be woadɔ bli tɔn miliɔn ɖeka. Dɔ wu amesiwo ade miliɔn 1.7 la ɖi tsi ɖe wo ŋu.
Le Zimbabwe si woyɔ kpɔ be dziehe Afrika-dukɔwo ƒe abolokusi me la, ame miliɔn ene ye hiã na nuɖuɖu—wode dukɔa me tɔwo ƒe afã kloe. Sukunufiala aɖe gblɔ le nuto ɖeka me be: “Tsi vi aɖe koe li eye ƒã hafi nuɖuɖu aɖe tsia anyi. Gbe kui ɖeka hã mesusɔ ɖe anyigba la dzi o.”
Le kɔƒe aɖewo me la, amewo lia ati va gbea aŋgbawo ɖana ɖuna. Eva hiã be dziɖuɖua naɖe nuɖuɖu si wònana amesiame ɣleti ɖesiaɖe la dzi akpɔtɔ tso kilogram 15 va kilogram 5. Kariba-ta gã si woɖe la mie wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe, eye wode tsise le Bulawayo.
Wowu lã akpe geɖe siwo le aveɖoɖiwo me le Zimbabwe elabena tsi mesɔ gbɔ ade na wo o. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: “Xevi kukuwo ge tso ati lébowo dzi, klowo, dawo, afi viwo, kple nu dzodzoewo bu keŋkeŋ.”
Mozambique le dukɔ siwo ŋu kuɖiɖia gblẽ nu le wu dome. Dutae dukɔa xɔa eƒe nuɖuɖu ƒe akpa 80 le alafa me tsonɛ, eye wobu akɔnta aɖe be dɔ wu ame miliɔn 3.2 kutɔkutɔe. Sitsoƒedilawo lɔ kɔ ɖe Malawi, Dziehe Africa, Swaziland, kple Zimbabwe dzi bibibi. Gake esi kuɖiɖia nu va le yiyim le ŋkeke siawo me la, sitsoƒedila geɖe trɔ dzo.
Zi geɖe la, dugãmenɔlawo menyaa alesi kuɖiɖi gblẽa nu le kɔƒemetɔwo ŋu o. Amegã aɖe si nɔ nuɖuɖumãnyawo nu gblɔ be: “Edze abe nusiwo kuɖiɖia gblẽ mele nyanya na dugãmenɔla siwo si le nuɖuɖu kple tsi ƒe veve vevie nu ƒe akpa gãtɔ o ene.”
Togbɔ be tsidzadza na gbɔdzɔe amewo vie le teƒe geɖe hã la, Mozambique, Swaziland, kple Dziehe Africa ƒe akpa ɖewo gahiã tsidzadza geɖe kokoko. Ðikeke mele eme o be woase nusiwo kuɖiɖia gblẽ la ŋkɔ le ƒe geɖe siwo gbɔna me.
Eyata edze ƒã be tsimadzamadzae nye nusiwo hea kuɖiɖi vɛ dometɔ ɖeka. Gake kuxi bubuwo hã nana wosẽna ɖe edzi eye ehiã be míade ŋugble le wo ŋu.
Kuxi Bubuwo
Dunyahehe ƒe kemalimali na kuɖiɖi gagblẽa nu geɖe ɖe edzi le Afrika. Dukɔ siwo me nuɖuɖu ve le wue nye esiwo me kemalimali siawo tɔgbe le. Kpɔɖeŋu aɖewoe nye Angola, Ethiopia, Mozambique, kple Somalia. Aʋawɔwɔ na agbledede tɔ eye wòzi agbledela geɖe dzi wosi hegblẽ woƒe agblewo ɖi.
Kuxi bubu si ŋu nya ku ɖo le kuɖiɖi mee nye amegbetɔ ƒe ɖiƒoƒo yame kple nusi ame aɖewo gblɔ be eyae na xexeame katã le dzo xɔm. Amewo ƒe agbɔsɔsɔ hã nye nu bubu. Amewo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe sia ƒe le mamã dedie nu le Afrika enye ame 3 le alafa ɖesiaɖe me, enye esiwo sɔ gbɔ wu le xexeame la dometɔ ɖeka. Be woate ŋu anyi ame geɖe siwo dzim wole la, agbledelawo ŋlɔa anyigba siwo menyo na agbledede o eye womegblẽa anyigba la ɖi be wòaganyo le eɖokui si o.
Hekpe ɖe eŋu la, wole avewo tsrɔ̃m, vevietɔ be woagakeke agblewo ɖe enu. Le magazine si nye African Insight ƒe nya nu la, Ethiopia ƒe akpa 20 le alafa me nye ave le ƒe 20 siwo va yi me; gake eƒe akpa 2 le alafa me koe ganye ave fifia. Nunyala aɖewo gblɔ be le yamenutomekuxi siwo katã le anyigba gblẽm dome la, avewo ƒoƒoe vɔ̃ɖi wu. Egblẽa nu le tsidzadza ŋu, eye wònana tsi kplɔa ke le anyigba dzi, hekekea dzogbewo ɖe enu.
Afrika-dziɖuɖu aɖewo ɖe nuɖuɖu kple lãwo ƒe asi dzi bene yewoƒe nu nadze dugãmenɔla siwo ƒlea wo la ŋu. Esia ɖea dzi le agbledelawo ƒo, eye womete ŋu dea agble wòɖea vi na wo o. Zimbabwe-dziɖuɖua tso ɖe eŋu da ɖe bli ƒe asi dzi alafa memamã 64 be wòado ŋusẽ agbledelawo ne woado nuku geɖe.
Nukae Nye Egbɔkpɔnu?
Susu geɖe le eŋutinunyalawo si. Gake woɖoa aɖaŋu na Afrika-dukɔwo ɣeaɖewoɣi be woatrɔ ɖe Ɣedzeƒetɔwo ƒe agbledemɔnuwo ŋu, gake mesɔ na Afrika-nyigba o.
Egbɔkpɔnu siwo ate ŋu awɔ dɔ la hiã kpata. Afrika-dziɖuɖumegã aɖe si le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si kpɔa Afrika ƒe Ganyawo gbɔ me la gblɔ be: “Le ganyawo ƒe nɔnɔme siwo katã míekpɔ vaseɖe fifia nu la, Afrika maganɔ ʋe si me wòle fifia me le ƒe 2000 me o. Ʋe goglo doblukɔ aɖe gɔme ke nɔ ge wòala.”
Nudidi aɖe si dze ƒãe nye dunyahenyawo ƒe kelili kple nuvlowɔwɔ kple aʋawɔwɔ ɖeɖeɖa. Dukɔ siwo do liƒo kple wo nɔewo ƒe ɖekawɔwɔ hã le vevie.
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si kpɔa Nuɖuɖu- kple Agbledenyawo gbɔ la gblɔ be, ŋutete le Afrika ŋu be wòanyi emenɔla siwo li fifia ƒe teƒe etɔ̃. Gake eƒe agbledede le to yim ƒe geɖe enye sia, eye alesi wole dzidzim fifia la ana woate ŋu asɔ gbɔ ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe 30 me.
Ðikeke mele eme o be nuɖuɖu siwo tso duta na dɔ mewu ame geɖe woku o. Gake menye kpekpeɖeŋu sia nana edziedzie nye egbɔkpɔnu o, eye egblẽa nu hã, le susu sia nu be eɖea dzi le wo gbɔ agbledelawo ƒo ɖe agbledede ŋu. Agbledela siawo mete ŋu dzraa woƒe nukuwo ɖe asi nyui dzi o, eye zi geɖe la, dutanuɖuɖuwo va vivia amewo nu wu eye wo gbɔ tɔwo megadzɔa dzi na wo o.
Nuka Wɔm Wole?
Agbagba si dzem ame geɖe siwo di vevie be yewoakpe ɖe Afrikatɔwo ŋu le la dze na kafukafu. Agbagbadzedze siawo ɖe vi le teƒe aɖewo. Le Zimbabwe la, dukɔwo dome numekuha aɖe fɔ mɔnu aɖe be woado ati siwo tsina nyuie kabakaba wu la ɖe anyigba ƒuƒuwo dzi. Tameɖoɖoae nye be woado ati siawo zã be woakpɔ dzodonyawo gbɔ, elabena nakee ame 80 le alafa me tsɔ doa dzo ɖaa nui.
Wode dzi ƒo na agbledelawo le Charinge-kɔƒe me le Masvingo, Zimbabwe, afisi ku ɖi le vevie be woazã kpewo atsɔ ade fafa anyigba na woƒe nukuwo kple ati tsekuwo. Esia wɔe be womehiã tsi fũ o, eye nukuawo tsi nyuie. Agbledelaawo te ŋu dzra nuɖuɖu gɔ̃ hã na ame bubu siwo hiã tu.
Asitsaha gã aɖe si le Dziehe Afrika la trɔ asi le woƒe mɔ̃ si tsɔa tomeka wɔa mɔ̃memii la ŋu ale be woagate ŋu azã tsi siwo wozã la katã kloe ne wotrɔ asi le eŋu nyuie megbe. Togbɔ be tsi si mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo zã gbugbɔgawɔ dzadzɛe xɔ asi hã la, Dziehe Afrika ɖoe be mlɔeba la, woagawɔ tsi siwo mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo zãna le afima la ƒe 70 le alafa me dzadzɛe ake.
Woto ayi ƒomevi si woyɔna be soybeans va Luanshya, Zambia, be wòanye nuɖuɖu bubu si me nunyiame le. Kpekpeɖeŋunala aɖe gblɔ be: “March kple June mee nunyuimakpɔɖu wua ame le wu ne wo gbɔ nuɖuɖu vevitɔwo vɔ. Gake April mee woxaa soya eye ete ŋu nɔa ava dzi didi wu woƒe nuɖuɖu veviwo abe bli kple ƒo ene.”
Aleke gbegbe agbagbadzedze siawo be woaɖu kuɖiɖi kple nuɖuɖu ƒe veve nyawo dzi nyoe o, amegbetɔ mete ŋu tsɔ eƒe mɔ̃ɖaŋu kple ŋgɔyiyi ɖe kuɖiɖi ɖa le Afrika kpɔ o. Ame Ðeka koe nya kuxi siawo eye egblɔ egbɔkpɔnu ŋu nya ɖi gbaɖegbe ke. Le Yehowa Mawu ƒe Fiaɖuƒea te to Yesu Kristo si nye Fia si wòtia dzi la, nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo ava eme ŋutɔŋutɔ le xexeame godoo kpuie be: “Tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba. Bleziblezi azu tá, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe; amegãxiwo nɔƒe, afisi wotsyɔa akɔ ɖo la, azu aƒla kple avàwo teƒe.”—Yesaya 35:6, 7.
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Kɔƒemetɔwo kple lãwo nɔ tsi vi si susɔ ɖe tɔbawo me ham
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
The Star, Johannesburg. S.A.