INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ed axa 4-9
  • Alesi Yehowa Ðasefowo Bua Sukudede

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Yehowa Ðasefowo Bua Sukudede
  • Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ke Suku Bubu Dede Kpee Ya Ðe?
  • Sukudede—Wɔ Eŋudɔ Tsɔ Kafu Yehowae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Sukudedee?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Ðe Biblia Mede Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Dzi Ƒo Oa?
    Nyɔ!—1998
  • Sukudede Dada Ðe Afisi Sɔ Nɛ
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
ed axa 4-9
Nɔnɔmetata si le axa 4

Alesi Yehowa Ðasefowo Bua Sukudede

Yehowa Ðasefowo tsɔa ɖe le wo viwo ƒe etsɔ me me vevie abe alesi dzilawo katã wɔnɛ ene. Eyata womeƒoa asi sukudede o. “Ele be hehexɔxɔ nakpe ɖe amewo ŋu be woazu ŋudɔwɔnu nyuiwo le amesiwo dome wole la dome. Ele be wòakpe ɖe wo ŋu hã be woakpɔ ŋudzedze ɖe agbenɔnɔ siwo ƒe dome wonyi tso wo tɔgbuiwo gbɔ la ŋu eye woanɔ agbe si me dzidzeme geɖe wu le.”

ABE alesi wòdze le The World Book Encyclopedia me nyayɔyɔ sia mee ene la, susu vevi siwo tae wodea suku ɖo dometɔ ɖekae nye be woahe ɖeviwo ɖe gbesiagbegbenɔnɔ ŋu, esia bia hã be woakpe ɖe wo ŋu woava kpɔ ƒome ƒe nuhiahiãwo gbɔ gbaɖegbe. Yehowa Ðasefowo xɔe se be esia nye agbanɔamedzi vevi aɖe. Biblia ŋutɔ gblɔ be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Ƒe siwo ɖeviwo tsɔ dea sukui dzraa wo ɖo ɖe agbemegbanɔamedzi siwo woava tsɔ ŋu. Esia ta Ðasefowo kpɔe be ele be yewoalé fɔ ɖe sukudede ŋu vevie.

“Ele be hehexɔxɔ nakpe ɖe amewo ŋu be woazu ŋudɔwɔnu nyuiwo le amesiwo dome wole la dome. Ele be wòakpe ɖe wo ŋu hã be woakpɔ ŋudzedze ɖe agbenɔnɔ siwo ƒe dome wonyi tso wo tɔgbuiwo gbɔ la ŋu eye woanɔ agbe si me dzidzeme geɖe wu le.”—The World Book Encyclopedia

Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe sedede sia dzi be: “Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.” (Kolosetɔwo 3:23) Gɔmeɖose sia ku ɖe gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu, sukudede hã le eme. Eyata Ðasefowo dea dzi ƒo na wo viwo be woasrɔ̃ nu sesĩe ahalé fɔ ɖe dɔ siwo wode asi na wo le suku ŋu.

“Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene.”—Kolosetɔwo 3:23

Biblia fia nu hã be woawɔ ɖe dukɔ si me wole ƒe sewo dzi. Eyata ne enye se be woade suku vaseɖe ƒe aɖe xɔɣi la, Yehowa Ðasefowo wɔa se sia dzi.—Romatɔwo 13:1-7.

Nɔnɔmetata siwo le axa 6-7

Modzakaɖeɖe nyuiwo, hadzidzi, modzakaɖedɔwo, kamedede, kple tsaɖiɖi yi agbalẽdzraɖoƒewo kple blemanudzraɖoƒewo; nusiawo katã wɔa akpa vevi aɖe le sukudede si da sɔ me

Togbɔ be Biblia meɖe gbesiagbegbenɔnɔ ŋuti hehexɔxɔ ƒe vevienyenye dzi kpɔtɔ o hã la, eɖee fia be menye esia koe nye sukudede ƒe taɖodzinu o eye menye eyae nye vevitɔ hã o. Ele be sukudede si akpɔ dzidzedze naƒã dzidzɔ si le agbenɔnɔ me hã ɖe ɖeviwo me ahakpe ɖe wo ŋu woada asɔ nyuie le hadome. Eyata Yehowa Ðasefowo bunɛ be nuwɔna siwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiafia ƒe ɖoɖoa ŋu me tiatia le vevie ŋutɔ. Woxɔe se be modzakaɖeɖe nyuiwo, hadzidzi, modzakaɖedɔwo, kamedede, tsaɖiɖi yi agbalẽdzraɖoƒewo kple blemanudzraɖoƒewo, kpakple nu bubuwo wɔa akpa vevi aɖe le sukudede si da sɔ me. Hekpe ɖe eŋu la, wofiaa wo viwo be woade bubu ame tsitsiwo ŋu ahadi mɔnu siwo me woakpe ɖe wo ŋu le.

Ke Suku Bubu Dede Kpee Ya Ðe?

Mɔ̃ɖaŋuŋutinunya yeyewo na dɔdinyawo le tɔtrɔm ɖaa. Esia ta ahiã be sɔhɛ geɖe nawɔ aɖaŋudɔ alo asinudɔ si ŋuti womexɔ hehe gobii aɖeke le o. Esi nyaa le alea ta la, alesi woawɔ dɔe kple hehe si woana wo ɖokui, vevietɔ alesi woate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋui, anɔ vevie na wo wu gɔ̃ hã. Eyata abe alesi Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Ŋkuʋuʋu ŋuti nuŋlɔla Montaigne gblɔe ene la, anyo wu be sukuviwo nava zu ame tsitsi siwo si, ‘ta si wowɔ nyuie ke menye esi me wolɔ nuwo kɔ ɖo ko o’ nanɔ.

Dɔmakpɔwɔe si le nu gblẽm le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ dahewo siaa ŋu nye afɔku na sɔhɛ siwo mexɔ hehe wòde edeƒe o la zi geɖe. Eyata ne dɔwɔnyawo bia be woagade suku kpe esi se bia be woade la, ke ekpo ɖe dzilawo gbɔ be woafia mɔ wo viwo le sukudede kpee ŋuti nyametsotsowo wɔwɔ me, woada viɖe siwo ate ŋu ado tso eme kple nusiwo sukudede kpee sia abia be woatsɔ asa vɔe kpɔ nyuie.

Gake anɔ eme be àlɔ̃ ɖe edzi be dzidzedzekpɔkpɔ le agbe me bia nu geɖe wu ŋutilãmenudzedziname ko. Nyitsɔ laa la, mɔkpɔkpɔ bu ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo tsɔ woƒe agbe katã vu ɖe dɔwɔɖuiwo ŋu esi dɔ ge le wo si. Dzila aɖewo tsɔ woƒe ƒomegbenɔnɔ kple ɣeyiɣi si woakpɔ ɖe wo viwo ŋu hafi la sa vɔe, eye womete ŋu kpe ɖe wo ŋu wotsi bliboe o, elabena wonyrɔ̃ wo ɖokui ɖe ŋutilãmedɔwo me vĩ.

Eme kɔ ƒã be sukudede si da sɔ me dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ bia nu geɖe wu ŋutilã me dzidzedzekpɔkpɔ ɖeɖeko. Yesu Kristo gblɔ be: “Woŋlɔ ɖi bena: ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.’” (Mateo 4:4) Esi Yehowa Ðasefowo nye Kristotɔwo ta la, wokpɔe dze sii be ele vevie be yewoanɔ agbe nyui, atu gbɔgbɔ me nɔnɔmewo ɖo ahadzra yewo ɖokui ɖo ɖe yewoƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.

Hehenana le Biblia ƒe Ɣeyiɣiwo Me

BIBLIA fia nu be hehenana le vevie ŋutɔ. Eƒo nu tso Mawu ŋu be enye eƒe amewo ƒe ‘Nufiala Gãtɔ,’ eye ekpe esubɔlawo katã be woana woƒe sidzedze ye nade to ɖe edzi.—Yesaya 30:20.

Nɔnɔmetata siwo le axa 8-9

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, dzɔgbenyuitɔ ʋee aɖewo, abe agbalẽŋlɔla siwo nɔ Mesopotamia kple Egipte ene, koe nya agbalẽ. Gake le blema Israel ya la, wode dzi ƒo na amesiame be wòasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. “Ðikekemanɔmee la, alesi Hebritɔwo zãa alfabeta le nuŋɔŋlɔ me, si nye nuŋɔŋlɔmɔnu si bɔbɔ wu, gbɔe vovototoa tso. . . . Mele be míaŋe aɖaba ƒu alfabetanuŋɔŋlɔ ƒe vevienyenye dzi le hehenana ƒe ŋutinya me o. Ena wova ɖe asi le alesi agbalẽŋlɔlawo ŋlɔa nui le Egipte, Mesopotamia, kple Kanaan le ƒe akpe evelia me ŋu. Agbalẽnyanya megava nye amesiwo nye agbalẽŋlɔlawo kple nunɔlawo koŋ, amesiwo bi ɖe blemanuŋɔŋlɔ siwo nye flitete kple nutata siwo gɔmesese sesẽ me nyuie la ko tɔ o.”—Encyclopaedia Judaica.

Nufiafiamɔnuwo

Nɔnɔmetata si le axa 9

Le blema Israel la, vifofo kple vidada siaa fiaa nu ɖeviwo tso woƒe vidzĩme ke. (Mose V, 11:18, 19; Lododowo 1:8; 31:26) Biblia ŋuti nunyala E. Mangenot ŋlɔ ɖe Dictionnaire de la Bible me be: “Ne ɖevia dze nuƒo ko la, esrɔ̃a Se la me nya aɖewo. Dadaa gblɔa kpukpui aɖe nɛ zi geɖe; ne enyae vɔ la, egagblɔa bubu nɛ. Emegbe woŋlɔa kpukpui siwo ɖeviawo lé ɖe tame xoxo hete ŋu gblɔa wo la tsɔna naa wo. Aleae wodzea nuxexlẽ fiafia wo gɔmee, eye ne wotsi ɖe edzi la, woyia woƒe mawusubɔsubɔ me hehenana dzi to Aƒetɔ la ƒe se xexlẽ na wo kple ŋugbledede le eŋu kpli wo me.”

Bene woakpe ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu be nuawo natsi tame na wo la, wozã ŋkuɖonudzinu vovovowo. Wo dometɔ aɖewoe nye kpukpui siwo le alfabeta ɖoɖo nu (kpukpuiawo dometɔ ɖesiaɖe dzea egɔme kple ŋɔŋlɔdzesi bubu le alfabeta ƒe ɖoɖo nu), nya siwo dzea egɔme kple ŋɔŋlɔdzesi alo gbeɖiɖi ɖeka, kpakple xexlẽmewo zazã. Enyo be míade dzesii be agbalẽnyala aɖewo susui be Gezer Ɣletigbalẽ (Archaeological Museum of Istanbul), si nye blema Hebrigbe me nuŋɔŋlɔ xoxotɔwo dometɔ ɖeka la nye nusiwo woŋlɔ na sukuvi aɖe be wòalé ɖe susu me.

Nusiwo Wosrɔ̃na

Hehe si dzilawo naa wo viwo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ƒe akpa aɖee nye dɔwɔwɔ fiafia wo. Wofiaa aƒemedɔwɔwɔ nyɔnuviwo. Lododowo ƒe agbalẽa ƒe ta mamlea ɖee fia be dɔ siawo sɔ gbɔ eye wole vovovo hã; ɖewoe nye anyigba alo aƒe ƒeƒle kple dɔ viviviwo wɔwɔ, kpakple ɖetitetre, avɔlɔlɔ̃, nuɖaɖa, asitsatsa, kple aƒedzikpɔkpɔ. Zi geɖe la, vifofo fiaa dɔ si wɔm wòle la viaŋutsuwo, agbledede loo alo asinudɔ aɖe alo aɖaŋudɔ. Wolɔ̃a nya si gbɔna la gbɔgblɔ le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me: “Amesi mefiaa asinudɔ nyui aɖeke viaŋutsu o la le fi fiamee.”

Eyata womefe le hehenana ŋu kura le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe