No Me Kansa—Nu Si Nàkpɔ Mɔ Na, Ale Si Nànɔ Te Ðe Enu
NANEKE meɖee fia be no me kansa le Conchita ŋu o.a Exɔ ƒe 40, enɔ lãmesẽ me, eye kansa mele eƒe ƒometɔ aɖeke ŋu o. Togbɔ be eɖea foto eƒe nowo le kɔdzi hã la, womekpɔ naneke si afia be dɔa le eŋu o. Gake gbe ɖeka esi wònɔ ŋku lém ɖe eƒe nowo ŋu le tsileƒe la, ede dzesii be ku aɖe le eme. Dodokpɔwo va ɖee fia be no me kansae. Conchita kple srɔ̃a tsi yaa esime ɖɔktaa nɔ nu siwo woate ŋu awɔ tso eŋu la me ɖem na wo.
Tsã la, nya si ɖɔktawo agblɔ na nyɔnu si ŋu kansa sia le lae nye be nu si axɔe ɖe agbe koe nye be woawɔ dɔ nɛ alã eƒe no, kpakple ka siwo me lãmetsiwo tona la ɖa le eƒe axatome kple akɔta, hekpe ɖe lãkusi siwo le eƒe akɔta ŋu. Kansa dɔlékuiwutikewo kple keklẽŋusẽ ƒe dɔdamɔnuwo nana dɔnɔa sea veve ɣeyiɣi didi. Eya ta mewɔ nuku o be ŋɔdzi nɔa “dɔdamɔnua” ŋu wu dɔlélea ŋutɔ.
Tso ɣeaɖeɣi ke la, kuxi sesẽ si doa mo ɖa le atikewɔwɔ na ame siwo ŋu no me kansa le lae nye ale si woabu mo na dɔ vɔ̃ sia keŋkeŋ, gake woawɔe le mɔ si mana woaɖe ame ƒe ŋutinu ɖa dzodzro alo wòase veve geɖe o. Abe ale si wòle le Conchita gome ene la, dɔdamɔnu vovovowo li siwo ŋu dɔ woate ŋu awɔ na ame siwo ŋu no me kansa le.b Atikewɔwɔ ŋuti numekukuwo kple nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe nyatakaka geɖeawo na amewo le mɔ kpɔm be mlɔeba la, woato dɔdamɔnu yeyewo, dodokpɔ deŋgɔwo, kple nuɖuɖu siwo kpɔa ame ta dzi akpè dɔléle sia dzi.
Ke hã, togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le atikewɔwɔ me hã la, no me kansa gakpɔtɔ nye kansa si wua nyɔnuwo wu.c Dukɔ deŋgɔ siwo le North America kple Ɣetoɖoƒe Europa la mee kansa bɔ ɖo wu, gake eva le ta kekem le Asia kple Afrika hã, togbɔ be mebɔ le teƒe mawo tsã hafi o hã. Gawu la, ame siwo ŋu wokpɔ dɔa le le Asia kple Afrika siwo kuna la sɔ gbɔ wu ale si wòle le dukɔ deŋgɔwo me. Nu ka tae? Ðɔkta aɖe si le Afrika gblɔ be: “Ame geɖe menyana kaba be dɔa le yewo ŋu o. Le ame akpa gãtɔ gome la, dɔa tsina ɖe wo ŋu ŋutɔ hafi wovana be míakpe ɖe yewo ŋu.”
Ne amewo le tsitsim la, eganɔa bɔbɔe wu be woalé dɔ sia. Nyɔnu siwo ŋu dɔa le la dometɔ 80 le alafa me xɔ ƒe 50 kple edzivɔ. Gake nya nyuia ye nye be no me kansa hã le kansa siwo wotea ŋu dana wu la dome. Le nyateƒe me la, nyɔnu 97 le alafa me, siwo ŋu wokpɔ dɔa le kaba le ɣeyiɣi si me mekaka haɖe o la, gale agbe le ƒe atɔ̃ megbe gɔ̃ hã. Nyitsɔ laa ye ƒe atɔ̃ va yi tso esime wowɔ dɔ na Conchita.
Nu Siwo Wòle Be Nànya Tso Eŋu
Zi geɖe la, ku aɖe si le noa mee wotsɔ dea dzesii be no me kansa le ame ŋu, abe ale si wònɔ le Conchita gome ene. Ke hã, kansa menɔa ku akpa gãtɔ si wokpɔna la me o, ku siwo ɖo tsi la koe wonyena zi geɖe.
Hafi ame aɖe nakpɔ kansa la, dɔ ɖoa eƒe lãmenugbagbevi aɖe me, eye wòmana hedzina ɖe edzi kabakaba va zua ku ɖe noa me mlɔeba. Ne lãmenugbagbevi siwo le kua me la te dodo hele gegem ɖe ŋutilãa ƒe akpa bubuwo la, ke kansa le kua me. Ku aɖewo tsina kabakaba, ke le go bubuwo me la, exɔa ƒe ewo hafi wotea ŋu dea dzesii.
Be ɖɔktawo nanya nenye be kansae le Conchita ŋu la, wotsɔ abui ɖe lãmetsi le kua me hedoe kpɔ. Lãmenugbagbevi siwo me kansa le la nɔ eme. Wowɔ dɔ nɛ heɖe kua kpakple lãkusi si ƒo xlãe la le noa me be yewoanya kua ƒe lolome, ku si ƒomevi wònye, ale si wòkeke tae, kpakple ale si wòle tsitsim kabakabae.
Ne wowɔ dɔ na dɔnɔ geɖe vɔ la, wogawɔa atike bubuwo na wo be dɔa magaho ake alo be wòakaka ɖe lã me na wo o. Lãmenugbagbevi siwo me kansa le la tea ŋu dona le kua me gena ɖe ʋukawo kple ka siwo me lãmetsiwo tona la me hegadea asi tsitsi me ake. Ne kansa la kaka ɖo ŋutinu veviwo abe ahɔhɔ̃, aklã, ƒutome, alo dzitodzitowo ene mee wòwua ame.
Wozã kansa dɔlékuiwutikewo kple keklẽŋusẽ na Conchita bene woawu lãmenugbagbevi siwo me kansa le siwo gakpɔtɔ le afi si woɖe kua le, kpakple esiwo kaka ɖe ameti bliboa me. Esi wònye lãmetsi estrogen nana kansa si le eŋu la gadoa gã ɖe edzi ta la, wonae atike siwo axɔ ŋusẽ le lãmetsia si bene kansaa magaho nɛ o.
Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le no me kansa dada me la wɔe be wotea ŋu trɔna ɖe dɔnɔwo ƒe nɔnɔmewo ŋu le woƒe ƒexɔxɔ, lãmesẽ, kansa si ƒomevi le wo ŋu, alo ne kansa ɖe fu na amea kpɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, le nyɔnu si ŋkɔe nye Arlette gome la, dodokpɔwo na wode dzesi kansaa hafi wòɖo eƒe nokawo me. Eya ta woɖe kua le no me nɛ, si wɔe be womegaxa lã noa o. Hafi woawɔ dɔ na Alice la, wonae dɔlékuiwutikewo be kua namie hafi woaɖee. Le ɖɔkta si wɔ dɔ na Janice gome la, ku si me kansaa le, kple ŋutinu sue aɖe (sentinel lymph node), si nye ku gbãtɔ si me kansakua me tsi gena ɖo la koe wòɖe. Esi kansa menɔ eme o ta la, ɖɔktaa meɖe ŋutinu ma ƒomevi bubuawo o. Esia wɔe be togbɔ be abɔ tea ŋu tena na amewo, eye wosea veve ne woɖe ŋutinu siawo dometɔ geɖe le lã me na wo hã la, ɖewohĩ manɔ alea le Janice ya gome o.
Togbɔ be wonya nu geɖe tso ale si no me kansa tsinae ŋu hã la, biabia vevi aɖe gali, Nu kae hena no me kansa vae, eye aleke wòdzea egɔme?
Nu Kae Henɛ Vae?
Nu siwo gbɔ no me kansa tsona la gɔme sese gakpɔtɔ nye taɖui. Ame aɖewo hea nya be wole numekuku wɔm tso dɔa dada kple dzesidedee ŋu wu mɔxexe ɖe enu kple nu siwo gbɔ wòtsona la didi, le esi wònana wokpɔa viɖe geɖe wu ta. Ke hã, sidzedze vevi aɖewo su dzɔdzɔmeŋutinunyalawo si. Wo dometɔ aɖewo xɔe se be nu vovovo siwo gɔme menya sena bɔbɔe o la gbɔe wòtsona. Gbã la, domenyiŋusẽfianu aɖe si ŋu kuxi le la nana lãmenugbagbeviwo wɔa nu tramatrama—wodzina ɖe edzi kabakaba hegblẽa nu le ŋutinu bubuwo ŋu. Gawu la, lãmenugbagbevi siwo wɔa avu kple dɔlékuiwo la metea ŋu kpea wo dzi o, eye wonɔa nu gblẽm le ŋutinu veviwo ŋu vivivi.
Afi kae domenyiŋusẽfianu siwo ŋu kuxi le la tsona? Akɔntabubuwo fia be le nyɔnu 5 va se ɖe 10 le alafa me gome la, wodzi wo kple domenyiŋusẽfianu siwo ate ŋu ana woakpɔ kansa bɔbɔe. Gake edze abe le nyɔnu geɖe gome la, nu bubuwo abe aɖiŋusẽ kple atike gblẽnuwo koŋ gbɔe wòtsona ene. Ðewohĩ numekuku siwo woava wɔ le etsɔme la aɖo kpe esia dzi.
Lãmetsi estrogen hã wɔa akpa aɖe, elabena edze abe enana no me kansa aɖewo gadoa gã ɖe edzi ene. Eya ta ne nyɔnu aɖe te asiɖoɖoanyi kaba alo etsi akpa hafi dzudzɔ asiɖoɖoanyi, ne medzi vi kaba o alo medzii kura o, alo wòzã atike siwo xɔna ɖe lãmetsi teƒe la, ke ɖewohĩ anɔ bɔbɔe wu be wòakpɔ no me kansa. Esi lãmemi ƒe nugbagbeviwo dzina estrogen ta la, lolo akpa hã ate ŋu ana nyɔnu siwo dzudzɔ asiɖoɖoanyi, siwo ƒe azigolowo megale lãmetsi dzim o la nalé dɔ sia bɔbɔe wu. Ne lãmetsi insulin sɔ gbɔ ɖe lã me na ame akpa, evɔ alɔ̃dɔlãmetsi melatonin ya mesɔ gbɔ o, abe ale si wònɔna le zãdɔwɔlawo gome zi geɖe ene la, esia hã ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe wu be woalé dɔ sia.
Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be woake ɖe dɔdamɔnu siwo nyo wu siwo mana dɔnɔwo nase veve akpa o la ŋu kpuiea? Numekulawo le dɔ wɔm tso dɔdamɔnu siwo ana ŋutilãa ŋutɔ ƒe dɔlélenutsiŋutetewo nawɔ avu kple dɔa, kpakple atike siwo axɔ ŋusẽ le lãmenu siwo doa alɔ kansa la si ŋu. Gake fifia gɔ̃ hã, fotoɖemɔ̃ deŋgɔwo ate ŋu akpe ɖe ɖɔktawo ŋu woaɖe foto siwo me kɔ siwo aɖe vi wu.
Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le avua dzi le go bubuwo hã me. Le kpɔɖeŋu me, wole agbagba dzem be yewoanya nu si nana dɔa kakana, ale si yewoawu kansa lãmenugbagbevi siwo nɔa te ɖe atikewo nu, ale si woaxe mɔ ɖe lãmenugbagbeviwo ƒe dzidziɖedzi nu, kple ale si woatrɔ asi le atikewo ŋu ɖe ku si ƒomevi le noa me nu.
Ke hã, womate ŋu aɖe dɔléle ɖa le fifi nuɖoanyia me o, eye amegbetɔwo ayi edzi anɔ kukum. (Romatɔwo 5:12) Mía Wɔla la koe ate ŋu aɖe nɔnɔme wɔnublanui sia ɖa. Ke ɖe wòle ewɔ gea? Biblia ɖo eŋu be ɛ̃! Biblia gblɔ be ɣeyiɣi li gbɔna si me “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”d (Yesaya 33:24) Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi wòanye!—g11-E 08.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
b Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖeke o.
c Ƒãa hafi no me kansa ɖea fu na ŋutsuwo.
d Ŋugbedodo sia ŋuti numeɖeɖe deto le Biblia srɔ̃gbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? me. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]
DZESI SIWO ŊU NÀNƆ ŊUDZƆ ÐO
Ele vevie ŋutɔ be woade dzesii kaba, gake numekula aɖewo gblɔ be nowo dodo kpɔ kple fotoɖeɖewo meɖea vi tututu le nyɔnu siwo metsi o la gome o, eye wònana wonoa atike dzodzro hetsia dzimaɖi. Ke hã, eŋutinunyalawo tea gbe ɖe edzi be nyɔnuwo nanɔ ŋudzɔ ɖe tɔtrɔ siwo woakpɔ le woƒe nowo, kpakple nutete siwo le abe zɔwo ene la ŋu. Nu siwo ŋu woanɔ ŋudzɔ ɖo la dometɔ aɖewoe nye esi:
● Ne ku aɖe le noa me alo axatome, alo eƒe akpa aɖe lia
● Tsi ɖe sia ɖe si ado tso nokua me to vovo na notsi
● Ne tɔtrɔ aɖe va le ŋutigbalẽa ƒe amadede alo zɔzrɔ ŋu
● Ne nokua si ge ɖe eme akpa alo evena wò ne èka asi eŋu
[Aɖaka si le axa 21]
NE WOKPƆ NO ME KANSA LE ŊUWÒ
● Ele be nàkpɔ mɔ be atikewɔwɔ kple hayahaya axɔ abe ƒe ɖeka alo esi wu ema.
● Ne anya wɔ la, na ɖɔkta siwo nya dɔ nyuie, siwo akpɔ wò hiahiãwo gbɔ ahade bubu wò dzixɔsewo ŋu la, nakpɔ gbɔwò.
● Mia kple wò ƒomea mitso nya me le ame siwo miagblɔ dɔlélea ŋu nya na kple ɣeyiɣi si miagblɔe. Esia ana mɔnukpɔkpɔ xɔ̃wòwo be woaɖe lɔlɔ̃ afia wò, eye woado gbe ɖa kpli wò ahadoe ɖa ɖe tawò hã.—1 Yohanes 3:18.
● Nɔ Biblia xexlẽ kple gbedodoɖa kple ŋugbledede le nya tuameɖowo ŋu dzi be nàte ŋu anɔ te ɖe nuteɖeamedzia nu.—Romatɔwo 15:4; Filipitɔwo 4:6, 7.
● Ðo dze kple ame siwo no me kansa ɖe fu na kpɔ siwo ate ŋu ade dzi ƒo na wò.—2 Korintotɔwo 1:7.
● Dze agbagba nàna wò susu nanɔ egbe ƒe dzimaɖitsitsiwo ɖeɖe ko ŋu. Yesu gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple ye ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe.”—Mateo 6:34.
● Ðɔ ŋu ɖo be nàgazã wò ŋusẽ akpa o. Ehiã be nàɖi ɖe eme nyuie.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]
NUƑOƑO TSO EŊU KPLE WÒ ÐƆKTA
● Srɔ̃ atikewɔwɔ me nyagbe siwo ku ɖe no me kansa ŋu siwo wozãna zi geɖe.
● Hafi nàkpɔ ɖɔktaa la, ŋlɔ wò biabiawo ɖi, eye nàna srɔ̃wò alo ame bubu aɖe nakpe ɖe ŋuwò miayi bene wòanɔ nuŋlɔɖiwo wɔm.
● Ne ɖɔktaa gblɔ nya aɖe si gɔme mèse o la, na wòaɖe eme na wò.
● Bia ɖɔktaa be ame neni ŋue kansa si ƒomevi le ŋuwò la le wòwɔ atike na kpɔ hã.
● Ne anya wɔ la, se ɖɔkta bubu ƒe nukpɔsusu.
● Ne ɖɔktaawo ƒe susu mewɔ ɖeka o la, kpɔe ɖa be wo dometɔ kae kpɔ nuteƒe wu hã. Na wo ame evea woaɖe susu kple wo nɔewo.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
TENƆNƆ ÐE DƆDADAA ME TSONUWO NU
Kansa dɔdamɔnuwo me tsonu aɖewoe nye dzigbɔtsɔame, ame ƒe ta nabebe, ɖeɖi nanɔ eŋu tem atraɖii, vevesese, abɔ kple afɔwo nanɔ ame tem le ememe alo woaku ɖe ame ŋu, alo ŋuti nanɔ ame fiẽm. Afɔ bɔbɔe siawo ɖeɖe ate ŋu aɖe wo dzi akpɔtɔ:
● Ðu nu nyuie bena nàdo ŋusẽ wò ŋutilãa ƒe dɔlélenutsiŋutete.
● De dzesi ɣeyiɣi siwo me ŋusẽ nɔa ŋuwò kple ɣeyiɣi siwo me nègbɔdzɔna, kple nuɖuɖu siwo menyo na wò o, eye nàwɔ wo ŋuti nuŋlɔɖi.
● Kpɔe ɖa be lãmehehe alo acupuncture aɖe wò vevesese kple dzigbɔtsɔamea dzi akpɔtɔ hã.
● Nɔ kame dem ale si dze, bene ŋusẽ nanɔ ŋuwò, be màgakpɔ lãme akpa o, eye wò ŋutilãa nate ŋu awɔ avu kple dɔléle nyuie wu.e
● Nɔ ɖiɖim ɖe eme edziedzi, ke hã, mègaŋlɔ be o be abadzinɔnɔ atraɖii hã ate ŋu ana nu nati kɔ na wò.
● Nɔ ami sim be wò ŋutigbalẽ nagaƒu o. Do awu siwo mamia wò o. Le tsi dzodzoe.
[Etenuŋɔŋlɔ]
e Ele be ame siwo ŋu kansa le la nabia aɖaŋuɖoɖo tso ɖɔkta gbɔ hafi adze kamedede gɔme.
[Aɖaka si le axa 24]
NE KANSA LE WÒ AME LƆLƆ̃ AÐE ŊU
Aleke nàte ŋu akpe ɖe wò ame lɔlɔ̃ si ŋu kansa le la ŋu? Wɔ Biblia ƒe mɔfiame sia dzi: “Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam.” (Romatɔwo 12:15) Ðe wò lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme fia to kaƒoƒo, agbalẽŋɔŋlɔ, e-mail, kple sasrãkpɔwo dzi. Do gbe ɖa kplii ɖekae, eye nàxlẽ mawunyakpukpui fakɔnamewo nɛ. Beryl, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla aɖe srɔ̃, gblɔ be: “Mègaƒo nu tso ame siwo kansa wu ŋu o, ƒo nu tso ame siwo haya la boŋ ŋu.” Janice, si kansa ɖe fu na kpɔ la, gblɔ be: “Wò ya te ɖe xɔ̃wòa ŋu nàkpla asi kɔ nɛ ko. Ne eya ŋutɔ di be yeaƒo nu tso eŋu la, aƒo nu tso eŋu.” Ele vevie ŋutɔ be srɔ̃ŋutsuwo naka ɖe edzi na wo srɔ̃wo be yewolɔ̃ wo.
Geoff gblɔ be: “Enuenu la, míeɖoa ŋkeke siwo dzi míaƒo nu tso kansaa ŋu o la ɖi. Srɔ̃nye ɖoe kplikpaa be yemaɖe mɔ yeƒe lãmesẽkuxiwo nanye nu si ko ŋu yeatsi dzi ɖo o. Eya ta míewɔ ɖoɖo be le ŋkeke ɖoɖi aɖewo dzi la, míele nu ƒo ge tso kansa la ŋu o ŋkeke bliboa, ale be míaƒe susu nanɔ agbemenya dodzidzɔnamewo boŋ ŋu. Ðeko wònɔna na mí abe ɖe míexɔ dzudzɔ tso dɔlélea si me ene.”
[Aɖaka si le axa 24]
WOƑE NUMENYAWO
Esi Wose Be Kansa Le Yewo Ŋu
Sharon: Nu sia nu trɔ le nye agbe me zi ɖeka. Ale megblɔ be: “Evɔ nam.”
Le Ɣeyiɣi Sesẽtɔwo Me
Sandra: Ale si metsi mavo le susu me la ɖe fu nam wu dɔdamɔnua me tsonuwo.
Margaret: Ne wogawɔ atikewo na wò zi evelia la, ɖeko nàgblɔ be, “Nyemegadi be mayi dɔyɔyɔa dzi o.” Ke hã, ɖeko nàgayi edzi.
Akpa Si Xɔlɔ̃wo Wɔ
Arlette: Míeƒo nu tso eŋu na mía xɔlɔ̃wo, ale be woado gbe ɖa ɖe mía ta.
Jenny: Mekpɔ ŋudzedze ɖe alɔgbɔnukoko, talɔlɔ̃, kple gbedoname ɖe sia ɖe ŋu.
Srɔ̃ŋutsuwo Ƒe Kpekpeɖeŋu
Barbara: Esi menya be nye ta ava bebe ta la, nye ŋutɔ melũi. Srɔ̃nye Colin gblɔ be, “Aleke gbegbe wò ta nya kpɔe enye esi!” Nya ma ɖi kokoe nam.
Sandra: Mía kple srɔ̃nye míekpɔ ahuhɔ̃ea me ɖekae. Mekpɔe le Joe ƒe mo be egalɔ̃m kokoko.
Sasha: Karl gblɔna na amewo be, “Kansa le fu ɖem na mí.”
Jenny: Lɔlɔ̃ si le Geoff si nam la nu metsi gbeɖe o, elé eƒe mawusosroɖa me ɖe asi sesĩe, eye esia dea dzi ƒo nam.
[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 23]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Lãmenugbagbevi siwo me kansa le la megawɔa nu ɖe ɖoɖo nu o, si wɔnɛ be wodzina kabakaba hegblẽa nu le ŋutinu bubuwo ŋu
[Nuwo ƒe nɔnɔme]
Noka si le nɔnɔme nyui me
Noka si me kansa le
Kansaa le ta kekem
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe kpekpeɖeameŋu lɔlɔ̃tɔe wɔa akpa vevi aɖe le kansadada me