INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 9/8 axa 6-9
  • Sukudede Dada Ðe Afisi Sɔ Nɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sukudede Dada Ðe Afisi Sɔ Nɛ
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hehexɔxɔ Vevitɔ Kekeake
  • Ðe Biblia Mede Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Dzi Ƒo Oa?
    Nyɔ!—1998
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Sukudedee?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Sukudede—Wɔ Eŋudɔ Tsɔ Kafu Yehowae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Sɔhɛ Siwo Ðoa Ŋku Wo wɔla Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 9/8 axa 6-9

Sukudede Dada Ðe Afisi Sɔ Nɛ

NUTALA bibi nya alesi wòata nui be nua ƒe akpa vovovoawo nadze nyuie. Enaa nutata la ƒe afisiwo te ɖe ame ŋu wu la dzena wu eƒe akpa siwo le domedome kple megbe. Nenema ke wòle le nusiwo wòle be míaɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me hã gome. Ehiã be woalé ŋku ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu wu bubuwo.

Yesu Kristo gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 5:3, NW) Eyata ele be míabu gbɔgbɔmenuwo nu vevitɔwoe. Ke ele be míabu ŋutilãmenuwo be woawo mexɔ asi de wo nu o.

Nya sia ƒe afikae ku ɖe sukudede ŋu? Le nyateƒe me la, menye nu maɖinu wònye na Kristotɔwo o. Zi geɖe la, ehiãna be woade suku aɖo afi aɖe bene woate ŋu atsɔ agbanɔamedzi si apostolo Paulo gblɔ be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Hekpe ɖe eŋu la, dɔ si Yesu de asi na eyomedzelawo, be woawɔ nusrɔ̃lawo, ‘afia nusiwo katã ƒe se wòde na wo,’ la wɔwɔ bia be woana ‘sidzedze nasu wo si’ eye woawo hã nafia nu ame bubuwo nyuie.—Mateo 28:19, 20; Yohanes 17:3; Dɔwɔwɔwo 17:11; Timoteo I, 4:13.

Gake ele be woada sukudede ɖe eƒe nɔƒe si sɔ. Menye agbalẽnyalagã zuzu alo ɖaseɖigbalẽ gãwo xɔxɔ ta koe wòle be woadee ɖo o. Asixɔxɔ si mesɔ o dede sukudede ŋu ɖea dzi le ame ƒo. Ele eme baa be ate ŋu ahe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe ŋutilãmeviɖe aɖewo vɛ ya. Gake abe alesi nunyala Fia Salomo gblɔe ene la: “Ne ame aɖe tsɔ nunya, gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe dɔe la, ele nɛ be, wòagblẽe ɖi na ame bubu, si medze agbagba le eŋu o la, wòazu etɔ.”—Nyagblɔla 2:21.

Yehowa Ðasefowo kpɔa dzidzɔ ɖe sukudede ŋu bene wòakpe ɖe wo ŋu woazu amesiwo ŋu viɖe geɖe wu le le Mawu subɔsubɔ me eye be woatsɔ akpɔ wo ɖokui dzii, ke menye ɖe agbalẽnyanya ta ko o. Esi wometsɔa woƒe subɔsubɔdɔa dia viɖee o ta la, wo dometɔ geɖe wɔa ŋutilãmedɔ tsɔ kpɔa wo ɖokui dzii. Esia wɔwɔ ate ŋu anye nu sesẽ ŋutɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo woyɔna be mɔɖelawo. Ele be woawɔ dɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me gake le ɣeyiɣi ma ke me la, woakpɔ woawo ŋutɔ kple woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie ne srɔ̃ le wo si.a—Lododowo 10:4.

Esi Yehowa Ðasefo aɖewo da nu vovovo siwo ku ɖe nya la ŋu kpɔ vɔ la, wotso nya me be yewoagade suku bubu. Gake ele be woaɖɔ ŋu ɖo be woada sukudedea ɖe teƒe si sɔ nɛ. Nukae kpe ɖe wo ŋu le esia wɔwɔ me? Ðekakpui aɖe si nye Braziltɔ si ŋkɔe nye John gblɔ be: “Nu geɖe kpe ɖe ŋunye. Ne ehiã be masrɔ̃ nu le zã me hã la, nyemedaa Kristotɔwo ƒe kpekpewo ƒu o. Meɖe eme hã na nye sukuhatiwo tso gɔmedzedzea me ke be Yehowa Ðasefoe menye.”

Eric, si hã tso Brazil, zã mɔnukpɔkpɔwo tsɔ ƒo nu na ame bubuwo le eƒe dzixɔsewo ŋu le eƒe suku bubu dede me. Egblɔ be: “Mebua sukua nye anyigbamamã tɔxɛe. Mete ŋu wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple nufiala kpakple sukuvi geɖe, wo dometɔ atɔ̃ xɔ nyɔnyrɔ̃ fifia, eye ame eve le wo dome nye hamemegãwo.”

Richard gbugbɔ yi suku si wòzãa eƒe ɣeyiɣi ƒe akpa aɖe tsɔna denɛ be yeaxɔ ɖaseɖigbalẽ le xɔtutu tata kple nu bubuwo ŋuti nutatawo me. Egblɔ be: “Suku si meyi la kpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔ wɔ tsɔ kpɔ mía kple srɔ̃nye dzii, gake egaʋu mɔnukpɔkpɔ hã nam. Esi mezɔ mɔ de Fiaɖuƒe Akpata siwo tutu nu wowuna kaba tuƒewo eye meɖo dze kple dɔa dzikpɔlawo la, mekpɔ be xɔtalawo hiã.b Nye sukudede le vi ɖem fifia le xɔ siawo tuƒe. Hekpe ɖe eŋu la, mía kple srɔ̃nye míele mɔ kpɔm be míava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe ƒe ta alo le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo dome.”

Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe kpɔ woawo ŋutɔ kple woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ esi womegade suku bubu aɖeke o. Mary ɖe nu me be: “Dɔ si mewɔ tsɔ kpɔa ɖokuinye dzie nye be metsɔa ŋkeke eve le kwasiɖa me dzraa aƒeme ɖo na amewo. Nukutɔe la, ga si mekpɔna le gaƒoƒo ɖeka me la sɔa gbɔ wu esi amesiwo mele dɔ wɔm na la dometɔ aɖewo kpɔna. Gake mebua nye dɔ la be enye nusi akpe ɖe ŋunye be makpɔ ɖokuinye dzi. Ena mete ŋu le mɔɖeɖedɔa wɔm, eye nyametsotso si mewɔ la meveam kura o.”

Nenema ke nye Steve hã. Egblɔ be: “Esi medze mɔɖeɖedɔa gɔme la, ame aɖewo biam be: ‘Aleke nàwɔ ne èva ɖe srɔ̃ dzi vi? Àte ŋu akpɔ wo dzia?’ Gake eva eme be meva wɔ dɔ ƒomevi vovovo ale gbegbe be menya dɔ geɖe wɔwɔ nyuie. Fifia si meɖe srɔ̃ la, mekpɔ be ga si mekpɔna la sɔ gbɔ wu fetu si kɔledzidela aɖewo siwo wɔa dɔ le míaƒe dɔwɔƒe la ɖuna.”

Dzila siwo nye dzimaxɔsetɔwo ate ŋu abia tso wo viwo si be woagayi suku bubu, eye Ŋɔŋlɔawo ɖe mɔ le eŋu na wo nenema. Gake le nɔnɔme mawo me, eye le ɖekawɔwɔ me kple Mateo 6:33 la, sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ nusiwo akpe ɖe wo ŋu be woazu amesiwo ŋu viɖe geɖe wu anɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me alo esiwo aɖe mɔ na wo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le ɣeyiɣi ɖeka ma ke si me wole sukua dem.

Hehexɔxɔ Vevitɔ Kekeake

Nu ɖeka nye nyateƒe le Yehowa Ðasefowo katã ŋu, eɖanye afikae wode suku see o. Wonya be nusɔsrɔ̃ vevitɔ kekeake si li egbea la tso Mawu ƒe Nya, Biblia, la me. Yohanes 17:3 gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” Eɖanye afika ke Kristotɔ ƒe sukudede se ɖo o, ele be Yehowa kple Via, Yesu, ŋuti sidzedze xɔxɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ na wo.

Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖo kpɔɖeŋu ɖi le esia me. Manahem ‘kple nutomedziɖula Herodes ye xɔ hehe,’ gake Antioxia-hamea me nyagblɔɖilawo kple nufialawo dome wònɔ eye edoa vevie nu le wo dome hã. (Dɔwɔwɔwo 13:1) Nenema ke Paulo xɔ agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe hehe si míayɔ egbea be yunivɛsiti dede. Gake esi wòzu Kristotɔ la, eda eƒe hehexɔxɔa ɖe afisi sɔ nɛ. Le esi wòazãe atsɔ ado vɔvɔ̃ na amewo teƒe la, ezã eƒe hadomegbenɔnɔ, se, kple ŋutinya nyanya tsɔ ɖi ɖase na ame ƒomevi ɖesiaɖe boŋ.—Dɔwɔwɔwo 16:37-40; 22:3; 25:11, 12; Korintotɔwo I, 9:19-23; Filipitɔwo 1:7.

Menye agbalẽnyanya koŋ ye wonya na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo o. Wo dometɔ geɖe nye ‘agbalẽmanyalawo kple ame gbɔlowo ko,’ womexɔ hehe le rabisukuwo me o. Gake mefia be womenya nuxexlẽ kurakura o. Ðe ŋutsu kple nyɔnu siawo xɔ hehe nyuie be wote ŋu ʋli woƒe xɔse ta boŋ—ŋutete sia nye kpeɖodzi be wosrɔ̃ nu nyuie.—Dɔwɔwɔwo 4:13.

Eyata Kristotɔwo katã tsɔ ɖe le sukudede me vevie. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodzea agbagba be ‘yewoaka ɖe nusiwo le vevie wu dzi,’ esi nye be yewoada sukudede—kple agbagbadzedze ɖesiaɖe—ɖe afisi sɔ nɛ.—Filipitɔwo 1:9, 10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Enyo be míade dzesii be apostolo Paulo si nye agbalẽnyala gã aɖe la tia be yeatsɔ avɔgbadɔwɔwɔ, si nye dɔ aɖe si wòanya srɔ̃ le fofoa gbɔ la, akpɔ ye ɖokui dzii le subɔsubɔdɔa me. Menye dɔ bɔbɔe avɔgbadɔwɔwɔ nye o. Gbɔ̃fuvɔ si wozãna, si woyɔna be cilicium la sẽ ƒlatsaa, si wɔnɛ be etsotso kple etɔtɔ sesẽna.—Dɔwɔwɔwo 18:1-3; 22:3; Filipitɔwo 3:7, 8.

b Nyagbɔgblɔ “xɔ siwo tutu nu wowuna kaba” fia xɔtumɔnu deŋgɔ aɖe si Yehowa Ðasefowo to vɛ. Womexea fe na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wɔa xɔtudɔ siawo o; wozãa woawo ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo faa. Le United States la, wotua Fiaɖuƒe Akpata yeyewo wodena 200, eye wozãa xɔtumɔnu sia tsɔ trɔa asi le 200 bubuwo ŋu ƒe sia ƒe.

[Aɖaka si le axa 7]

Kafukafu si Dze Eƒe Agbagbadzedzewo

Esi wòsusɔ ƒe ɖeka Matthew nawu suku kɔkɔ nu la, ebu alesi wòawɔ akpɔ eɖokui dzi esime wòanɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ wɔm la ŋu vevie. Esi Matthew bu nya la ŋu le gbedodoɖa me vɔ megbe la, wo kple edzilawo wose le wo ɖokui me be ne egayi suku kpee la, akpe ɖe eŋu wòaɖo eƒe taɖodzinu la gbɔ. Eyata ebia be woana sukudede femaxee ƒe kpekpeɖeŋu ye. Nufiala si nye Matthew ƒe aɖaŋuɖola le suku ŋlɔ kafukafulɛta aɖe kpe ɖe eŋu be:

“Le ƒe eve kple afã siwo va yi me la, enye dzidzɔ nam be manye Matt ƒe aɖaŋuɖola kple exɔlɔ̃. Amesi ɖo ta nyuie Matt nye . . . Xɔse deto kple kakaɖedzi sẽŋu le esi, si dzena le eƒe nuwɔwɔ kple amewo kpakple eƒe nuwɔnawo me.

“Le ƒe siwo va yi me la, Matthew nɔ hehe xɔm na subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Woƒe xɔsea ƒe nunɔlawo mexɔa fetu aɖeke o. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃dɔe wònye. Matt nye ɖokuitɔmadila, tamebula kple ameŋubula. Sukudede femaxee ƒe ɖoɖo sia akpe ɖe xɔsetɔ sia ŋu be wòayi eƒe hehexɔxɔ kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔa dzi.

“Le lɔlɔ̃nu faa kple nutome dɔwo ƒe akpa dzi la, Matt zã gaƒoƒo gbogbo aɖewo tsɔ ɖe gbeƒãe tso aƒeme yi aƒeme le kwasiɖanuwuwuwo kple ne wokpã le suku kpakple le mɔkeke gãwo me. Ewɔa dɔ le nutoa me eye ewɔ dɔ kple ame ƒomevi vovovowo kpɔ. Matt ɖe eƒe amekpɔkplɔ ƒe ŋutetewo kple bibi le eme fia le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ kple ɖeviwo kpakple ame tsitsiwo siaa me. . . . Ete ŋu dea dzi ƒo na ame eye wòkpena ɖe amewo ŋu be woaɖo nusiwo nye woƒe ŋutetewo ŋutɔŋutɔ gbɔ. Le sukuxɔ me la, nufialawo gblɔ be eƒe nuwɔna kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame dzi ɣesiaɣi. Exɔa ŋgɔ le sukuxɔ me numedzodzrowo me eye ebi ɖe nyamedzodzrowo wɔwɔ me. . . .

“Matt nye ɖekakpui siwo wònye dzidzɔ nam be maɖo aɖaŋu na ƒe nyuitɔwo kekeake dometɔ ɖeka. Ehatiwo kple nufialawo lɔ̃nɛ vevie eye wodea bubu eŋu nyuie. Eƒe nuteƒewɔwɔ de ŋgɔ ale gbegbe.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Mawu subɔla siwo bi wu zuzu ta koŋ ye Yehowa Ðasefowo kpɔa dzidzɔ ɖe sukudede ŋu ɖo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe