INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 11/8 axa 25-27
  • Ne Tsia Gbe Dzadza

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Tsia Gbe Dzadza
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hati Ðasefowo Na Kpekpeɖeŋu Lɔlɔ̃tɔe
  • Dzidzɔkpɔkpɔ le Kpekpeɖeŋu Nana Kple Exɔxɔ Me
  • Egbɔkpɔnu si Anɔ Anyi Ðaa
  • Kuɖiɖisi Gblẽ Nule Dziehe Afrika Dukɔwo Me
    Nyɔ!—1994
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ale Si Nuɖuɖu Le Vevem Egbea Ŋu?
    Nyati Bubuwo
  • Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu Eye Nàtsɔ Ðe Le Eme Na Ame Dahewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Kristotɔnyenye Ðeɖefia le Zitɔtɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Nyɔ!—1999
g99 11/8 axa 25-27

Ne Tsia Gbe Dzadza

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE BRAZIL GBƆ

KUÐIÐI sesẽ aɖe gblẽ nu le Brazil ƒe dzieheɣetoɖoƒe nutoa ƒe akpa gã aɖe ŋu vevie le ƒe si va yi me. Veja magazine gblɔ be dukɔa ƒe dzieheɣetoɖoƒe nutoa me nɔla akpe alafa geɖe ‘kpe fu le kuɖiɖi si me.’ Kuɖiɖia na agblemenuku siwo nye mɔli, ayi, kple bli fiã, si na dɔ gã aɖe to​—si nye vɔ̃ɖitɔ kekeake le ƒe 15 me. Le teƒe aɖewo la, tsi nyui si ameawo nano nɔ vevem.

Menye numadzɔkpɔe kuɖiɖi nye na Braziltɔwo o. Le dukɔa ƒe kuɖiɖi vɔ̃ɖitɔ kekeake, si dzɔ le ƒe 1877 me la, dɔ wu wo dometɔ siwo ade 500,000 woku. Le ɣemaɣi la, Dom Pedro II, si nye Brazil-fiagã, ka atam be yeadi kuɖiɖia gbɔ kpɔnu ne abia be yeadzra kpe xɔasi siwo katã le yeƒe fiakuku ŋu gɔ̃ hã! Ƒe si wu 100 enye si va yi; gake kuxia gali vaseɖe egbea. Le ƒe si va yi ƒe kuɖiɖia me la, wobui be egblẽ nu le ame gbogbo siwo ade miliɔn ewo, siwo nɔ du 1,209 me le Brazil ƒe dzieheɣetoɖoƒe nutoa me ŋu.

Hati Ðasefowo Na Kpekpeɖeŋu Lɔlɔ̃tɔe

Esime kuɖiɖia ŋuti nyatakakawo va ɖo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Brazil la, wotso ɖe nɔnɔmea gbɔ kpɔkpɔ ŋu enumake. Wodɔ wo teƒenɔla siwo nye dzikpɔla mɔzɔlawo ɖe nuto siwo me afɔkua gblẽ nu le vevie siwo nye Bahia, Ceará, Paraíba, Pernambuco, kple Piauí nutowo me be woalé ŋku ɖe alesi gbegbe kuxia gblẽ nui ŋu. Dzikpɔla mɔzɔlaawo kpɔ be Ðasefowo kple Biblia nusrɔ̃vi 900 siwo le teƒe mawo hiã kpekpeɖeŋu vevie ŋutɔ. Te ye nye nuɖuɖu si lé wo dometɔ aɖewo ɖe te; mɔli ɖeɖekoe nye ame bubuwo ƒe nuɖuɖu. Ƒome aɖe mekpɔ naneke aɖu o negbe nyinotsi koe wonona ŋdi, ŋdɔ, kple fiẽ. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si kansa nɔ fu ɖem na dzra eƒe aba hafi te ŋu ƒle nuɖuɖu sue aɖe. Ðeko ƒome aɖe si me ame ade nɔ ɖu nusi wobu be anye yewoƒe nuɖuɖu mamlɛa vɔe ma esime kpekpeɖeŋu tso wo nɔvi Kristotɔwo gbɔ va ɖo.

Woɖo kpekpeɖeŋunakɔmitiwo enumake be woama nuɖuɖu kple nuzazãwo. Ðasefo siwo tso Recife kple du siwo te ɖe wo ŋu dzɔ nu faa na amesiwo hiã tu. Gake esime kpekpeɖeŋu geɖe wu gahiã la, Kristotɔ siwo tso Rio de Janeiro hã na kpekpeɖeŋu wo nɔviawo. Le ɣeyiɣi kpuie aɖe ko me la, Ðasefoawo dzɔ nuɖuɖu tɔn 34 eye woxe ʋuɖofe ɖe nuawo tsɔtsɔ zɔ mɔ didi si nye kilometa 2,300 yi Recife la ta.

Woƒo nuɖuɖu tɔn ade nu ƒu le nuto siwo nye Piaui kple Paraiba ƒe dugãwo me enumake. Wotsɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe si le dugã si nye Fortaleza me na be woaƒo nuɖuɖu siwo wodzɔ la nu ƒu ɖe eme gbɔ. Gake kuxi aɖe nɔ anyi. Aleke Ðasefoawo awɔ nuɖuɖuawo naɖo teƒe siwo wotsɔ wo yinae? Ŋutsu aɖe si menye Yehowa Ðasefo o tsɔ eƒe ʋu na dɔmenyotɔe be woazã. Gake wonɔ mɔ tsom na ʋu siwo tsɔa nuɖuɖu kple nuzazãwo yina na amewo eye wonɔ nuawo fim. Ðe nunanaawo ade afisi wotsɔ wo yinae la? Ðasefoawo ɖoe kplikpaa be yewoatee akpɔ. Wotsɔ dziɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe ku ʋu sia si wodo nuɖuɖugba na lae de teƒea. Kpekpeɖeŋununanaawo ɖo teƒea dedie eye woxɔ wo kple akpedada.

Dzidzɔkpɔkpɔ le Kpekpeɖeŋu Nana Kple Exɔxɔ Me

Dzi dzɔ ɖasefo siwo na kpekpeɖeŋunuawo tsɔ kpe asi ɖe wo nɔviwo ŋu ale gbegbe. Hamemegã aɖe si le São Paulo gblɔ be: “Esime dɔ to va yi la, womebia tso mía si be míadzɔ nuɖuɖu o. Aleke gbegbe wònye dzidzɔ na míe nye si be fifia ya wobia míaƒe kpekpeɖeŋu!” Ðasefo siwo le Fortaleza ŋlɔ be: “Dzi dzɔ mí ale gbegbe be míete ŋu kpe ɖe mía nɔviwo ŋu, vevietɔ le esi míeka ɖe edzi be míena Yehowa ƒe dzi kpɔ dzidzɔ la ta. Míeŋlɔ Yakobo 2:​15, 16, me nyawo be gbeɖe o.” Biblia kpukpui mawo gblɔ be: “Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm, eye mia dome ame aɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã?”

Ɣeaɖewoɣi Ðasefo siwo ɖoa nudzɔdzɔa ɖa ŋlɔa dzideƒonamenyawo kpena ɖe nuɖuɖubablɛawo ŋu. Gbedasi aɖe gblɔ be: “Ŋugbedodo si dze le Psalmo 72:​16 me be eteƒe madidi o, nuɖuɖu abɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me la nenɔ susu me na mi.” Abe alesi wòanɔ godoo ene la, Ðasefo siwo gbɔ dɔa to le kpɔ ŋudzedze ɖe wo nɔviwo ƒe dɔmenyonyoa ŋu ale gbegbe. Ðasefo aɖe si ƒe ƒomea xɔ kpekpeɖeŋu aɖe si hiã wo vevie la ŋlɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Mía kple nye ƒomea míebu afɔɖeɖe sia be enye mía Mawu kple Fofo, Yehowa, nublanuikpɔla la ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe habɔbɔa ƒe ɖetsɔtsɔ le eme na mí emenɔlawo lɔlɔ̃tɔe ɖeɖefia si dze ƒã. Esia na míese le mía ɖokui me be míete ɖe eyama kple eƒe amewo ŋu kplikplikpli wu.”

Egbɔkpɔnu si Anɔ Anyi Ðaa

Ewɔ nuku be tsi meve le Brazil ƒe dzieheɣetoɖoƒe nutoa me o; tsi nyui gbogbo aɖe nɔ toa me, eye tsi nɔ tsidzraɖoƒewo fũ. Ne ɖe woate ŋu ana tsitsoƒe siawo naɖo amesiame gbɔ la, anyigbaa ate ŋu anyo nu ŋutɔ.

Eteƒe madidi o woakpɔ kuxi sia si na Fiagã Dom Pedro II, de vovo ge do kpoe la gbɔ keŋkeŋ. Ɣeyiɣi ma ava esime Mawu ƒe Fiaɖuƒe si anɔ Yesu Kristo si me akpɔ anyigba ƒe kuxiwo katã si me dɔwuame hã anɔ la gbɔ. Ekema Yesaya ƒe nyagblɔɖia ava eme ɖe kuɖiɖinyigbawo dzi be: “Tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba. Bleziblezi azu tá, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe.”​—Yesaya 35:​1, 2, 6, 7.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

‘Miwɔ Nyui na Amesiame’

Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na haxɔsetɔwo be: “Mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:​10) Ku si ɖi nyitsɔ laa le Brazil na mɔnukpɔkpɔ Yehowa Ðasefo siwo le afima be wotsɔ aɖaŋuɖoɖo ma ade dɔwɔwɔ me le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me. Menye haxɔsetɔwo koe woɖe ɖetsɔleme fia lɔlɔ̃tɔe o ke woɖee fia ame bubuwo hã. Esia na be ame aɖewo siwo tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa ŋu tsã dze egɔme le woƒe nukpɔsusu trɔm le wo ŋu.

Esi ŋutsu aɖe srɔ̃ ɖoe be yeasrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo la, medzɔ dzi na ŋutsua le gɔmedzedzea me kura o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, srɔ̃nyɔnua dze egɔme nɔ eƒe dzixɔse yeyea ŋu nya gblɔm na amewo. Esime dɔwuamea nu va sẽ ŋutɔ eye Ðasefo siwo le nutoa me tsɔ nuɖuɖu yi na atsu kple asi sia le woƒe aƒeme la, ewɔ dɔ ɖe ŋutsua dzi ale gbegbe be etso nya me be yeawɔ nane si wòka atam be yemawɔ gbeɖe o​—si nye be yeade kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata si le afima me. Togbɔ be ɖikeke aɖewo gale eme ɖe Biblia ƒe gbɔgbɔ me tsotso ŋu hã la, ŋutsu sia si nye tsitretsiɖeŋula tsã lɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye.

Ðasefoawo ka nya ta le nuto bubu me be: “Alesi kpekpeɖeŋununanaawo va ɖo kabae la wɔ nuku na mí ŋutɔ. Nuɖuɖu si woɖo ɖe mí sɔ gbɔ wu esi míenɔ mɔ kpɔm na. Eyata esi míekpɔ mía nɔviwo kple woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ vɔ la, míema nuɖuɖu na Biblia-nusrɔ̃viwo, woƒe ƒometɔwo, kple Yehowa Ðasefowo ƒe aƒelikawo hã.”

Ðasefo aɖewo siwo nɔ kɔƒe aɖe me ɖo nubablɛ siwo me nuɖuɖuwo nɔ la ɖe woƒe aƒelikawo. Aƒenɔ ŋudzedzekpɔla aɖe gblɔ be: “Mi amesiawo miele nusi Kristo fia la wɔm; mienaa nu faa naneke maxɔmaxɔe.”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]

UN/DPI Photo by Evan Schneider

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nusiwo kuɖiɖia gblẽ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe