INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 9/8 axa 4-6
  • Suku Bubu Dede Kpee Hiã Alo Mehiã O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Suku Bubu Dede Kpee Hiã Alo Mehiã O?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukpɔsusu si Da Sɔ
  • Wogatrɔ Yi Suku—Nukatae?
    Nyɔ!—1994
  • Ðe Biblia Mede Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Dzi Ƒo Oa?
    Nyɔ!—1998
  • Dzilawo—Etsɔme Ka Dim Miele Na Mia Viwo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Sukudede Dada Ðe Afisi Sɔ Nɛ
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 9/8 axa 4-6

Suku Bubu Dede Kpee Hiã Alo Mehiã O?

AFIKAE wòle be nàde suku aɖoe hafi akpɔ dɔ awɔ? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo to vovo le dukɔ ɖesiaɖe me. Ewɔ abe le dukɔ geɖe me la, afisi wòle be woade suku aɖoe hafi akpɔ dɔ awɔ la yi ŋgɔ wu alesi wònɔ ƒe ʋee aɖewoe nye si va yi ene. Le teƒe aɖewo la, afisi dziɖuɖua biana be amesiame nade suku aɖoe la mesɔ gbɔ ana woate ŋu akpɔ ame ɖokui dzi o.

Ðikekemanɔmee la, esia tae sukunuwula geɖe le tɔtrɔm yi suku le esi woayi dɔdiƒe teƒe. Le nyateƒe me la, viɖe siwo atso eme la dzroa ame ŋutɔ. The New York Times ƒo nu tso Gaŋutiɖoɖo Habɔbɔ aɖe ƒe nyatakaka si me wokpɔ le be “tso ƒe 1979 va ɖo 1987 me la, woɖe le dɔwɔla siwo xɔ suku kɔkɔ dede ƒe ɖaseɖigbalẽ ko ƒe fetu dzi alafa memamã 7.4, gake woda alafa memamã 7 ɖe edzi na ŋutsu siwo si kɔledzi ƒe ɖaseɖigbalẽ le ya” la ŋu.

Kɔledzinuwulawo xɔa ɖaseɖigbalẽ siwo ʋua dɔkpɔkpɔmɔnu na wo. William B. Johnston si nye numekula kple amegã le Hudson Numekuƒe gblɔ be: “Kɔledzi ɖaseɖigbalẽ, alo nusi afia be wode kɔledzi kpɔ, va zu nu vevitɔ si wotsɔna dia dɔe le dukɔa me.”

Gake ele be míanyae hã be kɔledzinuwula geɖe kpea fu le dɔdidi me, eye womedo le asiɖeɖe le ame ŋu le dɔ me me o. Karl si xɔ ƒe 22 gblɔ be: “Xɔ̃nye siwo mía kple wo míewu suku nu la dometɔ akpa gãtɔ mekpɔ dɔ o.” Jim si xɔ ƒe 55 la xɔ ɖaseɖigbalẽ ɖedzesi aɖe le yunivɛsiti xɔŋkɔ aɖe me gake woɖe asi le eŋu le dɔ me le February 1992 me. Eƒe ɖaseɖigbalẽa mete ŋu xe mɔ ɖe asiɖeɖe le eŋu nu o, eye mena wòkpɔ dɔ si ŋu kakaɖedzi le hã o. Egblɔ be: “Àkpɔ be gɔmeɖoanyi like aɖeke mele ye si o.”

Abe Jim ene la, kɔledzinuwula geɖe va kpɔ wo ɖokui le nusi U.S.News & World Report yɔ be “yevudɔwɔlawo ƒe ŋutiklɔdzo” me—wometsi ne woaxɔ dzudzɔ le dɔ me o, gake wotsi wu xɔxɔ ɖe dɔ bubu me.

Eyata togbɔ be kɔledzidede aɖe vi hã la, edze kɔte be mekpɔa kuxi ɖesiaɖe gbɔ o. Eye menye eya ɖeɖekoe nye mɔnukpɔkpɔ si li hã o. Herbert Kohl ŋlɔ ɖe The Question Is College me be: “Kɔledzimadela geɖewo li siwo nu dze edzi na eye dɔ nyui geɖe li siwo mehiã kɔledziɖaseɖigbalẽ o.” Le kpɔɖeŋu me, dɔwɔƒe aɖe xɔa kɔledzimadelawo wowɔa dɔ le ɖoƒe siwo wotsɔna na kɔledzidelawo. Le esi dɔwɔƒea nadi ɖaseɖigbalẽwo teƒe la, wodia dɔdila siwo ɖenɛ fiana be yewoate ŋu awɔ dɔa nyuie boŋ. Woƒe nyanuɖela gblɔ be: “Ne míenya xɔ amea ko la, míetsɔnɛ be míate ŋu afia dɔae.”

Ẽ, ame geɖe te ŋu kpɔ wo ɖokui kple woƒe ƒomewo dzi nyuie togbɔ be womede kɔledzi o hã. Amesiawo dometɔ aɖewo va xɔ hehe le asinudɔsrɔ̃sukuwo, aɖaŋudɔsrɔ̃sukuwo, alo dziɖuɖu ƒe dɔfiasukuwo me, afisi woxe ga sue aɖe ko eye sukua dede mexɔa ɣeyiɣi boo o.a Ame aɖewo wɔ woawo ŋutɔ ƒe dɔ alo wosrɔ̃ nuwo dzadzraɖo, esiwo mehiã hehexɔxɔ tɔxɛ ƒomevi aɖeke o. Esi woka ɖe woƒe dɔ nyui wɔwɔ dzi ta la, dɔ kpɔtɔ le wo si.

Nukpɔsusu si Da Sɔ

Nyateƒee, sukudede ƒomevi aɖeke—kɔledzi loo alo suku bubu dede kpee o—mate ŋu anye kakaɖedzi be nuwo adze edzi na wò o. Hekpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔe wòsɔ tututu be “xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.” (Korintotɔwo I, 7:31) Nusi dim wole egbea ate ŋu azu nu maɖinu etsɔ.

Eyata anyo be amesi le tame bum le suku bubu dede kpee ŋu la nada eƒe viɖewo kple nusiwo agblẽ le eŋu akpɔ. ‘Ðe ga le asinye matsɔ adeea? Nɔnɔme kple zɔhɛ kawo domee wòava dam ɖo? Ðe nusɔsrɔ̃awo ana hehe ŋutɔŋutɔ si ana mate ŋu akpɔ ɖokuinye dzi lama? Ne meva ɖe srɔ̃ ɖe, ɖe wòakpe ɖe ŋunye makpɔ nye ƒome dzia?’ Dzila siwo tsɔ ɖe le wò nyonyo me la ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na wò, abe alesi Biblia tsɔ dɔ sia de asi na woe ene. (Mose V, 4:10; 6:4-9; 11:18-21; Lododowo 4:1, 2) Ne èle ga si wò suku bubu dede kpee ana nàkpɔ alo eƒe akpa bubu ɖesiaɖe ŋu bum la, Yesu ƒe nya siawo asɔ na wò be: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?”—Luka 14:28.

Le nyateƒe me, be woagade suku ayi ŋgɔgbe la nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòle be woada akpɔ nyuie. Yesu ƒe nya siwo le Mateo 6:33 la nɔa susu me na Kristotɔ ɣesiaɣi be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple [mia Fofo si le dziƒo ƒe] dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” Le Kristotɔ vavãtɔwo dome la, womedaa amesiwo mede suku yi ŋgɔ o la ɖe anyi alo bua wo ame tsɛwoe o, eye womekana le amesiwo te ŋu yi suku yi ŋgɔ ŋu be wonye dadalawo o. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Wò la, ameka nènye be, nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre.”—Romatɔwo 14:4.

Yesu ɖe nukpɔsusu si da sɔ sia fia. Meda amesiwo nye ‘agbalẽmanyalawo kple ame tsɛwo’ ɖe anyi o, eye megbe Paulo si nye agbalẽnyala gã hã tiatia be wòawɔ nyanyuikakadɔ gã aɖe o. (Dɔwɔwɔwo 4:13; 9:10-16) Le nɔnɔme evea siaa me la, ele be woada sukudede ɖe afisi sɔ nɛ, abe alesi nyati si kplɔe ɖo fia ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Suku bubu dede kpee ƒe ɖoɖowo to vovo le dukɔ ɖesiaɖe me. Sukuwo, agbalẽdzraɖoƒewo, kple dziɖuɖudɔdiƒewoe nye afisiwo nàte ŋu adi hehexɔxɔɖoɖo siwo le mia gbɔ la ŋuti nyatakakawo le.

[Aɖaka si le axa 5]

Sukudede Yi Ŋgɔgbee

November 1, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ tso Yehowa Ðasefowo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ŋu be: “Le teƒe geɖe la, . . . afisi woade suku asee hafi ate ŋu axɔ fetu gbagbee aɖe la yi ŋgɔ wu alesi wònɔ le ƒe ʋee aɖewo siwo va yi me. . . . Esesẽ be woakpɔ dɔ si ŋu fetu nyui le awɔ ne ame ƒe sukudede mede ŋgɔ o . . .

“‘Fetu nyui’ gɔme ɖe? . . . Woate ŋu agblɔ be woƒe fetu ‘su’ alo ‘de’ ne ga si woɖuna la na wote ŋu nɔa agbe alesi dze eye wòna ɣeyiɣi kple ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔme si su la gasusɔna na wo hena woƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ.”

Eyata Gbetakpɔxɔ la gblɔ be: “Mehiã be woade se sesẽ aɖeke ɖe sukudede yi ŋgɔgbee alo emademade nu o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe