Kristotɔ Vavãwo Kple Aʋawɔwɔ
YESU gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.” (Yohanes 13:34) Ðe lɔlɔ̃ sia anɔ Kristotɔ vavãwo si na wo nɔewo evɔ le ɣeyiɣi ma ke me woayi aʋa ava wu wo nɔewoa?
Bu nya si apostolo Paulo hã bia ŋu kpɔ: “Ðe womã Kristo mea?” (Korintotɔwo I, 1:13) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mamã aɖe agalolo wu esi ana subɔsubɔha ɖeka me tɔwo nanɔ wo nɔewo wuma?’
Le nyateƒe me la, mele be wòawɔ nuku na mí o be Kristotɔ gbãtɔwo mede aʋa o. Hastings ƒe Encyclopædia of Religion and Ethics xɔŋkɔ la de dzesii be: “Sɔlemeha gbãtɔ me tɔ geɖe bui be aʋawɔwɔ nye madzɔmadzɔnyenye vɔ̃ɖi si woɖo si wòle be Sɔlemeha la kple Kristo yomedzelawo natsri keŋkeŋ.”
Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ɖe se si Yesu de be woalɔ̃ wo nɔewo la dzi. Germaniatɔ mawunyaŋununyala Peter Meinhold ɖe eme be: “Togbɔ be Nubabla Yeyea megblɔ nya aɖeke le Kristotɔwo ƒe asrafo zuzu alo emazumazu, kple ne woado le asrafodɔ me ne wova zu Kristotɔwo ŋu o hã la, sɔlemeha gbãtɔ tso nya me le nya la ŋu. Wobui be màte ŋu anye Kristotɔ tso aganye asrafo o.” Ðe “sɔlemeha gbãtɔ” ƒe tenɔnɔ sia le ame aɖewo si egbea?
Ðe Kristotɔ Vavãwo Li Egbea?
Encyclopedia Canadiana gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nye agbegbɔgbɔ Kristotɔnyenye gbãtɔ si ŋudɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo wɔ le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia mía ŋɔli me kple egbugbɔɖoanyi. . . . Nɔviwoe wo katã wonye.”
Aleke tututu wonɔa agbe ɖe esia nui? Australian Encyclopædia gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo léa akpaɖekedzimademade me ɖe asi sesĩe ne aʋa dzɔ.” Togbɔ be wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu atia tenɔnɔ sia hã la, womedea nu dziɖuɖu si te wole ƒe nyawo me o. Eyata womede Hitler ƒe aʋawɔwɔ dzi o si wɔe be womedrɔ̃ ʋɔnu wo dometɔ aɖeke le Nuremberg-ʋɔnu be wonye aʋawɔwɔ me hlɔ̃dolawo o.
Alfred Rosenberg, Nazi Dunyaheha ƒe Dutanyagbɔkpɔƒe ƒe amegã, nye Germaniatɔ siwo wodrɔ̃ ʋɔnu hetso kufia na la dometɔ ɖeka. Rosenberg ɖi ɖase le ʋɔnudrɔ̃ƒea esi wònɔ se si Nazi de be woade Yehowa Ðasefowo fuwɔamegaxɔwo me ta ʋlim be: “Amerika-srafosɔfo aɖe tsɔ sɔlemeha ƒe agbalẽ aɖe si tso Columbus [Ohio] nam dɔmenyotɔe le nye gaxɔ me. Mekpɔe le eme be United States gɔ̃ hã lé Yehowa Ðasefowo le aʋawɔɣia eye wozi wo dometɔ 11,000 dzi ɖe asaɖawo me vaseɖe December 1945 me.” Nyateƒee, Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi kura o, womedea nu dunyahehe ƒe nyaʋiʋliwo me o. Womekɔ ʋu aɖeke ɖi le Xexemeʋa II loo, alo le aʋa bubu aɖeke me o.
Nuŋlɔla aɖe gblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu le Ring magazine, November 4, 1992 tɔ, me le Hungary be: “Woalɔ̃ aku tsɔ wu be woawo nawu ame. Eyata meka ɖe edzi be ne Yehowa Ðasefowo ɖeɖekoe nɔ anyigba dzi ɣemaɣi la, anye ne aʋa madzɔ le afi aɖeke o.” Dunyahehe ŋuti nufialagã Reo M. Christenson dzro nya sia me le The Christian Century me, nenye be Kristotɔ vavã ate ŋu awɔ aʋa alo mawɔe o, eye wòƒo nya ta be:
“Ðe ame aɖe ate ŋu abui be Yesu ada aɖitu eƒe futɔwo, atsɔ tu si dana tri ɖe enu ɖe asi, anɔ tu si tɔa dzo nu dam, ada nuklia bɔmb alo bɔmb si woyɔna be ICBM siwo awu dzila kple ɖevi akpe geɖe alo ana woazu nuwɔametɔwoa? Biabia sia vlo ale gbegbe be mele be woaɖo eŋu gɔ̃ hã o. Ne Yesu mate ŋu awɔ nusia eye le ɣeyiɣi ma ke me wòawɔ nusi wodi tso esi o ɖe, ke aleke míawo ya míate ŋu awɔe agawɔ nuteƒe nɛ?” Tamebunya ŋutɔe nye sia.
Gake xexeame ƒe subɔsubɔhawo gadea nu aʋawɔwɔ me kokoko. Katolikotɔwo le Katolikotɔwo wuwu dzi, eye subɔsubɔha bubu me tɔwo hã wua woƒe hameviwo alo ha bubu me tɔwo. Ebia be dzixɔse kple dzideƒo sẽŋu nanɔ ame si hafi wòate ŋu awɔ ɖe Yesu Kristo ƒe nufiafiawo dzi, abe alesi ŋutinya ŋutɔŋutɔ si gbɔna ɖee fia ene.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ðe ame aɖe ate ŋu abui ɖe Yesu ŋu be azã tu si dana tri ɖe enu atsɔ awɔ aʋaea?
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
U.S. National Archives photo